Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu ‘Ade Vovototo Nyui Kple Vɔ̃ Domea’?

Àte Ŋu ‘Ade Vovototo Nyui Kple Vɔ̃ Domea’?

Àte Ŋu ‘Ade Vovototo Nyui Kple Vɔ̃ Domea’?

“Miyi edzi mianɔ nusi dzea Mawu ŋu la dom kpɔ.”—EFESOTƆWO 5:10, NW.

1. Mɔ ka nue agbe ate ŋu atɔtɔ ame le egbea, eye nukatae?

“YEHOWA, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Gɔmesese si de to wu va le nyateƒenya vevi sia si Yeremya de dzesii ŋu na mí egbea. Nukatae? Elabena míele “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” me, abe alesi Biblia gblɔe ɖii ene. (Timoteo II, 3:1, NW) Nɔnɔme siwo tɔtɔa ame dzea ŋgɔ mí gbesiagbe si biana be míawɔ nyametsotsowo. Nyametsotso siawo ɖanye gãawo alo sueawo o, woate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe dedienɔnɔ dzi—le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me.

2. Tiatia kawo wɔwɔe woate ŋu abu nya tsɛwoe, gake aleke Kristotɔ ɖeadzɔgbewo bua woe?

2 Woate ŋu abu tiatia geɖe siwo míewɔna le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me be enye gbesiagbenuwɔna loo alo nya tsɛwo ko. Le kpɔɖeŋu me, gbesiagbe la, míewɔa awu si míado, nusi míaɖu, amesiwo míakpɔ, kple bubuawo ƒe tiatiawo. Míewɔa tiatia siawo enumake eye míebua wo ŋu fũ o. Gake nyateƒee wònye be nya siawo nye nya tsɛwoa? Le Kristotɔ ɖeadzɔgbewo gome la, tiatia siwo míewɔna le míaƒe nudodo kple dzedzeme, míaƒe nuɖuɖu kple nunono, kple míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me nye nusi me míetsɔa ɖe le vevie le esi woɖenɛ fiana ɣesiaɣi be Yehowa Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la, subɔlawoe míenye ta. Esia na míeɖoa ŋku apostolo Paulo ƒe nyawo dzi be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—Korintotɔwo I, 10:31; Kolosetɔwo 4:6; Timoteo I, 2:9, 10.

3. Tiatia kawo wɔwɔ ŋue wòsɔ be míabu kple ŋkubiã?

3 Tiatia aɖewo hã li siwo ŋu wòle be woabu ŋkubiãtɔe wu. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ɖeɖe alo trenɔnɔ ŋuti nyametsotso kpɔa ŋusẽ gã ɖe ame ƒe agbe dzi tegbee godoo. Le nyateƒe me la, amesi sɔ tututu be woaɖe, be wòanye ame ƒe kpeɖeŋutɔ le agbe me katã, la tiatia menye nya tsɛ kura o. * (Lododowo 18:22) Gakpe ɖe eŋu la, tiatia siwo míewɔna le xɔlɔ̃wo kple amesiwo míade ha kplii me, le sukudede, le dɔwɔɖui, kple le modzakaɖeɖe gɔ̃ hã me kpɔa ŋusẽ gã aɖe, alo esi ate ŋu afia míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ alo kpododonu le gbɔgbɔ me gɔ̃ hã—ɖe míaƒe nyonyo mavɔ—dzi.—Romatɔwo 13:13, 14; Efesotɔwo 5:3, 4.

4. (a) Ŋutete kae wòahiã vevie be wòanɔ mía si? (b) Biabia kawo ŋue wòhiã be míaɖo?

4 Esi nyametsotso siawo katã wɔwɔ dze ŋgɔ mí la, anyo ŋutɔ be míate ŋu ade vovototo nu nyui kple nu gbegblẽ alo nusi adze nu nyui kple nusi nye nu nyui ŋutɔŋutɔ dome. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.” (Lododowo 14:12) Le esia ta, míabia be: ‘Aleke míawɔ atu vovototo dede nyui kple vɔ̃ dome ƒe ŋutete ɖo? Afikae míate ŋu akpɔ mɔfiame si hiã le míaƒe nyametsotso wɔwɔ me le? Aleke amewo wɔ nui le blema kple egbea le go sia me, eye nukae do tso eme?’

Xexeame ƒe ‘Nunya Kple Beble Dzodzro’

5. Xexe ka ƒomevi mee Kristotɔ gbãtɔwo nɔ?

5 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ xexe si me Hela kple Roma tɔwo ƒe gɔmeɖosewo kple nukpɔsusuwo xɔ aƒe ɖo me. Le go aɖe me la, dzidzeme kple agbeɖuɖu si ame geɖe buna nudzroamee nɔ Romatɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Le go bubu me la, menye Plato kple Aristotle ƒe xexemenunya nukpɔsusuwo koe do dzidzɔ na agbalẽnyala siwo nɔ anyi ɣemaɣi o, ke boŋ woƒo wo ɖokui ɖe Epikurotɔwo kple Stoatɔwo ƒe nufiafia siwo do yeyee hã me. Esime apostolo Paulo va Atene le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la, Epikuro kple Stoa xexemenunyala siwo susui be yewonya nu wu Paulo, amesi woyɔ be “nuƒola sia,” la tsi tre ɖe eŋu.—Dɔwɔwɔwo 17:18.

6. (a) Nukawo wɔwɔe te Kristotɔ gbãtɔ aɖewo kpɔ? (b) Nuxlɔ̃amenya kae Paulo gblɔ?

6 Eyata menye nu sesẽ be míase nusitae amesiwo dome Kristotɔ gbãtɔwo nɔ ƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ siwo me ɖokuidodoɖedzi dzena le dzro Kristotɔawo dometɔ aɖewo la gɔme o. (Timoteo II, 4:10) Edze abe amesiwo kpɔ gome le agbenɔnɔ si nɔ tsia dzi ɣemaɣi me kpɔ viɖe eye nu de wo dzi le go geɖe me ene, eye wògadze abe ɖe kpɔtsɔtsɔ aɖeke hã menɔ tiatia siwo wowɔ la ŋu o ene. Xexeame wɔ nu wòdze abe ɖe nu xɔasi aɖe le esi wòana, si Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖegbenɔnɔ mate ŋu ana o ene. Gake apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.” (Kolosetɔwo 2:8) Nukatae Paulo gblɔ nya ma?

7. Asixɔxɔ ka koŋue le xexeame ƒe nunya ŋu?

7 Paulo xlɔ̃ nu alea elabena ede dzesii be afɔku gã aɖe le alesi amesiwo xexeame dzrona bua tamee me. Nyagbɔgblɔ si wòzã be “xexemenunya kple beble dzodzro” la ɖe dzesi ŋutɔ. Nya “xexemenunya” fia ŋutɔŋutɔ be “woalɔ̃ nunya ahadi eyomemɔ.” Ema ŋutɔ ate ŋu aɖe vi. Le nyateƒe me, Biblia, vevietɔ Lododowo ƒe agbalẽa, de dzi ƒo na mí be míadi sidzedze kple nunya vavã yomemɔ. (Lododowo 1:1-7; 3:13-18) Gake Paulo yɔ “beble dzodzro” tɔ ɖe “xexemenunya” ŋu. Ne míagblɔe bubui la, Paulo bu nunya si le xexeame si wònana la be enye nu dzodzro kple amebeble. Edzena nu ŋutɔŋutɔ aɖee, abe ƒuƒuloto si vu gblotoo ene, evɔ wònye ya koe wode eme. Anye nu dzodzro be ame natu nyui kple vɔ̃ ŋuti tiatiawɔwɔ ɖe nane si ŋu viɖe aɖeke mele o abe “xexemenunya kple beble dzodzro” si le xexeame si ene dzi, eye afɔku gɔ̃ hã anɔ eme, godoo.

Amesiwo Yɔa “Vɔ̃ be Nyui Kple Nyui be Vɔ̃”

8. (a) Amekawo gbɔe amewo yina hena aɖaŋuɖoɖo? (b) Aɖaŋu ka ƒomeviwoe woɖona?

8 Nuwo metrɔ boo egbea o. Amegbetɔ ƒe agbemenuwɔna ɖesiaɖe kloe ŋutinunyala gbogbo aɖewo li. Srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ŋuti ɖaŋuɖolawo, nyadzɔdzɔŋlɔlawo, amesiwo wɔa wo ɖokui dɔyɔɖaŋuɖolawoe, ɣletivimefakalawo, gbɔgbɔyɔlawo, kple bubuawo le klalo be yewoaɖo aɖaŋu—ahaxɔ ga ɖe eta. Gake aɖaŋu ka ƒomeviwoe woɖona? Zi geɖe la, woɖea asi le Biblia ƒe dzidzenuwo ŋu hetsɔa nusi woyɔna be agbe yeye nɔnɔ ɖoa eteƒe. Le kpɔɖeŋu me, esi The Globe and Mail, si nye Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si amewo lɔ̃a xexlẽ me nyati aɖe, nɔ nu ƒom tso dziɖuɖua ƒe gbegbe be yemade “ŋutsuwo ɖeɖe alo nyɔnuwo ɖeɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe” agbalẽ me o ŋuti la, egblɔ be: “Le ƒe 2000 sia me la, enye nu wɔmoya be woagbe asidada ɖe ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo hetsɔ wo ɖokui na wo nɔewo ƒe didi vevitɔ dzi le esi wonye ŋutsuwo ɖeɖe alo nyɔnuwo ɖeɖe ta.” Nya si li egbeae nye be woaɖe mɔ ɖe nusianu ŋu, menye be woade se ɖe wo nu o. Wobunɛ be seɖoƒe ŋutɔ aɖeke megali na naneke o eye nyui kple vɔ̃ ŋuti se kpaɖi aɖeke koŋ megali o.—Psalmo 10:3, 4.

9. Nukae amesiwo ŋu wodea bubui le hadome la wɔna edziedzi?

9 Ame bubuwo kpɔa amesiwo kpɔ dzidzedze le hadomegbenɔnɔ kple ganyawo me—kesinɔtɔwo kple ame xɔŋkɔwo—sinu le woƒe nyametsotso wɔwɔ me. Togbɔ be wodea bubu kesinɔtɔwo kple ame xɔŋkɔwo ŋu le amewo dome egbea hã la, womenɔa agbe ɖe agbenyuinɔnɔ abe anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ ene nu o. Le ŋusẽ kple ga ƒe viɖewo didi vevie ta la, nufitifitiwɔwɔ kple agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo dzi dada metsɔa fu lãme na wo dometɔ geɖewo o. Be yewoaxɔ ŋkɔ eye amewo nalɔ̃ yewo la, wo dometɔ aɖewo ɖea asi le gɔmeɖose kple dzidzenu siwo dzi amesiame da asi ɖo la ŋu faa va nɔa agbe vlo siwo naa dzidzi ƒoa ame la boŋ. Emetsonua enye amegbetɔƒome si viɖe didi kple mɔɖeɖeɖenuŋu le vevie na, amesiwo ƒe mɔfiamenya enye, “Woɖe mɔ ɖe nusianu ŋu” lae va li fifia. Eyata ɖe wòwɔ nuku be amewo tɔtɔ eye womeganya alesi woawɔ le nyui kple vɔ̃ ƒe nya gome oa?—Luka 6:39.

10. Aleke Yesaya ƒe nya siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu la va emee?

10 Nyametsotso gbegblẽ siwo wonɔ te ɖe mɔfiame gbegblẽwo dzi wɔ la me tsonu wɔnublanuiwo ƒo xlã mí va kpe ɖo—woƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye srɔ̃ɖeɖe kple ƒome siwo gblẽ, atike kple ahamuamewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, sɔhɛwo ƒe nuvlowɔha sẽŋutawo, agbegbegblẽnɔnɔ, kpakple nulɔdɔwo. Le nyateƒe me la, aleke míate ŋu akpɔ mɔ be nuwo anyoe esi ne amewo ɖe asi le nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo alo mɔfianuwo katã ŋu? (Romatɔwo 1:28-32) Ðeko wòle abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ene be: “Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotsɔ kekeli wɔ vivitii, amesiwo tsɔa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wɔa vevee! Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.”—Yesaya 5:20, 21.

11. Nukatae nunya manɔ eme be woaɖo ŋu ɖe ame ɖokui ŋu le nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso wɔwɔ me o?

11 Nyateƒe si wònye be Yehowa bia akɔnta tso blema Yudatɔ mawo siwo ‘bu wo ɖokui nunyalawoe’ si la na míegakpɔ alesi gbegbe wòle vevie be míatsri ŋuɖoɖo ɖe mía ɖokui ŋu le nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso wɔwɔ me. Ame geɖe siwo li egbea da asi ɖe nya si wogblɔna be “wò ya na wò dzi nafia mɔ wò” alo “wɔ nusi nèse le ɖokuiwò me be enyo” la ko dzi. Ðe esia sɔa? Mesɔ ɖe Biblia, si gblɔ eme kɔ ƒã be, “ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” la nu o. (Yeremya 17:9) Ðe nàɖo ŋu ɖe amesi nye alakpatɔ kple ame gbegblẽ ŋu le wò nyametsotso wɔwɔ mea? Kura o. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ nusi to vovo na nya si amesia ƒomevi agblɔ na wò lae nàwɔ. Ema tae Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.”—Lododowo 3:5-7; 28:26.

Nusi Dzea Mawu Ŋu la Sɔsrɔ̃

12. Nukatae wòle be míadzro “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu” me akpɔ?

12 Esi mele be míaɖo ŋu ɖe xexeame ƒe nunya alo mía ɖokui ŋu le nyui kple vɔ̃ ƒe nyaa me o ta la, nukae wòle be míawɔ? De dzesi apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo tẽ sia si me kɔ kɔte: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Nukatae wòhiã be míadzro Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me akpɔ? Yehowa gblɔ susu sẽŋu aɖe si tae wòle alea ɖo la tẽ ɖe Biblia me be: “Alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo kple nye susuwo wu miaƒe susuwoe.” (Yesaya 55:9) Eyata le esi teƒe be míaɖo ŋu ɖe nusi woyɔna be ame ŋutɔ ƒe susuŋudɔwɔwɔ alo nusi ame ŋutɔ susu be eyae nye nyuitɔ ŋu la, woɖo aɖaŋu na mí be: ‘Miyi edzi mianɔ nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu dom kpɔ.’—Efesotɔwo 5:10.

13. Aleke Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes 17:3 te gbe ɖe alesi wòhiãe be míanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzii?

13 Yesu Kristo ɖo kpe hiahiã sia dzi esime wògblɔ be: “Esia fia agbe mavɔ, be woanɔ wò, Mawu vavãtɔ ɖeka la, kple Yesu Kristo, amesi nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3, NW) Nyagbɔgblɔ ‘woanɔ sidzedze xɔm’ gɔmesese deto sasasã wu ‘nane nyanya’ dzro ko. Vine’s Expository Dictionary, gblɔ be, “eɖea ƒomedodo si le amesi le nua nyam kple nusi nyam wòle dome fiana; le go sia me la, nusi nyam wole la xɔa asi alo nɔa vevie na amesi le enyam la, si wɔnɛ be ƒomedodo nɔa wo dome.” Be ƒomedodo nanɔ ame kple ame aɖe dome fia nu geɖe wu amesi amea nye alo eƒe ŋkɔ ko nyanya. Efia nusiwo dzɔa dzi na amea kple nusiwo medzɔa dzi nɛ o, nusiwo ŋu wòdea asixɔxɔe, eƒe dzidzenuwo nyanya—kple bubudede wo ŋu.—Yohanes I, 2:3; 4:8.

Hehenana Míaƒe Sidzedze Ŋutetewo

14. Nukae Paulo gblɔ be eyae nye vovototo vevitɔ si le gbɔgbɔ me vidzĩwo kple gbɔgbɔmeme tsitsiwo dome?

14 Ekema aleke míawɔ be vovototo dede nyui kple vɔ̃ dome ƒe ŋutete nasu mía si? Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Hebri Kristotɔwo la ɖo nya sia ŋu. Eŋlɔ bena: “Amesiame, si nɔa notsi nom la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya ŋuti o; elabena vidzĩ ko wònye. Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be [woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome, NW].” Le afisia, Paulo de vovototo “notsi,” si wòyɔ le kpukpui si do ŋgɔ me be “Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo” kple “nuɖuɖu sesẽ,” si nye “amesiwo tsi zu blibo,” amesiwo ‘ƒe sidzedze ŋutetewo wona hehee be woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome’ la tɔ dome.—Hebritɔwo 5:12-14.

15. Nukatae wòbia agbagbadzedze be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ame si?

15 Gbã la, esia fia be ele be mí katã míadze agbagba vevie be Mawu ƒe gɔmeɖose siwo le eƒe Nya, Biblia, me gɔmesese vavãtɔ nasu mía si. Menye se siwo woŋlɔ ɖi, siwo me wotɔ asi nusiwo míawɔ kple esiwo míawɔ o dzi tẽ na mí la dimee míele o. Menye agbalẽ sia ƒomevie Biblia nye o. Ke boŋ Paulo ɖe eme be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Be nufiafia, mokaka, kple ɖɔɖɔɖo ma naɖe vi na mí la, ele be míanɔ míaƒe susu kple tamebubu ŋutete ŋudɔ wɔm. Esia biaa agbagbadzedze, gake viɖe nyui—si nye be ‘woanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’—dona tsoa eme.—Lododowo 2:3-6.

16. Nukae wòfia be woana hehe ame ƒe sidzedze ŋutete?

16 Emegbe, abe alesi Paulo de dzesii ene la, amesiwo tsi zu blibo la ‘naa hehe woƒe sidzedze ŋutetewo be woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’ Fifia míeɖo nyaa ƒe akpa vevitɔ gbɔ. Nyagbɔgblɔ ‘naa hehe woƒe sidzedze ŋutetewo’ ƒe gɔmesese le nyaa ŋutɔŋutɔ nu fia be “wona hehe ŋutilã ƒe sidzenuwo (abe kamedefefewɔla ene).” (Kingdom Interlinear Translation) Ne kamedefefewɔla bibi aɖe le kamedenu aɖe si ŋu wònya nyuie, abe ga gɔdɔe si ŋu wotsina ɖo wɔa atsyã le yame, alo le ga lɛ si le yame dzi zɔm le dadasɔ me ene, zãm la, ate ŋu aɖe afɔ aɖewo wòatsɔ kaba ŋutɔ abe ɖe anyigba ƒe nuheŋusẽ alo dzɔdzɔmese bubuwo mele ŋusẽ kpɔm ɖe eyama dzi o ene. Eƒe susu katã nɔa eƒe ŋutinuwo ŋu ɣeawokatãɣi, eye wòɖea afɔ siwo wòle be wòaɖe akplɔ wo nɔewo ɖo hafi nyana gɔ̃ hã si wɔnɛ be wòte ŋu wua eƒe fefea nu dzidzedzetɔe. Hehexɔxɔ vevie kple fefea wɔwɔ edzidzi ye wɔnɛ be esia katã va nya wɔna bɔbɔe.

17. Gɔmesese ka nue wòle be míanɔ abe kamedefefewɔlawo ene le?

17 Ne míedi be míakpɔ egbɔ be nyametsotso kple tiatia siwo míewɔna nanye esiwo sɔ ɣeawokatãɣi la, ele be míawo hã míaxɔ hehe abe kamedefefewɔlawo ene, le gbɔgbɔ me gome. Ele be míaƒe susu nanɔ míaƒe sidzenuwo kple míaƒe ŋutinuwo ŋu bliboe ɣeawokatãɣi. (Mateo 5:29, 30; Kolosetɔwo 3:5-10) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèhea wò ŋku be wòagakpɔ agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwo alo wò to be wòagase hadzidzi alo nya ƒaƒãwo oa? Enye nyateƒe be nu makɔmakɔ siawo ƒo xlã mí ya. Ke hã egakpɔtɔ nye mía ŋutɔwo míaƒe nya, ne míaɖe mɔ be woaƒo ke ɖe to le míaƒe dzi kple susu me. Míate ŋu asrɔ̃ hakpala la, amesi gblɔ be: “Nyematsɔ nu tovo aɖo ŋku me o, melé fu dzidanuwɔwɔ, malé ɖe ŋunye o. . . . Amesi kaa aʋatso la, mali ɖe ŋkunye me o.”—Psalmo 101:3, 7.

He Wò Sidzedze Ŋutetewo To Wo Ŋudɔwɔwɔ Me

18. Nukae nya “ŋudɔwɔwɔ” fia le Paulo ƒe numeɖeɖe ku ɖe hehenana ame ƒe sidzedze ŋutetewo ŋu me?

18 Nenɔ susu me na wò be míaƒe sidzedze ŋutetewo “ŋudɔwɔwɔ” dzie míate ŋu ato ahe wo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Ne míagblɔe bubui la, ɣesiaɣi si nyametsotso aɖe wɔwɔ adze ŋgɔ mí la, ele be míasrɔ̃ alesi míazã míaƒe tamesusu ƒe ŋutetewo atsɔ akpɔ Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe eŋu kple alesi míate ŋu awɔ wo ŋudɔe. Na numekukuwɔwɔ le Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana la me nazu numame na wò. (Mateo 24:45) Ele eme baa be míate ŋu abia Kristotɔ tsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu ya. Gake agbagba si mía ŋutɔwo míadze be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la, tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa na Yehowa abia eƒe mɔfiafia kple gbɔgbɔ ŋu, aɖe vi gbogbo aɖe na mí mlɔeba.—Efesotɔwo 3:14-19.

19. Yayra kawoe wòanye na mí ne míeyi edzi na hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo?

19 Esi míeyi edzi le hehe nam míaƒe sidzedze ŋutetewo la, taɖodzinua enye be “míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ̃, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o.” (Efesotɔwo 4:14) Ke boŋ le nusi dzea Mawu ŋu ŋuti sidzedze kple gɔmesese si su mía si ta la, míate ŋu awɔ nyametsotso gã kple suea siwo me nunya le, siwo ɖea vi na mí, tua mía hati tadeagulawo ɖo, eye ƒo wo katã ta la, dzɔa dzi na míaƒe Dziƒofofo la. (Lododowo 27:11) Yayra kple ametakpɔkpɔ kae nye si nusia nye le ɣeyiɣi sesẽ siawo me!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Le agbemenudzɔɖeamedzi siwo naa ame tsina dzodzodzoe wu dometɔ 40 kple edzivɔ siwo ŋuti numekuku Ðk. Thomas Holmes kple Richard Rahe wɔ me la, ame srɔ̃ ƒe ku, srɔ̃gbegbe, kple srɔ̃tɔwo ƒe kaklã ye xɔ nɔƒe gbãtɔ etɔ̃awo. Nusi xɔ nɔƒe adreliae nye srɔ̃ɖeɖe.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Ŋutete kae hiã hafi míate ŋu awɔ nyametsotso siwo me nunya le?

• Nukatae nunya mele eme be míakpɔ ame xɔŋkɔwo sinu alo aɖo ŋu ɖe mía ŋutɔwo míaƒe seselelãmewo ŋu ne míele nyui kple vɔ̃ ŋu nyametsotsowo wɔm o?

• Nukatae wòle be míakpɔ egbɔ be míenya nusi dzea Mawu ŋu nyuie ne míele nyametsotsowo wɔm, eye aleke míate ŋu awɔe?

• Nukae wòfia be ‘míana hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kesinɔtɔwo kple ame xɔŋkɔwo sinu kpɔkpɔ hena mɔfiafia xɔxɔ nye dzodzro

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Abe kamedefefewɔlawo ene la, ele be míaɖu míaƒe sidzenuwo kple míaƒe ŋutinuwo katã dzi bliboe