Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Medaa Akpe Ðe Nu Xɔasi Siwo Dzi Megaɖoa Ŋkui La Ta!

Medaa Akpe Ðe Nu Xɔasi Siwo Dzi Megaɖoa Ŋkui La Ta!

Agbemeŋutinya

Medaa Akpe Ðe Nu Xɔasi Siwo Dzi Megaɖoa Ŋkui La Ta!

ABE ALESI DRUSILLA CAINE GBLƆE ENE

Ƒe 1933 mee, mía kple Zanoah Caine si nye nyanyuikakala—ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla abe nye ke ene, míeɖe mía nɔewo teti ko enye ema. Dzidzɔ si yɔ menye fũ na be meɖoe be mawɔ ɖeka kple srɔ̃nye le eƒe dɔdasia wɔwɔ me, gake mehiã gasɔ hafi ate ŋu awɔ dɔa—esi nye nu xɔasi si nyemete ŋu ƒle o le ganyawo ƒe sesẽɣia me. Aleke wɔ ge mala?

ESI srɔ̃nye nɔviŋutsuwo se nye nɔnɔmeawo ŋu nya ko la, wote gasɔŋunu xoxowo didi le gbeɖuɖɔwo me be woatsɔ awɔ gasɔe nam. Wowɔe eye wònyo hã! Esi menya srɔ̃ edodo vɔ ko la, mía kple Zanoah míedze England nuto siwo nye Worcester kple Hereford mɔ kple dzidzɔ henɔ gbeƒã ɖem na amesiame si míedo goe.

Nyemebui kpɔ be xɔse ƒe afɔ ʋɛ ma si meɖe ava zu agbe si me yɔ fũ kple nusiwo dzi woaɖo ŋkui alea o. Gake dzinyela lɔlɔ̃awoe ɖo gbɔgbɔ me gɔmeɖoanyi sẽŋu ma na nye agbe.

Aʋa Gã la ƒe Ɣeyiɣi Sesẽawo

Wodzim le December 1909 me. Danye xɔ agbalẽ si nye The Divine Plan of the Ages emegbe kpuie, eye le ƒe 1914 me la, dzinyelawo kplɔm míede va kpɔ sinima si nye “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” le Oldham, Lancashire. (Amesiwo woyɔna fifia be Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽa hewɔ fotoɖeɖefia la hã.) Togbɔ be ɖevi ko menye ɣemaɣi hã la, megaɖoa ŋku alesi menɔ kpo tim kple dzidzɔ esime míegbɔna aƒeme le nusiwo mekpɔ ta la dzi! Frank Heeley dze Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe gɔme le Rochdale, afisi míenɔ ɣemaɣi. Kpekpe sia dede kpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu be Ŋɔŋlɔawo gɔmesese geɖe su mía si.

Le ƒe ma me tututu si Aʋa Gã la—si woyɔna egbea be Xexemeʋa I—dzɔ me la, dziɖeɖi si me míenɔ me va gblẽ kpata. Wozi fofonye dzi be wòazu asrafo gake egbe be yemade akpa aɖeke dzi o. Nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be wogblɔ le eŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe be enye, “ŋutsu si dze na kafukafu blibo,” eye lɛta geɖe tso “ame ŋkutawo gbɔ si gblɔ be yewoka ɖe edzi be nyateƒee nusita wògblɔ be yemayi aʋa la o nye.”

Le esi teƒe be woaɖe fofonye le asrafodɔa me kura la, woɖee le “Aʋagbedzisrafodɔ ɖeɖeko” me. Mía kplii kple danye siaa míeva zu alɔmeɖenu na amewo le ɣeyiɣi mawo me enumake. Mlɔeba la, wogbugbɔ ŋku lé ɖe alesi woɖe mɔ nɛ ŋu, eye wode agbledɔwo wɔwɔ asi nɛ, gake agbledela aɖewo bae eye woxea fetu sue aɖe ko alo womexea ɖeke kura gɔ̃ hã nɛ o. Danye wɔa dɔ be wòatsɔ akpɔ ƒomea dzi—ewɔa dɔ sesẽ le ame aɖe ƒe nunyaƒe—gake ga sue aɖe koe woxena nɛ. Ke hã fifia mekpɔ alesi wòdo ŋusẽm ɣemaɣii be màwɔ nye ƒewuimenɔɣi ŋudɔ atsɔ akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽ mawoe; ena mekpɔ vevienyenye si le gbɔgbɔmenuwo ŋu kɔte.

Gɔmedzedze Nyaŋui Aɖe

Eteƒe medidi o, Daniel Hughes si nye Biblia srɔ̃la dovevienu aɖe va wɔ ɖeka kpli mí. Enye tomekakula si tso Ruabon, si nye kɔƒedu aɖe si didi kilometa 20 tso Oswestry, afisi míeʋu yi. Tɔɖi Dan, si nye alesi meyɔna nɛ vividoɖeameŋutɔe la srãa míaƒe ƒomea kpɔ, eye ɣesiaɣi si wòava mía gbɔ la eƒe dzeɖoɖowo kuna ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu ɣeawokatãɣi. Meɖoa dze ƒuƒlu gbeɖe o. Woɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe Oswestry le ƒe 1920 me, eye Tɔɖi Dan na agbalẽ si nye The Harp of God ƒe ɖekam le ƒe 1921 me. Nyemefena le agbalẽ sia ŋu o elabena ena Biblia ƒe nufiafiawo gɔmesese va le bɔbɔe nam ale gbegbe.

Ame bubu hãe nye Pryce Hughes, * amesi va zu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le London ƒe zimenɔla. Wo kple eƒe ƒomea wonɔ Bronygarth, afisi medidi boo tso mía gbɔ o, le Wales ƒe liƒo dzi eye edaa Cissie kple danye va zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.

Meɖo ŋku alesi míekpɔ dzidzɔe esi wokpe mí le ƒe 1922 be ‘míaɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒea.’ Togbɔ be meganɔ suku dem le ƒe siwo kplɔe ɖo me hã la, metsɔ dzonɔameme kpe asi ɖe trakt tɔxɛwo mama ŋu, vevietɔ Ecclesiastics Indicted (Wobu Fɔ Nunɔlawo) si míema le ƒe 1924 me. Ne meɖo ŋku ƒe mawo dzi la, enye mɔnukpɔkpɔ gã nam be made ha kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla geɖe—siwo dometɔ aɖewoe nye Maud Clark * kple eƒe kpeɖeŋutɔ Mary Grant, * Edgar Clay, * Robert Hadlington, Katy Roberts, Edwin Skinner, * tsɔ kpe ɖe Percy Chapman kple Jack Nathan * ŋu, amesiwo ʋu yi Canada hena asikpekpe ɖe dɔa ŋu le afima.

Biblia me nuƒo si nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O” nye ɖaseɖiɖi si sɔ tututu ɖe ɣeyiɣia dzi na míaƒe anyigbamama gã la me tɔ geɖe. Le May 14, 1922 dzi la, Stanley Rogers, si nye Pryce Hughes ƒe ƒometɔ, tso Liverpool va ƒo nuƒo sia le Chirk, si nye kɔƒedu si le dziehekpa dzi na du si me míenɔ, eye wògava ƒo nuƒo sia emegbe le Sinimaxɔ si le Oswestry me. Amekpegbalẽvi si wota etɔxɛe ɖe wɔnaa ŋu gakpɔtɔ le asinye. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, dzikpɔla mɔzɔla etɔ̃—mɔzɔlawo si nye alesi míeyɔa wo ɣemaɣi, ƒe sasrãkpɔwo nye kpekpeɖeŋutsoƒe na míaƒe ƒuƒoƒo suea—amesiwo nye Herbert Senior, Albert Lloyd, kple John Blaney.

Nyametsotsowɔɣi Aɖe

Le ƒe 1929 me la, metso nya me be maxɔ nyɔnyrɔ. Ƒe 19 ko mexɔ ɣemaɣi, esime medo go tetekpɔ sesẽ. Medo go ɖekakpui aɖe si fofo nye dunyahela. Míaƒe nu lé dzi na mía nɔewo, esia na wòdo srɔ̃ɖenya ɖe gbɔnye. Woɖe agbalẽ si nye Government (Dziɖuɖu) ɖe go le ƒe si do ŋgɔ me, eye mena ɖekae. Eva ɖee fia emegbe be, mekpɔ dzidzɔ ɖe dziƒodziɖuɖu si nye nya vevi si ŋu agbalẽ sia ƒo nu le ŋu o. Meva nyae to nusi mesrɔ̃ me be wode se na blema Israel-viwo be srɔ̃ɖekadodo aɖeke meganɔ wo kple dzimaxɔsetɔwo dome o, eye be gɔmeɖose sia sɔ na Kristotɔwo hã. Eyata togbɔ be esesẽ nam hã la, megbe srɔ̃ɖenya siwo wòdo ɖe gbɔnye.—Mose V, 7:3; Korintotɔwo II, 6:14.

Apostolo Paulo ƒe nya siawo do ŋusẽm, esiwo nye: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.” (Galatiatɔwo 6:9) Tɔɖi Dan lɔlɔ̃a hã de dzi ƒo nam esi wòŋlɔ bena: “Le tetekpɔ gãwo kple suewo me la, wɔ Romatɔwo ta 8, kpukpui 28 ŋudɔ,” afisi gblɔ be: “Míenyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.” Menɔ bɔbɔe nam o, gake menyae be nyametsotso nyuitɔe mewɔ. Mege ɖe nyanyuikakadɔa wɔwɔ me le ƒe ma me.

Akɔkpekpe Kple Kuxia

Le ƒe 1931 me la, míetsɔ míaƒe ŋkɔ yeye si nye Yehowa Ðasefowo, eye míezã agbalẽvi si nye The Kingdom, the Hope of the World tsɔ ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe le ƒe ma me. Wona dunyahela, subɔsubɔhakplɔla kple asitsala ɖesiaɖe xɔ ɖeka. Nye anyigbamamaa keke tso Oswestry va ɖo Wrexham si anye kilometa 25 ɖo ta dziehe gome. Nu sesẽ ŋutɔe wònye be woakpe ye katã ɖo.

Wokpe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 24 le takpekpe si wowɔ le Birmingham le ƒe ma me. Mí ame 24 míetsɔ dzo ɖe ŋkɔ ŋɔŋlɔ na subɔsubɔdɔa ƒe akpa yeye aɖe wɔwɔ ŋu, togbɔ be míenya dɔ si nye ge wòala o hã. Kpɔ dzidzɔ si wònye na mí esi woma mí evevevee be míama agbalẽvi ma ke si nye The Kingdom, the Hope of the World, eye le ɣeyiɣi ma ke míekpla agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nya siwo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea ɖo ɖe megbe kple ŋgɔgbe siaa la ɖa.

Metsi dzi vevie esime menɔ dɔ wɔm le nuto aɖe si me gbedoxɔ le gbɔ, gake mede dzi ƒo na ɖokuinye be ame aɖeke menyam le du ma me o. Ke hã ame gbãtɔ si do gom enye nye sukudeɣi xɔlɔ̃, amesi kpɔm dũ eye wògblɔ be: “Nukae nye ma wɔm nèle be nèkpla nuwo nenema?” Nuteƒekpɔkpɔ sia na meɖu vɔvɔ̃ na amegbetɔ si nɔ menye la dzi!

Mɔ Legbe aɖe Zɔzɔ

Le ƒe 1933 me la, meɖe Zanoah si nye aho si tsi wum ƒe 25. Srɔ̃a gbãtɔ nye Biblia Nusrɔ̃vi dovevienu aɖe, ke hã Zanoah kpɔtɔ nɔ eƒe dɔdasia wɔm nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe ku megbe. Eteƒe medidi o míeʋu tso England yi Dziehe Wales si nye míaƒe anyigbamama yeyea eye wòdidi kilometa 150 tso England. Míebla agbalẽgowo, mɔzɔkplowo, kple nunɔamesi xɔasi bubuwo ɖe gasɔwo dzi wòwɔ abe ɖe nuawo gbɔna kaka ge ene, gake míeɖo dedie! Gasɔ siwo nɔ mía si nye kpekpeɖeŋunu gã aɖe na mí le anyigbamama ma me—míedea afisiafi kpli wo, keke Cader Idris tame kloe si nye Wales-to si ƒe kɔkɔme ade meta 900. Dzi dzɔa mí ŋutɔ be míekpɔ amesiwo nɔ didim be yewoase “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.”—Mateo 24:14.

Esi míeɖo afima teti la, amewo gblɔ na mí be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Tom Pryce nɔ gbeƒã ɖem na yewo abe míawo ke ene. Mlɔeba, míeva ke ɖe Tom ŋu le Long Mountain si nye teƒe si tsɔ ɖe Welshpool gbɔ—eye nukunya kae nye si wònye na mí! Mena Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Reconciliation lae esi medze gbeƒãɖeɖe gɔme teti ko. Esrɔ̃ agbalẽ sia le eɖokui si eye woŋlɔ lɛta na nɔvi siwo le London be woaɖo agbalẽ bubuwo ɖe ye, eye wòte dzixɔse yeyea ŋu nyawo gbɔgblɔ dzonɔamemetɔe na amewo tso ɣemaɣi. Míese vivi le gaƒoƒo geɖe ƒe hadede si me dzidzɔ nɔ la me, eye mí ame etɔ̃awo míesrɔ̃a nu ɖekae be míade dzi ƒo na mía nɔewo.

Afɔku aɖe si Zu Yayra

Le ƒe 1934 me la, wokpe nyanyuikakala siwo katã tsɔ ɖe North Wales gbɔ be woayi Wrexham aɖana agbalẽvi si nye Righteous Ruler (Dziɖula Dzɔdzɔetɔ). Afɔku aɖe dzɔ do ŋgɔ na ŋkeke si dzi míawɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia. Nane ƒe wowo le Gresford, si nye du si le Wrexham ƒe dziehekpa dzi eye wo kplii dome didi kilometa 3 la, ƒe tomekakuƒe eye wòwu tomekakula 266. Ena ɖevi siwo wu 200 zu tsyɔ̃eviwo, eye nyɔnu 160 zu ahosiwo.

Ele be míaŋlɔ amesiwo ƒe amewo ku ƒe ŋkɔwo, asrã wo kpɔ, ahana agbalẽvi wo. Amesiwo ƒe ŋkɔ wonam dometɔ ɖekae nye Aƒenɔ Chadwick si ƒe viŋutsu si xɔ ƒe 19 ku. Esi meyi la, viaŋutsuvi tsitsitɔ Jack hã va be yeafa akɔ nɛ. Ðekakpui sia kpɔm dze sii, gake meɖee gblɔ o. Emegbe exlẽ agbalẽvia eye wòdi esi nye The Final War si nye agbalẽvi bubu si menae le ƒe siwo do ŋgɔ me.

Jack kple srɔ̃a May va nya afisi mele eye wova xɔ agbalẽ bubuwo kpee. Le ƒe 1936 me la, wolɔ̃ be woawɔ kpekpewo le woƒe aƒeme le Wrexham. Le Albert Lloyd ƒe sasrãkpɔ ɣleti ade megbe la, míeɖo hame aɖe ɖe afima eye Jack Chadwick ye nye woƒe dzikpɔla zimenɔla. Hame etɔ̃e le Wrexham fifia.

Agbenɔnɔ le Gypsytɔwo ƒe Kekedzixɔ Me

Vaseɖe fifia la, míenɔa aƒe ɖesiaɖe si míekpɔ me aƒe ɖesiaɖe si míate ŋu akpɔ esi míenɔ tsatsam le teƒeteƒewo, gake Zanoah tso nya me be ɣeyiɣi de na mí be aƒe nanɔ mía ŋutɔ si, si míanɔ tetem tso teƒe yi teƒe. Srɔ̃nye nye Gypsytɔ atikpala bibi aɖe, eyata ewɔ Gypsytɔwo ƒe kekedzixɔ si míazã. Míena ŋkɔe be Elizabeth, si nye Biblia me ŋkɔ si gɔmee nye “Mawu si Si Nuwo Bɔ Ðo.”

Meɖoa ŋku teƒe siwo míenɔ dometɔ ɖeka dzi vevie—eya enye atikutsetsebɔ aɖe si le tɔsisi sue aɖe to. Ðeko wònɔ nam abe Paradiso me ene! Naneke megblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me le ƒe siwo me míenɔ kekedzixɔ ma zãm o, togbɔ be nuwo mesɔ le eme keŋkeŋ o hã. Le vuvɔŋɔli la, abadzivɔawo blana enuenu wòzua tsikpe heléna ɖe kekedzixɔa ƒe gli ŋu, eye tsikpe siawo nyea kuxi ɣesiaɣi. Ele be míadu tsi tso teƒe didi ɣeaɖewoɣi hã, gake míeɖu kuxi siawo katã dzi.

Nye lãme gblẽ le vuvɔŋɔli aɖe, azɔ hã nuɖuɖu vi aɖe koe nɔ mía si eye míaƒe ga vɔ. Zanoah bɔbɔ nɔ aba dzi helé nye asi eye wòxlẽ Psalmo 37:25 me nyawo nam be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” Ekpɔ ŋkunye me gblɔ be: “Ne naneke medzɔ kpuie o la, ke míegbɔna nu bia ge, eye nyemeka ɖe edzi be Mawu ana wòava eme o!” Edo ɖaɖi ɖase na míaƒe aƒelikawo.

Kaka Zanoah natrɔ le ɣeɖota be wòava di nane nam mano la, agbalẽkotoku nɔ elalam. Fofoa ɖo dɔlar 75 ɖee. Le ƒe aɖewo siwo va yi me la, woda alakpa ɖe Zanoah si be eɖu ga gake wova ke ɖe nyateƒea ŋu fifia. Eyata wotsɔ nunana sia le akɔ fam nɛ. Aleke wòva ɖe ɣeyiɣi dzi enye esi!

Nusɔsrɔ̃ Vevi Aɖe

Ɣeaɖewoɣi la, míesrɔ̃a nu tso nanewo ŋu le ƒe geɖewo megbe. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe enye esi: Hafi mawu suku nu le ƒe 1927 me la, meɖi ɖase na nye sukuxɔmehati kple nufialawo katã—negbe Lavinia Fairclough, si nye nufialawo dometɔ ɖeka ko. Esi ame aɖeke metsɔ ɖeke le nusi meɖo be mawɔ me o, eye esi mía kple Aƒenɔ Fairclough míenyina tututu o ta la, meɖoe be nyemagblɔe nɛ o. Bu nukunu—kple dzidzɔ si wònye nam—le ƒe 20 megbe esi danye gblɔ nam be nufiala sia va be yeagblɔe na exɔlɔ̃ kple sukuvi xoxowo katã be yezu Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ ko!

Esi míedo go la, meɖe nusita megbe nye dzixɔsewo kple nusiwo meɖo be mawɔ le etsɔme gbɔgblɔ me nɛ. Eɖo to nyuie see eye wògblɔ be: “Menɔ nyateƒea dim ɣesiaɣi. Enye nusi nɔ dzroyem xoxoxo!” Mesrɔ̃ nu vevi aɖe tso nuteƒekpɔkpɔ sia me—be magagbe ɖaseɖiɖi na amesiwo medoa goe dometɔ aɖeke o eye magabu nazã ɖe ame aɖeke ŋu azɔ o.

Aʋa Bubu Kple Emegbe

Esi ƒe 1930-awo yina ɖe nuwuwu la, enɔ dzedzem be aʋa gagbɔna dzɔdzɔ ge kpuie. Woɖe mɔ na tsɛnye Dennis si metsi wu ƒe ewo be megawɔ asrafodɔ o nenye be alɔ̃ awɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutilãmedɔ. Nyateƒea medzronɛ kura o, eyata mía kple srɔ̃nye míebia Rupert Bradbury kple nɔviaŋutsu David siwo nye mɔɖelawo be woalɔ̃ be yewoasrãe kpɔ hã. Woyi, eye wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii. Dennis xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1942 me, emegbe wòwɔ mɔɖeɖedɔa, eye woɖoe dzikpɔla mɔzɔlae le ƒe 1957 me.

Míedzi mía vinyɔnu Elizabeth le ƒe 1938 me, Zanoah keke míaƒe kekedzixɔa ɖe nu be wòate ŋu ade ƒomea nu. Esi míedzi mía vinyɔnu evelia Eunice le ƒe 1942 me la, eva hiã be míadi aƒe ŋutɔŋutɔ azɔ. Le susu sia ta, Zanoah dzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe ʋɛ aɖewo, eye míeʋu yi míaƒe aƒe yeye si tsɔ ɖe Wrexham gbɔ me. Emegbe míeʋu yi Middlewich si tsɔ ɖe Cheshire nutoa me gbɔ. Afimae srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ la ku le ƒe 1956 me.

Mía vinyɔnuvi eveawo va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo, eye woɖe srɔ̃ si me dzidzɔkpɔkpɔ le. Eunice kple srɔ̃a si nye hamemegã gakpɔtɔ nye mɔɖela veviwo le London. Elizabeth srɔ̃ hã nye hamemegã, eye enye dzidzɔ nam be woawo, kple wo viwo kpakple mamamamayɔvi ene le teƒe si tsɔ ɖe gbɔnye le Preston, Lancashire.

Meda akpe be megatea ŋu zɔna tso aƒenye me yia Fiaɖuƒe Akpata si le mɔ ƒe akpa kemɛ me. Medze hadede kple Gujaratigbe ƒuƒoƒo si hã kpena le afima le nyitsɔ laa ƒe ƒeawo me. Gbea sɔsrɔ̃ menɔa bɔbɔe nam o, elabena nyemegatea ŋu sea nu nyuie fifia o. Menɔa bɔbɔe nam ɣeaɖewoɣi be mase gbeɖiɖi aɖewo ahase wo gɔme abe alesi wònɔna le ɖeviwo gome ene o. Gake enye nu sesẽ aɖe si wɔwɔ doa dzidzɔ nam.

Megatea ŋu ɖea gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu hewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo hã le nye aƒeme. Ne xɔlɔ̃wo va srãm kpɔ la, enyea dzidzɔ nam ɣesiaɣi be magblɔ nye nuteƒekpɔkpɔ aɖewo na wo. Medaa akpe geɖe ɖe yayra xɔasi siwo dzi megaɖoa ŋkui la ta, esiwo su asinye le hadede kple Yehowa ƒe amewo le ƒe siwo ade 90 kloe me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Pryce Hughes ƒe agbemeŋutinya si nye, “Zɔzɔ le Akasanu Kple Habɔbɔ Wɔnuteƒe La” (In Step With the Faithful Organization) dze le April 1, 1963, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 14 Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo ƒe agbemeŋutinyawo dze le Gbetakpɔxɔ aɖewo siwo va yi me.

^ mm. 14 Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo ƒe agbemeŋutinyawo dze le Gbetakpɔxɔ aɖewo siwo va yi me.

^ mm. 14 Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo ƒe agbemeŋutinyawo dze le Gbetakpɔxɔ aɖewo siwo va yi me.

^ mm. 14 Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo ƒe agbemeŋutinyawo dze le Gbetakpɔxɔ aɖewo siwo va yi me.

^ mm. 14 Yehowa subɔla nuteƒewɔla siawo ƒe agbemeŋutinyawo dze le Gbetakpɔxɔ aɖewo siwo va yi me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Amekpegbalẽvi si le gbeƒã ɖem Biblia me nuƒo si nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O” si mese le May 14, 1922, dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Zanoah le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe teti le ƒe 1933 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míetɔ ɖe “Elizabeth” si nye kekedzixɔ si srɔ̃nye wɔ la xa