Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa?

Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa?

Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa?

APOSTOLO Paulo ŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” (Timoteo II, 3:16) Ẽ, Biblia nye nyateƒegbalẽ si tso Yehowa, nyateƒe Mawu la gbɔ.—Psalmo 83:19.

Esi Yehowae nye nuwo katã, kpakple amegbetɔwo Wɔla ta la, enya nu tso nusi dzɔna ɖe mía dzi ne míeku la ŋu nyuie. (Hebritɔwo 3:4; Nyaɖeɖefia 4:11) Ena agbenɔnɔ le ku megbe ƒe nya la ŋuti ŋuɖoɖo si nye nyateƒe hefaa akɔ na ame le eƒe Nya Biblia si tso gbɔgbɔ me la me.

Nukae Nye Gbɔgbɔ La?

Nya si gɔme woɖe be “gbɔgbɔ” le Biblia me fia ko be “yagbɔgbɔ.” Gake nya sia yi ŋgɔ wu ya gbɔgbɔ dzro ko. Le kpɔɖeŋu me Biblia-ŋlɔla Yakobo gblɔ be: “Ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku.” (Yakobo 2:26) Eyata gbɔgbɔ lae nye nusi dea agbe ŋutilã la me.

Agbegbɔgbɔ sia mate ŋu anye yagbɔgbɔ, alo ya, si toa dzitodzitoawo me la dzaa o. Nukatae? Elabena ne yagbɔgbɔa tɔ la, agbe ganɔa lãmenugbagbeviawo me hena ɣeyiɣi kpui aɖe—“hena aɖabaƒoƒo geɖe” abe alesi The World Book Encyclopedia gblɔe ene. Susu sia tae agbagba siwo wodzena be woaɖo ƒuƒu ɖe amea me ne wòagbɔ agbe ate ŋu adze edzi ɖo. Gake ne agbegbɔgbɔa nya do le amea ƒe lãmenugbagbeviwo me ko la, agbagba ɖesiaɖe si woadze be woagbɔ agbee madze edzi o. Ya ɖesiaɖe si le xexeame mate ŋu ade agbe lãmenugbagbevi ɖeka pɛ gɔ̃ hã me o. Eyata gbɔgbɔ lae nye agbegbɔgbɔ makpɔmakpɔ—si nye agbeŋusẽ si naa lãmenugbagbeviawo kple amea nɔa agbe. Yagbɔgbɔe léa agbegbɔgbɔ sia ɖe te.—Hiob 34:14, 15.

Amegbetɔwo ɖeɖeko mee gbɔgbɔ ma lea? Biblia kpe ɖe mía ŋu míese nya sia gɔme nyuie. Fia nyanu Salomo lɔ̃ ɖe edzi be “gbɔgbɔ ɖekae le [amegbetɔwo kple lãwo] katã si,” eye wòbia be: “Ðe ame aɖe nyae be, amegbetɔviwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo ƒe gbɔgbɔ yia anyi me loo?” (Nyagblɔla 3:19-21) Eyata wogblɔ be gbɔgbɔ le lãwo kple amegbetɔwo siaa si. Aleke wòanɔ nenemae?

Míate ŋu atsɔ gbɔgbɔa, alo agbegbɔgbɔa asɔ kple elektrikŋusẽ si naa mɔ̃ aɖe alo dɔwɔnu aɖe wɔa dɔ. Elektrikŋusẽ si ŋku mekpɔna o la te ŋu wɔa dɔ vovovowo, aleke ke mɔ̃ si wòle ŋusẽ namee ɖale o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ana elektrikgamle naxɔ dzo, ana kɔmpiuta nawɔ dɔ le nyatakakawo ŋu, eye nɔnɔmetatawo nadze le television dzi eye amewo naƒo nu wòaɖi le edzi. Ke hã medzɔna gbeɖe be elektrikŋusẽa natrɔ azu mɔ̃ si wòle ŋusẽ namee ahadze woakpɔ o. Ŋusẽ ko wòkpɔtɔ nyena. Nenema ke agbegbɔgbɔa metrɔna zua nusiwo me wòdea agbee hedzena wokpɔna o. Amenyenye kple tamebubuŋutete aɖeke mele esi o. “Gbɔgbɔ ɖekae le [amegbetɔwo kple lãwo siaa] si.” (Nyagblɔla 3:19) Eyata ne ame ku la, eƒe gbɔgbɔ mezua gbɔgbɔmenuwɔwɔ heyia edzi nɔa agbe le teƒe bubu o.

Ekema nɔnɔme ka mee ame kukuwo nɔna? Eye nukae dzɔna ɖe gbɔgbɔa dzi ne ame ku?

“Anyi Ke Nagatrɔ Azu!”

Esi ame gbãtɔ, Adam, ɖoe koŋ da le Mawu ƒe se dzi la, Egblɔ nɛ be: “Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Afikae Adam nɔ hafi Yehowa tsɔ anyi wɔ eyamae? Menɔ afi aɖeke o! Nya la koe nye be menye naneke nɔ teƒe aɖeke o. Eyata esime Yehowa Mawu gblɔ be Adam ‘agatrɔ azu anyi’ la, nusi wòwɔnɛ enye be Adam aku anyunyɔ azu kewɔ. Adam matrɔ ava nɔ agbe le gbɔgbɔmexexe me o. Ne Adam ku la, maganɔ afi aɖeke o. Eƒe tohehee nye ku—si nye agbemanɔmanɔ—menye tɔtrɔ yi xexe bubu me o.—Romatɔwo 6:23.

Ke ame bubu siwo hã ku ɖe? Wona nɔnɔme si me ame kukuwo le me kɔ nyuie le Nyagblɔla 9:5, 10, afisi míexlẽ le be: “Kukuawo menya naneke o, . . . nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” Eyata ku enye agbemanɔmanɔ. Hakpala ŋlɔ be ne ame ku la, “eƒe gbɔgbɔ [nu tsona], egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.

Edze ƒã be ame kukuwo meganɔa agbe o. Womate ŋu anya naneke o. Womate ŋu akpɔ wò, ase wò nuƒo, alo aƒo nu na wò o. Womate ŋu akpe ɖe ŋuwò loo alo awɔ nu vevi wò o. Mehiã kura be nàvɔ̃ ame kukuwo o. Gake aleke gbɔgbɔa ‘dona le amea mee’ ne eku?

Gbɔgbɔ la ‘Gbugbɔna Yia Nyateƒe Mawu la Gbɔ’

Biblia gblɔ be ne ame ku la, ‘gbɔgbɔ la gbugbɔna yia nyateƒe Mawu, si tsɔe na la gbɔ.’ (Nyagblɔla 12:7) Ðe esia fia be gbɔgbɔa toa yame ŋutɔŋutɔ ɖadona ɖe Mawu ŋkumea? Kura o! Mɔ si nu Biblia zã nya ‘gbugbɔ’ ɖo mebia zɔzɔ tso teƒe aɖe ayi bubu ŋutɔŋutɔ o. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na Israel-vi nuteƒemawɔlawo be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Maleaxi 3:7) Israel-viwo ƒe ‘tɔtrɔ’ ɖe Yehowa ŋu fia be woagbugbɔ le mɔ vɔ̃wo dzi agatrɔ ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔeawo ŋu ake. Eye Yehowa ƒe ‘tɔtrɔ’ ɖe Israel-viwo ŋu fia be wòagakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amewo ŋu ake. Le nya eveawo siaa me la, ‘tɔtrɔ’ fia nɔnɔme, ke menye dzodzo le anyigbaa ƒe teƒe aɖe ayi bubu o.

Nenema ke ne ame ku la, naneke medzona le anyigbaa dzi yia Mawu gbɔ ŋutɔŋutɔ le dziƒonuto me ne gbɔgbɔ la ‘gbugbɔ’ yi Mawu gbɔ o. Ne agbegbɔgbɔa nya do le amea me ko la, Mawu si koe ŋutete le be wòagbugbɔe ade amea me. Eyata gbɔgbɔ la ‘gbugbɔna yia nyateƒe Mawu la gbɔ’ le susu sia nu be fifia la, Mawu ɖeɖeko sie agbe si ame ma agava nɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe le.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Yesu Kristo ƒe ku ŋu kpɔ. Nyanyuiŋlɔla Luka gblɔ be: “Yesu do ɣli kple gbe sesĩe [gblɔ] bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.” (Luka 23:46) Esi Yesu ƒe gbɔgbɔ do le eme la, medze mɔ ŋutɔŋutɔ yi dziƒo o. Ŋkeke etɔ̃ megbee wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye ŋkeke 40 megbee wòyi dziƒo. (Dɔwɔwɔwo 1:3, 9) Gake esi Yesu nɔ kukum la, egblẽ eƒe gbɔgbɔ ɖe Fofoa si me kple dzideƒo, eye wòka ɖe Yehowa ƒe ŋutete dzi bliboe be agbɔ agbe ye.

Ẽ, Mawu ate ŋu agbɔ agbe ame. (Psalmo 104:30) Mɔkpɔkpɔ gã ka gbegbee nye si esia ʋu ɖi na mí!

Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le

Biblia gblɔ be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo, NW] me la, woase [Yesu ƒe gbe ahado go].” (Yohanes 5:28, 29) Ẽ, Yesu Kristo do ŋugbe be woafɔ amesiwo katã le Yehowa ƒe susu me ɖe tsitre, alo woagbɔ agbe wo. Yehowa subɔla siwo wɔ nu dzɔdzɔe anɔ amesiawo dome godoo. Gake ame miliɔn bubu geɖe meɖee fia ne yewoanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu loo alo yewomanɔe o hafi ku o. Anye be womenya Yehowa ƒe nudidiwo o loo alo ɣeyiɣi mesu wo si woawɔ tɔtrɔ siwo hiã la o. Amesiawo tɔgbe hã le Mawu ƒe susu me eye woafɔ wo, elabena Biblia gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Egbea la, anyigba la yɔ fũ kple fuléle kple dzrewɔwɔ, ŋutasesẽ kple ʋukɔkɔɖi, ɖiƒoƒo kple dɔléle. Ne woagbɔ agbe ame kukuwo ava anyigba sia tɔgbe dzi la, ɖikeke aɖeke mele eme o be ɣeyiɣi kpui aɖe koe dzidzɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe si wòanye la anɔ anyi. Gake Wɔla la do ŋugbe be yeahe amewo ƒe xexeme si le Satana Abosam ƒe ŋusẽ te la ava nuwuwui kpuie. (Lododowo 2:21, 22; Daniel 2:44; Yohanes I, 5:19) Ɣemaɣi la, amewo ƒe xexeme dzɔdzɔe—si nye “anyigba yeye”—ƒe vava anye dzidzɔnya gã aɖe.—Petro II, 3:13.

Ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Woaɖe nuxaxa si ku dona na ame gɔ̃ hã ɖa, elabena Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si esia nye na amesiwo ‘le ŋkuɖodziyɔdowo me!’

Ne Yehowa le vɔ̃ɖinyenye ɖem ɖa le anyigbaa dzi la, matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo akpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o. (Psalmo 37:10, 11; 145:20) Le nyateƒe me la, “ameha gã” siwo “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” atsi agbe le “xaxa gã” si ahe fifi xexe vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui la me. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Esia ta, ameha gã aɖe anɔ anyi ado wòezɔ na ame kuku siwo woagbɔ agbee la.

Edzro wò vevie be nàgakpɔ wò lɔlɔ̃tɔwo akea? Èdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzia? Ekema ele be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu asiwò. (Yohanes 17:3) Enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.”—Timoteo I, 2:3, 4.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

“Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Míate ŋu atsɔ gbɔgbɔ la asɔ kple elektrikŋusẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Tsitretsitsia ahe dzidzɔ mavɔ vɛ