Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Dzidzɔ Si Tsoa Nunana Me!

Kpɔ Dzidzɔ Si Tsoa Nunana Me!

Kpɔ Dzidzɔ Si Tsoa Nunana Me!

“Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—DƆWƆWƆWO 20:35, NW.

1. Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be dzidzɔ le nunana mee?

DZIDZƆ si le nyateƒea nyanya me kple yayra siwo dona tsoa eme nye nunana xɔasiwo tso Mawu gbɔ. Susu geɖe le amesiwo va nya Yehowa si siwo ta dzi dzɔa wo ɖo. Gake togbɔ be dzidzɔ le nunana xɔxɔ me hã la, dzidzɔ le nu nana hã me. Yehowae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala, eye eyae nye ‘dzidzɔ Mawu la.’ (Yakobo 1:17; Timoteo I, 1:11) Enaa nufiame nyuiwo amesiwo katã ɖoa toe, eye dzi dzɔnɛ ne amesiwo wòle nu fiamee ɖoa toe, abe alesi dzi dzɔa dzilawo ne wo viwo xɔ nufiame siwo nam wole wo lɔlɔ̃tɔe la ene.—Lododowo 27:11.

2. (a) Nya kae Yesu gblɔ le nunana ŋu? (b) Dzidzɔ kae sua mía si ne míefia Biblia ƒe nyateƒea amewo?

2 Nenema ke esime Yesu nɔ anyigba dzi la, dzi dzɔe be wòkpɔ amewo woxɔ eƒe nufiafia nyuie. Apostolo Paulo yɔ nya tso Yesu ƒe nya me be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW) Dzidzɔ si míekpɔna ne míefia Biblia ƒe nyateƒea amewo menye dzidzeme si míekpɔna ne ame aɖe lɔ̃ ɖe míaƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi dzaa ko o. Eyi ŋgɔ sã wu ema, enyea dzidzɔ na mí be míenya be míele nane si ŋu asixɔxɔ nyui si nɔa anyi ɖaa le tsɔm na ame aɖe. Ne míenaa nu le gbɔgbɔ me la, míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ viɖe fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me.—Timoteo I, 4:8.

Nunana Naa Dzi Dzɔa Ame

3. (a) Aleke apostolo Paulo kple Yohanes ɖee fia be dzi dzɔ yewo esime yewokpe ɖe ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ me? (b) Nukatae Biblia ƒe nyateƒea fiafia mía viwo nye lɔlɔ̃ ɖeɖefia?

3 Ẽ, abe alesi dzi dzɔa Yehowa kple Kristo ne wona gbɔgbɔmenuwo mí la, nenema ke dzi dzɔa Kristotɔwo hãe. Dzi dzɔ apostolo Paulo esime wònya be yete ŋu kpe ɖe ame bubuwo ŋu wosrɔ̃ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea. Eŋlɔ ɖo ɖe Tesalonika-hamea be: “Amekae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ kple adegbeƒoƒo ƒe fiakuku la, ne menye miawo hãe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋku me le eƒe vava la me o mahã? Elabena miawoe nye míaƒe kafukafu kple dzidzɔ.” (Tesalonikatɔwo I, 2:19, 20) Nenema ke esime apostolo Yohanes nɔ nu ŋlɔm tso eƒe gbɔgbɔmeviwo ŋu la, eŋlɔ bena: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.” (Yohanes III, 4) Bu dzidzɔ si wònyena be míakpe ɖe mía ŋutɔ mía viwo ŋu be woava zu míaƒe gbɔgbɔmeviwo hã ŋu kpɔ! Ðeviwo nyinyi le ‘Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ nye lɔlɔ̃ si dzilawo aɖe afia. (Efesotɔwo 6:4) Dzilawo toa ema wɔwɔ me ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le yewo viwo ƒe dedienɔnɔ mavɔ me. Ne ɖeviawo xɔe la, enyea dzidzɔ kple dzidzeme gã na dzilawo.

4. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖe alesi dzidzɔ le nunana le gbɔgbɔ me me la fia?

4 Dell nye ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖela ganye vi atɔ̃ dada. Egblɔ be: “Mate ŋu ase apostolo Yohanes ƒe nyawo gɔme nyuie elabena enye dzidzɔ nam ŋutɔ be vinyewo dometɔ ene le ‘zɔzɔm le nyateƒea me.’ Menya be enyea bubu kple ŋutikɔkɔe na Yehowa ne ƒomewo wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me, eyata nye dzi dze eme ŋutɔ esi mekpɔe be ele yayram ɖe agbagba siwo dzem mele be míafia nyateƒea vinyewo la dzi. Agbenɔnɔ tegbetegbe le Paradiso me kple nye ƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname naa mɔkpɔkpɔ xɔa menye heʋãam be mado dzi togbɔ be nɔnɔme sesẽ kple mɔxenuwo li hã.” Nublanuitɔe la, woɖe Dell ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka le hamea me ɖe nusi medze Kristotɔ o wɔwɔ ta. Ke hã Dell ʋlina vevie be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ ye si. Egblɔ be: “Mele mɔ kpɔm be gbeɖeka la, vinyenyɔnuvia atsɔ ɖokuibɔbɔ kple anukwareɖiɖi agbugbɔ ava Yehowa gbɔ. Gake medaa akpe na Mawu be vinye akpa gãtɔ yi edzi le esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Dzi si dzɔam nye ŋusẽtsoƒe ŋutɔŋutɔ nam.”—Nexemya 8:10.

Xɔlɔ̃ Siwo Nɔa Anyi Ðaa Dzedze

5. Ne míetsɔ mía ɖokui na le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, nuka nyanyae naa míaƒe dzi dzea eme?

5 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woawɔ amewo woanye Kristotɔ nusrɔ̃lawo eye woafia nu wo tso Yehowa kple eƒe nudidiwo ŋu. (Mateo 28:19, 20) Yehowa kple Yesu siaa kpe ɖe amewo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe be woasrɔ̃ nu tso nyateƒemɔa ŋu. Eyata ne míetsɔ mía ɖokui na le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, míaƒe dzi dzea eme esi míenyae be míele Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m, abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. (Korintotɔwo I, 11:1) Eyata ne míewɔ nu aduadu kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la kple Via si gbɔ melɔ̃a nu lena o la, tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ va nɔa míaƒe agbe ŋu. Yayra ka gbegbee nye si be woabu mí kpe ɖe Mawu ƒe “hadɔwɔlawo” ŋu! (Korintotɔwo I, 3:9) Eye ɖe menye dzidzɔ gã ŋutɔ be mawudɔlawo gɔ̃ hã le akpa aɖe wɔm le nyanyuigbeƒãɖeɖedɔ sia me oa?—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

6. Ne míekpɔ gome le gbɔgbɔ me nunana me la, amekawo xɔlɔ̃e míava zu?

6 Le nyateƒe me ne míekpɔ gome le gbɔgbɔmenunanadɔ sia me la, míate ŋu ava zu amesiwo wu Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko—míate ŋu ava nye exɔlɔ̃wo tegbee. Woyɔ Abraham be Yehowa xɔlɔ̃, le eƒe xɔse ta. (Yakobo 2:23) Ne míedzea agbagba be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, míawo hã míate ŋu ava zu Mawu xɔlɔ̃wo. Ne míewɔ esia la, míeva zua Yesu hã xɔlɔ̃wo. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.” (Yohanes 15:15) Dzi dzɔa ame geɖe ne wobu wo be wonye ameŋkuta alo dumegãwo xɔlɔ̃wo, gake woate ŋu abu mí ame eve gãtɔ kekeake siwo le xexeame katã la xɔlɔ̃wo!

7. (a) Aleke nyɔnu aɖe wɔ xɔlɔ̃ vavã aɖe va su esi? (b) Nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbe su asiwòa?

7 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míekpe ɖe amewo ŋu wova nya Mawu la, woava zu mía xɔlɔ̃wo hã, si naa dzidzɔ tɔxɛ aɖe sua mía si. Joan, amesi le United States, dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Thelma. Togbɔ be Thelma ƒometɔwo tsi tre ɖe eƒe nusɔsrɔ̃a ŋu hã la, mena ta o, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka megbe. Joan ŋlɔ bena: “Mía kplii ƒe hadedea metɔ ɖe afima o; ke míeva zu xɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔwo ƒe 35 aɖewoe nye sia. Míezɔna ɖekae yia gbeadzi kple takpekpewo zi geɖe. Mlɔeba meva ʋu yi aƒe yeye si gbɔ didi kilometa 800 tso egbɔ me. Gake Thelma yi edzi ŋlɔa lɛta siwo me lɔlɔ̃nya dodzidzɔname si ƒo ɖesiaɖe ta le ɖona ɖem, hegblɔna nam be yesusuam eye wòdaa akpe nam be menye xɔlɔ̃ kple kpɔɖeŋuɖola na ye, eye be mefia Biblia ƒe nyateƒea ye. Xɔlɔ̃ kplikplikpli lɔ̃ame sia tɔgbe kpɔkpɔ nye teƒeɖoɖo nyui si mexɔ ɖe agbagba siwo medze kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la ta.”

8. Nɔnɔme nyui ka ƒe amesinɔnɔe akpe ɖe mía ŋu le subɔsubɔdɔa me?

8 Didi be míake ɖe ame aɖe si di be yeasrɔ̃ nyateƒea ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi nenye be amesiwo míedoa goe dometɔ geɖe metsɔa ɖeke le Yehowa ƒe Nyaa me boo o alo wometsɔ ɖeke le eme kura o gɔ̃ hã. Ðekematsɔleme sia ate ŋu anye míaƒe xɔse kple dzidodo ŋu gbetɔame. Ke hã nɔnɔme nyui ƒe amesinɔnɔ akpe ɖe mía ŋu. Fausto, amesi tso Guatemala la gblɔ be: “Ne mele gbeƒã ɖem na amewo la, mebua alesi wòavivie ne amesi mele nua ƒom na va zu gbɔgbɔ me nɔvi ŋutsu alo nyɔnu la ŋu. Enɔa nye tame be ame aɖe si mado goe gbeɖeka ate ŋu ava xɔ Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒea godoo. Nukpɔsusu ma doa ŋusẽm meyia dɔa dzi eye wònaa dzi dzɔam ŋutɔŋutɔ.”

Kesinɔnuwo Nuƒoƒoƒu Ðe Dziƒo

9. Nya kae Yesu gblɔ tso dziƒokesinɔnuwo ŋu, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

9 Nusrɔ̃lawo wɔwɔ, eɖanye mía viwo loo alo ame bubuwo o, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi, abia dzigbɔɖi, kple dzidodo. Gake ɖo ŋku edzi be ame geɖe lɔ̃ be yewoawɔ dɔ sesĩe aƒo ŋutilãmenu geɖe nu ƒu na wo ɖokui, nusiwo mehea dzidzɔ vanɛ na wo zi geɖe o, eye womenɔa anyi tegbee o. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be enyo wu be woadi gbɔgbɔmenuwo. Egblɔ be: “Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpɔ va fia nu le o.” (Mateo 6:19, 20) Ne míeti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo—siwo ƒe ɖee nye gomekpɔkpɔ le dɔ vevi si nye nusrɔ̃lawo wɔwɔ me—yome la, enyanya be míele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm eye be aɖo eteƒe na mí ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, . . . be o.”—Hebritɔwo 6:10.

10. (a) Nukatae gbɔgbɔmekesinɔnuwo le Yesu si? (b) Aleke Yesu tsɔ eɖokui nae, eye vi kae wòaɖe na ame bubu geɖewo?

10 Ne míewɔ dɔ moveviɖoɖotɔe be míawɔ nusrɔ̃lawo la, ke míele ‘kesinɔnuwo nu ƒom ƒu ɖe dziƒo’ na mía ɖokui, abe alesi Yesu gblɔe ene. Esia hea dzidzɔ si le nuxɔxɔ me vɛ na mí. Ne míena nu ɖokuitɔmadimaditɔe la, enyea ŋusẽdodo na mía ŋutɔwo mlɔeba. Yesu ŋutɔ subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe biliɔn nanewo. Bu kesinɔnu siwo nu wòaƒo ƒu ɖe dziƒo ŋu kpɔ ko! Ke hã Yesu medi eya ŋutɔ tɔ o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Yesu tsɔ eɖokui hena le mía nuvɔ̃ ŋuti, bene yeaɖe mí atso xexeme vɔ̃ɖi, si li fifia me le Mawu, mía Fofo, ƒe lɔlɔ̃nu la nu.’ (Galatiatɔwo 1:4) Menye ɖeko Yesu tsɔ eɖokui na ɖokuitɔmadimaditɔe wɔ subɔsubɔdɔa ɖeɖeko o, ke hã etsɔ eƒe agbe ŋutɔŋutɔ na tafee ale be mɔnukpɔkpɔ nate ŋu asu ame bubuwo si woaƒo kesinɔnu nu ƒu ɖe dziƒo.

11. Nukatae gbɔgbɔmenunanawo nyo wu ŋutilãmetɔwo?

11 Ne míele nu fiam ame bubuwo tso Mawu ŋu la, míele kpekpem ɖe wo ŋu be woakpɔ alesi woawo hã nate ŋu aƒo gbɔgbɔmekesinɔnu siwo megblẽna o nu ƒui. Nukae nàte ŋu ana ame si lolo wu esia? Ne èna gaƒoɖokui xɔasi aɖe, ʋu, alo aƒe gɔ̃ hã xɔ̃wò la, ate ŋu adzɔ dzi na xɔ̃wòa eye wòada akpe ɖe eta, eye dzidzɔ si le nunana me asu asiwò. Gake nɔnɔme ka mee nunana ma anɔ le ƒe 20 megbe? Le ƒe 200 megbe? Le ƒe 2,000 megbe? Gake ne ètsɔ ɖokuiwò na kpe ɖe ame aɖe ŋu wòva subɔ Yehowa la, nunana ma ate ŋu aɖe vi na amea tegbee.

Nyateƒea Dilawo Didi

12. Aleke ame geɖe tsɔ wo ɖokui na be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ mee?

12 Be dzidzɔ si le gbɔgbɔmenunana me nasu Yehowa ƒe amewo si la, woyia amewo gbɔ le anyigbaa ƒe akpa sia akpa. Ame akpe geɖe gblẽ aƒe kple ƒometɔwo ɖi heva zu dutanyanyuigblɔlawo le dukɔ siwo me wòhiã le be woasrɔ̃ gbe kple dekɔnu yeyewo le me. Ame bubuwo ʋu yi teƒe bubu siwo wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le wu le wo de dukɔwo me. Ame bubuwo hã srɔ̃ dutagbe aɖe, si ʋu mɔnukpɔkpɔ na wo be woaɖe gbeƒã na amedzro siwo ʋu va woƒe nutowo me. Le kpɔɖeŋu me esi atsu kple asi aɖe siwo le New Jersey, U.S.A., nyi wo vi eve wotsi hele subɔsubɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã megbe la, wodze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme eye wosrɔ̃ Chinagbe. Le ƒe etɔ̃ me la, wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple Chinagbedola 74 siwo le kɔledzi aɖe si te ɖe wo ŋu dem. Ète ŋu kekea wò subɔsubɔdɔa ɖe enu le mɔ vovovowo nu be nàte ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa mea?

13. Nukae nàte ŋu awɔ ne èdi be yeƒe subɔsubɔdɔa natse ku wu?

13 Ðewohĩ èle didim vevie be yeawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame aɖe gake mete ŋu le edzi dzem o. Le dukɔ aɖewo me la, keke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu sesẽ. Ðewohĩ amesiwo nèdoa goe metsɔ ɖeke le Biblia me o. Ne nyaa le alea la, ekema àte ŋu aƒo nu tso wò didia ŋu edziedzi le gbedodoɖa me, èsi nènyae be Yehowa kple Yesu Kristo siaa tsɔ ɖe le dɔa me vevie eye woate ŋu afia mɔ wò ayi ame si ƒe nɔnɔme ɖi alẽ la gbɔ ta. Bia aɖaŋuɖoɖo tso wò hamea me tɔ siwo bi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me wu alo amesiwo ƒe dɔa le ku tsem wu la gbɔ. Wɔ hehe kple aɖaŋuɖoɖo siwo wonana le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la ŋudɔ. Na nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo ƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na wò. Ƒo wo katã ta la, alɔ megaku wò gbeɖe o. Nunyala la ŋlɔ bena: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o.” (Nyagblɔla 11:6) Le ema wɔwɔ me la, wò ŋku nanɔ ŋutsu nuteƒewɔlawo abe Noa kple Yeremya ene dzi. Togbɔ be ame ʋɛ ŋutɔ aɖewo koe ɖo to woƒe gbeƒãɖeɖea hã la, woƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze. Ƒo wo katã ta la, edze Yehowa ŋu.

Wɔ Wò Ŋutete Ðesiaɖe

14. Aleke Yehowa bua ame tsitsi siwo le eƒe subɔsubɔdɔa wɔm lae?

14 Ate ŋu anye be wò nɔnɔmewo meɖe mɔ na wò be nàwɔ subɔsubɔdɔa alesi nàdi be yeawɔe o. Le kpɔɖeŋu me, tsitsi ate ŋu aɖe nusi nàte ŋu awɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la dzi akpɔtɔ. Gake ɖo ŋku nusi nunyala la ŋlɔ dzi be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.” (Lododowo 16:31) Le Yehowa gome la, edzea eŋu ne ame zã eƒe agbe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ame ma ke [nye Yehowa] manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.” (Yesaya 46:4) Míaƒe Dziƒofofo lɔ̃amea do ŋugbe be yealé amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖe te ahakpe ɖe wo ŋu.

15. Èxɔe se be Yehowa sea wò nɔnɔmewo gɔmea? Nukatae?

15 Ðewohĩ èle dɔléle, srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ ƒe tsitretsiɖeŋu, ƒomegbanɔamedzi kpekpewo, alo kuxi sesẽ bubu aɖe me tom. Yehowa dea dzesi míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nɔnɔmewo, eye elɔ̃a mí le agbagba siwo míedzena nuteƒewɔwɔtɔe be míasubɔe la ta. Esia le alea togbɔ be dɔ si míewɔna anɔ sue wu ame bubuwo tɔ gɔ̃ hã. (Galatiatɔwo 6:4) Yehowa nya be míede blibo o, eye media nusi míate ŋu awɔ o la tsoa mía si o. (Psalmo 147:11) Ne míewɔa míaƒe ŋutete ɖesiaɖe la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be míele vevie le Mawu ŋkume eye be maŋlɔ míaƒe xɔsedɔwɔwɔwo be o.—Luka 21:1-4.

16. Mɔ ka nue hamea me tɔ ɖesiaɖe wɔa akpa aɖe le ame aɖe wɔwɔ nusrɔ̃lae me?

16 Ðo ŋku edzi hã be ame geɖe ƒe dɔe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye. Ame ɖeka aɖeke mewɔa nusrɔ̃la o, abe alesi tsidzadza ɖeka menaa nuku tsina o ene. Enye nyateƒe be Ðasefo ɖeka aɖe ate ŋu ake ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu ahawɔ Biblia-nusɔsrɔ kplii ya. Gake ne ame yeye ma nya va Fiaɖuƒe Akpataa me ko la, hamea katãe kpena ɖe eŋu be wòaxɔ nyateƒea. Nɔviwo ƒe ɖetsɔtsɔ le wo nɔewo me ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi fiana. (Korintotɔwo I, 14:24, 25) Ðeviwo kple ƒewuiviwo ɖoa nya ŋu wòwɔa dɔ ɖe ame dzi, si naa ame yeyea kpɔnɛ be míaƒe sɔhɛwo to vovo tso sɔhɛ siwo le xexeame gbɔ. Dɔnɔwo, ŋusẽmanɔŋutɔwo, kple ame tsitsi siwo le hamea me fiaa nusi dzidodo bia la ame yeyewo. Ƒe ka ke míexɔ alo kuxi ka ke me tomee míeɖale o, mía dometɔ ɖesiaɖe wɔa akpa vevi aɖe le kpekpeɖeŋu nana ame yeyewo me esime woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu le to dem ɖe edzi eye wole ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Gaƒoƒo ɖesiaɖe si míetsɔ wɔ subɔsubɔdɔae, tɔtrɔyi ɖesiaɖe si míewɔ, dze ɖesiaɖe si míeɖo kple ɖetsɔlemetɔ aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me, adze nu maɖinui, gake enye dɔ klitsu si wɔm Yehowa le ƒe akpa aɖe.

17, 18. (a) Hekpe ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa wɔwɔ ŋu la, aleke míate ŋu akpɔ dzidzɔ si le nunana mee? (b) Ne míekpɔ dzidzɔ si le nunana me la, ameka srɔ̃mee míele?

17 Gake tsɔ kpe ɖe dɔ vevi si nye nusrɔ̃lawo wɔwɔ ŋu la, mí Kristotɔwo míekpɔa dzidzɔ si le nunana me le mɔ bubuwo hã nu. Míate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe ga aɖewo dzɔdzɔ be woatsɔ ado alɔ tadedeagu dzadzɛa kple kpekpeɖeŋunana amesiwo hiã tu ŋu. (Luka 16:9; Korintotɔwo I, 16:1, 2) Míate ŋu adi mɔnu awɔ amedzro na ame bubuwo. (Romatɔwo 12:13) Míate ŋu adze agbagba “[awɔ] nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Eye míate ŋu ana nu ame bubuwo le mɔ siwo le bɔbɔe, gake hele vevie la nu, míate ŋu ato—lɛta, kaƒoƒo, nunana, kpekpeɖeŋunana le nanewo me, dzideƒonamenya aɖe—dzi ana nu ame bubuwo.

18 Ne míenaa nu la, míele eɖem fia be míele míaƒe Dziƒofofoa srɔ̃m. Míeɖea míaƒe dadavilɔlɔ̃, si nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesidenu, hã fiana. (Yohanes 13:35) Ŋkuɖoɖo nusiawo dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ si tsoa nunana me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke Yehowa kple Yesu ɖo nunana le gbɔgbɔ me ƒe kpɔɖeŋui?

• Aleke míawɔ adze xɔlɔ̃ wòanɔ anyi ɖaae?

• Afɔ kawoe míate ŋu aɖe awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa wòaɖe vi wu?

• Aleke hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ dzidzɔ si le nunana mee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Ne ɖeviwo xɔ amehehe la, dzilawo kpɔa dzidzɔ geɖe eye woƒe dzi dzea eme

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Xɔlɔ̃ vavãwo ate ŋu asu mía si to nusrɔ̃lawo wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yehowa kpena ɖe ame ŋu le eƒe tsitsime

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Míetoa mɔ siwo le bɔbɔe evɔ wole vevie dzi kpɔa dzidzɔ si le nunana me