Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ame Dzɔdzɔe Kpɔa Yayra’

‘Ame Dzɔdzɔe Kpɔa Yayra’

‘Ame Dzɔdzɔe Kpɔa Yayra’

“HAKPALA Dawid gblɔ le eƒe amegãkuku me be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Psalmo 37:25) Yehowa Mawu lɔ̃a ame dzɔdzɔewo eye wòléa be na wo lɔlɔ̃tɔe. Le eƒe Nya Biblia me la, exlɔ̃ nu tadeagula vavãtɔwo be woadi dzɔdzɔenyenye.—Zefanya 2:3.

Dzɔdzɔenyenye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le Mawu ŋkume to wɔwɔ ɖe eƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu dzi. Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododo ta 10 lia de dzi ƒo be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu esi wòhe susu yi gbɔgbɔmeyayra gbogbo siwo amesiwo wɔna ɖe edzi kpɔna la dzi. Esiawo dometɔ aɖewoe nye gbɔgbɔmenuɖuɖu dami, dɔ ɖevi si naa dzidzeme, kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu kpakple amegbetɔ. Ke na míade ŋugble le Lododo 10:1-14 ŋu azɔ.

Ameʋãnu Nyui Aɖe

Ðikeke aɖeke mele eme o be nya siwo wotsɔ ʋu ta la nui na míenya amesi Lododo ƒe agbalẽ ƒe akpa si kplɔe ɖo ŋlɔlaa nye. Exlẽ be: “Salomo ƒe Lododowo.” Esi blema Israel-fia Salomo nɔ nu ƒom tso ameʋãnu nyui aɖe si ado ŋusẽ mí míawɔ nu nyui ŋu la, egblɔ be: “Ðevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.”Lododowo 10:1.

Aleke gbegbe dzilawo xaa nui enye esi ne wo viwo dometɔ aɖe gbe nyateƒe Mawu gbagbe la subɔsubɔ! Fia nyanu la he susu yi vidadaa ƒe nuxaxa dzi koŋ, ɖewohĩ be wòatsɔ afia be eyae xaa nu wu. Alea wòdzɔe vavã le Doris gome. * Egblɔ be: “Esi mía vi si xɔ ƒe 21 gbe nyateƒea la, ezu dzigbãnya na mía kple srɔ̃nye Frank. Nye vevesesea nu va sẽ wu Frank tɔ gɔ̃ hã. Ƒe 12 va yi gake vevesesea gakpɔtɔ li.”

Ðeviwo ƒe nuwɔna kpɔa ŋusẽ ɖe wo fofo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi eye wògbãa dzi na wo dada. Mina míawɔ nu le nunya me ne míahe dzidzɔ vɛ na mía dzilawo. Eye vevietɔ, mina míado dzidzɔ na mía Fofo si le dziƒo, Yehowa.

‘Woɖi Ƒo na Ame Dzɔdzɔe La’

Fia la gblɔ be:“Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖe aɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.” (Lododowo 10:2) Nya siawo le vevie na Kristotɔ vavã siwo gogo nuwuɣia ŋutɔ. (Daniel 12:4) Ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeame tsɔtsrɔ̃ tu aƒe. Amegbetɔwo ƒe ametakpɔnuwo—siwo nye nuzazãwo, ga alo asrafowo—dometɔ aɖeke mate ŋu axɔ na wo le “xaxa gã” si gbɔna la me o. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 13, 14) “Nuteƒewɔlawo [ɖeɖekoe] anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi.” (Lododowo 2:21) Ekema mina míayi edzi adi ‘fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’—Mateo 6:33.

Mahiã be Yehowa subɔlawo nalala xexeme yeye si ŋugbe wodo nava hafi Mawu nayra wo o. “Yehowa megbea ame dzɔdzɔewo ƒe dɔwuamenutsitsi o; ke etutua ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi ɖa.” (Lododowo 10:3) Yehowa na gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. (Mateo 24:45) Gɔmesese le eme be ame dzɔdzɔe “[natso] aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta” vavã. (Yesaya 65:14) Sidzedze vivia eƒe luʋɔ nu. Gbɔgbɔmekesinɔnuwo didi doa dzidzɔ nɛ. Ame vɔ̃ɖi ya menya nusiawo ƒe ɖeke o.

Veviedodo Wɔa Ame Kesinɔtɔ’

Ame dzɔdzɔe gakpɔa viɖe le mɔ bubu nu. “Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le dɔ ŋu la, aɖo ko, ke veviedola ƒe asi hea kesinɔnu vɛ. Amesi ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanue; amesi dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi wɔŋukpenanue.”Lododowo 10:4, 5.

Nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le nya si fia la gblɔ na dɔwɔlawo me, ne nuŋeɣi ɖo. Menye akɔlɔẽdɔɣie nuŋeɣi nye o. Kutrikuɣi kple dɔwɔwɔ gaƒoƒo geɖe wònye. Nyateƒee, ɣeyiɣi si woawɔ nu kpatae wònye.

Esi ame nuƒoƒoƒue nɔ susu me na Yesu ke menye nukuwo o ta la, egblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la [Yehowa Mawu] bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mateo 9:35-38) Le ƒe 2000 me la, amesiwo wu miliɔn 14 de Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe—wowu Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme teƒe eve. Ekema amekae agblɔ be ‘nukuawo meƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe o’? (Yohanes 4:35) Tadeagula vavãwo biaa Aƒetɔa be wòadɔ dɔwɔla geɖe ɖa, esime woa ŋutɔwo le vevie dom nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le ɖekawɔwɔ me kple woƒe gbedodoɖawo. (Mateo 28:19, 20) Eye aleke gbegbe Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedze dzi enye esi! Le ƒe 2000 subɔsubɔƒea me la, wona nyɔnyrɔ ame yeye 280,000 kple edzivɔwo. Amesiawo hã le agbagba dzem be yewoava zu Mawu ƒe Nya fialawo. Neva eme be dzi nadzɔ mí eye míaƒe dzi nadze eme le nuŋeɣi sia esi míele gome kpɔm bliboe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me.

‘Yayra Ava Eƒe Ta Dzi’

Salomo yi edzi gblɔ be: “Yayra ava ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi, ke ŋutasesẽ ɣla ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.”Lododowo 10:6.

Amesi ƒe dzime kɔ hele dzadzɛ naa eƒe dzɔdzɔenyenye dzena ƒã. Amenuveve le eƒe nuƒo me eye wòtua ame ɖo, eƒe nuwɔnawo kpena ɖe ame ŋu eye wònyoa dɔme. Amewo xɔnɛ kple dzidzɔ. Amesia ƒe nu dzea amewo ŋu—woyra nɛ—si fia be woƒoa nu nyui le eŋu.

Le go bubu me la, ame vɔ̃ɖi léa fu ame alo gblɔa nya vɔ̃ tso amewo ŋu eye wòɖoa tame vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu. Eƒe nyawo avivi eye ‘wòaɣla ŋutasesẽ’ ɖe eƒe dzime, ke hã mlɔeba ava sẽ ŋuta le amewo ŋu alo adzu wo gaglã. (Mateo 12:34, 35) Alo le mɔ bubu nu la, “ŋutasesẽ ɣla ɖe [alo tsi] ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.” (Lododowo 10:6, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Esia fia be zi geɖe la ame vɔ̃ɖi kpɔa nusi wòwɔ teƒeɖoɖo tsoa amewo gbɔ, si nye fuléle. Nusia va le abe ɖe womiã nu nɛ be wòazi ɖoɖoe ene. Yayra kae amesia akpɔ mɔ na tso amewo gbɔ?

Israel-fia la ŋlɔ be: “Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.” (Lododowo 10:7) Woɖoa ŋku ame dzɔdzɔe ƒe nyuiwɔwɔwo dzi ɣesiaɣi, vevietɔ tso Yehowa Mawu gbɔ. Le Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ yi ɖe ku me ta la, ‘exɔ ŋkɔ gã si ƒo’ mawudɔlawo tɔ ta. (Hebritɔwo 1:3, 4) Egbea, Kristotɔ vavãwo ɖoa ŋku ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo dzi hesrɔ̃a woƒe kpɔɖeŋuwo. (Hebritɔwo 12:1, 2) Aleke gbegbe esia to vovo tso ame vɔ̃ɖi ƒe ŋkɔ gbɔe enye si, si va zua ŋunyɔ kple nu ƒaƒã! Ẽ, “ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.” (Lododowo 22:1) Neva eme be míawɔ ŋkɔ nyui le Yehowa kple mía havi amegbetɔ gbɔ.

‘Nuteƒewɔla Azɔ Dedie’

Salomo gblɔ vovototo si le nunyala kple bometsila dome be: “Amesi nunya le tagbɔ na la, xɔa sedede na eɖokui; ke bometsila, si glãgbɔ li na la, dea eɖokui gbegblẽ me.” (Lododowo 10:8) Nunyala nya be ‘ŋutsu ƒe zɔzɔme mele eya ŋutɔ si me ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.’ (Yeremya 10:23) Enya Yehowa ƒe mɔfiafia didi ƒe vevienyenye hexɔa Mawu ƒe sededewo kple dzidzɔ. Ke bometsila si glãgbɔ li na ya menya nu vevi sia o. Eƒe nuƒoƒo vivivo akplɔe ayi gbegblẽ me.

Ame dzɔdzɔe gakpɔa dedienɔnɔ si ame vɔ̃ɖi mekpɔna o. “Amesi ƒe azɔlime ŋu fɔɖiɖi mele o la, azɔ dedie; amesi glɔ̃ eƒe mɔ la, asi atui. Amesi miãa ŋku ɖe ame la, hea dziku vɛ; bometsila si glãgbɔ li na la, dea eɖokui gbegblẽ me.”Lododowo 10:9, 10.

Nuteƒewɔla ɖia anukware le eƒe nuwɔwɔwo me. Amewo dea bubu eŋu hekana ɖe edzi. Anukwaretɔ nye dɔwɔla si wobuna vevie eye wodea dɔ si lolo wu asi nɛ. Ŋkɔ nyui si le eŋu le anukwareɖiɖi ta naa dɔ nɔa esi ɣesiaɣi ne dɔkpɔkpɔ sesẽ gɔ̃ hã. Hekpe ɖe eŋu la, eƒe anukwaretɔnyenye naa dzidzeme kple ŋutifafa nɔa eƒe aƒeme. (Psalmo 34:14,15) Enɔa dedie le woa kple eƒe ƒomea ƒe anyinɔnɔ me. Nyateƒee wònye be dedienɔnɔ nye nuteƒewɔwɔ me tsonu.

Nɔnɔmea to vovo le amesi meɖia anukware o gome le esi wòtsɔ ɖokuitɔdidi le viɖe ƒoɖi yome ta. Alakpatɔ adze agbagba be yeatsyɔ nu yeƒe mɔ fitifitiwo dzi kple nya totro gbɔgblɔ alo kple dzesiwɔwɔ. (Lododowo 6:12-14) Tame vɔ̃ si wòɖo alo ameflususu si le tame nɛ wòtsɔ le eƒe afɔwo ɖemee ado nuxaxa na amesiwo wòte ŋu ble. Gake gbeɖeka koa, eƒe mɔ fitifitiawo va dzena wokpɔna gaglã. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuvɔ̃wo dze ƒã hedze wo ŋgɔ yi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, ke ame aɖewo hã li, siwo ƒe nuvɔ̃wo dze wo yome. Nenema ke dɔwɔwɔ nyuiwo hã li, siwo dze ƒã, eye esiwo to vovo la, womate ŋu aɣla wo o.” (Timoteo I, 5:24, 25) Eɖanye dzila, xɔlɔ̃, srɔ̃tɔwo dometɔ aɖe, alo ame nyanyɛ aɖe ye o—eƒe anukwaremaɖimaɖia va dzena mlɔeba. Amekae aka ɖe amesi wònya anukwaremaɖimaɖi na dzi?

‘Eƒe Nu Nye Agbe Dzɔƒe’

Salomo gblɔ be: “Agbevudo enye ame dzɔdzɔewo ƒe nu, ke ŋutasesẽ yɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.” (Lododowo 10:11) Numenyawo ate ŋu ada gbe le ame ŋu alo awɔ nuvevi ame. Woate ŋu ana dziɖeɖi alo ŋusẽ yeye, alo agbã dzi na ame.

Esi Israel-fia nɔ nu ƒom le nusi ʋãa ame wòƒoa nu ŋu la, egblɔ be: “Fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.” (Lododowo 10:12) Fuléle dea dzre ameƒomea dome eye wòhea aʋawɔwɔ vɛ. Ele be Yehowa lɔ̃lawo naɖe fuléle ɖa keŋkeŋ le woƒe agbeme. Le mɔ ka nu? To lɔlɔ̃ tsɔtsɔ aɖo eteƒee. “Lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro I, 4:8) Lɔlɔ̃ “tsɔa nuwo katã kpoo,” efia be ‘etsyɔa nuwo katã dzi.’ (Korintotɔwo I, 13:7) Mawumelɔlɔ̃ mebiaa blibodede tsoa ame madeblibowo gbɔ o. Le esi teƒe be míanɔ amewo ƒe vodadawo gblɔm la, lɔlɔ̃ sia kpena ɖe mía ŋu be míeŋea aɖaba ƒua wo dzi negbe ɖe wòku ɖe nuvɔ̃ gã aɖe ŋu ko. Lɔlɔ̃ doa dzi le nɔnɔme madeamedziwo me le gbeadzi, le dɔwɔƒe, alo le suku gɔ̃ hã.

Fia nyanu la yi edzi be: “Nugɔmeselawo ƒe nuyiwo dzi wokpɔa nunya lena, ke ame manyanuwo ƒe mẽdome tɔ enye ati.” (Lododowo 10:13) Nugɔmesela ƒe nunya kplɔnɛ. Nya tuameɖo siwo wògblɔna kpena ɖe amewo ŋu wotoa mɔ dzɔdzɔe dzi. Mehiã be woakplɔ eya alo amesiwo ɖoa toe ato mɔ dzɔdzɔe dzi sesẽe o—kple ameƒoti o.

“Dzra Sidzedze Ðo”

Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nyawo nanye ‘nunya ƒe tɔʋu si le tsotsom kpakakpaka’ ke manye gaglãsudodo le nyamaɖinyawo me o? Salomo ɖo ŋu be: “Nunyalawo dzraa sidzedze ɖo; ke bometsila ƒe nu te ɖe gbegblẽ ŋu.”Lododowo 10:14.

Nudidi gbãtɔ enye be míana Mawu ŋuti sidzedze si tua ame ɖo naxɔ míaƒe susu me. Sidzedze ma tsoƒe ɖeka koe li. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Ele be míatu sidzedze ɖo eye míaku Mawu ƒe Nya me abe kesinɔnu ɣaɣla dimee míele ene. Aleke gbegbe numekuku ma anye dzidzɔ kple teƒeɖoɖoe nye si!

Hafi woakpɔ nunya le míaƒe aɖe dzi la, ele be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze naɖo míaƒe dzi hã gbɔ. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45) Eyata ele be míade ŋugble le nusiwo srɔ̃m míele ŋu ɣesiaɣi. Nyateƒee, nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede bia agbagbadzedze ya, gake aleke gbegbe gbɔgbɔmenunyiame gbogbowo nɔa nusɔsrɔ̃ me enye si! Susu aɖeke meli si ta ame aɖe nato nukpoloeƒola gblẽnu ƒe mɔ dzi o.

Ẽ, nunyala wɔa nu dzɔdzɔe le Mawu ŋkume eye wòwɔa dɔ nyui ɖe amewo dzi. Eɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo nam wole mí eye wògbaa go le Aƒetɔ la ƒe dɔ si me teƒeɖoɖo le la me. (Korintotɔwo I, 15:58) Esi wònye nuteƒewɔla ta, enɔa dedie le eƒe zɔzɔ me eye Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Nyateƒee, ame dzɔdzɔe ƒe yayrawo sɔ gbɔ ŋutɔ. Mina míadi dzɔdzɔenyenye to agbe nɔnɔ ɖe Mawu ƒe nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo nu me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Anukwareɖiɖi naa dzidzɔ nɔa ƒomegbenɔnɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

‘Nunyalawo dzraa sidzedze ɖo’