Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Numame Naɖe Vi na Wò

Na Numame Naɖe Vi na Wò

Na Numame Naɖe Vi na Wò

ŊUTSUA nɔ Athens golɔgoe aɖe ƒe 12 sɔŋ. Mɔ ma koe wòtona gbesiagbe tso dɔ me va aƒeme. Emegbe eva ʋu yi dua ƒe golɔgoe bubu. Gbeɖeka esi wòkpã le dɔ me la, edze aƒeme mɔ. Vaseɖe esime wòkpɔ be yele nuto xoxoa me ko hafi wònya be yebu mɔ. Numamee wɔe be wòɖo ta eƒe aƒe xoxoa gbɔ!

Mewɔ nuku o be woyɔa numame siawo tɔgbe ɣeaɖewoɣi be nutsiamesi, si nye nusi kpɔa ŋusẽ sẽŋu ɖe míaƒe agbe dzi. Le gɔmesese sia nu la, woate ŋu atsɔ numame asɔ kple dzo. Dzo ate ŋu ana míakpɔ nu le zã me, ate ŋu ana dzo naɖo lãme na mí eye wòana míaƒe nuɖuɖu naxɔ dzo. Ke hã dzo ate ŋu anye futɔ vɔ̃ɖi si agblẽ agbe kple nunɔamesiwo dome. Esia tututue dzɔna le numamewo hã gome. Viɖe geɖe nɔa wo ŋu ne míetu nyuitɔwo ɖo. Gake woate ŋu agblẽ nu hã.

Le ŋutsu si míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze gome la, ɣeyiɣi aɖe koe numame gblẽ nɛ le alesi ʋuwo sɔ gbɔ ɖe mɔ dzi ta. Le nusiwo le vevie wu gome la, numame ate ŋu ana míakpɔ dzidzedze alo ana míage ɖe afɔku me. Bu agbe me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo le Biblia me, siwo fia alesi numame ate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo wòaxe mɔ na míaƒe subɔsubɔ si míetsɔna naa Mawu kple kadodo nyui si anɔ mía kplii dome ŋu kpɔ.

Numame ƒe Kpɔɖeŋu Nyui Kple Gbegblẽa Aɖewo le Biblia Me

Noa, Hiob, kple Daniel nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu. Biblia kafu wo vevie ɖe “woƒe dzɔdzɔenyenye ta.” (Xezekiel 14:14) Eme kɔ ƒã be ŋutsu etɔ̃ siawo ƒe agbenɔnɔ ɖee fia be wotu numame nyuiwo ɖo.

Wogblɔ na Noa be woakpa aɖakaʋu si adidi wu bɔlƒoƒe eye wòakɔkɔ wu dziƒoxɔ tuɖedzi atɔ̃. Dɔ nyadri ma akpe lãme na blema tɔdziʋukpala ɖesiaɖe godoo. Noa kple eƒe ƒomea kpa aɖakaʋua dɔwɔnu siwo li egbea dometɔ aɖeke mazãmazãe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Noa yi edzi nɔ gbeƒã ɖem na eŋɔlimetɔwo. Míate ŋu aka ɖe edzi be enɔ eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ hã kpɔm. (Petro II, 2:5) Ele be dɔwɔwɔ ƒe nɔnɔme nyuiwo nanɔ Noa si hafi wòate ŋu akpɔ dzidzedze le nusiawo wɔwɔ me. Azɔ hã woŋlɔ Noa ŋu nyawo ɖe Biblia ƒe ŋutinya me be enye amesi “zɔ kple Mawu. . . . Alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.” (Mose I 6:9, 22; 7:5) Esi woyɔe be “ame maɖifɔ” le Biblia me ta la, anya yi edzi zɔ kple Mawu le Tsiɖɔɖɔa megbe kokoko kple esi aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu do mo ɖa le Babel kura gɔ̃ hã. Nyateƒee, Noa yi edzi zɔ kple Mawu vaseɖe eƒe kuɣi le ƒe 950 xɔxɔ me.Mose I, 9:29.

Nɔnɔme nyui siwo nɔ Hiob si wɔe be wònye ‘ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe.’ (Hiob 1:1, 8; 2:3) Enye nusi wòwɔna ɣesiaɣi alo numame nɛ be wòsaa vɔ ɖe viawo dometɔ ɖesiaɖe ta le woƒe aglotutu ɖesiaɖe vɔ megbe kple susu be ‘ɖewohĩ ye viwo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wɔnɛ ɣesiaɣii.’ (Hiob 1:5) Ðikeke mele eme o be nuwɔna siwo do ƒome kple Yehowa subɔsubɔ xɔ nɔƒe gbãtɔ le Hiob ƒe ƒomea me.

Daniel subɔ Yehowa ‘atraɖii’ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. (Daniel 6:17, 21) Gbɔgbɔmenu nyui kawoe ma Daniel? Ðekae enye alesi wòdoa gbe ɖa na Yehowa edziedzii. Togbɔ be fia de se ɖe nuwɔna sia nu hã la, ‘Daniel dze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene.’ (Daniel 6:11) Medzudzɔ numame si wònye nɛ be wòado gbe ɖa na Mawu togbɔ be esia wɔwɔ ana eƒe agbe naɖo afɔku me kura gɔ̃ hã o. Ðikeke mele eme o be numame sia do ŋusẽ Daniel wòwɔ nuteƒe na Mawu etɔxɛe le eƒe agbe me ŋkekeawo katã me. Anɔ eme godoo be nɔnɔme nyui bubu aɖe si nye nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede vevie le Mawu ƒe ŋugbedodo dodzidzɔnamewo ŋu nɔ Daniel si. (Yeremya 25:11, 12; Daniel 9:2) Kakaɖedzitɔe la, nɔnɔme nyui siawo kpe ɖe eŋu wòdo dzi le agbedua ƒuƒu me nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe nuwuwu.

Gake nu medze edzi na Dina ya o le nɔnɔme gbegblẽ aɖe si tsi esi ta. ‘Elɔ̃a dodo va kpɔa dua me nyɔnuvi siwo menye Yehowa subɔlawo o la ɖa.’ (Mose I 34:1) Numame sia si medze abe nu gbegblẽ o ene la kplɔe de afɔku me. Gbã ɖekakpui Sixem, “amesi fofoa ƒemetɔwo buna ŋutɔ” la gblẽe. Emegbe nɔviaŋutsu eveawo ƒe hlɔ̃biabia na wowu du blibo aɖe me ŋutsuwo katã. Nu dziŋɔ kae enye esi do etso eme!Mose I, 34:19, 25-29.

Aleke míawɔ aka ɖe edzi nenye be míaƒe numamewo aɖe vi na mí alo woagblẽ nu le mía ŋu?

Numamewo Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe

Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ bena: “Numamewo nye nuɖoɖi na ame.” Gake mele be wòanɔ nenema o. Biblia ɖee fia kɔte be, míate ŋu atiae be míaɖe asi le míaƒe numame gbegblẽwo ŋu ahatu nyuiawo ɖo.

Numame nyuiwo ƒe amesinɔnɔ wɔnɛ be Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ va nɔa bɔbɔe. Alex si nye Kristotɔ aɖe si tso Greece gblɔ be: “Numame si wònye nam be mawɔ ɖe ɖoɖowɔɖiwo dzi si wɔe be mete ŋu wɔa nu geɖe la na ɣeyiɣi nɔa asinye.” Theophilus si nye Kristotɔ hamemegã gblɔ be ɖoɖowɔwɔ si zu numame na ye na yete ŋu kpɔa dzidzedze le nu geɖe me. Egblɔ be: “Meka ɖe edzi bliboe be ɖoɖowɔwɔ ƒe nɔnɔme nyuiwo manɔmee la, nyemate ŋu akpɔ nye Kristotɔwo ƒe dɔdasiwo katã gbɔ nyuie o.”

Woxlɔ̃ nu mí Kristotɔwo be, “míayi edzi azɔ ɖe ɖoɖo ma ke nu.” (Filipitɔwo 3:16, NW) “Numame bia be woazɔ ɖe ɖoɖo aɖe si woɖo anyi koŋ dzi.” Numame nyui siawo dea mía dzi elabena enaa míegblẽa ɣeyiɣi le ŋugbledede tso afɔɖeɖe ɖesiaɖe ŋu oewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo le mía si siwo dzi míezɔna ɖo xoxo. Numame si xɔ aƒe ɖe ame me va zua nusi wòwɔna ɣesiaɣi. Abe alesi ʋukuku nyui nye numame si kpena ɖe ʋukula ŋu be wòwɔa nyametsotso kpata si kpɔa amewo ƒe agbe ta ne edze ŋgɔ afɔku ene la, nenema ke numame nyuiwo hã ate ŋu ana míawɔ nyametsotso siwo sɔ kaba le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me.

Englandtɔ agbalẽŋlɔla Jeremy Taylor gblɔ be: “Numamewo nye dɔwɔwɔ me tsonuwo.” Ne nɔnɔme nyuiwo le mía si la, nu nyui wɔwɔ nɔa bɔbɔe na mí. Le kpɔɖeŋu me, ne gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me nye numame na mí Kristotɔwo la, enɔa bɔbɔe na mí be míase vivi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Míexlẽ le apostolowo ŋu be ‘gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.’ (Dɔwɔwɔwo 5:42; 17:2) Gake ne ɣeyiɣi aɖewo ko dzie míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ana míatsi dzi, eye ɣeyiɣi geɖe ava yi hafi míate ŋu aɖe dzi ɖi le Kristotɔwo ƒe dɔ vevitɔ sia wɔwɔ me.

Nenema tututue wòle le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbe ƒe akpa bubuwo hã. Numame ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ‘Mawu ƒe Nya la xexlẽ zã kple keli’ me. (Yosua 1:8; Psalmo 1:2) Enye numame na Kristotɔ aɖe be wòaxlẽ Biblia aɖabaƒoƒo 20 vaseɖe 30 gbesiagbe hafi amlɔ anyi. Ne ɖeɖi te eŋu kura gɔ̃ hã la, ekpɔnɛ be ne yemexlẽ Biblia hafi mlɔ anyi o la, alɔ̃ menya dɔna na ye nyuie o. Ele be wòafɔ akpɔ gbɔgbɔmenuhiahiã ma gbɔ. Numame nyui sia kpe ɖe eŋu wòte ŋu wua Biblia bliboa xexlẽ nu ƒe sia ƒe ƒe geɖee nye sia.

Enye numame na míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu Kristo be wòade kpekpe siwo me wodzroa Biblia me le. “Le eƒe kɔa nu la, eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.” (Luka 4:16) Le Joe si nye hamemegã si si ƒome gã aɖe le eye wòwɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ gome la, numame nyuiwo kpe ɖe eŋu wòte ŋu tu kpekpewo dede edziedzi ƒe didi ɖo. Egblɔ be: “Numame sia lém ɖe te, eye wònaa gbɔgbɔ me ŋusẽdodo nyui si mehiã vevie be mate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽwo kple kuxiwo dzidzedzetɔe lam.”Hebritɔwo 10:24, 25.

Numame siawo le vevie le Kristotɔwo ƒe agbedua ƒuƒu me. Nyatakaka aɖe si tso dukɔ aɖe si me woti Yehowa ƒe amewo yome gblɔ be: “Mesesẽ na amesiwo si gbɔgbɔ me nɔnɔme nyuiwo le eye wokpɔa ŋudzedze deto ɖe nyateƒea ŋu be wòalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔ ƒe ɣeyiɣiwo me o, gake amesiwo daa kpekpewo ƒuna, eye womedea gbeadzi edziedzi o henaa ta le nya suesuewo me le esime wonɔ ‘ɣeyiɣi nyuiwo’ me la naa ta ne wodo go tetekpɔ ‘sesẽwo.’”Timoteo II, 4:2.

Ƒo Asa na Nɔnɔme Gbegblẽwo, Nàku Ðe Nyuiawo Ŋu

Wogblɔna be ‘nɔnɔme siwo nàdi be netsi ye si ko wòle be nàtu ɖo.’ Nyateƒee, numamewo ate ŋu azu aƒetɔ vɔ̃ɖi ɖe ame dzi. Ke hã la, woate ŋu aɖu wo dzi.

Television kpɔkpɔ va zu numame na Stella ɣeaɖeɣi va yi. Egblɔ be: “Susu ‘vɔ̃’ aɖeke medzena nam le numame gbegblẽ ɖesiaɖe si kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye me o.” Esia tututue dzɔ le alesi wòna television kpɔkpɔ fũ va zu numame nɛ me. Egblɔna be yeakpɔe “atsɔ aɖi ɖe eme” alo “vie” ko. Gake eƒe nɔnɔmea va do fievo, esi wònɔa television kpɔkpɔ dzi gaƒoƒo geɖe. Egblɔ be “ne mede ɖeke o hã la, numame gbegblẽ sia he nye gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖe megbe vie.” To kutrikuku me la, eva ɖe ɣeyiɣi si wòtsɔ kpɔa television dzi kpɔtɔ eye wòtiana wɔna siwo wòkpɔna la me. Stella gblɔ be: “Meɖoa ŋku nusita medi be madzudzɔ numame gbegblẽ sia dzi ɣesiaɣi, eye meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ŋunye be mawɔ ɖe nyametsotsoa dzi.”

Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Charalambos ƒo nu tso numame aɖe si he eƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖe megbe ŋunusia enye megbelelehehe. “Esi mede dzesii be nuwo hehe ɖe megbe gblẽa nu le ame ŋu la, medze asitɔtrɔ wɔwɔ le nye agbe ŋu. Ne mele taɖodzinuwo ɖom la, mewɔa ɖoɖo ŋutɔŋutɔ ɖe ɣeyiɣi kple mɔ si dzi mato aɖo wo gbɔ ŋu. Nye nyametsotso kple ɖoɖowo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me enumake nye egbɔkpɔnu, eye egakpɔtɔ nye nɔnɔme nyui si tsi asinye vaseɖe fifia.” Nyateƒee, nɔnɔme nyuiwoe wòle be woatsɔ aɖo gbegblẽawo teƒe.

Míaƒe zɔhɛwo hã ate ŋu ana míatu nɔnɔme nyuiwo kple gbegblẽawo siaa ɖo. Nɔnɔme nyuiwo ate ŋu aɖu vɔ̃awo dzi, abe alesi vɔ̃awo hã ate ŋu aɖu nyuiawo dzi ene. Alesi “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo” la, nenema ke zɔhɛ nyuiwo hã ate ŋu ana míasrɔ̃ nɔnɔme nyui ƒe kpɔɖeŋuwo ahatu wo ɖo. (Korintotɔwo I, 15:33) Vevietɔ numamewo ate ŋu ana míatu mía kple Mawu dome ƒomedodo ɖo alo wòagblẽ edome. Stella gblɔ be: “Ne nu nyui wɔwɔ ma mí la, enana alesi míeʋlina be míasubɔ Yehowa nɔa bɔbɔe na mí. Ne vɔ̃e ma mí la, woxea mɔ ɖe míaƒe agbagbadzedzewo nu.”

Na nɔnɔme nyuiwo nasu asiwò, eye nàna woafia mɔ wò. Woanye viɖenu sẽŋu si akpe ɖe ŋuwò le agbe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Numamewo ate ŋu anye viɖenu alo nugblẽnu abe dzo ene

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Enye Yesu ƒe kɔ be wòanɔ ƒuƒoƒewo le Sabat dzi hena Mawu ƒe Nya la xexlẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Gbɔgbɔ me numame nyuiwo ate ŋu ado ŋusẽ mia kple Mawu dome ƒomedodo