Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeɖi Megate Ŋuwò Le Nu Nyui Wɔwɔ Me O

Ðeɖi Megate Ŋuwò Le Nu Nyui Wɔwɔ Me O

Ðeɖi Megate Ŋuwò Le Nu Nyui Wɔwɔ Me O

“Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—GALATIATƆWO 6:9.

1, 2. (a) Nukatae dzidodo hiã ale be míate ŋu asubɔ Mawu? (b) Aleke Abraham ɖe dzidodo fiae, eye nukae kpe ɖe eŋu be wòwɔ esia?

MAWU ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ doa dzidzɔ na mí Yehowa Ðasefowo. Míekpɔa ŋusẽdodo hã tsoa nusrɔ̃lanyenye ƒe kɔkutia tsɔtsɔ me. (Mateo 11:29) Ke hã, ɖekawɔwɔ kple Kristo le Yehowa subɔsubɔ me menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Apostolo Paulo na esia me kɔ ƒã esime wòxlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.” (Hebritɔwo 10:36) Dzidodo le vevie elabena gbetɔame geɖe le Mawu subɔsubɔ me.

2 Nusiwo me Abraham to le agbe me ɖo kpe nyateƒenya sia dzi. Edze ŋgɔ tiatia sesẽwo wɔwɔ kple nɔnɔme sesẽwo zi geɖe. Se si wode nɛ be wòadzo le dzidzemegbenɔnɔ gbɔ le Ur la nye eƒe gɔmedzedze ko. Eteƒe medidi o edze ŋgɔ dɔwuame, amesiwo ƒo xlãe ƒe fulélenuwɔnawo, srɔ̃a ƒe dodo le esime kloe, eƒe ƒometɔ aɖewo ƒe ŋlɔmiwɔwɔ, kple aʋawɔwɔ me ŋutasesẽ. Tetekpɔ gãwo kpɔtɔ nɔ ŋgɔ. Gake ɖeɖi mete Abraham ŋu le nu nyui wɔwɔ me gbeɖe o. Ne ède ŋugblẽ le eŋu kpɔe be Mawu ƒe Nya bliboa menɔ esi abe alesi wòle mía si egbeae ene o la, àkpɔe be esia ɖe dzesi ŋutɔ. Ke hã, ɖikeke mele o be enya nu tso nyagblɔɖi gbãtɔa ŋu, esi me Mawu gblɔ le be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome.” (Mose I, 3:15) Esi Abraham ye nye amesi dzi dzidzimevia ato ava ta la, ele be míanya be eya koŋue Satana atɔ ŋkui vevie. Ðikeke mele eme o be nyateƒenya sia gɔmesese kpe ɖe Abraham ŋu wònɔ te ɖe eƒe dodokpɔwo nu kple dzidzɔ.

3. (a) Nukatae wòle be Yehowa ƒe amewo nakpɔ mɔ na xaxawo egbea? (b) Dzideƒonya kae dze le Galatiatɔwo 6:9 na mí?

3 Ele be Yehowa ƒe amewo hã nakpɔ mɔ na xaxawo egbea. (Petro I, 1:6, 7) Ne èbu eŋu kpɔ la, Nyaɖeɖefia 12:17 na míenya be Satana le ‘aʋa wɔm’ kple amesiamina susɔeawo. Le ɖekawɔwɔ kplikplikpli si le amesiaminawo kple “alẽ bubuawo” dome ta la, Satana alé fu woawo hã. (Yohanes 10:16) Tsɔ kpe ɖe tsitretsitsi si vaa Kristotɔwo dzi le woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me ŋu la, ɖewohĩ woato xaxa sesẽwo hã me le woawo ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.” (Galatiatɔwo 6:9) Ẽ, togbɔ be Satana ɖoe kplikpaa be yeagblẽ míaƒe xɔse me hã la, ele be míatsi tre ɖe eyama ŋu sesiẽ le xɔse me. (Petro I, 5:8, 9) Nukae ate ŋu ado tso míaƒe nuteƒewɔwɔ me? Yakobo 1:2, 3 ɖe eme be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.”

Amedzidzedze Tẽ

4. Aleke Satana zã amedzidzedze tẽ be yeatsɔ agblẽ Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ mee?

4 Le nyateƒe me, nusiwo me Abraham to ɖee fia be Kristotɔ ate ŋu ato ‘tetekpɔ vovovowo’ me egbea. Le kpɔɖeŋu me, ele nɛ be wòatso ɖe amedzidzela siwo tso Sinear ƒe amedzidzedzea ŋu. (Mose I, 14:11-16) Mewɔ nuku o be Satana yi edzi le ame dzi dzem tẽ to yometiti hehe vɛ me. Tso esime Xexemeʋa II wu enu la, dukɔ geɖe dziɖulawo xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe nufiafiadɔa nu. 2001 Yearbook of Jehovah’s Witnesses ƒo nu tso alesi futɔwo sẽ ŋuta le Kristotɔ siwo le Angola la ŋu. Esi mía nɔvi siwo le dukɔ mawo me ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, wogbe tanana! Wometo ŋutasesẽ alo aglãdzenuwo wɔwɔ me ɖo yometiti siawo teƒe o, ke boŋ wotsɔ aɖaŋudzedze yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi tamanamanae.—Mateo 24:14.

5. Aleke woate ŋu ati sɔhɛ Kristotɔwo yome le sukue?

5 Gake yometiti menyea ŋutasesẽ ɣesiaɣi o. Mlɔeba woyra Abraham wòdzi ŋutsuvi eve—Ismael kple Isak. Mose I, 21:8-12 gblɔ na mí be ɣeaɖeɣi la, Ismael nɔ ‘gafluinu’ wɔm ɖe Isak ŋu. Paulo ɖee fia le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Galatiatɔwo me be esia de ŋgɔ wu ɖeviwo ƒe fefe ko, elabena eɖɔ Ismael be enɔ Isak yome tim! (Galatiatɔwo 4:29) Eyata míate ŋu ayɔ sukuhatiwo ƒe fewuɖuɖu kple tsitretsiɖeŋulawo ƒe alakpanyawo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu be yometiti wòasɔ. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Ryan ƒo nu tso fu si wòkpe le eƒe sukuxɔmehatiwo si me ŋu be: “Le alakpanyawo gbɔgblɔ ɖe ŋunye ta la, aɖabaƒoƒo 15 si míetsɔ nɔa bɔs me yia suku alo gbɔna vaa aƒeme nɔna nam abe gaƒoƒo geɖe ene. Wosia sigaret kpenuwo, dea ga gɔdɔ̃ewo eme woxɔa dzo hetsɔ nɔa menyemee.” Susu ka tae wòwɔa nuvevi siae ɖo? “Teokrasihehe si mexɔ na meto vovo tso sɔhɛ bubu siwo le sukua gbɔ.” Ke hã, Ryan dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be wòte ŋu do dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Sɔhɛwo, ɖe mia hatiwo ƒe alɔmeɖeɖe wɔe be dzi ɖe le mia ƒoa? Ðeɖi megate mia ŋu o! Ne míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, Yesu ƒe nya siawo ava eme na mí be: “Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.”—Mateo 5:11.

Gbesiagbe Dzimaɖitsitsiwo

6. Nukawoe ate ŋu ana hati Kristotɔwo dome ƒomedodowo nagblẽ egbea?

6 Tetekpɔ siwo míedzea ŋgɔe egbea la dometɔ akpa gãtɔ ku ɖe gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo ŋu. Ehiã be Abraham ŋutɔ nanɔ te ɖe masɔmasɔ si ɖo eƒe lãnyilawo kple eƒe tɔgãyɔvi, Lot, tɔwo dome nu. (Mose I, 13:5-7) Le mɔ ma tɔgbe nu egbea la, ame nɔewo dome masɔmasɔ kple ŋuʋaʋã suesuesuewo ate ŋu ana ƒomedodowo me nagblẽ si ate ŋu agblẽ nu le hamea ƒe ŋutifafa gɔ̃ hã ŋu. “Afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.” (Yakobo 3:16) Aleke wòle vevie enye si be ɖeɖi nagate mía ŋu o ke boŋ míana ŋutifafa naxɔ ɖe dada teƒe, abe alesi Abraham wɔe ene, ahadi nyui na ame bubuwo!— Korintotɔwo I, 13:5; Yakobo 3:17.

7. (a) Nukae wòle be ame nawɔ ne ehati Kristotɔ aɖe do dziku nɛ? (b) Aleke Abraham ɖo ƒomedodo nyui tutuɖo kple ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖie?

7 Be woanye ŋutifafame ate ŋu anye nu sesẽ ne míese le mía ɖokui me be haxɔsetɔ aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” Nyagbɔgblɔ eŋumabumabui ate ŋu ave ame vevie, ne womegblɔe ɖe vɔ̃ dzi o hã. Vevea nu gasẽna wu ne èse le ɖokuiwò me be wogblẽ ye ŋu alo be wogblɔ ye ŋu nya baɖawo. (Psalmo 6:7, 8) Gake Kristotɔ mate ŋu aɖe mɔ nyateɖeamedziwo nana ɖeɖi nate eŋu o! Ne èle nɔnɔme ma tɔgbe me la, wɔ afɔɖeɖea nàtsɔ aɖɔ nyawo ɖo to nuƒoƒo ameŋububutɔe na agɔdzela la me. (Mateo 5:23, 24; Efesotɔwo 4:26) Ðoe be yeatsɔe ake amea. (Kolosetɔwo 3:13) Ne míedzudzɔ nyaa léle ɖe dɔme la, míewɔnɛ wònɔa bɔbɔe be míaƒe dzi nafa eye míaɖɔ mía kple mía nɔvia dome ƒomedodo ɖo. Abraham melé woa kple Lot domenya aɖeke ɖe dɔme o. Nusi ɖee fiae nye be Abraham ɖe abla yi ɖaxɔ na Lot kple eƒe ƒomea!—Mose I, 14:12-16.

Tetekpɔ Siwo Ame Ŋutɔ Hena Vaa Eɖokui Dzi

8. (a) Aleke Kristotɔwo ate ŋu ‘atsɔ nuxaxa geɖe aŋɔ wo ɖokui floflofloe’? (b) Nukatae nukpɔsusu si da sɔ te ŋu nɔ Abraham si ɖe ŋutilãmenuwo ŋu?

8 Le nyateƒe me la, tetekpɔ aɖewo nye esiwo ame ŋutɔ he va eɖokui dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yesu de se na eyomedzelawo be: “Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia nu le la o.” (Mateo 6:19) Ke hã, nɔvi aɖewo ‘tsɔa nuxaxa geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo’ to ŋutilãmeviɖewo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔe na Fiaɖuƒea ƒe nuwo me. (Timoteo I, 6:9, 10) Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ ŋutilã me dzidzedzekpɔkpɔwo asa vɔe ne yeate ŋu adze Mawu ŋu. “Le xɔse me wònye amedzro le ŋugbedodonyigba dzi abe dzronyigba ene, eye eya kple Isak kpakple Yakob, amesiwo nye ŋugbedodo kema ke ƒe hadomenyilawo la, wonɔ agbadɔwo me; elabena ekpɔ mɔ na du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu.” (Hebritɔwo 11:9, 10) Xɔse si nɔ Abraham si ɖe “du,” alo Mawu ƒe dziɖuɖu si ava le etsɔme ŋu, kpe ɖe eŋu be meɖo ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu o. Ðe nunya manɔ eme ne míewɔ nu nenema oa?

9, 10. (a) Aleke gãnyenye didi ate ŋu anye dodokpɔe? (b) Aleke nɔvi aɖe ate ŋu awɔ eɖokui ‘ame suetɔ’ egbeae?

9 De ŋugble le akpa bubu ŋu kpɔ. Biblia gblɔ nya sia si le tẽ be: “Ne ame aɖe bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.” (Galatiatɔwo 6:3) Gakpe ɖe ŋu la, woxlɔ̃ nu mí be míagawɔ ‘naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ le ɖokuibɔbɔ me.’ (Filipitɔwo 2:3) Ame aɖewo hea tetekpɔwo vaa wo ɖokui dzi to aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔmawɔmawɔ me. Le esi didi vevie be ɖoƒe kɔkɔ nasu yewo sie kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ke menye le “dɔwɔwɔ nyui” ta o la, dzi ɖena le wo ƒo eye woxaa nu ne mɔnukpɔkpɔwo mesu wo si le hamea me o.—Timoteo I, 3:1.

10 Abraham ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi esi ‘medi nu gã wu nusi dzee be wòadi la o.’ (Romatɔwo 12:3) Esime Abraham do go Melxizedek la, mewɔ nu abe ɖe ŋudzedze si Mawu kpɔ ɖe eŋu la na wòde ŋgɔ wu o. Ke boŋ ena nuawo ƒe akpa ewoliae tsɔ de bubu nunɔlanɔƒe si le Melxizedek si la ŋu. (Hebritɔwo 7:4-7) Ele be Kristotɔ hã nalɔ̃ faa awɔ wo ɖokuiwo ‘suetɔwoe’ eye woagadi gãnyenye o. (Luka 9:48) Ne edze abe amesiwo le ŋgɔ xɔm le hamea me le mɔnukpɔkpɔ aɖewo tsɔtsɔ na wò hem ɖe megbe la, dzro ɖokuiwò me anukwareɖiɖitɔe akpɔ be asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ le wò amenyenye alo alesi nèwɔa nuwoe ŋu hã. Le esi teƒe be nado dziku le mɔnukpɔkpɔ siwo mele asiwò o ta la, wɔ mɔnukpɔkpɔ si le asiwò la ŋudɔ—si nye mɔnukpɔkpɔ si le asiwò be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava dze si Yehowa. Ẽ, “mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi.”—Petro I, 5:6.

Nusiwo Womekpɔ O Dzixɔxɔse

11, 12. (a) Nukatae nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye megatsɔa fu lãme na hamea me tɔ aɖewo o? (b) Aleke Abraham ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le eƒe agbenɔnɔ tutu ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzii me?

11 Dodokpɔ bubu ate ŋu anye nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu si dze abe ɖe wòle megbe tsim ene la. Petro II, 3:12 gblɔ be ele be Kristotɔwo nanɔ ‘lalam ahanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava dim vevie.’ Gake ame geɖe le mɔ kpɔm na “ŋkeke” sia ƒe geɖee nye sia, eye le ame aɖewo gome la ƒe bla nanewoe nye sia. Le esia ta, dzi aɖe le ame aɖewo ƒo eye nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye magatsɔ fu lãme na wo o.

12 Gade ŋugble le Abraham ƒe kpɔɖeŋua ŋu ake. Etu eƒe agbenɔnɔ bliboa ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse dzi, togbɔ be mɔ aɖeke meli wo katã nate ŋu ava eme le eƒe agbenɔɣi o hã. Nyateƒee, enɔ agbe kpɔ via Isak tsi zu ŋutsu ya. Gake ƒe alafawo ava yi hafi woate ŋu atsɔ Abraham ƒe dzidzimeviwo asɔ kple “dziƒoɣletiviwo” alo “ƒutake.” (Mose I, 22:17) Ke hã, dɔme meve Abraham alo dzi meɖe le eƒo o. Eyata apostolo Paulo gblɔ le Abraham kple blemafofo bubuwo ŋu be: “Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple mɔzɔlawo le anyigba la dzi.”—Hebritɔwo 11:13.

13. (a) Aleke Kristotɔwo sɔ kple “amedzrowo” egbeae? (b) Nukatae Yehowa ahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui?

13 Ne Abraham te ŋu tu eƒe agbenɔnɔ ɖe ŋugbedodo siwo ƒe me vava le ‘etsɔme ʋĩ’ dzi la, aleke mehele vevie wu be mí amesiwo nusiawo ƒe me vava gogo wu be míawɔe awu o enye si! Abe Abraham ene la, ele be míabu mía ɖokuiwo abe “amedzrowo” ene le Satana ƒe nuɖoanyia me, ahagbe be míaƒo mía ɖokui ɖe agbeɖuɖugbenɔnɔ me o. Le dzɔdzɔmenu la, míadi be “nuwo katã ƒe nuwuwu” sia nava, menye be wòagogo ɖeɖeko o. (Petro I, 4:7) Ðewohĩ lãmesẽkuxi sesẽwo le fu ɖem na mí. Alo ganyawo ƒe sesẽ awu tsɔtsɔ na mí. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ahe nuwuwua vɛ, menye be yeaɖe mí tso nɔnɔme sesẽwo ko me o, ke boŋ be yeakɔ ye ŋutɔ ƒe ŋkɔ ŋu. (Xezekiel 36:23; Mateo 6:9, 10) Nuwuwua ava, menye le ɣeyiɣi si sɔ na mí la dzi kokoko o, ke boŋ le ɣeyiɣi si asɔ ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu me.

14. Aleke Mawu ƒe dzigbɔɖeanyi ɖea vi na Kristotɔwo egbeae?

14 Ðo ŋku edzi hã be “menye ɖe [Yehowa] le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) De dzesii be Mawu ‘gbɔ dzi ɖi blewu na mi”—Kristo-hamea me tɔwo. Edze ƒã be mía dometɔ aɖewo hiã na ɣeyiɣi be míatsɔ awɔ tɔtrɔwo kple ɖɔɖɔɖowo ale “bena woakpɔ mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me [mlɔeba].” (Petro II, 3:14) Ekema ɖe mele be míada akpe be Mawu gbɔ dzi ɖi na mí alea oa?

Dzidzɔkpɔkpɔ Togbɔ Be Kplamatsedonuwo Li Hã

15. Aleke Yesu te ŋu wɔ lé eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me ɖe asi le tetekpɔwo me, eye aleke eyama sɔsrɔ̃ ɖea vi na Kristotɔwo egbeae?

15 Nusɔsrɔ̃ geɖe le agbe si Abraham nɔ me na Kristotɔwo egbea. Menye xɔse ɖeɖekoe wòɖe fia o, ke boŋ eɖe dzigbɔɖi, ayedzedze, dzinɔameƒo, kple ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ fia. Etsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be Yesu Kristoe ɖo kpɔɖeŋu si ƒo ɖesiaɖe ta na mí be míasrɔ̃. Eya hã dze ŋgɔ tetekpɔ kple dodokpɔ geɖewo, gake eto wo katã me eye mebu dzidzɔ si nɔ eyama me o. Nukatae? Elabena eda eƒe susu ɖe mɔkpɔkpɔ si nɔ ŋgɔ la dzi. (Hebritɔwo 12:2, 3) Eyata Paulo do gbe ɖa be: “Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu.” (Romatɔwo 15:5) Ne susu nyui le mía si la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ metsɔ le eme be Satana ada kplamatsedonuwo ɖe mɔ me na mí o.

16. Nukae míate ŋu awɔ ne edze abe ɖe míaƒe kuxiwo di be yewoawu tsɔtsɔ na mí ene?

16 Ne edze abe ɖe kuxiwo tsɔtsɔ va le wò wum ene la, ɖo ŋku edzi be Yehowa lɔ̃ wò abe alesi wòlɔ̃ Abraham ene. Edi be nàkpɔ dzidzedze. (Filipitɔwo 1:6) Ka ɖe Yehowa dzi bliboe eye dzi nanɔ ƒowò be ‘mana mɔ bena, woate wò akpɔ awu alesi nàte ŋui o; ke ana gododo le tetekpɔ me hã nakpe ɖe eŋuti, bene nàte ŋu atsɔe.’ (Korintotɔwo I, 10:13) Mawu ƒe Nya xexlẽ gbesiagbe nezu numame na wò. (Psalmo 1:2) Do gbe ɖa kutrikukutɔe, nànɔ Yehowa biam be wòakpe ɖe ye ŋu yeado dzi. (Filipitɔwo 4:6) Ana “gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la.” (Luka 11:13) Wɔ nusiwo Yehowa na be yeatsɔ alé wò ɖe te le gbɔgbɔ me la ŋudɔ, si ƒe ɖewoe nye míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Azɔ hã, di kpekpeɖeŋu tso nɔviwo ƒe habɔbɔ la gbɔ. (Petro I, 2:17) Lé fɔ ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ŋu, elabena axɔ dzideƒo si nèhiã ale be nàte ŋu ado dzi la le afima. (Hebritɔwo 10:24, 25) Kakaɖedzi si li be wò dzidodo ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò eye be wò nuteƒewɔwɔ doa dzidzɔ na eƒe dzi nedo dzidzɔ na wò!—Lododowo 27:11; Romatɔwo 5:3-5.

17. Nukatae Kristotɔwo menana dziɖeleameƒo ɖua wo dzi o?

17 Abraham nye Mawu “xɔlɔ̃” si wòlɔ̃. (Yakobo 2:23) Togbɔ be ele alea hã, tetekpɔ kple xaxa sesẽwo kplɔ wo nɔewo ɖo le Abraham ƒe agbe me. Eyata Kristotɔwo mate ŋu akpɔ mɔ be yewotɔ abɔbɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ vɔ̃ɖi siawo me o. Le nyateƒe me, Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu.’ (Timoteo II, 3:1, 13) Le esi teƒe be nàna dziɖeleameƒo naɖu dziwò la, nyae be nyaƒoɖeamenu siwo míedzea ŋgɔe nye kpeɖodzi be Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu ɖo. Gake Yesu ɖo ŋku edzi na mí be “amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Eyata ‘ɖeɖi megate ŋuwò le nu nyui wɔwɔ me o!’ Srɔ̃ Abraham, eye nànɔ amesiwo “toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la” dome.—Hebritɔwo 6:12.

Ède Dzesi Woa?

• Nukatae wòle be Yehowa ƒe amewo nakpɔ mɔ na tetekpɔwo kple xaxawo egbea?

• Mɔ kawo nue Satana ate ŋu adze mía dzi tẽ le?

• Aleke woate ŋu akpɔ ame nɔewo dome nyaʋiʋliwo gbɔe le Kristotɔwo dome?

• Aleke dada kple ɖokuidodoɖedzi ate ŋu azu tetekpɔe?

• Mɔ ka nue Abraham nye kpɔɖeŋu nyui le Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava lala mee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wotia Kristotɔ sɔhɛ geɖewo yome, wo hatiwo ɖea alɔme le wo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Le Abraham ŋɔli la, Mawu ƒe ŋugbedodowo ƒe me vava nɔ ‘adzɔge ʋĩ,’ ke hã etu eƒe agbenɔnɔ ɖe wo dzi