Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Afikae Daniel nɔ esime wodo Hebri-vi etɔ̃awo kpɔ le legba gã si Nebukadnezar li ɖe Dura-bali me la ŋkume?

Biblia megblɔe o, eyata ame aɖeke mate ŋu agblɔ afisi Daniel nɔ le dodokpɔɣi ma me egbea o.

Ame aɖewo gblɔ be ɖoƒe kɔkɔ alo dziɖuɖunɔƒe si Nebukadnezar na Daniel kɔ wu esiwo nɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego si, esia ta womebia tso Daniel si be wòayi Dura-balia me o. Daniel 2:49 ɖee fia be ɣeaɖeɣi la, nɔƒe aɖe si kɔ wu esiwo nɔ eƒe zɔhɛ etɔ̃awo sie nɔ esi. Gake míate ŋu aɖo kpe edzi be esiae na be menɔ afima kple ame bubuawo o.

Le agbagbadzedze be woaɖe Daniel ƒe anyimanɔmanɔa me la, ame aɖewo gblɔ be anya yi dɔ tɔxɛ aɖe gbe alo be anya dze dɔ eye nusia wɔe be mete ŋu de o. Ke hã la, Biblia megblɔe o. Aleke ke wòɖale o, Daniel ƒe nuwɔnaa manya da agba ɖe edzi si ta woakpɔ kpɔtsotso le eŋu o, elabena ɖe wòda agba aɖe ɖe edzi la, ɖikeke mele eme o be Babilon dziɖuɖumegã ŋuʋãlawo ate ŋu azãe atso enu godoo. (Daniel 3:8) Do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia kple emegbe la, Daniel ɖee fia be yenye nuteƒewɔla si kuna ɖe Mawu ŋu goŋgoŋ eɖanye kuxi kae yeado goe o. (Daniel 1:8; 5:17; 6:4, 10, 11) Eyata togbɔ be Biblia megblɔ nusita Daniel menɔ Dura-bali me o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be ewɔ nuteƒe na Yehowa Mawu tamanamanatɔe.Xezekiel 14:14; Hebritɔwo 11:33.