Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Origen—Aleke Eƒe Nufiafia Kpɔ Ŋusẽ Ðe Sɔlemeha la Dzii?

Origen—Aleke Eƒe Nufiafia Kpɔ Ŋusẽ Ðe Sɔlemeha la Dzii?

Origen—Aleke Eƒe Nufiafia Kpɔ Ŋusẽ Ðe Sɔlemeha la Dzii?

“Sɔlemeha la kplɔla gãtɔ kekeake le Apostoloawo megbe.” Aleae Latin Vulgate Biblia gɔmeɖela, Jerome, kafu ƒe alafa etɔ̃lia me mawunyaŋununyala Origen. Gake menye amesiamee de bubu ma gbegbe Origen ŋu o. Ame aɖewo bui be enye ke vɔ̃ɖi aɖe si me aglãdzedzewo mie tso. Ƒe alafa 17 lia me nuŋlɔla aɖe ŋlɔ be amesiwo ɖe ɖeklemi Origen la gblɔ be: “Susu mele eƒe nufiafia akpa gãtɔ me o eye wògblẽa nu vevie, wonye Da la ƒe aɖi vɔ̃ɖi aɖe wòtu ɖe xexeame.” Le nyateƒe me, ƒe alafa ene kple edzivɔ le Origen ƒe ku megbe la, woɖe gbeƒãe be enye aglãdzela.

NUKATAE Origen ƒe nu nyo ame aɖewo ŋu evɔ ame bubuwo ya lé fui? Ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe sɔlemeha la ƒe nufiafia dzi?

Dzo Tsɔtsɔ Ðe Sɔlemeha la Ŋu

Wodzi Origen le ƒe 185 M.Ŋ. me lɔƒo le Egipte-dugã si nye Alexandria me. Esrɔ̃ Helagbe me gbalẽwo memie, gake fofoa, Leonides, zii ɖe edzi be wòadze agbagba nenema ke le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ŋu. Esi Origen xɔ ƒe 17 la, Roma-fiagã de se aɖe si wɔe be wònye agɔdzedze be ame naɖɔ li subɔsubɔha si me wòle. Wode Origen fofo gaxɔ me ɖe Kristotɔ zuzu ta. Ðekakpuimedzo si nɔ Origen me na wòɖoe be yeava kpe ɖe eŋu le gaxɔa me ahaku xɔsetaku kplii. Esi Origen dada kpɔ eƒe tameɖoɖo sia la, efɔ eƒe awuwo ɣla be magadzo le aƒeme o. Origen ŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe kuku na fofoa gblɔ be: “Kpɔ nyuie be màgatrɔ susu le mía ta o.” Leonides nɔ te sesĩe eye wowui, eye naneke menɔ eƒe ƒomea si o. Gake Origen yi ŋgɔ ŋutɔ le eƒe agbalẽsɔsrɔ̃ me xoxo ale be wòate ŋu ado alɔ dadaa kple eyomevi adeawo to Helagbea fiafia me.

Fiagã la ƒe tameɖoɖoe nye be yeatsi Kristo-ha la ƒe takeke nu. Esi menye nusrɔ̃viwo ŋu koe eƒe sea agblẽ nu le o ke agblẽe le nufialawo hã ŋu ta la, Kristotɔwo ƒe subɔsubɔŋutinufialawo katã si dzo le Alexandria. Esi amesiwo menye Kristotɔwo ɖe kuku na Origen si nye ɖekakpui be wòafia Ŋɔŋlɔawo yewo la, exɔe atuu be enye dɔdasi si tso Mawu gbɔ. Eƒe nusrɔ̃viwo dometɔ geɖe ku xɔsetaku eye wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã do ŋgɔ na woƒe nusɔsrɔ̃a nuwuɣi. Origen dea eƒe agbe afɔku gã me va dea dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃viwo amesiame kpɔna, woɖale ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋkume o, le gaxɔ me o, alo wowu gee woyina o. Ƒe alafa enelia me ŋutinyaŋlɔla Eusebius gblɔ be ne wokplɔ wo yina ɖe wuwu ge la, Origen tsɔa “dzideƒo gã ŋutɔ gbugbɔa nu na wo tsɔ dea bubu wo ŋui.”

Dɔme ve amesiwo menye Kristotɔwo o dometɔ geɖe ɖe Origen ŋu, elabena wobui be eyae na yewo xɔlɔ̃wo trɔ dzime si na be woku. Zi geɖe la, nu vi aɖe koe susɔna ne nuvlowɔhawo nadze edzi awui anyratɔe. Togbɔ be ezu dzizizi na Origen be wòanɔ nɔƒe ɖɔ lim edziedzi bene wòasi le eyometilawo nu hã la, meɖe asi le eƒe nufiafiaa ŋu o. Eƒe dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ sia wɔ dɔ ɖe Alexandria-bisiɔp, Demetrius dzi. Eyata esi Origen xɔ ƒe 18 pɛ ko la, Demetrius ɖoe mawunyafiasuku si le Alexandria la ƒe tatɔe.

Mlɔeba, Origen va zu agbalẽnyala aɖe si ŋkɔ de du eye wòŋlɔ agbalẽ gbogbo aɖewo hã. Ame aɖewo gblɔ be eŋlɔ agbalẽ 6,000, togbɔ be ɖe woanya ɖe ami ɖee hã. Eƒe agbalẽ gã si woyɔna be Hexapla si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe tata si le babla 50 me koŋ ye wonya nɛ wu. Origen ɖo Hexapla la ɖe akpa ade me siwo nye: (1) Hebri kple Aram gbe me ŋɔŋlɔawo, (2) Ŋɔŋlɔ sia si wogbugbɔgaŋlɔ kple Helagbe me ŋɔŋlɔdzesiwo, (3) Aquila ƒe Helagbe me gɔmeɖeɖea, (4) Symmachus ƒe Helagbe me gɔmeɖeɖea, (5) Helagbe me Septuagint gɔmeɖeɖea, si me Origen gbugbɔ gato be wòasɔ ɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔa nu nyuie wu, kple (6) Theodotion ƒe Helagbe me gɔmeɖeɖea. Biblia-nyala John Hort ŋlɔ be: “Origen ƒe mɔkpɔkpɔ enye be ŋɔŋlɔ vovovo siawo siwo yeƒo ƒu la nana ŋɔŋlɔ geɖe siwo gɔmesese atɔtɔ Helagbe xlẽlawo alo woase wo gɔme bubui ne Septuagint la ɖeɖekoe le wo si me nakɔ na wo.”

‘Egbɔ Nusiwo Woŋlɔ Ði Ŋu’

Ke hã alesi mawusubɔsubɔ ŋutinyawo tɔtɔe le ƒe alafa etɔ̃lia me kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Origen ƒe Ŋɔŋlɔawo fiafia dzi. Togbɔ be Kristodukɔa ƒe gɔmedzedze koe nye ma hã la, dzixɔse siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ƒo ɖii xoxo, eye eƒe sɔleme siwo kaka ɖe teƒeteƒewo nɔ nufiafia siwo to vovo na wo nɔewo fiam.

Origen xɔ nufiafia siawo siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o dometɔ aɖewo heyɔ wo be apostoloawo ƒe nufiafia. Gake evo le eɖokui me de ŋugble le nya bubuwo ŋu. Eƒe nusrɔ̃vi siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi ma me dometɔ geɖewo nɔ avu wɔm kple xexemenunyafiafia siwo nɔ anyi ɣemaɣi. Origen srɔ̃ xexemenunya vovovo siwo nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe eƒe nusrɔ̃viwo ƒe susu dzi tsitotsito bene yeakpe ɖe wo ŋu. Eɖoe be yeaɖo yeƒe nusrɔ̃viwo ƒe xexemenunya ƒe biabiawo ŋu eme nakɔ na wo.

Be Origen nana vovototo naganɔ Biblia ƒe nufiafia kple xexemenunyafiafia dome o la, egblɔ be gbɔgbɔmegɔmesese ɣaɣla le Ŋɔŋlɔawo si. Etsɔe be gɔmesese si nye gbɔgbɔ me tɔ nɔa Ŋɔŋlɔawo ŋu ɣesiaɣi ke menye ɣesiaɣie nya si wogblɔ ƒe gɔmesese sɔna ɖe alesi wogblɔ nya lae ŋutɔŋutɔ nu o. Abe alesi agbalẽnyala aɖe gblɔe ene la, esia ɖe mɔ na Origen be “wòte ŋu de nukpɔsusu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o gake wòde eƒe mawunyafiafia dzi la Biblia ƒe gɔmesese me, evɔ wònɔa gbɔgblɔm (henɔa eɖokui bum ɖikekemanɔmee) be Biblia-fiala si tsɔa dzo ɖe efiafia ŋu eye wòfianɛ pɛpɛpɛ ye yenye.”

Lɛta aɖe si Origen ŋlɔ na eƒe nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka kpe ɖe mía ŋu be míanya alesi wòbua nuwo ŋui. Origen gblɔ be Egipte-sikae Israel-viwo tsɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me nuzazãwoe. Ezã nya sia wònye gɔmesese ɣaɣla si de eƒe Helatɔwo ƒe xexemenunya tsɔtsɔ fia Kristotɔnyenyee dzi. Eŋlɔ be: “Aleke gbegbe nusiwo Israel-viwo tsɔ tso Egipte gbɔe, si Egiptetɔwo mezã ɖe mɔ nyui nu o, gake wonye esiwo Mawu ƒe nunya fia mɔ Hebritɔwo ya wozã le Mawu subɔsubɔ me la woɖe vi na woe nye si.” Eyata Origen de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃via be “wòatia nusiwo anyo na sɔsrɔ̃ alo ate ŋu anye dzadzraɖo na Kristotɔnyenye la tso Helatɔwo ƒe xexemenunya me.”

Biblia me ɖeɖe yakatsyɔ alea na vovototo megava dze le Kristotɔwo ƒe nufiafia kple Helatɔwo ƒe xexemenunya dome tututu o. Le kpɔɖeŋu me, Origen ɖɔ Yesu le eƒe agbalẽ si nye On First Principles me be enye ‘Tenuvi, amesi wodzi, gake gɔmedzedze aɖeke meli nɛ o.’ Eye egblɔ kpee be: ‘Eƒe dzidzime li ɖaa tso mavɔ me yi mavɔ me. Menye esi wona agbegbɔgbɔe tae wònye Vi o, menye le gotagome nuwɔna aɖe mee o, ke boŋ le Mawu ƒe dzɔdzɔme mee.’

Menye Biblia mee Origen kpɔ nufiafia sia tsoe o, elabena Ŋɔŋlɔawo fia nu be Yehowa ƒe Tenuvi lae nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” kple “Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.” (Kolosetɔwo 1:15; Nyaɖeɖefia 3:14) Mawusubɔsubɔŋutinyaŋlɔla Augustus Neander gblɔ be: “Plato ƒe nukpɔsusu le xexemenunya ƒe hehexɔxɔ me” ye Origen kpɔ “dzidzime mavɔmavɔ” nufiafia la tsoe. Le esia wɔwɔ me la, Origen da le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖose si gblɔ be ‘migagbɔ nusi woŋlɔ ɖi ŋu o’ la dzi.—Korintotɔwo I, 4:6.

Wobu Fɔe be Enye Aglãdzela

Le Origen ƒe nufiafia ƒe ƒe gbãtɔawo me la, Alexandria Nunɔlawo ƒe Aɖaŋudeha aɖe xɔ nunɔlanyenye le esi. Anye Origen ƒe ŋkɔxɔxɔ si nɔ ta kekem si biã ŋu na Bisiɔp Demetrius tae nusia dzɔ ɖo. Origen ʋu yi Palestine, afisi wode bubu gã eŋu le afisiafi le be enye Kristotɔwo ƒe nufiafia taʋlila wɔnuteƒe, eye wòyi edzi nye nunɔla le afima. Le nyateƒe me, esime amewo ‘dze aglã’ le Ɣedzeƒe la, wobia eƒe kpekpeɖeŋu be wòaƒo nu na bisiɔp siwo tra mɔ be woagbugbɔ ava ha la ƒe nufiafia gbɔ. Le Origen ƒe ku le ƒe 254 M.Ŋ. me megbe la, wova gblɔ nya vɔ̃ geɖe ɖe eŋu ŋutɔ. Nukatae?

Esi amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo va zu ha gã aɖe la, nusiwo sɔlemeha la va xɔ be woawoe nye nufiafia siwo dzi yewoda asi ɖo la va ɖe dzesi kɔte wu. Eyata mawunyaŋununyalawo ƒe dzidzime siwo va emegbe mexɔ Origen ƒe xexemenunya me nukpɔsusuawo, siwo nye eya ŋutɔ ƒe nuŋububu eye womesɔna tututu ɣeaɖewoɣi o la o. Eyata wohe nya le eƒe nufiafiawo ŋu vevie le sɔlemeha la me. Bene woakpɔ ta na nyaʋiʋli siawo ahakpɔ ha la ƒe ɖekawɔwɔ ta la, ha la bu fɔ Origen be enye aglãdzela.

Menye Origen ɖeɖekoe wɔ vodadaa o. Le nyateƒe me, Biblia gblɔe ɖi be ame geɖe atra mɔ tso Kristo ƒe nufiafia akuakuawo gbɔ. Xɔsegbegbe sia va nɔ ta kekem le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu, le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe. (Tesalonikatɔwo II, 2:6, 7) Mlɔeba ame aɖewo siwo be Kristotɔwoe yewonye la da ŋkɔ “orthodoks,” [akuakuawo] ɖe wo ɖokui dzi eye wogblɔ le ame susɔeawo katã ŋu be “aglãdzelawo” ye wonye. Gake le nyateƒe me la, Kristodukɔa katãe tra mɔ tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ.

‘Nusiwo Woyɔ Aʋatsotɔe be Sidzedze’

Togbɔ be nususugblɔ geɖe le Origen ƒe nufiafiawo me hã la, viɖenu aɖewo nɔ eƒe agbalẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ wòle Hebri ŋɔŋlɔdzesi ene siwo me woŋlɔe ɖo gbã, si woyɔna be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, me la nɔ Hexapla la me. Esia nye ɖaseɖiɖi vevi aɖe be Kristotɔ gbãtɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ—Yehowa—hezãe. Gake ƒe alafa atɔ̃lia me sɔleme hakplɔla aɖe si ŋkɔe nye Theophilus xlɔ̃ nu ɣeaɖeɣi be: “Origen ƒe agbalẽwo le abe gbe dzi, afisi nàkpɔ seƒoƒo ƒomevi vovovowo le ene. Ne mekpɔ seƒoƒo dzeani aɖe le afima la, maŋee; gake ne mekpɔ nane si ɖi ŋu nam la, meƒoa asa nɛ abe alesi mato ŋu ayii ene.”

Esi Origen tsɔ Biblia ƒe nufiafiawo kple Hela xexemenunya tsaka ta la, vodada va ɖo eƒe mawunyafiafia me, eye nusia gblẽ nu le Kristodukɔa ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be wova ɖe asi le Origen ƒe nuŋububu siwo ŋu gɔmeɖokpe aɖeke mele o ƒe akpa gãtɔ ŋu hã la, eƒe nukpɔsusu ku ɖe Kristo ƒe “dzidzime si gɔmedzedze meli na o” ŋu na wote ŋu ɖo Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia la si metso Biblia me o la gɔme anyi. Agbalẽ si nye The Church of the First Three Centuries gblɔ be: “Menye nusi nu ava yi kabae xexemenunya ƒe amedzodzro [si Origen to vɛ] la nye o.” Nukawoe do tso eme? “Wotɔtɔ Kristotɔwo ƒe xɔse si me ɖeɖe le bɔbɔe la, eye vodadawo ge ɖe Ha la me kpaŋkpaŋ.”

Ðe wòle be Origen nawɔ ɖe Paulo ɖe nuxlɔ̃ame be ‘woagbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia’ dzi ale be wòaƒo asa na asikpekpe ɖe xɔsegbegbe sia ŋu hafi. Ðe esia teƒe la, esi Origen tu eƒe nufiafia ƒe akpa gãtɔ ɖe ‘sidzedze’ sia dzi ta la, ‘etra mɔ tso xɔse la gbɔ.’—Timoteo I, 6:20, 21; Kolosetɔwo 2:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Origen ƒe “Hexapla” la fia be wozã Mawu ƒe ŋkɔa le Kristotɔwo ƒe Helagbe me Ŋɔŋlɔawo me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Published by permission of the Syndics of Cambridge University Library, T-S 12.182

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

Culver Pictures