Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàsrɔ Biblia?

Nukatae Wòle Be Nàsrɔ Biblia?

Nukatae Wòle Be Nàsrɔ Biblia?

BILL nye ɖekakpui, kamedefefewɔla, agbalẽnyala, kple amesi dzi nu de le ganyawo gome. Ke hã eƒe dzi medze eme o. Tameɖoɖo aɖeke menɔ eƒe agbe ŋu o, eye ema ɖe fu nɛ ale gbegbe. Esime wònɔ agbagba dzem be yeanya tameɖoɖo si le agbe ŋu la, eku nu me le subɔsubɔha vovovo ŋu, gake mekpɔ nusi dim wònɔ o. Le ƒe 1991 me la, edo go Yehowa Ðasefo aɖe si tsɔ agbalẽ aɖe si ƒo nu tso nusi Biblia gblɔ ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la nɛ. Wowɔ ɖoɖo ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋu ale be Bill nate ŋu adzro nya sia kpakple bubuwo me.

Bill gblɔ be: “Míewɔ nusɔsrɔ̃ gbãtɔ, eye esi wònye míexlẽa nyawo ƒe kpeɖodzi le Biblia me edziedzi ta la, menyae be esiae nye nusi dim menɔ. Ŋuɖoɖo siwo le Biblia me la do dzidzɔ nam ŋutɔ. Le nusɔsrɔ̃ ma megbe la, meku ʋu yi to dzi, do le ʋua me, hedo dzidzɔɣli sesĩe. Dzi dzɔm ŋutɔ be mele ŋuɖoɖowo kpɔm na nye biabiawo mlɔeba.”

Gake menye amesiame si ke ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋue doa dzidzɔɣli ŋutɔŋutɔ ya o. Ke hã ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na agbe ƒe nyabiabia veviwo nyea dzidzɔ na ame geɖe. Wosena le wo ɖokui me abe alesi ŋutsu ma si kpɔ kesinɔnu aɖe si woɣla ɖe abɔ aɖe me le Yesu ƒe lododoa me la se le eɖokui mee ene. Yesu gblɔ be: “Le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.”—Mateo 13:44.

Nusi Gbɔ Agbe Ðɔʋu Nɔnɔ Tsona

Biabia vevi si ŋu Bill bu tame le ʋuu enye, Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Xexemenunyalawo, mawunyaŋununyalawo, kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, tsɔ ƒe akpe geɖe dze agbagba be yewoakpɔ biabia ma ƒe ŋuɖoɖo. Ame aɖewo dze agbagba ŋlɔ agbalẽ gbogbowo be yewoatsɔ aɖo eŋui. Woƒe agbagbadzedzewo nye dagbadagba dzodzro, eye ame geɖe tso nya me be biabia sia ŋu manya ɖo o. Ke hã ŋuɖoɖo li nɛ. Togbɔ be ede to hã la, menye esi nu womate ŋu anya ta le ye o. Woɖe eme le Biblia me. Nusi hea agbe ɖɔʋu si me dzidzɔ le vɛ enye si: Ele be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa, mía Wɔla kple Dziƒofofo, dome. Nukae míawɔ ƒomedodo nanɔ mía kplii dome?

Tete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli ƒe mɔ eve siwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ye li. Amesiwo tena ɖe eŋu la vɔ̃nɛ helɔ̃nɛ hã. Mina míade ŋugble le mawunyakpukpui eve siwo ɖo kpe nya sia dzi ŋu. Gbaɖegbe ʋĩ ke la, nunyala Fia Salomo srɔ̃ nu tso amegbetɔƒomea ŋu nyuie heŋlɔ nusiwo ŋu wòke ɖo la ɖe Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyagblɔla me. Esi wònɔ nusiwo ŋu wòke ɖo ta ƒom la, eŋlɔ bena: ‘Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!’ (Nyagblɔla 12:13) Ƒe alafa aɖewo megbe, esi wobia Yesu be se kae nye vevitɔ le Se si wotsɔ na Mose me hã la, eɖo eŋu be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Ðe wòwɔ nuku na wò be ele be míavɔ̃ Mawu agalɔ̃e le ɣeyiɣi ma ke mea? Na míadzro vɔvɔ̃ kple lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye kple alesi wowɔa dɔ aduadu be ƒomedodo nyui nanɔ ame kple Mawu dome la me.

Nusi Mawuvɔvɔ̃ Fia

Ne míasubɔ Mawu wòadze eŋu la, ele be míavɔ̃e bubutɔe. Biblia gblɔ be: “Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.” (Psalmo 111:10) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina míafia akpedada, si me míato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evɔvɔ̃ ŋuti.” (Hebritɔwo 12:28) Nenema ke mawudɔla aɖe si apostolo Yohanes kpɔ wònɔ dzodzom le dziƒo titina la dze eƒe gbeƒãɖeɖe nyanyuia gɔme kple nya siawo be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Mawuvɔvɔ̃ sia, si le vevie hafi taɖodzinu nanɔ ame ƒe agbe ŋu la, mele abe nu dziŋɔ aɖe vɔvɔ̃ ene o. Ne nuvlowɔla ŋutasẽla vɔ̃ɖi aɖe do ŋɔdzi na mí la, míavɔ̃ ŋutɔ. Gake mawuvɔvɔ̃ enye vɔvɔ̃ kple bubu deto si sɔ tsɔtsɔ na Wɔla la. Eganye vɔvɔ̃ si ana be màwɔ nusi ana Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò o le esi wònye Ʋɔnudrɔ̃lagã kple Ŋusẽkatãtɔ, amesi si ŋusẽ le eye wòkpɔ mɔ ahe to na amesiwo meɖo toe o la ta.

Vɔvɔ̃ Kple Lɔlɔ̃ Zɔna Aduadu

Gake Yehowa medi be amewo nasubɔ ye le vɔvɔ̃ na eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta la ta dzro ko o. Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu ɖedzesi aɖe. Esia ʋa apostolo Yohanes wòŋlɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Yehowa Mawu wɔ nu kple ameƒomea le lɔlɔ̃ me ale gbegbe, eye wòdi be amewo hã nalɔ̃ ye. Gake aleke lɔlɔ̃ sia wɔ ɖeka kple mawuvɔvɔ̃e? Le nyateƒe me la, kadodo kplikplikpli le woa kple evea dome. Hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ.”—Psalmo 25:14.

Wò ya bu ɖevi ƒe seselelãme ku ɖe fofoa si si ŋusẽ kple nunya le kple bubu si wòdea eŋu hevɔ̃nɛ ŋu kpɔ ko. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖevi sia sena le eɖokui me be ye fofo lɔ̃ ye. Ðevia kana ɖe fofoa dzi hekpɔa esinu be wòafia mɔ ye, eye kakaɖedzi nɔa esi be mɔfiame sia aɖe vi na ye. Nenema ke ne míelɔ̃ Yehowa hevɔ̃e la, míawɔ ɖe eƒe mɔfiame dzi, eye esia aɖe vi na mí. Se nya si Yehowa gblɔ ku ɖe Israel-viwo ŋu ɖa: “Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye woalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanyo na wo kple wo viwo!”—Mose V, 5:26.

Ẽ, mawuvɔvɔ̃ kplɔa ame yia ablɔɖe me menye kluvinyenye me o, eye wòhea dzidzɔ vɛ menye blanuiléle o. Yesaya gblɔ ɖi le Yesu ŋu be: “Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu.” (Yesaya 11:3) Eye hakpala la ŋlɔ be: “Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.”—Psalmo 112:1.

Edze ƒã be míate ŋu avɔ̃ Mawu alo alɔ̃e ne míedze si eyama o. Susu ma tae Biblia sɔsrɔ̃ le vevie nenema gbegbe ɖo. Nusɔsrɔ̃ sia kpena ɖe mía ŋu be míase Mawu ƒe amenyenye gɔme ahakpɔ dzidzɔ ɖe nunya si le eƒe mɔfiafiawo dzi wɔwɔ me ŋu. Esi míele tetem ɖe Mawu ŋu la, míadi be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye aʋã mí be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi, esi míenyae be woaɖe vi na mí ta.—Yohanes I, 5:3.

Enye dzidzɔ be ame nanya be yele mɔ nyuitɔ dzi zɔm le agbe me. Aleae wònɔ le Bill, amesi ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la gome. Egblɔ nyitsɔ laa be: “Tso esime wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ gbãtɔ kplim ƒe asieke siwo va yi la, mía kple Yehowa dome ƒomedodo tsi ɖe edzi. Le nyateƒe me la, dzidzɔɣli si medo le gɔmedzedzea me la nu sẽ ɖe edzi va zu agbenɔnɔ ƒe mɔ si me dzidzɔ le. Etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui nɔa asinye ɣesiaɣi. Dɔ nyui geɖe li mawɔ le nye agbemeŋkeke ɖesiaɖe dzi, menye agbeɖuɖu si me taɖodzinu aɖeke mele o. Yehowa zu ame ŋutɔŋutɔ nam, eye menyae be etsɔ ɖe le nye nyonyo me vevie.”

Le nyati si kplɔe ɖo me la, míayi edzi adzro alesi sidzedze Yehowa hea dzidzɔ kple viɖewo vɛ na amesiwo tsɔnɛ wɔa dɔe le woƒe agbe me la me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Tete ɖe Mawu ŋu fia be míalɔ̃ eyama ahavɔ̃e

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa-vɔvɔ̃ do dzidzɔ na Yesu