Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze le Wò Sɔhɛmenɔɣi

Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze le Wò Sɔhɛmenɔɣi

Alesi Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze le Wò Sɔhɛmenɔɣi

WOTSƆ nu etɔ̃ ɖo Europa-dukɔ aɖe me tɔwo ŋkume be woatia wo dometɔ ɖeka: nyonyo, kesinɔnuwo, alo sɔhɛmenɔnɔ. Sɔhɛmenɔnɔe wotia wu. Ẽ, amewo katã, ƒe ka kee woxɔ o, bua ƒewuimenɔɣiwo kple ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze be enye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe le agbe me. Eye amesiame dina be sɔhɛwo nato ɖevimenɔɣiwo me dzidzedzetɔe ava zu ame tsitsiwo. Gake aleke woawɔe?

Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋua? Ŋuɖoɖo matrɔmatrɔae nye ẽ. Mina míalé ŋku ɖe nu eve siwo me Mawu ƒe Nya ate ŋu ana kpekpeɖeŋu sɔhɛwo etɔxɛe le, ɖewohĩ wòakpe ɖe sɔhɛwo ŋu le mɔ geɖe nu wu ƒe bubu ɖesiaɖe xɔlawo.

Anyinɔnɔ Kple Amewo le Ŋutifafa Me

Jugend 2000 nye nyatakagbalẽ aɖe si ku ɖe numekuku deto aɖe si wowɔ tso sɔhɛ 5,000 ƒe nɔnɔme, nusi wobuna nu vevii, kple agbenɔnɔ ŋu le Germany. Numekukua ɖee fia be ne sɔhɛwo le modzakaɖenuwo wɔm—abe toɖoɖo haƒoƒo, kamedefefe wɔwɔ, alo tsaɖiɖi dzaa ko ene hã—la woa kple ame bubuwoe nɔa anyi ɣesiaɣi kloe. Sɔhɛwo dina be yewoanɔ anyi kple yewo hatiwo, ɖewohĩ tsɔ wu ƒe bubu ɖesiaɖe xɔlawo. Vavãe, enye nyateƒe be nusiwo naa wokpɔa dzidzedze le sɔhɛmenɔɣi me dometɔ ɖekae nye anyinɔnɔ kple amewo le ŋutifafa me.

Gake menye ɣesiaɣie wòle bɔbɔe be woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me o. Le nyateƒe me la, nusiwo dzi ɖekakpui kple ɖetugbiwo lɔ̃ ɖo be wonye kuxi na yewo zi geɖe la dometɔ ɖekae nye woa kple amewo dome ƒomedodo. Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu ŋutɔŋutɔ le go sia me. Mɔfiame veviwo le Mawu ƒe Nya la me na sɔhɛwo tso alesi woatu woa kple amewo dome ƒomedodowo ɖo wòada asɔ ŋu. Nya kae Biblia gblɔ?

Woyɔ amewo dome ƒomedodowo ŋuti gɔmeɖose vevitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka be Sikasedede la, si gblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” Nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu le bubudeameŋu, asixɔxɔdedeameŋu, kple le dɔmenyo me ʋãa wo be woawo hã nawɔ nu ɖe ŋuwò le mɔ ma ke nu. Nuwɔwɔ ɖe ame ŋu dɔmenyotɔe ate ŋu aɖe masɔmasɔ kple xaxawo dzi akpɔtɔ. Ne amewo va nya be ènye amesi wɔa nu ɖe ame ŋu ameŋububutɔe la, àte ŋu ava nye amesi ƒe nu anyo amewo ŋu eye woadi be yewoadze xɔ̃ wò. Ðe dzi medzɔa wò ne amewo lɔ̃ wò nya oa?—Mateo 7:12.

Biblia xlɔ̃ nu wò be “[nàlɔ̃] hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Ele be nàlɔ̃ ɖokuiwò le mɔ sia nu to nusi ana bubu si sɔ nanɔ ŋuwò, menye esi gbɔ eme o, eye menye esi le sue akpa hã o la wɔwɔ me. Nukatae esia le vevie? Ne wò nu menyoa wò ŋutɔ ŋuwò o la, àte ŋu ava nɔ ɖeklemi ɖem ame bubuwo si ana mia kple wo dome mayi nyuie o. Gake bubudedeameɖokuiŋu si sɔ nye gɔmeɖoanyi si dzi woatu xɔlɔ̃wɔwɔ si ali ke ɖo.—Mateo 22:39.

Ne mienya dze xɔlɔ̃wɔwɔ gɔme ko la, ele be mi ame evea siaa miado ŋusẽe. Ele be ɣeyiɣi siwo nàzã ɖe xɔ̃wòwo ŋu nana dzi nadzɔ wò elabena ‘dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.’ Nunanamɔnu ɖekae nye tsɔtsɔke, si bia be nàŋe aɖaba aƒu vodada suewo dzi eye màdi blibodede tso amewo gbɔ o. Biblia gblɔ na mí be: “Mina amewo katã nanyae be mienye nugɔmeselawo.” (NW) Le nyateƒe me “ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” Ke ne xɔ̃wò aɖe ɖe wò gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe fia wò ɖe? Aleke nèwɔa nui? Bu Biblia me ɖaŋuɖoɖo nyui sia ŋu kpɔ, si gblɔ be: “Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o,” esi wònye “xɔlɔ̃ ƒe abidede ame ŋu medze vɔ̃ o” ta. Ðe mele eme be xɔ̃wòwo kpɔa ŋusẽ ɖe wò nukpɔsusu, nuƒoƒo, kple agbenɔnɔ dzi oa? Eyatae Biblia xlɔ̃ nu be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo” ɖo. Gake amesi “[zɔna] kple nunyalawo la, àdze nunya.”—Dɔwɔwɔwo 20:35; Filipitɔwo 4:5; Romatɔwo 12:17, 18; Nyagblɔla 7:9; Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33.

Marco nɔ ɖekakpui kple ɖetugbi geɖe teƒe gblɔ be: “Biblia me gɔmeɖosewo kpena ɖe ame ŋu geɖe le anyinɔnɔ kple amewo le ŋutifafa me gome. Menya ame aɖewo, siwo tsia dzi ɖe wo ɖokui kple nusiwo me woakpɔ viɖe gãwo le ko ŋu. Biblia fia nu mí be míagadze mía ɖokui ŋu akpa o, ke boŋ míabu ame bubuwo hã ŋu. Nye ya mekpɔe be emae nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato ana amewo dome ƒomedodo nanyo.”

Menye sɔhɛmenɔɣi koe nusiwo sɔhɛwo abe Marco ene srɔ̃ tso Biblia me akpe ɖe wo ŋu le o, ke akpe ɖe wo ŋu le woƒe tsitsime hã. Eye míekpɔ mɔ bubu si nu Biblia ate ŋu ana kpekpeɖeŋu tɔxɛ sɔhɛwo le, si ku ɖe etsɔme ŋu.

Dzitsitsi Ðe Etsɔme Ŋu

Sɔhɛ geɖe tsia dzi be yewoase nudzɔdzɔwo gɔme. Sɔhɛwo dina be yewoanya nusiwo le dzɔdzɔm kple nusitae wole dzɔdzɔm ɖo gɔme, ɖewohĩ wu ƒe bubu ɖesiaɖe xɔlawo. Eye Biblia na xexemenudzɔdzɔwo ŋuti numeɖeɖe hena míenya nusi míakpɔ mɔ na le etsɔme wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe. Nusiae sɔhɛwo dina be yewoanya. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be nusiawoe wodi be yewoanya?

Togbɔ be ame geɖe bui be nusi sɔhɛwo akpɔ egbea ko ŋue wotsia dzi ɖo hã la, numekuku aɖewo ɖe nukpɔsusu siwo to vovo vie fia. Woɖee fia be sɔhɛwo léa ŋku ɖe nusiwo le edzi yim ƒo xlã wo la ŋu vevie, eye woƒoa nya ta na wo ɖokui tso alesi agbenɔnɔ ate ŋu ava nɔ le etsɔmee ŋu. Esia ƒe kpeɖodzie nye be ɖekakpui kple ɖetugbi 3 le 4 ɖesiaɖe me bua etsɔme ŋu “edziedzi” alo “ɣesiaɣi.” Togbɔ be zi geɖe mɔkpɔkpɔ nɔa sɔhɛwo si hã la, sɔhɛ akpa gãtɔ tsia dzi ɖe etsɔme ŋu le nanewo gome.

Nukatae wotsia dzi ɖo? Nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ, kple atikevɔ̃ɖizazã zu kuxi na egbe sɔhɛ geɖe xoxo. Sɔhɛwo tsia dzi ɖe alesi woakpɔ dɔwɔɖui nyui le xexe si me amesiame le ʋiʋlim vevie be yeakpɔ dɔ awɔ me ŋu. Esia zia wo dzi wodina be yewoaxɔ dzeside nyuiwo le suku alo be yewoanye dɔwɔla bibiwo le dɔme. Ƒe 17 vi aɖe fa konyi be: “Ne màyi o go nam mayi xexemee míele fifia. Amesiame le agbagba dzem be yeawɔ nusi dze ye ŋu. Ele be nàdze agbagba ɣesiaɣi aɖee afia be yenya nane wɔwɔ, eye ema kua dzi nam.” Sɔhɛ bubu si xɔ ƒe 22 gblɔ be: “Nudzedzinatɔwo koe nɔa agbe sea vivi nɛ. Tavɔ̃etɔ, siwo le susu vovovowo ta womate ŋu aʋli abe ame susɔeawo ene o la tsia baa me.” Nukatae agbe zu hoʋiʋli alea gbegbe? Aleae agbe anɔ ɣesiaɣia?

Numeɖeɖe si Sɔ

Ne sɔhɛwo tɔtɔ alo tsi dzimaɖi le nusiwo le edzi yim godoo ŋu la, Biblia ƒe nyawo dzie wole asi dam ɖo—wonya alo womenya o. Mawu ƒe Nya ɖee fia be “ne màyi o go nam mayi” xexeme si me míele egbea la nye ɣeyiɣiawo ƒe dzesi. Apostolo Paulo ŋlɔ lɛta na ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Timoteo tso míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ la ava.” Nukatae wosesẽ eye womenɔnɔ asẽ? Elabena abe alesi Paulo yi edzi le lɛtaa mee ene la, amewo “anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, . . . ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, . . . ame wɔadãwo.” Ðe esia meɖɔ alesi amewo nɔa agbee egbea pɛpɛpɛ oa?—Timoteo II, 3:1-3, NW.

Biblia gblɔ be ɣeyiɣi sesẽ siawo ava le “ŋkeke mamlɛawo” me, hafi tɔtrɔ gãwo nava le amegbetɔ ƒomea katã dome. Tɔtrɔ siawo alɔ amesiame ɖe eme, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Tɔtrɔ ka ƒomeviwoe? Dziƒodziɖuɖu aɖe ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe kpuie, eye eteviwo anɔ “ŋutifafa gbogbo” aɖe me le afisiafi. “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Dzimaɖitsitsi kple tɔtɔ le ame ɖokui me azu gbaɖegbenya.—Psalmo 37:11, 29.

Biblia koe gblɔ etsɔme ŋu nya si ŋu kakaɖedzi le. Ne sɔhɛ aɖe nya nusi wòakpɔ mɔ na le ƒe ʋɛ siwo gbɔna me la, ate nu adzra ɖo ɖe ŋgɔyiyidɔwo ŋu eye wòase le eɖokui me be yele dedie ahanya alesi wòazɔ le agbe mee wu. Seselelãme sia ɖea nuteɖeamedzi kple dzimaɖitsitsi dzi kpɔtɔna. Le go sia me la, wokpɔ sɔhɛwo ƒe nuhiahiã tɔxɛ—si nye didi be yewoase nusiwo le edzi yim godoo la gɔme eye be yewoanya nusi etsɔme ahe vɛ—la gbɔ le Biblia me.

Dzidzedzekpɔkpɔ le Sɔhɛmenɔɣi

Nukae woatsɔ adzidze sɔhɛmenɔɣi ƒe dzidzedzekpɔkpɔe? Sukukɔkɔdede, ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ, kpakple xɔlɔ̃ geɖe dzedze yea? Ame geɖe bui nenema. Ele be gɔmeɖoanyi nyui nasu ame si le eƒe ƒewuiwo kple ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze me hena agbenɔnɔ le eƒe tsitsime. Ne míagblɔe bubui la, dzidzedzekpɔkpɔ le sɔhɛmenɔɣi ate ŋu anye amesi amea ava nye le etsɔme ƒe dzesi.

Abe alesi míekpɔe ene la, Biblia ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ ŋu wòakpɔ dzidzedze le eƒe sɔhɛmenɔɣi. Sɔhɛ geɖe kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye xoxo le woa ŋutɔwo ƒe agbemenudzɔdzɔwo me. Woxlẽa Mawu ƒe Nya la gbesiagbe hetsɔa nusi wosrɔ̃ la wɔa dɔe. (Kpɔ “Aɖaŋuɖoɖo Nyui si Tso Sɔhɛ Yehowa Subɔla aɖe Gbɔ,” le axa 6.) Nyateƒee, Biblia nye agbalẽ si nyo na sɔhɛwo egbea elabena ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be “[woasu te] hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Nusiwo gbɔ dzidzedzekpɔkpɔ le sɔhɛmenɔɣi tsona dometɔ ɖekae nye anyinɔnɔ kple amewo le ŋutifafa me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Sɔhɛwo dina be yewoanya nusiwo le dzɔdzɔm kple nusitae, ɖewohĩ wu ƒe bubu ɖesiaɖe xɔlawo

[Aɖaka si le axa 6, 7]

Aɖaŋuɖoɖo Nyui si Tso Sɔhɛ Yehowa Subɔla aɖe Gbɔ

Ƒe 19 ye Alexander xɔ. Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome aɖe mee wonyii le, eƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ kple dzi blibo dzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Gake nyaa menɔa alea ɣesiaɣi o. Alexander ɖe nu me be:

“Awɔ nuku na wò be nàse be menye sɔhɛ nɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo ƒe adre kple edzivɔ sɔŋ gake nyemexɔ nyɔnyrɔ o. Dzi afã afã metsɔna wɔa nye subɔsubɔdɔae le ɣeyiɣi mawo me, gbesiagbe nuwɔna dzro aɖe koe wònyena. Ewɔ nam abe ɖe dzi menɔ ƒonye medzro ɖokuinye me anukwaretɔe o ene.”

Gake Alexander ƒe nɔnɔme va trɔ. Eyi edzi be:

“Dzinyelawo kple xɔlɔ̃wo le hamea me yi edzi nɔ dzi dem ƒo nam be maxlẽ Biblia gbesiagbe, be madze agbagba anya amesi ƒomevi Yehowa nye. Mlɔeba meɖoe be matee akpɔ. Ale metso nye television kpɔkpɔ dzi hexlẽa Biblia kpe ɖe dɔ siwo mewɔna ŋdi sia ŋdi ŋu. Mlɔeba meva te agbalẽ si ƒomevi Biblia nye gɔmesese. Meva kpɔ alesi wòate ŋu akpe ɖe ŋunyee. Eye—vevietɔ wu la—mekpɔe dze sii be Yehowa di be manya ye. Esi menya te ema dzi wɔwɔ ko la, mía kplii dome ƒomedodo va te sesẽ ɖe edzi, eye mía kple amewo dome xɔlɔ̃wɔwɔ le hamea me te nyonyo. Tɔtrɔ ka gbegbee nye si Biblia he va nye agbe mee! Mekafui be sɔhɛ Yehowa subɔla ɖesiaɖe naxlẽ Biblia gbesiagbe.”

Sɔhɛ miliɔn gbogbo aɖewo dea ha kple Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo. Ènye wo dometɔ ɖekaa? Àdi be Biblia xexlẽ gbesiagbe naɖe vi na yea? Nukatae màsrɔ̃ Alexander ƒe kpɔɖeŋua o? Tso nuwɔna siwo mehiã boo o dzi ne nàwɔ Biblia xexlẽ wò gbesiagbedɔwɔnawo ƒe akpa aɖee. Aɖe vi na wò godoo.