Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Si Le Asiwò Be Nàxɔ Nusi Dze Ŋuwò Dzi Ase

Ŋusẽ Si Le Asiwò Be Nàxɔ Nusi Dze Ŋuwò Dzi Ase

Ŋusẽ Si Le Asiwò Be Nàxɔ Nusi Dze Ŋuwò Dzi Ase

Mànya fena kple ŋusẽ si le asiwò be nàxɔ nusianu si dze ŋuwò dzi ase la kura o. Aleae wòle le amesiame kloe gome. Ŋusẽ sia, si ŋudɔ ame biliɔn ade siwo le anyigba dzi wɔna la na be dzixɔse vovovowo va su wo si wòwɔ nuku ŋutɔ. Abe nusi vovototo siwo le amadedewo, nɔnɔmewo, nuwo ƒe dzedzeme, vivi, ʋeʋẽ, kple gbeɖiɖi siwo le nuwɔwɔwo me wɔna ene la, nenema ke zi geɖe la nukpɔsusu vovovowo hã naa dzidzɔdodoɖenuŋu, dzidzɔkpɔkpɔ, kple vivisese nɔa nuwo me le agbe me. Le nyateƒe me la, vovototo siawo ate ŋu anye nusiwo naa agbe vivina.—Psalmo 104:24.

GAKE ele be míanɔ ŋudzɔ. Menye ɖeko nukpɔsusu aɖewo to vovo ko o ke wonye esiwo me afɔku le hã. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, ame aɖewo va xɔe se be Yudatɔwo kple Freemasontɔwo ɖo nugbe be “yewoagblẽ Kristotɔwo ƒe nuwɔnawo me eye yewoaɖo xexemedziɖuɖu aɖe si anɔ yewo te la anyi.” Nukpɔsusu sia tsoƒe dometɔ ɖekae nye trakt si amesiwo lé fu Yudatɔwo ta si ƒe tanya nye Protocols of the Learned Elders of Zion. Nya siwo wogblɔ be wodze le trakt la me ƒe ɖewoe nye be woaka adzɔ gãwo na amewo woaxe, woado aʋawɔnuwo wɔwɔ ɖe ŋgɔ, woaɖo tɔ ɖe dɔwo katã kloe nu ale be ‘woate ŋu agblẽ amesiwo menye Yudatɔwo o ƒe hokpɔkpɔ me enumake.’ Nutsotso bubuwo hãe nye be woade tɔtɔ hehexɔɖoɖowo me be woana ‘amesiwo menye Yudatɔwo o nazu bometsilawo,’ eye woaɖe tomeketekemɔwo gɔ̃ hã ayi dugã ɖesiaɖe me ale be Yudatɔ siwo nye amegãwo nate ŋu axe mɔ na tsitretsiɖeŋula ɖesiaɖe to wo ɖeɖe ɖa me.

Gake nya siawo nye aʋatsonya—siwo ŋu wotrɔ asi le be dzi naku amewo ɖe Yudatɔwo ŋu. Mark Jones si wɔa dɔ le Britaintɔwo ƒe Blemanudzraɖoƒe gblɔ be: ‘Nyakpakpa manyatalenu sia kaka tso Russia afisi wòdze le nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati aɖe me zi gbãtɔ le ƒe 1903 me. Edze le Times nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London me le May 8, 1920 dzi. Le ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe la, Times klo nu le nyaa dzi be alakpae. Ke hã egblẽ nu xoxo. Jones gblɔ be ‘aʋatsonya siawo tɔgbe’ nu menya tsina o. Ne amewo nya xɔe se ko la eva zua dzixɔse si dea fuléle ɖikaɖika si gbleã nu la ame me—zi geɖe emetsonua nyea nuveviwɔame, si tɔgbe dzɔ le ŋutinya me le ƒe alafa 20 lia me.—Lododowo 6:16-19.

Dzixɔse Kple Nyateƒe

Enye nyateƒe be menye eɖoɖo koŋ agblɔ alakpanya na ame koe naa dzixɔse si ŋu vodada le sua ame si o. Ɣeaɖewoɣi la, mía ŋutɔwo míase nanewo me bubui. Ame nenie meku ku kpo le nuwɔwɔ aɖe si wosusu be enyo me o? Gakpe ɖe eŋu la, míexɔa nanewo dzi sena zi geɖe esi míedii nenema ta. Nufialagã aɖe gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã “dea bubu deto woƒe nukpɔsusuwo ŋu zi geɖe.” Woƒe nukpɔsusuwo kpɔa ŋusẽ ɖe nyametsotso nyui si wòle be woawɔ dzi. Emegbe wodagbana ɖe ya me nɔa agbagba dzem le woƒe agbe me katã be yewoalé nukpɔsusu siwo ŋu vodada le la ɖe te.—Yeremya 17:9.

Nusiawo tɔgbe yia dzi le subɔsubɔdzixɔsewo me—le dzixɔse siwo ŋu vodada gãwo le gɔ̃ hã gome. (Timoteo I, 4:1; Timoteo II, 4:3, 4) Mawudzixɔse sẽŋu le ame aɖe si. Ame bubu be “kpeɖodzi” aɖeke mele amea ƒe Mawudzixɔsea ŋu o. Ame aɖe xɔe se be luʋɔ makumaku le asiwò si nɔa agbe le ku megbe. Ame bubu xɔe se be ne èku la mègale afi aɖeke kura o. Eme kɔ ƒã be nukpɔsusu siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu alea katã mate ŋu anye nyateƒe o. Ðe manye nuwɔwɔ le nunya me be nàkpɔ kakaɖedzi be nusi yexɔ se la nye nyateƒe vavã, ke menye nane si nèdi nenema ko oa? (Lododowo 1:5) Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Nyati si kplɔe ɖo adzro nya sia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ƒe 1921 me nyati si klo nu le “Protocols of the Learned Elders of Zion” ƒe agbalẽa dzi