Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuka Dzie Nètu Wò Dzixɔse Ðo?

Nuka Dzie Nètu Wò Dzixɔse Ðo?

Nuka Dzie Nètu Wò Dzixɔse Ðo?

Woɖe alesi woxɔa nane dzi sena gɔme be enye “lɔlɔ̃ ɖe edzi be nua le eteƒe, enye nu vavã, alo nu ŋutɔŋutɔ.” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Se kpɔa egbɔ be amesiame “kpɔ mɔ alé eƒe nukpɔsusu, dzitsinya, kple subɔsubɔ me ɖe asi faa.” Gomenɔamesi sia ƒe ɖe enye be “amesiame ate ŋu atrɔ eƒe mawusubɔsubɔ alo dzixɔse faa,” ne elɔ̃.

GAKE nukatae ame aɖe adi be yeatrɔ yeƒe mawusubɔsubɔ alo dzixɔse? Ame geɖe gblɔna be, “dzixɔsewo le asinye xoxo, eye wonyo nam.” Ame geɖe senɛ le wo ɖokui me be dzixɔse siwo ŋu vodada le gɔ̃ hã ƒe amesinɔnɔ megbleã nu boo aɖeke le ame aɖeke ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, amesi xɔe se be anyigba le gbadzaa magblẽ nu le eɖokui ŋu alo ame bubu aɖeke ŋu o. Ame aɖewo gblɔna be: “Mina míalɔ̃ ɖe edzi be amesiame ƒe nukpɔsusu to vovo.” Ðe nunya anɔ nya ma me ɣesiaɣia? Ðe ɖɔkta aɖe azi kpi ne ehatidɔwɔla aɖe susuna be yeate ŋu atso afisi yeka asi ame kukuwo ŋu le le ame kukuwo daɖoƒe tẽ ava kpɔ dɔnɔwo gbɔ le kɔdzia?

Le mawusubɔsubɔ gome hã la, nusi mele eteƒe o dzixɔxɔse gblẽ nu geɖe le ŋutinya me. Bu ŋɔdzinuwɔwɔ siwo dzɔ esime subɔsubɔhakplɔlawo “ƒoe ɖe Kristotɔ zazɛ̃nyahelawo nu be wosẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu” le nusi wogblɔ be enye Atitsogaʋa Kɔkɔewo le Tinaɣeyiɣiwo me ŋu kpɔ. Alo bu egbeŋkekea me “Kristotɔ” asrafo siwo kpɔ gome le dukɔmeviʋa aɖe me nyitsɔ laa ŋu kpɔ, amesiwo ta Ðetugbi Nɔaƒea ɖe woƒe tuzɔwo ŋu “abe alesi ame kɔkɔewo ƒe ŋkɔwo nɔ titinaɣeyiɣiwo me ʋawɔlawo ƒe yi ƒe asiléƒewo ŋu ene.” Zazɛ̃nyahela siawo katã xɔe se be yewonɔ nu nyui wɔm. Ke hã edze ƒã le mawusubɔsubɔʋa siawo kple bubuwo siaa me be nane gblẽ yi ŋgɔ ŋutɔ.

Nuka gbɔe tɔtɔ kple aʋawɔwɔ gbogbo siawo tso? Biblia ɖo eŋu be Satana Abosam enye amesi ‘le xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9; Korintotɔwo II, 4:4; 11:3) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be subɔsubɔhamenɔla geɖe “le amesiwo le tsɔtsrɔ̃m la dome” elabena Satana able wo kple “nukunuwo katã kple madzɔmadzɔ ƒe amebeble katã.” Paulo gblɔ be ame mawo ‘malɔ̃ aɖo to nyateƒea si ana woaxɔ wo ɖe agbe hafi la o’ eyata woable wo “woaxɔ aʋatsokaka dzi ase.” (Tesalonikatɔwo II, 2:9-12) Aleke nàte ŋu akpɔ egbɔ be yemava xɔ aʋatsokaka dzi ase o? Ne míagblɔe woasɔ la, nuka dzie nètu wò dzixɔse ɖo?

Wonyi Wo Kplii be Woaxɔe Se?

Ðewohĩ wonyi wò kple wò ƒomea ƒe dzixɔse. Nusia ate ŋu anye nu nyui aɖe. Mawu di be dzilawo nafia nu wo viwo. (Mose V, 6:4-9; 11:18-21) Le kpɔɖeŋu me, eɖe vi na ɖekakpui Timoteo geɖe esime wòɖo to dada kple mamaa. (Timoteo II, 1:5; 3:14, 15) Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míade bubu mía dzilawo ƒe dzixɔsewo ŋu. (Lododowo 1:8; Efesotɔwo 6:1) Gake ɖe Wɔwòla ɖoe be nàxɔ nusianu dzi ase elabena dziwòlawo xɔ edzi se ta? Le nyateƒe me la, afɔku ate ŋu anɔ kuku ɖe dzidzime siwo va yi ƒe dzixɔsewo ŋu eŋu mabumabu nyuie me.—Psalmo 78:8; Amos 2:4.

Samaria-nyɔnu aɖe si do go Yesu Kristo nye amesi wonyi kple Samariatɔwo ƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo. (Yohanes 4:20) Yesu de bubu ablɔɖe si nɔ esi be wòaxɔ nusianu si wòlɔ̃ dzi ase ŋu, gake egblɔ nɛ tẽ be: “Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o.” Le nyateƒe me la, eƒe mawusubɔsubɔdzixɔse geɖe mesɔ o, eye wògblɔ nɛ be ele be wòawɔ tɔtrɔ le eƒe dzixɔsewo me ne edi be yeasubɔ Mawu wòadze eŋu—“le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” Le esi teƒe be wòaku ɖe dzixɔse si gbɔ melɔ̃a nu le o ŋu la, ele be eya kple amesiwo le abe eya ke ene la nava zu amesiwo “na ta xɔse,” si woɖe fia to Yesu Kristo dzi.—Yohanes 4:21-24, 39-41; Dɔwɔwɔwo 6:7.

Ðe Wofia Wo be Woaxɔe Asea?

Nufiala geɖe kple ameŋkuta siwo nye dɔ tɔxɛ aɖewo wɔlawo dze na bubu ŋutɔ. Gake kpɔɖeŋu geɖe le ŋutinya me ku ɖe nufiala xɔŋkɔwo ƒe nya siwo mele eteƒe kura o ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ŋutinyaŋlɔla Bertrand Russell gblɔ le agbalẽ eve siwo dzro dzɔdzɔmeŋutinunya me siwo Helatɔ xexemenunyala Aristotle ŋlɔ ŋu be “enye nu sesẽ be woalɔ̃ ɖe nyagbe ɖeka dzi le agbalẽ evea siaa me be esɔ kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya me nukpɔsusu.” Zi geɖe la, ameŋkuta siwo li egbea kura wɔa nyametsotso gbegblẽ dziŋɔwo. Britaintɔ Lord Kelvin gblɔ le ƒe 1895 me kple kakaɖedzi be “Mele bɔbɔe be woawɔ mɔ̃ si kpena wu ya be wòadzo le yame o.” Eyata nunyalawo meléa dzixɔse aɖe me ɖe asi le esi wònye nufiala gã aɖee gblɔe ta o.—Psalmo 146:3.

Ŋudzɔnɔnɔ sia ke hiã le mawusubɔsubɔ ŋuti nufiafia hã gome. Apostolo Paulo ƒe mawusubɔsubɔ nufialawo na hehee nyuie eye ‘wòʋã ŋu ɖe fofoawo ƒe kɔnuwo ŋuti ŋutɔ.’ Gake le nyateƒe me la, eƒe ŋuʋaʋã ɖe tɔgbuiawo ƒe dzixɔsewo ŋu dee afɔku me. Ena ‘wòti Mawu ƒe hame la yome, eye wògblẽe.’ (Galatiatɔwo 1:13, 14; Yohanes 16:2, 3) Esi vloe wu enye be ɣeyiɣi didi aɖee Paulo nɔ ‘afɔkpo dam nutɔnu,’ si fia be enɔ mɔ xem ɖe nɔnɔme siwo ana woaxɔ Yesu Kristo dzi ase nu. Eva hiã be Yesu ŋutɔ nade nu nyaa me le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu be wòaʋã Paulo wòawɔ asitɔtrɔ le eƒe dzixɔsewo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 9:1-6; 26:14.

Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwoe Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wo Dzia?

Ðewohĩ nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖe wò dzixɔsewo dzi ŋutɔ. Edzɔa dzi na ame geɖe be nuƒoƒo ƒe ablɔɖe le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me, si na be wote ŋu kpɔa nyatakaka si aɖe vi na wo. Gake ŋusẽtɔ triakɔ aɖewo li siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi eye wokpɔnɛ ɖe wo dzi hã. Zi geɖe nyatakaka siwo dzena le wo me mesɔna o eye woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nuŋububu dzi ahakplɔ wò atrae.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, be woato nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi ahe nyasela akpa gãtɔ ƒe susu alo ana woƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe wo dzi la, wolɔ̃a gbeƒãɖeɖe nya blefulãmename kple nukunyawo. Nyatakaka siwo womelɔ̃na be woaxlẽ alo amewo nase o le ƒe ʋɛ siwo va yi me la va bɔ egbea. Vivivi la, wotsia tre ɖe agbenyuinɔnɔse siwo woɖo anyi la ŋu eye wova buna keŋkeŋ. Amewo ƒe nukpɔsusu le agbenyuinɔnɔ ŋu me gbɔdzɔna vivivi. Wova bua “vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃.”—Yesaya 5:20; Korintotɔwo I, 6:9, 10.

Gɔmeɖoanyi Sesẽ Ðoɖo na Dzixɔse

Ame ƒe dzixɔse tutu ɖe amegbetɔwo ƒe susuwo alo xexemenunya dzi le abe xɔtutu ɖe ke dzi ene. (Mateo 7:26; Korintotɔwo I, 1:19, 20) Ke nuka dzie nàte ŋu atu wò dzixɔse ɖo kakaɖedzi nanɔ eŋu? Esi Mawu na tamebubuŋutete wò be nàku nu me le xexe si ƒo xlã wò ŋu ahabia nyawo ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋuti ta la, ɖe nunya mele eme be awɔ ɖoɖo ɖe mɔ si dzi nàto akpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo ŋu oa? (Yohanes I, 5:20) Ẽ, awɔe nenema tututu! Ke aleke nàwɔ anya be nane le eteƒe, nye nu vavã kple nu ŋutɔŋutɔ le nya siwo ku ɖe tadedeagu ŋu? Míevɔ̃ kura be míagblɔ be Mawu ƒe nya Biblia koe fia mɔ ɖeka si dzi wotona wɔa esia o.—Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16, 17.

Ame aɖe agblɔ be: “Gake tɔ sẽe gbɔ. Ðe menye amesiwo si Biblia la le kee he aʋawɔwɔ kple tɔtɔ akpa gãtɔ vɛ le xexeame oa?” Nyateƒe wònye be subɔsubɔhakplɔla siwo gblɔna be yewowɔa Biblia ƒe nyawo dzi lae he nukpɔsusu geɖe siwo tɔtɔa ame eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la vɛ. Le nyateƒe me la, nusita wòdzɔna alea ɖoe nye be wometu woƒe dzixɔsewo ɖe Biblia dzi o. Apostolo Petro gblɔ le wo ŋu be wonye “aʋatsonyagblɔɖilawo” kple “aʋatsonufialawo” siwo hea “gbegblẽ ƒe kɔmamãwo” vɛ. Petro gblɔ be woƒe nuwɔna me tsonua ana “woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti.” (Petro II, 2:1, 2) Gake Petro ŋlɔ be “nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mía si, eye miewɔe nyuie bena, miekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene.”—Petro II, 1:19; Psalmo 119:105.

Biblia dea dzi ƒo be míadzro míaƒe dzixɔsewo me atsɔ asɔ kple eƒe nufiafiawo. (Yohanes I, 4:1) Ame miliɔn geɖe siwo xlẽa magazine siawo ate ŋu aɖi ɖase be nusia wɔwɔ na tameɖoɖo kple kelili va le yewoƒe agbe ŋu. Eyata nɔ abe Beroiatɔ ɖokuibɔbɔlawo ene. ‘Dzro Ŋɔŋlɔawo me nyuie gbesiagbe’ hafi nàtso nya me le nusiwo dzi nàxɔ ase ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ esia. Nyateƒee, wò ŋutɔe awɔ nusi nèdi be yeaxɔ ase ŋuti nyametsotso. Ke hã nunya le eme be nàkpɔ egbɔ be màtu wò dzixɔsewo ɖe amegbetɔwo ƒe nunya kple nudzodzrowo dzi o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe Nyateƒenya si wòɖe fia la dzi.—Tesalonikatɔwo I, 2:13; 5:21.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Àte ŋu atsɔ kakaɖedzi atu wò dzixɔse ɖe Biblia dzi