Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèɖea Mɔ Ðe Nu Ŋu Nyateƒea?

Ðe Nèɖea Mɔ Ðe Nu Ŋu Nyateƒea?

Ðe Nèɖea Mɔ Ðe Nu Ŋu Nyateƒea?

ÐE AME aɖe ƒe nuwɔna na be dzi ku wò vevie kpɔa? Ðe nèwɔa nu enumake ne ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo le gegem ɖe wò zɔhɛ veviwo ƒe agbenɔnɔ mea?

Ehiã be woawɔ nu enumake kple moveviɖoɖo ɣeaɖewoɣi be woatsɔ atsi nuvɔ̃ gã aɖe ƒe kaka nui. Le kpɔɖeŋu me, esime nuvɔ̃ si woɖo koŋ wɔ ŋumakpemakpee di be yeaƒo ɖi Israel-viwo le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me la, Aron ƒe tɔgbuiyɔvi Pinehas wɔ nu enumake tsɔ ɖe nugbegblẽa ɖa. Yehowa Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe nusi wòwɔ la ŋu, eye wògblɔ be: “Pinehas . . . na nye dɔmedzoe nu fa ɖe Israel-viwo ŋu, elabena eʋã ŋu ɖe nunye le wo dome.”—Mose IV, 25:1-11.

Pinehas ɖe afɔ siwo sɔ tsɔ tsi nusia ƒe kaka nui. Ke míaƒe nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ƒe vodadawo ŋu ŋumaɖɔɖotɔe ya ɖe? Ne míewɔ nu dzimagbɔɖitɔe alo madzemadzee la, míava zu dzɔdzɔenyenye taʋlilawo akpa kple dzimagbɔɖilawo—amesiwo mebua ame bubuwo ƒe blibomademade ŋu o. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na afɔku sia?

‘Yehowa Tsɔa Wò Vodadawo Katã Kea Wò’

Yehowa nye “Mawu ʋãŋu (si tsɔa dzo ɖe nu ŋu); Mawu si meɖea mɔ ɖe hoʋiʋli kplii ŋu o.” (Mose II, 20:5, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Esi wònye eyae nye Wɔla la ta, ekpɔ mɔ abia be míasubɔ ye ɖeɖeko. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ke hã Yehowa gbɔa dzi ɖi ɖe amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Eyata hakpala Dawid dzi ha le eyama ŋu be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Menɔa dzre dzi ɖaa o, . . . Mewɔna na mí ɖe míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.” Ẽ, ne míetrɔ dzime la, Mawu ‘tsɔa míaƒe vodadawo katã kea mí.’—Psalmo 103:3, 8-10.

Le esi Yehowa se amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme me na wo ta la, menɔa ‘vodada didi dzi’ le nugbegblẽwɔla trɔdzimewo ŋu o. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Le nyateƒe me la, enye eƒe tameɖoɖo be yeaɖe nuvɔ̃ kple blibomademade ɖa kura. Vaseɖe esime ema nava eme bliboe la, le esi teƒe be Mawu ‘naɖo eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu la,’ enɔa te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi tsɔ kea mí nublanuikpɔkpɔtɔe. Ne Yehowa mekpɔ nublanui na mí le afisi wòsɔ le o la, mía dometɔ aɖeke madze na agbetsitsi o. (Psalmo 130:3) Aleke dzi ate ŋu adzɔ míi enye si be míaƒe Dziƒofofo, amesi ko wòdze be woasubɔ la, nye Mawu si kpɔa nublanui!

Dadasɔ Hiã

Esi xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la ɖea nublanuikpɔkpɔ fiana le nuwɔwɔ ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu me ta la, ɖe mele be míawɔ nenema ke oa? Woɖe nya si míezã na nublanuikpɔkpɔ gɔme be “dzigbɔgbɔɖi ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo alo nuwɔnawo ŋu ƒe nɔnɔme.” Ðe nɔnɔme sia—si nye didi be míawɔ nu le dzigbɔɖi kple ɖokuidziɖuɖu me ne ame bubuwo gblɔ nya alo wɔ nusiwo menye vodada gãwo o evɔ wodze abe womesɔ na mí o ene ƒe nɔnɔme—le mía ŋutɔwo sia?

Gake ehiã be míatsri mɔɖeɖe ɖe nu ŋu si gbɔ eme. Le kpɔɖeŋu me, nu gblẽna eteƒe mekɔna o ne sɔlemeha kplɔlawo ɖe mɔ nunɔla gbegblẽ siwo wɔa nuvevi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo li. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si le Ireland gblɔ be: “Esi wònye be sɔlemeha la kplɔlawo bua nuwɔwɔ ɖe ɖeviawo ŋu abe nuvɔ̃ suesuewo ko ta la, ɖeko woɖea nunɔla si wɔ nuvɔ̃ la yia [teƒe bubui].”

Ðe amesia ƒomevi ɖeɖe yi teƒe bubu nye mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe kpɔɖeŋu si sɔa? Kura o! Tsɔe be amekolawo ƒe ha aɖe ɖe mɔ be amekola aɖe si mewɔa dɔ kple moveviɖoɖo o kpɔtɔ le ame kom, anɔ eɖem tso kɔ ɖeka dzi yi kɔ bubu dzi, togbɔ be ele dɔnɔwo wum alo le abi dem wo ŋu hã. Nuteƒewɔwɔ le dɔwɔnyawo me si gɔme womase nyuie o ye ana ‘woakpɔ nublanui’ sia. Ke amesiwo wòwu alo siwo ƒe agbe ŋu nu gblẽ le vevie le ɖekematsɔleme alo nuvlowɔwɔ gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawo ta ya ɖe?

Ate ŋu adzɔ be míanye amesiwo meɖea mɔ ɖe nu ŋu kura o. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Yudatɔ aɖewo siwo woyɔna be Zazɛ̃nyahelawo di be yewoazã Pinexas ƒe kpɔɖeŋua le mɔ gbegblẽ nu atsɔ aɖo kpe yewoƒe nuwɔnawo dzii. Zazɛ̃nyahelawo ƒe nuwɔna aɖe si gbɔ eme enye be “woanɔ amehawo dome le Yerusalem le azãwo kple wɔna siawo tɔgbe wɔɣi eye woatɔ hɛ amesiwo le nusiwo mele wo ŋu dzem o wɔm la le manyamanya me.”

Mí Kristotɔwo míawɔ nu wòagbɔ eme abe Zazɛ̃nyahelawo ene le amesiwo mewɔa nu wòdzea mía ŋu la dzi dzedze me gbeɖe o. Gake ɖe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ƒe nɔnɔme aɖe wɔnɛ be míedzea amesiwo ƒe nu medzea mía ŋu o dzi le mɔ aɖewo nu—ɖewohĩ to nyamaɖinyawo gbɔgblɔ ɖe wo ŋu mea? Ne míeɖea mɔ ɖe nu ŋu vavã la, míazã nya veame siawo o.

Ƒe alafa gbãtɔ me Farisitɔwo nye ƒuƒoƒo bubu si meɖea mɔ ɖe nu ŋu o. Wodaa ame ɖe anyi ɣesiaɣi eye womebua amegbetɔ ƒe blibomademade ŋu o. Farisitɔ dadalawo doa vlo ame tsɛwo, nɔa wo yɔm be ‘amesiwo woƒo fi de.’ (Yohanes 7:49) Eyata esɔ be Yesu bu fɔ ɖokuiŋudzela siawo esi wògblɔ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemɛawo ɖi mawɔmawɔ o.”—Mateo 23:23.

Esi Yesu gblɔ nya sia la, menye vevienyenye si le Mose ƒe Sea ŋu dzi ɖemee wònɔ kpɔtɔ o. Ðeko wònɔ fiafiam be Sea ƒe akpa siwo le “kpekpem wu,” alo le vevie wu bia nugɔmesesename kple nublanuikpɔkpɔ le wo ŋudɔwɔwɔ me. Aleke Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo to vovo tso Farisitɔwo kple Zazɛ̃nyahela makpɔnublanuiwo gbɔe enye si!

Yehowa Mawu alo Yesu Kristo medaa asi ɖe nugbegblẽwɔwɔ dzi o. Eteƒe madidi o, ‘woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to nyanyui la o.’ (Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Ke hã Yesu megbea dzigbɔgbɔɖi, nublanuikpɔkpɔ, kple ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le si le Fofoa si le dziƒo si la ɖeɖefia amesiwo katã di be yewoawɔ nu dzɔdzɔe gbeɖe o. (Yesaya 42:1-3; Mateo 11:28-30; 12:18-21) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Yesu ɖo na mí!

Mihe Adodo Kple Mia Nɔewo Dzigbɔɖitɔe

Togbɔ be dzo anɔ mía me vevie ɖe nudzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hã la, mina míatsɔ aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo la awɔ dɔe: ‘Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti. Alesi Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.’ (Kolosetɔwo 3:13; Mateo 6:14, 15) Mɔɖeɖeɖenuŋu bia be míaɖe mɔ ɖe mía nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple vodadawo ŋu le xexe madeblibo sia me. Ehiã be míada asɔ le nusiwo míekpɔa mɔ na tso ame bubuwo gbɔ me.—Filipitɔwo 4:5.

Be míaɖe mɔ ɖe nu ŋu mefia be míeda asi ɖe nugbegblẽwɔwɔ dzi alo míeŋe aɖaba ƒu vodadawo dzi le mɔ aɖeke nu o. Haxɔsetɔ aɖe ƒe tamesusu alo nuwɔwɔ aɖewo mawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe dzidzenuwo le nanewo me o. Togbɔ be manye nu gã aɖeke si ana Mawu nagbee o hã la, aɖee fia be ehiã be wòawɔ asitɔtrɔ aɖe. (Mose I, 4:6, 7) Aleke wònye nusi me lɔlɔ̃ le enye si ne amesiwo dze le gbɔgbɔ me dze agbagba be woaɖɔ vodala la ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ me! (Galatiatɔwo 6:1) Gake hafi míakpɔ dzidzedze le agbagbadzedze sia me la, ehiã be míawɔ nu kple ɖetsɔleme wu be míawɔ nu nyaheheɖeameŋutɔe.

“Dɔmefafa Kple Vɔvɔ̃”

Ke dzigbɔgbɔɖi na amesiwo ƒe subɔsubɔnukpɔsusuwo to vovo na mía tɔ ya ɖe? “Nusɔsrɔ̃ Vevi” aɖe si woklã le Ireland Dukɔa ƒe Sukuwo katã me le ƒe 1831 me xlẽ be: “Yesu Kristo meɖoe be woato ŋutasesẽmɔnuwo dzi azi yeƒe subɔsubɔ ɖe amewo dzi o. . . . Dzrewɔwɔ kple mía haviwo kple ŋutasesẽ le wo ŋu menye mɔ si dzi woato ana woase egɔme be mía tɔe nye dzɔdzɔea eye wo tɔ nye gbegblẽa o. Ðeko wòana woakpɔe boŋ be Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔ mele mía me o.”

Yesu fia nu hewɔ nu le mɔ si ahe amewo ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu nu, eye aleae wòle be míawo hã míawɔ nui. (Marko 6:34; Luka 4:22, 32; Petro I, 2:21) Esi wònye ame deblibo si Mawu na nugɔmesese tɔxɛe ta la, ete ŋu nyaa nusi le amewo ƒe dzi me. Eyata le ɣeyiɣi siwo me wòhiã le la, Yesu te ŋu gblɔ fɔbunya sẽŋuwo ɖe Yehowa ƒe futɔwo ŋu. (Mateo 23:13-33) Esia wɔwɔ mena wòzu mɔmaɖeɖenuŋula o.

Ŋutete mele mía si be míanya nusi le amewo ƒe dzi me abe Yesu ene o. Le esia ta, ele be míawɔ ɖe apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃.” (Petro I, 3:15) Ele be mí Yehowa ƒe subɔlawo míaʋli nusi míexɔ se ta elabena Mawu ƒe Nya la dzie wotui ɖo. Gake ehiã be míawɔ esia le mɔ si aɖe bubudede ame bubuwo kple woƒe dzixɔse siwo me wolé ɖe asi anukwareɖiɖitɔe ŋu fia. Paulo ŋlɔ bena: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.”—Kolosetɔwo 4:6.

Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Eyata mina míahe adodo kple mía nɔewo le dzigbɔɖeanyi me ahade bubu amesiwo míeɖea gbeƒã nyanyuia na la ŋu. Ne míeda sɔ le dzo si le mía me ɖe dzɔdzɔenyenye ŋu kple mɔɖeɖeɖenuŋu si wotu ɖe Biblia dzi me la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye míanye amesiwo ɖea mɔ ɖe amewo ƒe nuwɔna ŋu nyateƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Tsri mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ƒe nɔnɔme si nɔ Farisitɔwo si

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yesu ɖe Fofoa ƒe mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe gbɔgbɔ fia. Wò hã èɖenɛ fianaa?