Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abraham—Enye Xɔse Ƒe Kpɔɖeŋuɖola

Abraham—Enye Xɔse Ƒe Kpɔɖeŋuɖola

Abraham—Enye Xɔse Ƒe Kpɔɖeŋuɖola

“[Abraham nye] fofo na amesiwo katã xɔna sena.”— ROMATƆWO 4:11.

1, 2. (a) Nukae wotsɔ ɖoa ŋku Abraham dzii le Kristotɔ vavãwo dome egbea? (b) Nukatae woyɔa Abraham be ‘xɔsetɔwo fofo’?

ENYE dukɔ sesẽ aɖe ƒe tɔgbui, nyagblɔɖila, asitsala, kple kplɔla. Ke hã le Kristotɔwo dome egbea la, nɔnɔme si ʋã Yehowa Mawu be wòbui exɔlɔ̃e ye wotsɔna ɖoa ŋku edzii wu—eƒe xɔse sesẽ la. (Yesaya 41:8; Yakobo 2:23) Eŋkɔe nye Abraham, eye Biblia yɔnɛ be ‘xɔsetɔwo katã fofo.’—Romatɔwo 4:11.

2 Ðe amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ na Abraham, abe Abel, Henox, kple Noa ene, meɖe xɔse fia oa? Woɖee fia, gake Abraham ye wobla nu kplii be eya mee woayra anyigba dzi dukɔwo katã le. (Mose I, 22:18) Eyata eva zu amesiwo katã ava xɔ Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la dzi ase fofo le kpɔɖeŋumɔ nu. (Galatiatɔwo 3:8, 9) Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu abu Abraham be enye mía fofo, elabena eƒe xɔse nye kpɔɖeŋu si wòle be míasrɔ̃. Míate ŋu abu eƒe agbenɔnɔ katã be enye xɔse ɖeɖefia, elabena dodokpɔ kple tetekpɔ geɖewoe nɔ eme. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi didi aɖe hafi Abraham nadze ŋgɔ nusi míate ŋu ayɔ be eƒe xɔse ƒe dodokpɔ sesẽtɔ—si nye se si wode nɛ be wòatsɔ via Isak asa vɔe—la, Abraham ɖe eƒe xɔse fia le tetekpɔ suesue geɖe me. (Mose I, 22:1, 2) Mina míadzro xɔse ƒe dodokpɔ gbãtɔ siawo dometɔ aɖewo me ahakpɔ nusiwo woate ŋu afia mí egbea ɖa.

Esi Wogblɔ Nɛ be Wòaʋu le Ur

3. Nukae Biblia gblɔ ku ɖe Abram ƒe agbe gɔmedzedze ŋu?

3 Biblia ƒo nu tso Abram (si wova yɔ emegbe be Abraham) ŋu na mí zi gbãtɔ le Mose I, 11:26, afisi gblɔ be: “Esi Tarax xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Naxor kple Haran.” Abram nye Mawu vɔ̃la Sem ƒe dzidzimevi. (Mose I, 11:10-24) Mose I, 11:31 gblɔ be Abram nɔ woƒe ƒomea gbɔ le ‘Kaldeatɔwo ƒe du si nye Ur,’ si me kesinɔnuwo bɔ ɖo eye wònɔ Frat-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome kpɔ me. * Eyata menye avɔgbadɔ mee wònɔ tsi o ke boŋ dugã si me agbeɖuɖu bɔ ɖo mee wòtsi le. Woate ŋu akpɔ dutanuwo aƒle le Ur ƒe fiase gãwo me. Wotso aƒe siwo me xɔ 14 le, eye pɔmpiwo le wo me, eye wosi akalo na la ɖe dua ƒe ablɔwo dzi.

4. (a) Kuxi kawoe Ur nye na Mawu vavã la subɔlawo? (b) Aleke Abram wɔ xɔ Yehowa dzi se?

4 Togbɔ be ŋutilãmenuwo bɔ ɖe Ur hã la, afima nɔnɔ nye afɔku gã aɖe na amesiame si di be yeasubɔ Mawu vavãtɔ la. Enye dugã si me trɔ̃subɔsubɔ kple aʋatsodzixɔse xɔ aƒe ɖo vevie ŋutɔ. Le nyateƒe me, gbedoxɔ kɔkɔ aɖe si wotu ɖe afima na dzinumawu Nanna subɔsubɔ la dzena tso adzɔge ʋĩ ke. Ðikeke mele eme o be woanya ƒo nya geɖe ɖe Abram nu vevie, eye ɖewohĩ ƒometɔ aɖewo hã aƒo nya ɖe enu, be wòakpɔ gome le mawusubɔsubɔ ɖigbɔ sia me. Yudatɔwo ƒe xotutu aɖewo gblɔ be Abram fofo Tarax ŋutɔ nye legbalila. (Yosua 24:2, 14, 15) Aleke ke nyaa ɖale o, Abram mekpɔ gome le alakpasubɔsubɔ ɖigbɔ me o. Ðikeke mele eme o be tɔgbuia Sem si zu amegãɖeɖi la gakpɔtɔ nɔ agbe, eye egblɔ nusi wònya tso Mawu vavãtɔ la ŋuti nɛ. Esia wɔe be Abram va xɔ Yehowa dzi se, menye [Nanna] o!—Galatiatɔwo 3:6.

Xɔse ƒe Dodokpɔ

5. Nya kae Mawu gblɔ na Abram esime wònɔ Ur, eye ŋugbe ka hãe wòdo nɛ?

5 Wodo Abram ƒe xɔse kpɔ. Mawu ɖe eɖokui fiae hegblɔ nɛ be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi! Mawɔ wò dukɔ gã eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra. Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi ƒomeawo katã le.”—Mose I, 12:1-3; Dɔwɔwɔwo 7:2, 3.

6. Nukatae wòbia xɔse blibo be Abram nadzo le Ur?

6 Abram tsi eye vi menɔ esi o. Aleke woate ŋu ana wòava zu “dukɔ gã” aɖee? Eye afika tututue nye anyigba si dzi wogblɔ nɛ be wòayi la? Mawu megblɔe nɛ o. Eyata ebia xɔse blibo hafi Abram nate ŋu adzo le Ur si me kesinɔnuwo kple agbeɖunuwo bɔ ɖo la. Agbalẽ si nye Family, Love and the Bible gblɔ le blemaɣeyiɣiwo ŋu be: “Tohehe gãtɔ kekeake si woate ŋu ana ƒometɔ aɖe si ɖi nuvlowɔwɔ gã aɖe ƒe fɔ enye be woanyãe le ƒomea me, be wòaganye ‘ƒomea me tɔ’ azɔ o. . . . Esia tae Abram ƒe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe sedede dzi ahadzo menye le wo dedukɔ me ko o ke boŋ le woƒe ƒomea gbɔ hã nye toɖoɖo Mawu kple kaka ɖe eyama dzi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o eye etɔgbe mebɔ o la ɖeɖefia ɖo.”

7. Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu adze ŋgɔ dodokpɔ siwo ɖi Abram tɔe?

7 Egbea, Kristotɔwo ate ŋu adze ŋgɔ dodokpɔ siawo ƒomevi. Abe Abram ene la, míase le mía ɖokui me be wole nya ƒom ɖe mía nu be míatsɔ ŋutilãmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ na teokrasinuwo. (Yohanes I, 2:16) Ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo, tsɔ kpe ɖe ƒometɔ siwo woɖe le hame siwo able mí ade hadede makɔmakɔwo me ŋu, atsi tre ɖe mía ŋu. (Mateo 10:34-36; Korintotɔwo I, 5:11-13; 15:33) Eyata Abram ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le go sia me. Etsɔ xɔlɔ̃dzedze Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ na nusianu—na ƒomekadodowo gɔ̃ hã. Menya alesi tututu Mawu ƒe ŋugbedodowo ava emee, ɣeyiɣi si woava eme, alo afisi woava eme le o. Ke hã elɔ̃ faa be yeaku yeƒe agbe ɖe ŋugbedodo mawo ŋu. Dzideƒoname nyui kae nye si esia nye be míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le mía ŋutɔ ƒe agbe me egbea!—Mateo 6:33.

8. Dɔ kae Abram ƒe xɔse wɔ ɖe eƒe ƒometɔ kplikplikpliwo dzi, eye nukae Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso eme?

8 Ke Abram ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo hã ɖe? Anɔ eme be xɔse kple kakaɖedzi si nɔ Abram si kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wo dzi, elabena eʋã srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia tsyɔ̃evi si ŋkɔe nye Lot siaa be wowɔ ɖe Mawu ƒe yɔyɔa dzi hedzo le Ur. Emegbe Abram nɔviŋutsu Naxor kple eƒe dzidzimevi aɖewo dzo le Ur heyi ɖanɔ Xaran, afisi wosubɔ Yehowa le. (Mose I, 24:1-4, 10, 31; 27:43; 29:4, 5) Abram fofo Tarax kura gɔ̃ hã lɔ̃ be yeakplɔ ye via ɖo adzo kplii! Esia ta Biblia gblɔ le eya si nye ƒomea ƒe ta ŋu be eyae na ƒomea ʋu yi Kanaan. (Mose I, 11:31) Ðe míawo hã míakpɔ dzidzedze ne míetsɔ ayedzedze ɖe gbeƒã na míaƒe ƒometɔwoa?

9. Dzadzraɖo kawoe hiã be Abram nawɔ ɖe eƒe mɔzɔzɔa ŋu, eye nukatae wòabia be woatsɔ nuwo asa vɔe?

9 Hafi Abram nadze eƒe mɔzɔzɔa gɔme la, nu geɖe nɔ anyi wòawɔ. Ele be wòadzra eƒe nunɔamesiwo kple agbawo ahaƒle avɔgbadɔwo, kposɔwo, nuɖuɖu kple dɔwɔnu siwo wòahiã. Kesinɔnu geɖe anya bu na Abram le dzadzraɖo kpata sia wɔwɔ me, ke hã Yehowa ƒe nya dzi wɔwɔ nye dzidzɔ nɛ. Ŋkeke vevi kae nye si wòanye esime Abram wu eƒe dzadzraɖoa nu hebla akpa na eƒe lãhawo ɖe mɔzɔzɔa ŋu eye wodo ɖe Ur ƒe gliawo godo! Woa kple amewo zɔ Frat-tɔsisia ŋu heɖo ta dzieheɣetoɖoƒe gome. Le kwasiɖa geɖe ƒe mɔzɔzɔ si ade kilometa 1,000 megbe la, woɖo Mesopotamia ƒe dziehe dugã aɖe si ŋkɔe nye Xaran, afisi mɔzɔlawo lɔ̃a dzedze vevie me.

10, 11. (a) Nukatae Abram anya nɔ Xaran sẽe? (b) Dzi kae woate ŋu ade ƒo na Kristotɔ siwo le dzila tsitsiwo dzi kpɔm?

10 Abram dze Xaran, ɖewohĩ ɖe fofoa Tarax ƒe amegãkuku ta. (Mose III, 19:32) Egbea hã dzila tsitsiwo alo esiwo le dɔ lém ƒe agba le Kristotɔ geɖewo dzi, eye wòhiã be wo dometɔ aɖewo nawɔ asitɔtrɔwo gɔ̃ hã be woate ŋu atsɔ agba sia. Ne eva hiã alea la, amesiawo ate ŋu aka ɖe edzi be vɔ siawo siwo sam yewole lɔlɔ̃tɔe la “nyo le Mawu ŋku me.”—Timoteo I, 5:4.

11 Ɣeyiɣiwo va yi. “Tarax ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa eve kple atɔ̃, eye Tarax ku le Xaran.” Tarax ƒe ku na Abram xa nu ŋutɔ, gake esi konyifaɣia wu enu la, edzo le afima enumake. “Abram xɔ ƒe blaadre vɔ atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran. Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be woayi Kanaan-nyigba la dzi.”—Mose I, 11:32; 12:4, 5.

12. Nukae Abram wɔ esime wònɔ Xaran?

12 Enyo be míade dzesii be esime Abram nɔ Xaran la, “kesinɔnuwo” su esi. Togbɔ be Abram tsɔ ŋutilãmenuwo sa vɔe ale be wòte ŋu dzo le Ur hã la, ezu kesinɔtɔ hafi dzo le Xaran. Edze ƒã be esia nye Mawu ƒe yayra. (Nyagblɔla 5:18) Togbɔ be Mawu medo kesinɔnu ŋugbe na eƒe amewo egbea o hã la, ele eƒe ŋugbe si wòdo be yeakpɔ amesiwo ‘gblẽ aƒewo, nɔviŋutsuwo, alo nɔvinyɔnuwo ɖi’ le Fiaɖuƒea ŋuti la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la dzi wɔm nuteƒetɔe. (Marko 10:29, 30) ‘Ame’ geɖe hã va nɔ Abram si siwo nye dɔlawo. Wogblɔ le Yerusalem ƒe Targum kple Kaldeatɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔ me be Abram ‘trɔ dzime na amewo.’ (Mose I, 18:19) Ðe wò xɔse ʋãa wò be nàƒo nu na wò aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, alo sukuhatiwoa? Le esi teƒe be Abram natsi Xaran ahaŋlɔ nya si Mawu gblɔ nɛ be la, ewɔ ɣeyiɣi si wotsɔ nɔ afima la ŋudɔ nyuie. Gake ɣeyiɣi de nɛ azɔ be wòadzo le afima. “Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene.”—Mose I, 12:4.

Le Frat Tɔsisia Godo

13. Ɣekaɣie Abram tso Frat-tɔsisia, eye nukae ɖe dzesi le wɔna sia ŋu?

13 Ele be Abram nagazɔ mɔ ake. Eya kple eƒe mɔzɔha la dzo le Xaran hezɔ kilometa 90 ƒe mɔ ɖo ta ɣetoɖoƒe. Anɔ eme be Abram tɔ vie ɖe Frat-tɔsisia ƒe go kemɛ dzi, le teƒe si tsɔ ɖe blemasidu si nye Karkemis gbɔ me. Afisia nye teƒe vevi aɖe si mɔzɔlawo tsoa tɔa le. * Ŋkeke ka dzie Abram kple eƒe mɔzɔhaa tso tɔa? Biblia fia be esia dzɔ ƒe 430 do ŋgɔ na Yudatɔwo ƒe dzodzo le Egipte le Nisan 14, 1513, D.M.Ŋ. dzi. Mose II, 12:41 gblɔ be: ‘Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.’ Ekema edze ƒã be Nisan 14, 1943, D.M.Ŋ. dzie Abraham ƒe nubabla la dze dɔ gɔme, esime Abram tsɔ toɖoɖo tso Frat-tɔsisiae.

14. (a) Nukae Abram te ŋu tsɔ xɔseŋku kpɔ? (b) Gɔmesese ka nue woyra Mawu ƒe amewo le egbea wu Abram?

14 Abram gblẽ du si me kesinɔnuwo nɔ la ɖi hedzo. Ke hã fifia ete ŋu kpɔ ‘du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔ li na,’ si nye dziɖuɖu dzɔdzɔe aɖe si aɖu ameƒomea dzi la le susu me ɖaa azɔ. (Hebritɔwo 11:10) Ẽ, nyatakaka ʋɛ siwo su Abram si na wòte tame si Mawu ɖo be yeaɖe amegbetɔƒome si le kukum la ƒe dzesiwo kpɔkpɔ. Egbea, woyra mí be Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔmesese si de ŋgɔ sã wu Abram tɔ la su mía si. (Lododowo 4:18) “Du,” alo Fiaɖuƒe dziɖuɖu, si Abram nɔ mɔ kpɔm na la xɔ anyinɔ fifia—woɖoe le dziƒowo tso ƒe 1914 me ke. Eyata ɖe mele be wòaʋã mí míaɖe Yehowa dzixɔxɔse kple kaka ɖe eyama dzi afia oa?

Amedzronyenye le Ŋugbedodonyigbaa Dzi Dze Egɔme

15, 16. (a) Nukatae wòbia dzideƒo be Abram nate ŋu aɖi vɔsamlekpui na Yehowa? (b) Aleke Kristotɔwo ate ŋu anɔ te sesĩe egbea abe Abram enee?

15 Mose I, 12:5, 6 gblɔ na mí be: “Eye wova Kanaan-nyigba la dzi. Eye Abram tsa le anyigba la dzi vaseɖe Sixem kple Moreti gã la gbɔ.” Sixem gbɔ didi kilometa 50 tso Yerusalem ƒe dziehe, eye wòle bali nyonu aɖe si woyɔ be “anyigba kɔkɔea dzi paradiso” me. Togbɔ be ele alea hã, “ɣemaɣi la Kanaantɔwo le anyigba la dzi.” Esi wònye be Kanaantɔwo nye agbegbegblẽnɔlawo ta la, ahiã be Abram nadze agbagba vevie be wòakpɔ eƒe ƒomea ta tso woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me.—Mose II, 34:11-16.

16 “Yehowa ɖe eɖokui fia Abram” zi evelia “gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana.” Nya dodzidzɔname kae nye si! Gake ebia xɔse hafi Abram nate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe nane si ava zu eƒe dzidzimeviwo tɔ le etsɔme la ŋu. Ke hã Abram “[ɖi] vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae” tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae. (Mose I, 12:7) Biblia-nyala aɖe gblɔ be: “Le nyateƒe me la, vɔsamlekpui ɖiɖi ɖe anyigbaa dzi nye anyigba la xɔxɔ wòazu etɔ ƒe dzesi le gome si su esi le xɔse si wòɖe fia ta.” Vɔsamlekpui sia ɖiɖi hã nye dzinɔameƒo nuwɔna aɖe. Ðikeke mele eme o be vɔsamlekpui sia nye esi ŋu nya wova gblɔ le Se ƒe nubablaa me emegbe la tɔgbe, si wotsɔ kpe siwo womefu o ɖii. (Mose II, 20:24, 25) Ewɔe be eƒe dzedzeme to vovo sã na Kanaantɔwo ƒe vɔsamlekpuiwo. Esia wɔe be Abram tsɔ dzideƒo ɖee fia le gaglãgbe be Yehowa, nyateƒe Mawu la, subɔlae yenye, togbɔ be esia wɔwɔ ana amewo malɔ̃ eƒe nya o eye wòadee afɔku bubuwo me hã. Ke míawo hã ɖe? Ðe mia dometɔ aɖewo—vevietɔ sɔhɛwo—hena ɖe megbe le nana be míaƒe aƒelikawo kple sukuhatiwo nanya be Yehowa subɔlawoe míenye mea? Neva eme be Abram ƒe tenɔnɔ sesĩe ƒe kpɔɖeŋua nade dzi ƒo na mí katã be Yehowa subɔlawo nyenye nanye dada na mí!

17. Aleke Abram ɖee fia be yenye amesi ɖea gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔa, eye nuka dzie esia ɖo ŋkui na Kristotɔwo egbea?

17 Yehowa subɔsubɔ xɔ nɔƒe gbãtɔ le afisiafi si Abram yi. “Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima.” (Mose I, 12:8) Hebrigbe me nyagbɔgblɔ ‘yɔ ŋkɔ’ fia hã be ‘woaɖe gbeƒã ŋkɔa.’ Ðikeke mele eme o be Abram ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ vɔvɔ̃manɔmee le eƒe aƒelika siwo nye Kanaantɔwo dome. (Mose I, 14:22-24) Esia na míeɖo ŋku míaƒe dɔdasi si nye be míakpɔ gome bliboe le ‘gbeƒãɖeɖe eƒe ŋkɔa le dutoƒo’ me alesi míate ŋui la dzi.—Hebritɔwo 13:15; Romatɔwo 10:10.

18. Aleke Abram kple Kanaantɔwo dome nɔ?

18 Abram menɔ teƒe siawo dometɔ aɖeke wòdidi boo o. “Eye Abram le ʋuʋum le [anyiehe] gome yim ʋɛʋɛʋɛ”—si nye Yuda-towo ƒe anyiehe nuto si me tsi medzana le tututu o. (Mose I, 12:9) To Abram ƒe ʋuʋu tso teƒe yi teƒe kple eɖokui ɖeɖefia be yenye Yehowa subɔla le teƒe yeye siawo dometɔ ɖesiaɖe me la, eya kple eƒe aƒemetɔwo “[ʋu eme] be, yewonye amedzrowo kple mɔzɔlawo le anyigba la dzi.” (Hebritɔwo 11:13) Le esiawo katã me la, woƒo asa na ɖekawɔwɔ kplikplikpli kple trɔ̃subɔla siwo dome wonɔ. Nenema ke mele be Kristotɔwo ‘nanye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ egbea. (Yohanes 17:16) Togbɔ be míenyoa dɔme na míaƒe aƒelikawo kple dɔwɔhatiwo eye míetsɔ ɖe le eme na wo hã la, míeɖɔa ŋu ɖo be míagaƒo mía ɖokui ɖe agbenɔnɔ siwo ɖea xexeme si tsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe futɔe ƒe gbɔgbɔ fiana la me o.—Efesotɔwo 2:2, 3.

19. (a) Nukatae ʋuʋu tso afii ayi afimɛ edziedzi aɖe fu na Abram kple Sarai? (b) Dodokpɔ kawoe ganɔ ŋgɔ na Abram?

19 Migana míaŋlɔ be o be menɔ bɔbɔe na Abram kple Sarai be woatrɔ ɖe fukpekpe siwo le ʋuʋu tso afii yi afimɛ me ŋu be wòama wo o. Le esi teƒe be woaƒle nuɖuɖu ɖe asi tso fiase gã aɖe me le Ur la, woƒe lãhawoe zu nuɖuɖu na wo; wonɔ avɔgbadɔ me le esi teƒe be woanɔ aƒe siwo wotu nyuie me. (Hebritɔwo 11:9) Vovo menɔ Abram ŋu kura o; eƒe lãhawo kple dɔlawo dzikpɔkpɔ ƒe agba gã aɖe nɔ edzi. Ðikeke mele eme o be Sarai nɔ dɔ siwo afima nyɔnuwo wɔna la wɔm: wɔtutu, abolo ƒoƒo, ɖetitetre, kple awutɔtɔ. (Mose I, 18:6, 7; Fiawo II, 23:7; Lododowo 31:19; Xezekiel 13:18, NW) Ke hã dodokpɔ bubuwo gale ŋgɔ gbɔna. Eteƒe madidi o nane si ade Abram kple eƒe aƒemetɔwo ƒe agbe afɔku me adze ŋgɔ wo! Ðe Abram ƒe xɔse ate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ sia nua?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Togbɔ be afisi Frat le fifia la gbɔ didi kilometa 16 tso afisi Ur nɔ tsã ƒe ɣedzeƒe gbɔ hã la, kpeɖodziwo ɖee fia be le blema la, tɔsisia to dua ƒe ɣetoɖoƒe gome. Eyatae wote ŋu gblɔ le Abram ŋu emegbe be ‘etso tɔsisia [Frat] Tɔsisia ƒe go kemɛ dzi.’—Yosua 24:3.

^ mm. 13 Le ƒe alafa aɖewo megbe la, Asiria-fia Ashurnasirpal II nɔ tɔdziʋu me tso Frat-tɔsisia le Karkemis gbɔ. Esia ƒe ɖe ŋudɔe Abram ɖawɔ loo alo ɖe eya kple eƒe mɔzɔha ɖazɔ tsia me o, Biblia megblɔe na mí o.

Ède Dzesi Woa?

• Nukatae woyɔ Abram be ‘xɔsetɔwo katã fofo’?

• Nukatae wòbia xɔsenɔamesi hafi Abram nate ŋu adzo le Ur si nye Kaldeatɔwo ƒe du me?

• Aleke Abram ɖee fiae be yetsɔ Yehowa ƒe tadedeagu ɖo nɔƒe gbãtɔ?

[Biabiawo]

[Anyigbatata si le axa 16]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ABRAM ƑE MƆZƆZƆ

Ur

Xaran

Karkemis

KANAAN

Ƒu Gã La

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Based on a map copyrighted by Pictorial Archive (Near Eastern History) Est. and Survey of Israel

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ebia xɔse hafi Abram nate ŋu adzo le dzidzemegbenɔnɔ si nɔ Ur la gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

To avɔgbadɔwo me nɔnɔ me la, Abram kple eƒe aƒemetɔwo ‘ʋu eme be, yewonye amedzrowo kple mɔzɔlawo le anyigba la dzi’