Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔ Nyui Wɔwɔ Ŋuti Ðaseɖigbalẽ

Dɔ Nyui Wɔwɔ Ŋuti Ðaseɖigbalẽ

Dɔ Nyui Wɔwɔ Ŋuti Ðaseɖigbalẽ

EMAE nye nusi Congotɔwo Kple Afrika Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe Ŋgɔyiha si le Democratic Republic of Congo nana “amewo kple habɔbɔ siwo ɖee fia to nusiwo wowɔ tsɔ kpe asi ɖe [Congo] ƒe ŋgɔyiyi ŋu me.”

Le November 17, 2000 dzi la, wotsɔ Dɔ Nyui Wɔwɔ Ŋuti Ðaseɖigbalẽa na Yehowa Ðasefowo le “akpa si wowɔ le Congotɔwo ƒe ŋgɔyiyi me [to] numeɖeɖe kple nufiafia siwo le woƒe agbalẽwo me la ta.”

Esi Kinshasa nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Phare nɔ nu ƒom tso nunanaa ŋu la, egblɔ be: “Asesẽ ŋutɔ be woakpɔ Congotɔ si mexlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo alo agbalẽ bubu siwo Yehowa Ðasefowo tana la kpɔ o. Magazine siawo [dzro] nya vovovo siwo ku ɖe agbe ƒe akpa sia akpa ŋu me.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ hã be agbalẽawo ɖe “alesi woawɔ akpe akɔ kple egbegbe kuxiwo me” eye wofia asi “gɔmesese vavãtɔ si le egbegbe nudzɔdzɔwo ŋu.” Nyɔ! ƒe tata aɖeke “medea nu dunyahehe me o eye womedea asixɔxɔ ameƒomevi aɖe ŋu wu bubu o.” Gakpe ɖe eŋu la, agbalẽawo tua “Wɔla la ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe xexe si me ŋutifafa kple dedienɔnɔ anɔ si ava xɔ ɖe nuɖoanyi xoxo gblẽku siawo teƒe ŋu dzixɔxɔse ɖo.”

Abe alesi Ŋgɔyiha la de dzesii ene la, Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo kpe ɖe Congotɔ gbogbo aɖewo ŋu. Esi agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ alafa nanewo me ta la, gbedasi si le wo me si naa mɔkpɔkpɔ ame ate ŋu aɖe vi na wò hã.

Taflatse xlẽ nyatakaka siwo le ete be nàkpɔ alesi woate ŋu aɖe vi na wòe.