Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègana Ðikeke Nagblẽ Wò Xɔse Dome O

Mègana Ðikeke Nagblẽ Wò Xɔse Dome O

Mègana Ðikeke Nagblẽ Wò Xɔse Dome O

Àbui be lãmesẽ le ye si egbea. Etsɔ la, àse le ɖokuiwò me be yedze dɔ. Kasiaa èkpɔe be yegbɔdzɔ alo ŋusẽ aɖeke megale ye ŋu o. Ta le ɖuwòm eye lãme katã le vewòm. Nukae dzɔ? Dɔlékui vɔ̃ɖiwo ge ɖe wò ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete me eye wodze ŋutinu veviwo dzi. Ne mèwɔ naneke le eŋu o la, dɔlékui siawo agblẽ wò lãmesẽ dome keŋkeŋ—awu wò gɔ̃ hã.

LE NYATEƑE me la, ne ŋusẽ mele ŋuwò o hafi dɔlékui aɖe ge ɖe lãme na wò la, ate ŋu agblẽ dowòme bɔbɔe gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, atikeŋutinuŋlɔla Peter Wingate gblɔ be ne nunyuimaɖumaɖu na wò ŋutilã gbɔdzɔ la, “ŋusẽ vɔna le wò [dɔlélenutsiŋutete] ŋu ale gbegbe be dɔ suetɔ kekeake si adze dziwò ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò.”

Esi nyaa le alea ta la, amekae adi be yeagblẽ ye ɖokui ɖi dɔ nanɔ wuwum? Ðikeke mele eme o be àwɔ nusianu si nàte ŋui be yeaɖu nu nyuie ahanɔ lãmesẽ me. Ðewohĩ àwɔ nusianu si nàte ŋui hã be yemaxɔ dɔ o. Gake ɖe nèɖɔa ŋu ɖo nenema ke ne eku ɖe ‘xɔse me léle ɖe asi’ ŋua? (Tito 2:2) Le kpɔɖeŋu me, èle ŋudzɔ ɖe afɔku siwo ɖikeke vɔ̃wo hena vɛ la ŋua? Ðikeke vɔ̃ siawo ate ŋu age ɖe wò susu kple dzi me bɔbɔe, eye woagblẽ wò xɔse kple wò ƒomedodo kple Yehowa dome. Edze abe ame aɖewo menya nu tso afɔku sia ŋu o ene. Woɖea asi le wo ɖokui ŋu ɖikeke gena ɖe wo me to numaɖumaɖu le gbɔgbɔ me nyuie me. Ðe wòanɔ eme be èle nu wɔm alea?

Ðikeke—Ɣesiaɣie Wònyea Nu Gbegblẽa?

Le nyateƒe me la, menye ɖikekewo katãe gblẽ o. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nàgbe nya aɖe dzi xɔxɔse vaseɖe esime kakaɖedzi le asiwò le eŋu hafi. Subɔsubɔhawo ƒe nuxlɔ̃ame be mele be nàke ɖi naneke o xɔe se ko la nye afɔku kple amebeble. Nyateƒee, Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ ‘xɔa nuwo katã sena’ ya. (Korintotɔwo I, 13:7) Le nyateƒe me Kristotɔ lɔ̃ame le klalo axɔ amesiwo ɖee fia va yi be woate ŋu aka ɖe yewo dzi la dzi ase. Gake Mawu ƒe Nya hã xlɔ̃ nu tsi tre ɖe ‘nya sia nya dzi xɔxɔse’ ŋu. (Lododowo 14:15) Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe ƒe tsãgbenɔnɔ ate ŋu ahe ɖikeke de amewo me le eŋu wòasɔ. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ne [alakpatɔ ƒe] gbe vivina hã la, megaɖo dzi ɖe eŋu o.”—Lododowo 26:24, 25.

Apostolo Yohanes hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo tso nya sia nya ko ƒomevi dzi xɔxɔse ŋu. Eŋlɔ bena: “Migaxɔ [nya sia nya] dzi se o.” Ke boŋ “mido [wo] kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.” (Yohanes I, 4:1) “Nya,” nufiafia alo nukpɔsusu aɖe ate ŋu adze abe Mawu gbɔe wòtso ene. Gake egbɔe wòtso nyateƒea? Ðikeke nya sia aɖo afi aɖe, alo edzi maxɔse enumake ate ŋu anye ametakpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ elabena, abe alesi apostolo Yohanes gblɔ ene la, ‘ameblela geɖe ge ɖe xexeame.’—Yohanes II, 7.

Ðikeke Vɔ̃wo

Ẽ, ehiã zi geɖe be woalé ŋku ɖe nyaa ŋu le ɖokuibɔbɔ kple anukwareɖiɖi me be woanya eƒe nyateƒenyenye. Gake esia mesɔ kple mɔɖeɖe be ɖikeke vɔ̃ gblẽnu—siwo ate ŋu agblẽ nusiwo dzi míexɔ se vevie kple ƒomedodowo dome—nage ɖe míaƒe susu kple dzi me o. Woɖe ɖikeke sia gɔme be “dzixɔse alo nukpɔsusu ƒe kemalimali si gblẽa nu le ame ƒe nyametsotsowɔwɔ ŋu zi geɖe.” Èɖo ŋku alesi Satana ƒã Yehowa ŋuti ɖikeke ɖe Xawa ƒe susu me dzia? Ebia be “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” (Mose I, 3:1) Ðikeke si nyabiabia ma, si dze biabia nyui aɖee ƒã ɖe eme gblẽ nu le eƒe nyametsotsowɔwɔ ŋu. Aleae Satana wɔa nui zi geɖe. Abe amesi ŋlɔa lɛta tsɔ gblẽa ame ŋui ene la, ebi ɖe nya madeamedziwo, aɖevee nyawo, kple alakpanyawo ŋudɔwɔwɔ me. Satana to ɖikenya bleamewo ƒaƒã ɖe ame me ƒe mɔnu sia zazã me gblẽ nu le ame gbogbo aɖewo ƒe dzixɔse vavãwo ŋu.—Galatiatɔwo 5:7-9.

Nusrɔ̃la Yakobo se alesi ɖikeke sia tɔgbe gblẽa nui la gɔme nyuie. Eŋlɔ nu tso mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si le mía si be míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu faa be wòakpe ɖe mía ŋu ne míele tetekpɔwo me tom ŋu. Gake Yakobo xlɔ̃ nu be ne èle gbe dom ɖa na Mawu la, ‘ɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o.’ Ðikeke si anɔ mía kple Mawu dome ƒomedodo me wɔnɛ be ‘míeɖia ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna.’ Míeva nɔa abe “ŋutsu dzimevesusula [si] melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o” ene. (Yakobo 1:6, 8) Míegakana ɖe nusiwo dzi míexɔ se dzi o si wɔnɛ be míeva nyea dzimevesusulawo. Ewɔnɛ be gbɔgbɔvɔ̃wo ƒe nufiafia kple nufiafia ƒomevi ɖesiaɖe va kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi bɔbɔe abe alesi wòdzɔ ɖe Xawa dzii ene.

Gbɔgbɔmelãmesẽ Nyui Tutuɖo

Ekema aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui tae tso ɖikeke siwo gblẽa nu me? Ŋuɖoɖoa le bɔbɔe ŋutɔ: ne míegbe Satana ƒe amenubeblewo keŋkeŋ eye míewɔ mɔnuɖoɖo siwo katã Mawu wɔ na mí be míanɔ ‘tsitre sesĩe le xɔse me’ la ŋudɔ bliboe.—Petro I, 5:8-10.

Nusi le vevie le esia mee nye gbɔgbɔmenu ɖuɖu le ame ɖokuisi nyuie. Agbalẽŋlɔla Wingate, si ƒe nya míegblɔ va yi ɖe eme be: “Ne ŋutilã le ɖiɖim ɖe eme gɔ̃ hã la, ehiã na ŋusẽdodo ale be lãmenuwo kple eŋuti nu veviwo nate ŋu awɔ dɔ; eye ehiã be nunyiame si doa ŋusẽ lãmeka geɖe la nanɔ xɔxɔm ɖe xoxoa teƒe ɣesiaɣi.” Alea kee wòle le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ hã gome. Numaɖumaɖu edziedzi le gbɔgbɔ me ana míaƒe xɔse nanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi eye wòava ku mlɔeba abe ŋutilã si megakpɔa nu ɖuna o ene. Yesu Kristo te gbe ɖe esia dzi esime wògblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa [Yehowa, NW] ƒe nu me la ŋuti.”—Mateo 4:4.

Bu ema ŋu kpɔ. Gbã la, aleke xɔse sẽŋu wɔ va sua mía si? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Xɔse la tso nyagbɔgblɔ me.” (Romatɔwo 10:17) Nusi fiam wòle enye be gbã la, míetua alesi míexɔ Yehowa, eƒe ŋugbedodowo, kple eƒe habɔbɔa dzi se ahaka ɖe edzi la ɖo to Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ me. Enye nyateƒe be menye ɖeko míexɔ nusiwo katã míese la dzi se nenema ko o. Míewɔ nusi Beroiatɔwo wɔ. ‘Míedzro Ŋɔŋlɔawo me nyuie gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.’ (Dɔwɔwɔwo 17:11) ‘Míedzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me kpɔ’ heka ɖe edzi be nusi míese la nye nyateƒe. (Romatɔwo 12:2; Tesalonikatɔwo I, 5:21) Tso ɣemaɣi la, anɔ eme be míedo ŋusẽ míaƒe xɔse esime míeva kpɔe dze sii nyuie be Mawu ƒe Nya kple ŋugbedodowo medoa kpo eme vava o ta.—Yosua 23:14; Yesaya 55:10, 11.

Ƒo Asa na Gbɔgbɔmedɔtsitsi

Fifia gbetɔamea enye alesi míalé míaƒe xɔse me ɖe asi ahaƒo asa na xɔse ƒe kemalimali ƒomevi ɖesiaɖe si ate ŋu agbɔdzɔ alesi míeka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzii me. Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míayi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be “le ŋkeke mamlɛawo me la ame aɖewo [siwo wòadze abe ɖee xɔse sẽŋu le wo si tsã ene la] ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia.” (Timoteo I, 4:1) Beblenya kple nufiafia siawo naa ɖikeke ɖoa ame aɖewo ƒe susu me eye wònana wodea megbe tso Mawu gbɔ. Nukae akpɔ mía ta? Eyae nye be míayi edzi atsɔ ‘xɔse ŋuti nufiame kple nufiafia nyui siwo yome míedze la anɔ mía ɖokui nyimee.’—Timoteo I, 4:6.

Gake nublanuitɔe la, ame aɖewo tia be yewomatsɔ ‘xɔse ŋuti nufiamewo anyi yewo ɖokuii o’—ne nunyiame siawo bɔ woaxɔ femaxee hã. Abe alesi Lododowo ƒe agbalẽa ŋlɔlawo dometɔ ɖeka gblɔe ene la, ele bɔbɔe be gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui, siwo míagblɔ be woda ami la naƒo xlã ame, gake mele nuɖuɖua ka ge ade nu me kaka ahayi aɖu ɖo ge edzi o.—Lododowo 19:24; 26:15.

Afɔku le esia me. Agbalẽŋlɔla Wingate gblɔ be: “Ne ŋutilãa te eya ŋutɔ ƒe nunyiamewo ŋudɔ wɔwɔ ko la, nu dzea gbegblẽ le eƒe lãmesẽ ŋu.” Ne mèkpɔa nu ɖuna o la, wò ŋutilã tea nunyiame si wòdzra ɖo ɖe ŋutilã bliboa me la zazã. Ne esiawo vɔ la, ŋutilã la dzea nunyiame si ŋudɔ wòwɔna hena ŋutilã la tutuɖo kple lãmekawo dzadzraɖo la zazã gɔme. Ŋutinu veviwo dzea gbegblẽ gɔme. Ekema wo lãmesẽ gblẽna ɖe edzi kabakaba.

Nu mae dzɔ ɖe ame aɖewo dzi le Kristo-hame gbãtɔa me le gbɔgbɔ me. Wodina be yewoanɔ agbe ɖe gbɔgbɔmenu siwo yewonya xoxo la ɖeɖeko dzi. Ðewohĩ wodzudzɔ ɖokuisi nusɔsrɔ̃, eye wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. (Hebritɔwo 5:12) Apostolo Paulo ɖe afɔku si le esia wɔwɔ me la me esime wòŋlɔ ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo be: “Ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagato eŋuti ayi o.” Enya alesi wòle bɔbɔe be míadze nugbegblẽ wɔwɔ me “ne míelé be na ale xɔxɔ gã sia o.”—Hebritɔwo 2:1, 3.

Nukutɔe la, menye ɣesiaɣie amesi mekpɔa nu nyui ɖuna o ɖia dɔnɔ alo ɖia ku o. Nenema ke madze enumake be gbɔgbɔmedɔ le ame aɖe wum o. Ne mèɖua nu nyuie le gbɔgbɔ me o gɔ̃ hã la, àte ŋu adze amesi li nyuie le gbɔgbɔ me—gake hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko! Àva gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me godoo, eye ele bɔbɔe be ɖikeke vɔ̃wo naɖo mewò, eye màte ŋu aʋli xɔse la ta sesĩe o. (Yuda 3) Wò ŋutɔ ènya alesi nèɖua nui le gbɔgbɔ me—ne ame bubu aɖeke menyae o gɔ̃ hã.

Eyata, yi edzi nàsrɔ̃ nu le ɖokuiwò si. Wɔ aʋa tsi tre ɖe ɖikekewo ŋu sesĩe. Aɖabaŋeŋe aƒu dɔléle aɖe si dze dɔ tsɛe dzi, naneke mawɔmawɔ le ɖikeke siwo nɔa ame ƒe susu me heɖea fu na ame ɣesiaɣi ŋu ate ŋu ahe afɔku vɛ. (Korintotɔwo II, 11:3) ‘Ŋkeke mamlɛawo mee míele vavã? Ðe nàte ŋu aka ɖe nusianu si Biblia gblɔ la dzia? Yehowa ƒe habɔbɔa enye esia nyateƒea?’ Satana adi be yeaƒã ɖikeke siawo tɔgbe ɖe wò susu me. Mègana ɖekematsɔmatsɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu me nana ameblenyawo naflu wò bɔbɔe o. (Kolosetɔwo 2:4-7) Wɔ ɖe aɖaŋu si woɖo na Timoteo dzi. Nye “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” srɔ̃la nyui ale be nàte ŋu ‘anɔ nusiwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me.’—Timoteo II, 3:13-15.

Ðewohĩ ahiã be woakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ esia. Agbalẽŋlɔla si ƒe nya míeyɔ do ŋgɔ la yi edzi gblɔ be: “Ne dɔ wu ame tso eme la, nunyiame kple nu vevi bubu siwo meli o ate ŋu awɔe be nu nagblẽ le dɔkaviawo ŋu ale gbegbe be ne eva kpɔ nuɖuɖu la maganya ɖu nɛ o. Ahiã be amesiwo ge ɖe nɔnɔme sia me naɖu nuɖuɖu bɔbɔe hena ɣeyiɣi aɖe.” Ebia beléle tɔxɛ be woate ŋu aɖɔ nusiwo dɔwuame gblẽ le ŋutilã ŋu la ɖo. Nenema ke amesi gblẽ Biblia sɔsrɔ̃ le eɖokuisi ɖi eteƒe didi ahiã na kpekpeɖeŋu kple dzideƒo geɖe hafi gbɔgbɔmenuɖuɖu nagadzroe. Ne nɔnɔme sia mee nèle la, ke di kpekpeɖeŋu eye xɔ kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si woana wò be gbɔgbɔmelãmesẽ kple ŋusẽ nagaɖo ŋuwò la dzidzɔtɔe.—Yakobo 5:14, 15.

‘Megake Ði le Dzimaxɔse Me O’

Ne míebu nɔnɔme si me blemafofo Abraham nɔ ŋu la, ame aɖewo asusui be ɖikeke ate ŋu aɖo eme bɔbɔe. Adze nusi me nunya le be wòaƒo nya ta be ‘mɔkpɔkpɔ aɖeke megale ye si be yeate ŋu azu dukɔ geɖewo fofo o’—togbɔ be Mawu do ŋugbe nɛ hã. Nukatae? Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke menɔ anyi o. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be ‘ebu be yeƒe ŋutilã ku xoxo eye Sara ƒe vidzidɔ hã ku.’ Ke hã, meɖe mɔ le eɖokui ŋu ɖikeke ɖo eƒe susu kple dzi me tso Mawu kple eƒe ŋugbedodowo ŋu kura o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Megbɔdzɔ le xɔse me o,” alo ‘meke ɖi le dzimaxɔse me o.’ Abraham yi edzi ‘kpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ƒe ŋugbe Mawu do la, ate ŋu awɔe hã.’ (Romatɔwo 4:18-21) Etu ƒomedodo sẽŋu si ŋu kakaɖedzi le ɖo le woa kple Yehowa dome le ƒe geɖe siwo va yi me. Egbe ɖikeke ɖesiaɖe si ate ŋu agbɔdzɔ ƒomedodo ma me.

Àte ŋu awɔ nenema ke ne ‘èyi edzi lé nya, siwo le blibo la me ɖe asi’—ne ènyi ɖokuiwò nyuie le gbɔgbɔ me. (Timoteo II, 1:13) Bu afɔku siwo ɖikeke ate ŋu ahe vɛ la ŋkubiãnyae. Satana le aʋa si woate ŋu ayɔ be gbɔgbɔmedɔlékui dede ame me ƒe aʋa wɔm vevie. Ne mèɖua gbɔgbɔmenu, to ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me o la, ke èɖe mɔ le ɖokuiwò ŋu gbadzaa wòato mɔ sia dzi adze dziwò. Wɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nana faa ɖe ɣeyiɣi nyui dzi la ŋudɔ nyuie. (Mateo 24:45) Yi edzi ‘nàlé ɖe nya siwo le blibo ŋu’ ne ‘nàsẽ ŋu le xɔse’ me. (Timoteo I, 6:3; Tito 2:2) Mègaɖe mɔ ɖikeke nagblẽ wò xɔse dome o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Aleke nènyia ɖokuiwò le gbɔgbɔ mee?