Ðe Agbe Gale Ku Megbea?
Ðe Agbe Gale Ku Megbea?
“ƑE 3,500 aɖewoe nye si va yi la, blemafofo Hiob bia be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” (Hiob 14:14) Biabia sia tɔtɔ ameƒomea ƒe akpe geɖe. Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, amewo bu nya la ŋu kpɔ le teƒe vovovowo, eye dzixɔse vovovo va su wo si.
Ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la xɔ dziƒo kple dzomavɔ me yiyi dzi se. Gake gbugbɔgadzɔ dzie Hindutɔwo ya xɔ se. Esi Emir Muawiyah, si nye dɔnunɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le Islam subɔsubɔnyadzikpɔƒe aɖe, nɔ nu ƒom tso nukpɔsusu si le Moslemtɔwo si ŋu la, egblɔ be: “Míexɔ se be ʋɔnudrɔ̃ŋkeke aɖe le ku megbe, esime nàdo ɖe Mawu, Allah ŋkume, si anɔ abe alesi woakplɔ wò ayi ʋɔnui ene.” Islam ƒe dzixɔse fia be ɣemaɣie Allah dzroa amesiame ƒe agbenɔnɔ me eye wòɖoa ame ɖe paradiso me loo alo ɖe dzomavɔ me.
Ne ame ku le Buddhatɔwo kple Katolikotɔwo siaa ƒe aƒewo me le Sri Lanka la, woʋua woƒe ʋɔtru kple fesrewo dana ɖi gbadzaa. Wosia gomekaɖi eye wodaa amekukuɖakaa ɖi trɔa ame kukua ƒe afɔwo ɖe ʋɔtrua nu. Woxɔe se be ne wowɔ nusiawo la, enaa ame kukua ƒe gbɔgbɔ doa go bɔbɔe.
Ronald M. Berndt si le Australia Ɣetoɖoƒe ƒe Yunivɛsiti gblɔ be Australia-vidzidziwo xɔe se be “gbɔgbɔ le amegbetɔwo si si metsrɔ̃na o.” Afrika-to aɖewo me tɔwo xɔe se be ne ame tsɛwo ku la, wozua ŋɔliwo, eye ameŋkutawo ya zua tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔ siwo ŋu wodea bubui heɖea kuku na le esi wobui be wonye nutoa me kplɔla makpɔmakpɔwo ta.
Le dukɔ aɖewo me la, dzixɔse siwo ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu nye woƒe blemakɔnyinyi kple amesiwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye ƒe dzixɔse si wotsaka. Le kpɔɖeŋu me le Katoliko kple Protestanttɔ geɖewo dome le Ɣetoɖoƒe Afrika la, ebɔ be ne ame ku la, woatsyɔ nu ahuhɔ̃ewo ƒe ŋkume ale be ame aɖeke nagakpɔ ame kukua ƒe gbɔgbɔ le eme o.
Nyateƒee ŋuɖoɖo vovovowoe le amewo si le biabia si nye ‘Nukae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?’ ŋu. Ke hã susu vevi ɖeka si le ŋuɖoɖo siawo katã me enye: Nane le ame me si mekuna o eye wòyia edzi nɔa agbe le ku megbe. Ame aɖewo xɔe se be ‘nu’ ma enye gbɔgbɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika kple Asia ƒe akpa aɖewo kpakple Pasifik-nuto siwo nye Polynesia, Melanesia, kple Micronesia katã me la, ame geɖe xɔe se be gbɔgbɔ la boŋue—mekuna o, ke menye luʋɔ o. Le nyateƒe me la, nya “luʋɔ” mele gbegbɔgblɔ aɖewo gɔ̃ hã me o.
Ðe gbɔgbɔ aɖe le ame gbagbe mea? Ðe gbɔgbɔ ma dona ŋutɔŋutɔ le ŋutilãa me le ku mea? Ne edona le eme nyateƒe la, ke nukae dzɔna ɖe edzi? Eye mɔkpɔkpɔ kae li na ame kukuwo? Mele be míaŋe aɖaba aƒu biabia siawo dzi o. Dekɔnu alo subɔsubɔdzixɔse kae ɖale asiwò o, ku nye nusi dze ŋgɔ mí katã. Eyata nya sia ka wò ŋutɔŋutɔ le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Míede dzi ƒo na wò be nàku nya sia me.