Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbalẽ si Xexlẽ Medoa Dzidzɔ na Sɔhɛ Akpa Gãtɔ O

Agbalẽ si Xexlẽ Medoa Dzidzɔ na Sɔhɛ Akpa Gãtɔ O

Agbalẽ si Xexlẽ Medoa Dzidzɔ na Sɔhɛ Akpa Gãtɔ O

SƆHƐ aɖe si ŋkɔe nye Beate gblɔ be: “Aleke mawɔ anya ne Mawu ƒe Nyae Biblia nye nyateƒe? Enye agbalẽ si xexlẽ medoa dzidzɔ nam o.”

Le Germany afisi Beate le la, sɔhɛ akpa gãtɔ sena le wo ɖokui me abe eyama ke ene; ale wɔ womedea asixɔxɔ boo aɖeke Biblia xexlẽ ŋu o. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le afima ɖee fia be sɔhɛ siwo xlẽa Biblia ɣesiaɣi kloe anye 1 le alafa me, esiwo xlẽnɛ edziedzi anye 2 le alafa me, esiwo xlẽnɛ ɣeaɖewoɣi anye 19 le alafa me, eye esiwo gogo 80 le alafa me mexlẽnɛ kura o. Akɔntabubua ate ŋu asɔ kple dukɔ bubuwo tɔ, ɖewohĩ le afisi nèle hã. Edze ƒã be Biblia nye agbalẽ aɖe si xexlẽ medoa dzidzɔ na sɔhɛ akpa gãtɔ o.

Eyata mewɔ nuku o be sɔhɛ geɖe ŋutɔ menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o! Le ƒe 2000 ƒe gɔmedzedze la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Lausitzer Rundschau ka nya ta tso numekuku aɖe si me ame xexlẽme si nya Se Ewoawo hezãnɛ wònye mɔfianu na wo le agbe me dze le la ŋu. Le amesiwo xɔ wu ƒe 60 dome la, ame 67 le alafa me nya seawo henɔa agbe ɖe wo nu; le amesiwo mekpɔ xɔ ƒe 30 haɖe o dome la, xexlẽmea nye ame 28 ko le alafa me. Ẽ, Mawu ƒe Nya la zu nusi ŋu sɔhɛ geɖe menya nu le o.

Ame Aɖewo ƒe Nukpɔsusu To Vovo

Gake le xexeame godoo la, sɔhɛ miliɔn gbogbo aɖewo li siwo kpɔe be asixɔxɔ gã ŋutɔ le Mawu ƒe Nya la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Alexander xɔ ƒe 19 eye exlẽa Biblia ŋdi sia ŋdi hafi yia dɔme. Egblɔ be: “Nyemeganya nu nyui bubu aɖeke si woatsɔ adze ŋkekea gɔmee wu esia o.” Sandra wɔe wòzu numame nɛ be wòxlẽa Biblia ƒe akpa aɖe fiẽ sia fiẽ. Eɖe nu me be: “Eva zu nye gbesiagbenuwɔna ƒe akpa aɖe.” Eye Julia, si xɔ ƒe 13 la wɔe wòzu numame nɛ xoxo be wòaxlẽ Biblia ƒe ta ɖeka ya teti hafi amlɔ anyi. “Le nyateƒe me la, exexlẽ vivia nunye ale gbegbe, eye medi be mayi edzi alea tegbetegbe.”

Nukpɔsusuawo dometɔ kae sɔ eye nunya le eme? Ðe viɖe le Biblia xexlẽ ŋu nyateƒea? Ðe asixɔxɔ le eŋu eye wònye nu vevi na sɔhɛwoa? Aleke nèsusu?