Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi!

Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi!

Miyi Nuŋeŋedɔa Dzi!

“Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.”—PSALMO 126:5.

1. Nukatae wòle be ‘míaɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖa’ egbea?

ESI Yesu Kristo wu eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu le Galilea-nutoa me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o.” (Mateo 9:37) Nenema ke wònɔ le Yudea hã. (Luka 10:2) Esi anye ƒe 2000 kloe enye sia si nɔnɔmea nɔ nenema la, ke aleke wòle egbea? Le subɔsubɔƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefo 6,000,000 kple edzivɔ yi kpɔɖeŋu nuŋeŋedɔa dzi le ame 6,000,000,000 siwo le xexeame la dome, amesiawo dometɔ geɖe ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” Eyaŋuti Yesu ƒe nuxɔxlɔ̃ be “miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me” la gasɔ pɛpɛpɛ abe alesi wònɔ ƒe alafa nanewoe nye sia ene.—Mateo 9:36, 38.

2. Nukae na amewo nya nu tso mía ŋu?

2 Yehowa Mawu, nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la, ɖo kuku si woɖe be wòaɖo dɔwɔlawo ɖa la ŋu. Eye dzidzɔ kae nye si wònye be míakpɔ gome le nuŋeŋedɔ si Mawu le mɔ fiamee la me! Togbɔ be míele ʋɛ ne wotsɔ mí sɔ kple dukɔwo hã la, dzonɔameme si míetsɔna wɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔae na xexeame katã nya nu tso mía ŋu. Wogblɔa mía ŋu nya le nyadzɔdzɔwo me le dukɔ geɖe me. Ʋɔtrunugaƒoƒo le television dzi fefewɔwɔ me te ŋu hea susu yia Yehowa Ðasefowo ƒe sasrãkpɔ dzii. Ẽ, wonya míaƒe Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu nuŋeŋedɔa le ƒe alafa 21 lia me nyuie.

3. (a) Aleke míewɔ nya be wonya nu tso ƒe alafa gbãtɔ me Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu? (b) Nukatae míate ŋu agblɔ be mawudɔlawo le megbe na míaƒe subɔsubɔdɔa?

3 Xexeame nya nu tso ƒe alafa gbãtɔ me Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa hã ŋu eye woti nyanyuigbeƒãɖelawo yome. Eyata apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mele susum bena, Mawu tsɔ mí apostolowo wɔ mamlɛtɔwo, abe amesiwo woɖo anyi na ku ene, elabena [mí apostolowo] míezu nukpɔkpɔ na xexeame kple mawudɔlawo kple amewo siaa.” (Korintotɔwo I, 4:9) Nenema ke míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kutrikukutɔe togbɔ be wotia mía yome hã naa xexeame katã nyaa nu tso mía ŋu eye ele vevie na mawudɔlawo. Nyaɖeɖefia 14:6 gblɔ be: “[Nye Yohanes] mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” Nyateƒee, mawudɔlawo le megbe na míaƒe subɔsubɔdɔa—míaƒe nuŋeŋedɔa!—Hebritɔwo 1:13, 14.

“Woalé Mi ɖe Ke Me”

4, 5. (a) Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo? (b) Nukatae ‘woléa’ Mawu subɔla siwo li egbea ‘ɖe ke me’?

4 Esi Yesu dɔ eƒe apostoloawo be woawɔ nuŋeŋedɔa la, wowɔ ɖe nya si wogblɔ na wo be ‘woadze aɖaŋu abe dawo ene, eye woadza abe ahɔ̃nɛwo ene’ la dzi. Yesu gblɔ kpee be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo. . . . Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”—Mateo 10:16-22.

5 ‘Woléa mí ɖe ke me’ egbea elabena “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la,” Satana Abosam, amesi nye Mawu kple Eƒe amewo ƒe futɔ gãtɔ, si me. (Yohanes I, 5:19) Míaƒe futɔwo kpɔa gbɔgbɔmedzidzedze si kpɔm míele la gake wogbena lɔlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa gbɔe wòtso. Tsitretsiɖeŋulawo kpɔa dzidzɔ nukomo si míeɖona ne míele nuŋeŋedɔa wɔm dzidzɔtɔe la. Ðekawɔwɔ si le mía dome la wɔa nuku na wo! Le nyateƒe me, ɖewohĩ woatsɔ vevesese alɔ̃ ɖe edzi ne woyi dukɔ bubu me eye wokpɔ Yehowa Ðasefowo wole dɔ si tututu wɔm wole le wo denyigba dzi la ke wɔm le afima. Gake míenya be le ɣeyiɣi si sɔ me la, Yehowa, amesi gbɔ míaƒe ɖekawɔwɔa tso, ana eƒe futɔwo ke hã nadze si eyama.—Xezekiel 38:10-12, 23.

6. Kakaɖedzi kae le mía si le nuŋeŋedɔa wɔwɔ me, gake biabia kae fɔ ɖe te?

6 Nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la tsɔ “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi” la de asi na Via, Yesu Kristo. (Mateo 28:18) Eyata Yehowa zãa Yesu tsɔ fiaa mɔ nuŋeŋedɔa to dziƒodɔlawo kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si le anyigba dzi afisia la dzi. (Mateo 24:45-47; Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Gake aleke míawɔ anɔ te ɖe futɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu nu eye le ɣeyiɣi ma ke me dzi naganɔ mía dzɔm esime míele vevie dom nu le nuŋeŋedɔa me?

7. Nɔnɔme kae wòle be míadze agbagba wòanɔ mía si ne wotsi tre ɖe mía ŋu alo woti mía yome?

7 Ne wotsi tre ɖe mía ŋu alo woti mía yome tẽ la, mina míadi Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ale be nɔnɔme si nɔ Paulo si la nanɔ míawo hã mía si. Eŋlɔ be: “Ne wodzu mí la, míeyrana; ne woti mía yome la, míedoa dzi tsɔnɛ; ne wodo busu mí la, míeɖea kuku.” (Korintotɔwo I, 4:12, 13) Nɔnɔme sia, tsɔ kpe ɖe míaƒe aɖaŋudzedze le dutoƒosubɔsubɔdɔa me ŋu, te ŋu trɔa amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu la ƒe nɔnɔme ɣeaɖewoɣi.

8. Kakaɖedzi kae Yesu ƒe nya siwo le Mateo 10:28 naa míekpɔna?

8 Dzo si le mía me na nuŋeŋedɔa wɔwɔ nu metsina ne ku gɔ̃ hãe wotsɔ do ŋɔdzi na mí o. Míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le gaglãgbe alesi wòanya wɔe. Eye Yesu ƒe kakaɖedzinamenya siawo dea dzi ƒo na mí: “Migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le [Gehenna, NW].” (Mateo 10:28) Míenya be míaƒe Dziƒofofo lae nye Agbenala. Eɖoa eteƒe na amesiwo wɔa nuteƒe nɛ heyia nuŋeŋedɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe.

Gbedasi si Xɔa Ame Ðe Agbe

9. Aleke ame aɖewo wɔ nui ɖe Xezekiel ƒe nyawo ŋu, eye aleke nu ma tɔgbe le dzɔdzɔm egbeae?

9 Esi nyagblɔɖila Xezekiel gblɔ Yehowa ƒe gbedasia dzinɔameƒotɔe na “dukɔ dzeaglãwo”—Israel kple Yuda fiaɖuƒewo—la, eƒe nyawo dzɔ dzi na ame aɖewo. (Xezekiel 2:3) Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa, èle na wo abe ha vivi kple amesi gbe vivi li na, eye wònya saŋkuƒoƒo la ene, woase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o.” (Xezekiel 33:32) Togbɔ be Xezekiel ƒe nyawo nya se na wo hã la, wogbe edzi wɔwɔ. Nukae dzɔna egbea? Ne amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo gblɔ Yehowa ƒe gbedasiwo dzideƒotɔe la, Fiaɖuƒeyayrawo ŋu nya nya sena na ame aɖewo, gake womewɔa nusi fia be wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu, ava zu nusrɔ̃lawo, hewɔa nuŋeŋedɔa kpena ɖe mía ŋu o.

10, 11. Le ƒe alafa 20 lia ƒe afã gbãtɔ me la, nukawoe wowɔ tsɔ ɖe gbeƒã gbedasi si xɔa ame ɖe agbe lae, eye vi kawoe wòɖe?

10 Gake ame geɖe xɔ nuŋeŋedɔ si wɔm míele la dzidzɔtɔe eye woawo hã va gblɔ Mawu ƒe gbedasiwo. Le kpɔɖeŋu me, le Kristotɔwo ƒe takpekpe siwo wowɔ tsiã ɖe enu tso ƒe 1922 vaseɖe ƒe 1928 me la, woɖe gbeƒã ʋɔnu siwo wodrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia la kɔte. Radio dɔwɔƒewo ɖe gbeƒã fɔbunya siawo siwo wogblɔ le takpekpe mawo me. Emegbe Mawu ƒe amewo ta wo ɖe agbalẽ me hema eƒe tata miliɔn geɖe.

11 Le ƒe 1930-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, ɖaseɖiɖimɔnu ƒomevi bubu ʋu ɖi—eyae nye nyatakaka gbɔlɔlɔwo. Gbã la, Yehowa ƒe amewo kplaa agbalẽ siwo dzi woŋlɔ dutoƒonuƒowo ƒe tanyawo ɖo. Emegbe wokplaa agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nyawo, abe “Subɔsubɔhawo Nye Mɔ̃tetre Kple Ameflunu” kple “Subɔ Mawu Kple Kristo Fia La” ene ɖo. Ne woto ablɔdzi yina la, wohea mɔa zɔlawo ƒe susu. Nɔviŋutsu aɖe si wɔ dɔ sia edziedzi le London, England, ƒe mɔdodo siwo dzi amewo sɔa gbɔ ɖo dzi gblɔ be ‘Nusia na ame geɖe va nya nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu eye wòna dzi ɖo Ðasefoawo ƒo.’

12. Nya ka hãe míeɖea gbeƒãe le míaƒe subɔsubɔdɔa me tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gbedasiwo ŋu, eye amekawoe wɔ ɖeka fifia le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me?

12 Ne míele Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu nya gblɔm la, míeƒoa nu tsoa Fiaɖuƒegbedasia ƒe akpa siwo dea dzi ƒo na ame hã ŋu. Míaƒe ɖaseɖiɖi dzideƒotɔe le xexeame kpena ɖe mía ŋu míedia amesiwo dze. (Mateo 10:11) Amesiaminawo ƒe ha la me tɔ mamlɛawo ƒe akpa gãtɔ wɔ ɖe nuŋeŋe ƒe yɔyɔ si ɖi sesĩe eme kɔ la dzi le ƒe 1920 kple ƒe 1930-awo me. Emegbe, le ƒe 1935 me takpekpe aɖe me la, woɖe gbeƒã paradisonyigba dzi yayra wɔnuku siwo gbɔna na ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Woxɔ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gbedasiawo heva wɔ ɖeka kple amesiaminawo le gbeƒãɖeɖe xɔxɔnyanyuia me.

13, 14. (a) Akɔfafa kae míate ŋu akpɔ tso Psalmo 126:5, 6 me nyawo me? (b) Nukae adzɔ ne míeyi nuƒaƒã kple tsidedee dzi?

13 Psalmo 126:5, 6 me nyawo nye akɔfafa gã aɖe na Mawu ƒe nuŋelawo, vevietɔ amesiwo yome tim wole, esi xlẽ be: “Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso. Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzidzɔ.” Hakpala la ƒe nya siwo ku ɖe nuƒaƒã kple nuŋeŋe ŋu la fia alesi Yehowa tsɔ ɖe le emee na ame susɔe siwo trɔ gbɔ tso blema Babilon ƒe kluvinyenye me. Dzi dzɔ wo ɖe alesi woɖe asi le wo ŋui ŋu ŋutɔ, gake ɖewohĩ woanɔ avi dzi esime wonɔ nu ƒãm ɖe anyigba si zu aƒedo eye womegade agble ɖe edzi kpɔ o le woƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 la me dzi. Gake amesiwo yi woƒe nuƒaƒã kple xɔtutu dɔwo dzi la xa nukuwo eye wokpɔ dzidzeme tso woƒe kutrikukua me.

14 Ate ŋu adzɔ be míafa avi ne míele xaxawo me tom alo ne míawo alo míaƒe haxɔsetɔwo le fu kpem ɖe dzɔdzɔenyenye ta. (Petro I, 3:14) Le míaƒe nuŋeŋedɔa me la, ate ŋu adzɔ be nuwo nasesẽ na mí gbã elabena adze abe agbagba siwo dzem míele le gbeƒãɖeɖedɔa me mele ku gobi aɖeke tsem o ene. Gake ne míeyi nuƒaƒã kple tsidedee dzi la, Mawu ana nuawo natsi, zi geɖe wòagbɔ alesi míekpɔ mɔe ŋu. (Korintotɔwo I, 3:6) Esia dze kɔte le ku siwo míaƒe Biblia kple Ŋɔŋlɔawo srɔ̃gbalẽ mama tsena me.

15. Gblɔ vi siwo Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ɖena le nuŋeŋedɔa me ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

15 Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Jim ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Esi dadaa ku la, ekpɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? le eƒe nunɔamesiwo dome. * Exlẽe dzidzɔtɔe. Le numedzodzro kple Ðasefo aɖe si te ɖe eŋu le ablɔdzi me la, Jim lɔ̃ be wòatrɔ ava ye gbɔ, eye esia na wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Jim yi ŋgɔ le gbɔgbɔ me kabakaba eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Egblɔ nusi wòsrɔ̃ ŋu nya na eƒe ƒomea me tɔwo. Esia na foa kple edaa va zu Yehowa Ðasefowo, eye emegbe mɔnukpɔkpɔ va su Jim si wòwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔ le Betel le London.

Wotia Mía Yome, Ke Hã Dzi Dzɔa Mí

16. (a) Nukatae nuŋeŋedɔa le dzidzedze kpɔm? (b) Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ le dɔ si nyanyuia awɔ ŋu, gake nɔnɔme kae míetsɔna yia amewo gbɔe?

16 Nukatae nuŋeŋedɔa kpɔ dzidzedze sia gbegbe ɖo? Esi Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo wɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiame siawo dzi tae: “Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke sem miele ɖe to me la, miɖe gbeƒãe le xɔwo ta me.” (Mateo 10:27) Gake míate ŋu akpɔ mɔ be míakpe fu, elabena Yesu na míenya be: “Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawu.” Yesu gagblɔ kpee be: “Migabu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ.” (Mateo 10:21, 34) Menye ɖe Yesu ɖoe koŋ be yeade mama ƒomewo me o. Gake nyanyuia wɔa dɔ ma ɣeaɖewoɣi. Nenema ke wòle egbea na Mawu ƒe subɔla vavãtɔwo. Ne míeyi ƒomewo gbɔ la, menye míaƒe didie wònye be míade mama wo me o. Míaƒe didie nye be amesiame naxɔ nyanyuia. Eyata míedzea agbagba be míate ɖe ƒomea me tɔwo katã ŋu le dɔmenyo kple veveseseɖeamenu mɔ si ana míaƒe nya la nanya se na ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbekpɔkpɔ’ la nu.—Dɔwɔwɔwo 13:48.

17. Aleke woɖea amesiwo ʋlia Mawu ƒe dziɖulanyenye ta la ɖe vovoe, eye nukae nye eƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka?

17 Fiaɖuƒegbedasia ɖe amesiwo ʋlia Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ɖe vovo. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso alesi mía hati tadeagulawo to vovoe le esi ‘wotsɔ nusi nye Kaisaro tɔ na Kaisaro eye nusi nye Mawu tɔ na Mawu’ le Socialist Dziɖuɖua ŋɔli le Germany ta ŋu kpɔ. (Luka 20:25) Yehowa subɔlawo nɔ tsitre sesĩe eye wogbe be yewomada Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi o si na be woƒe nuwɔna to vovo na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kple Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me tɔ siwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo la tɔ. (Yesaya 2:4; Mateo 4:10; Yohanes 17:16) Nufialagã Christine King, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye The Nazi State and the New Religions gblɔ be: “Ðasefowo ɖeɖeko dzie [Nazi] dziɖuɖua mete ŋu ɖu o, elabena togbɔ be wowu wo dometɔ akpe geɖe hã la, dɔa yi edzi eye le May 1945 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe ha la gakpɔtɔ nɔ anyi, gake Nazi-dziɖuɖua ya nu yi.”

18. Nɔnɔme kae Yehowa ƒe amewo ɖena fiana togbɔ be wotia wo yome hã?

18 Nɔnɔme si Yehowa ƒe amewo ɖena fiana ne woti wo yome la ɖe dzesi ale gbegbe. Togbɔ be míaƒe xɔse awɔ dɔ ɖe xexemedziɖulawo dzi hã la, ewɔa nuku na wo be míeɖea fuléle alo hlɔ̃biabia ƒe nuwɔna aɖeke fiana o. Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo siwo tsi agbe le Ametsɔtsrɔ̃ Gã la me la kpɔa dzidzɔ zi geɖe eye woƒe dzi dzea eme ne woɖo ŋku nusiwo me woto dzi. Wonya be Yehowa na ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ yewo. (Korintotɔwo II, 4:7) Amesiamina siwo le mía dome ka ɖe edzi be ‘woŋlɔ yewoƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒo.’ (Luka 10:20) Woƒe dzidodo dzia mɔkpɔkpɔ si menaa ŋu kpea ame o, eye kakaɖedzi sia tɔgbe ke le nuŋela siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le hã si.—Romatɔwo 5:4, 5.

Ku Kutri le Nuŋeŋedɔa Me

19. Mɔnu tseku kawoe wozã le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me?

19 Míenya ɣeyiɣi didime sinu Yehowa agaɖe mɔ be míatsɔ awɔ kpɔɖeŋu nuŋeŋedɔa haɖe o. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be míaɖo ŋku edzi be mɔnu aɖewo koŋ li siwo dzi nuŋelawo tona wɔa dɔ. Nenema ke míate ŋu aka ɖe edzi be ne míewɔ gbeƒãɖeɖemɔnu siwo wozã ɣeyiɣi didi aɖee nye esia eye wokpɔ be woɖea vi la ŋudɔ nuteƒewɔwɔtɔe la, atse ku. Paulo gblɔ na ehati Kristotɔwo be: “Mele nu xlɔ̃m mi bena: Mizu srɔ̃nyelawo.” (Korintotɔwo I, 4:16) Esi Paulo kpe kple Efeso hamemegãwo le Mileto la, eɖo ŋku edzi na wo be yemegbe nufiafia wo “le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me” o. (Dɔwɔwɔwo 20:20, 21) Paulo ƒe zɔhɛ Timoteo srɔ̃ apostoloa ƒe mɔnuwo eyata ete ŋu fia mɔnu siawo Korintotɔwo. (Korintotɔwo I, 4:17) Mawu yra ɖe Paulo ƒe nufiafiamɔnuwo dzi, abe alesi wòayra ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖe nyanyuia kutrikukutɔe le gaglãgbe tso aƒeme yi aƒeme, le tɔtrɔyiwo kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo me, kpakple afisiafi si míakpɔ amewo le dzi ene.—Dɔwɔwɔwo 17:17.

20. Aleke Yesu ɖee fia be gbɔgbɔmenu gbogbo aɖe ŋeɣi ɖo, eye aleke nya sia ƒe nyateƒenyenye dzee le ƒe siawo mee?

20 Esi Yesu ɖi ɖase na Samaria-nyɔnu aɖe le Sixar gbɔto le ƒe 30 M.Ŋ. vɔ la, eƒo nu tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa ŋu. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe. Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.” (Yohanes 4:34-36) Ðewohĩ Yesu kpɔ nu nyui si ado tso eme esi wòdo go Samaria-nyɔnua la xoxo, elabena ame geɖe va nɔ edzi xɔm se le nyɔnua ƒe ɖaseɖiɖi ta. (Yohanes 4:39) Le ƒe siawo me la, dukɔ vovovowo ɖe mɔxenuwo ɖa le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi alo woɖe mɔ na wo le se nu, eye esia ʋu mɔ ɖi na nuŋeŋedɔa wɔwɔ le anyigbamama yeyewo me. Esia na wole gbɔgbɔmenuku geɖe ŋem fifia. Le nyateƒe me, le xexeame godoo la, wole mía yram ale gbegbe esi míetsɔ dzidzɔ le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa wɔmee.

21. Nukatae wòle be mí nuŋela kpɔdzidzɔwo míayi nuŋeŋedɔa dzi kutrikukutɔe?

21 Ne nuwo tsi na ŋeŋe la, ele be nuŋelawo natso ɖe eŋu kaba. Ele be woatso kpla megbelelemahemahee. Egbea ehiã be míawɔ dɔ kutrikukutɔe kple vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata elabena míele “nuwuɣi” la me. (Daniel 12:4) Nyateƒee, míedoa go tetekpɔwo, gake Yehowa subɔlawo nuƒoƒoƒudɔ si lolo wu ɖesiaɖe si do ŋgɔ nɛ gali wòle be míawɔ. Eyata aseyetsoŋkekee nye sia. (Yesaya 9:2) Ekema mina mí nuŋela kpɔdzidzɔwo, míayi nuŋeŋedɔa dzi kutrikukutɔe!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae hema.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la ɖo kuku si woɖe be wòaɖo nuŋela geɖe ɖe nuŋeŋedɔa me ŋui?

Togbɔ be ‘woléa mi ɖe ke me’ hã la, nɔnɔme kae nɔa mía si?

Nukatae dzi dzɔa mí togbɔ be wotia mía yome hã?

Nukatae wòle be míaku kutri le nuŋeŋedɔa me kple vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Mawudɔlawo le megbe na gbɔgbɔmenuŋelawo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nyatakaka gbɔlɔlɔwo na ame geɖe nya nu tso Fiaɖuƒegbedasia ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Míeƒãa nu hedea tsii, gake Mawue naa wòtsina