Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Míexlẽ le Petro I, 4:3 be Kristotɔ aɖewo kpɔ gome le “trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ” me. Ðe menye ŋunyɔnue trɔ̃subɔsubɔwo katã nye eye Mawu de se ɖe wo nu oa?

Ẽ, trɔ̃subɔsubɔwo katã nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe nukpɔsusu nu. Amesiwo di be wòave yewo nu mate ŋu anɔ trɔ̃ subɔm o.—Korintotɔwo I, 5:11; Nyaɖeɖefia 21:8.

Gake edze abe ɖe apostolo Petro nɔ nu ƒom tso trɔ̃subɔsubɔ ŋu le mɔ bubu nu ene. Susu ɖekae nye be, trɔ̃subɔsubɔ bɔ ɖe blema dukɔ geɖe me eye dziɖuɖuwo mede se ɖe enu o. Efia be dukɔa ƒe se metsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ siawo ŋu o. Trɔ̃subɔsubɔ aɖewo gɔ̃ hã nye dukɔa alo dziɖuɖua ƒe ɖoɖowo ƒe akpa aɖe. Eyata, ame aɖewo kpɔ gome le ‘trɔ̃subɔsubɔ si ŋu se mexe mɔ ɖo o la me’ hafi va zu Kristotɔwo. (New World Translation, 1950 gɔmeɖeɖe) Le kpɔɖeŋu me, àde dzesii be Babilon-fia Nebukadnezar li sika legba aɖe be woasubɔ, gake Yehowa subɔla siwo nye Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego gbe tadedeagu nɛ.—Daniel 3:1-12.

Susu bubu enye be, nuwɔna tɔŋkuwo yia edzi le trɔ̃subɔsubɔkɔnu geɖe me siwo tsi tre ɖe dzɔdzɔmese ɖesiaɖe si tsoa dzitsinya si ƒe dome míenyi la ŋu. (Romatɔwo 2:14, 15) Apostolo Paulo ŋlɔ nu tso nuwɔna ɖigbɔ siwo “mele dzɔdzɔme nu o” kple “ŋukpenanuwo” ŋu, eye zi geɖe la, nusiawo yia edzi le subɔsubɔkɔnuwo me. (Romatɔwo 1:26, 27) Ŋutsu kple nyɔnu siwo kpɔa gome le trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ me mele wɔwɔm ɖe nusiwo ŋu dzɔdzɔmesewo meɖea mɔ ɖo o dzi o. Esɔ vavã be amesiwo va zu Kristotɔwo dzudzɔ nu gbegblẽ mawo wɔwɔ.

Hekpe ɖe susu sia ŋu la, Yehowa Mawu tsri trɔ̃subɔsubɔ siawo siwo yia edzi le amesiwo menye Yudatɔwo o dome. Eyata se meɖe mɔ ɖe wo ŋu o. *Kolosetɔwo 3:5-7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Helagbe me nya si le Petro I, 4:3 gɔmeɖeɖe tẽ enye “trɔ̃subɔsubɔ si ŋu se meɖe mɔ ɖo o.” Woɖe nyagbea gɔme ɖe mɔ vovovo nu le Eŋlisigbe me Biblia geɖe me wòfia “trɔ̃subɔsubɔ manɔsenu,” “trɔ̃subɔsubɔ siwo wotsri,” kple “trɔ̃subɔsubɔ si ŋu se meɖe mɔ ɖo o.”