Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Nenɔ Asiwò Abe Abraham Tɔ Ene!

Xɔse Nenɔ Asiwò Abe Abraham Tɔ Ene!

Xɔse Nenɔ Asiwò Abe Abraham Tɔ Ene!

“Amesiwo tso xɔse me la, woawo koe nye Abraham-viwo.”—GALATIATƆWO 3:7.

1. Aleke Abram te ŋu nɔ te ɖe tetekpɔ yeye aɖe nui le Kanaan?

LE TOÐOÐO Yehowa ƒe se ta la, Abram dzo le dzidzemegbenɔnɔ gbɔ le Ur. Nɔnɔme madeamedzi siwo me wòto le ƒe siwo kplɔe ɖo me la nye xɔse ƒe dodokpɔ siwo wòdze ŋgɔe le Egipte la ƒe gɔmedzedze ko. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Eye dɔ to le anyigba la dzi.” Aleke wòanya nɔ bɔbɔe na Abram be wòato nyatoƒoe le eƒe nɔnɔmea ta enye si! Ðe eteƒe la, ewɔ afɔɖeɖe nyuiwo tsɔ kpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔe. “Abram yi ɖe Egipte, be wòanye amedzro le afima; elabena dɔa nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi.” Asesẽ ŋutɔ be amewo mase Abram ƒe aƒemetɔ gbogboawo ŋkɔ le Egipte o. Ðe Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi ahakpɔ Abram ta be vɔ̃ aɖeke mawɔe oa?—Mose I, 12:10; Mose II, 16:2, 3.

2, 3. (a) Nukatae Abram ɣla amesi srɔ̃a nye? (b) Le nɔnɔmea gbɔ kpɔkpɔ me la, aleke Abram wɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui?

2 Míexlẽ le Mose I, 12:11-13 be: “Esi wògogo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai bena: [Meɖe kuku, NW], menya bena, nyɔnu dzetugbe nènye. Ne Egiptetɔwo akpɔ wò la, ekema woagblɔ bena, srɔ̃e nye sia, eye woawum; ke woana wòa natsi agbe. Gblɔ ko dzro bena, nɔvinyenyɔnu nènye, ne manɔ dedie le tawò, eye matsi agbe le tawò!” Togbɔ be Sarai xɔ ƒe 65 kple edzivɔ hã la, ekpɔtɔ dze tugbe ŋutɔ. Esia na Abram ƒe agbe ɖo afɔku me. * (Mose I, 12:4, 5; 17:17) Vevietɔ wu la, nya ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu, elabena egblɔ be Abram ƒe dzidzime mee woayra anyigba dzi ƒomewo katã le. (Mose I, 12:2, 3, 7) Esi wònye be vi menɔ Abram si o ta la, ele vevie be wòanɔ agbe.

3 Abram ƒo nu na srɔ̃a tso ɖoɖo aɖe si dzi wo ame evea wolɔ̃ ɖo la zazã ŋu, si nye be wòagblɔ be nɔvianyɔnue yenye. De dzesii be togbɔ be enye blemafofo hã la, mewɔ eƒe nɔƒea ŋudɔ ameŋumabumabutɔe o, ke boŋ ebia tso srɔ̃a si be woawɔ nu aduadu kpli ye ahakpe ɖe ye ŋu. (Mose I, 12:11-13; 20:13) Le esia me la, Abram ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃ŋutsuwo be woawɔ woƒe tanyenyea ŋudɔ lɔlɔ̃tɔe, eye Sarai nye kpɔɖeŋu na srɔ̃nyɔnu siwo li egbea to eƒe ɖokuibɔbɔ ɖeɖefia me.—Efesotɔwo 5:23-28; Kolosetɔwo 4:6.

4. Aleke wòle be Mawu subɔla wɔnuteƒewo nawɔ nu egbea ne wo nɔviwo ƒe agbe ɖo afɔku me?

4 Sarai ate ŋu agblɔ be Abram nɔvinyɔnue yenye elabena fofovie wonye nyateƒe. (Mose I, 20:12) Gakpe ɖe eŋu la, mele nɛ kokoko be wòaʋu go nya siwo ame aɖewo medze na sese la na wo o. (Mateo 7:6) Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea wɔna ɖe Biblia ƒe se be woaɖi anukware la dzi. (Hebritɔwo 13:18, NW) Le kpɔɖeŋu me, womaka atam le ʋɔnudrɔ̃ƒe ahato emegbe ada alakpa o. Gake ne wo nɔviwo ƒe agbe ɖo afɔku me le ŋutilã alo gbɔgbɔ me, abe alesi wònɔna le yometiti alo dukɔmevi ʋunyaʋunyawo mee ene la, wowɔna ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo be woadze ‘aɖaŋu abe dawo ene, eye woadza abe ahɔ̃nɛwo ene’ la dzi.—Mateo 10:16; kpɔ November 1, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 18, memama 19.

5. Nukatae Sarai lɔ̃ faa be yeawɔ ɖe Abram ƒe biabiaa dzi?

5 Aleke Sarai wɔ nui ɖe Abram ƒe biabia ŋui? Apostolo Petro ɖɔ nyɔnu siwo le abe eyama ene be ‘wole mɔ kpɔm na Mawu.’ Eyata Sarai te ŋu kpɔ gbɔgbɔmenya si wòlɔ ɖe eme la dze sii. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, elɔ̃ srɔ̃aŋutsua eye wodea bubu eŋu hã. Eyata Sarai tiae be ‘yea bɔbɔ ye ɖokui ɖe ye srɔ̃ te’ ahagbe goʋuʋu eƒe srɔ̃tɔnyenye. (Petro I, 3:5) Gake ema wɔwɔ ate ŋu akplɔe de afɔku geɖe me. “Esi Abram va Egipte la, Egiptetɔwo kpɔ nyɔnu la bena, edze tugbe ŋutɔ. Eye esi Farao ŋumewo kpɔe la, wokafui na Farao, eye wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe me.”—Mose I, 12:14, 15.

Yehowa Ðee

6, 7. Nɔnɔme donuxaxaname ka mee Abram kple Sarai kpɔ wo ɖokui le, eye aleke Yehowa ɖe Saraie?

6 Nuxaxa kae nye si esia anye na Abram kple Sarai! Edze abe asidede Sarai ŋu ƒe mɔ dzie ma wodze ene. Gawu la, Farao, amesi menya be srɔ̃tɔe Sarai nye o, tsɔ nunana gbogbo aɖewo yi na Abram, ale be “alẽwo, nyiwo, tedzitsuwo, kluviwo, kosiwo, tedzinɔwo kple kposɔwo” va nɔ esi. * (Mose I, 12:16) Aleke nunana siawo anyɔ ŋu na Abram enye sii! Togbɔ be edze be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Yehowa megble Abram ɖi o.

7 “Ke Yehowa ɖe fu geɖe na Farao kple eƒe aƒe katã le Sarai, Abram srɔ̃ ŋuti.” (Mose I, 12:17) Woɖe nusi gbɔ “fuwɔame” siawo tso la me na Farao le mɔ aɖe si me womeɖe o nu. Ewɔ nu ɖe enu enumake: “Eye Farao yɔ Abram vɛ gblɔ nɛ bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti mègblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã? Nukaŋuti nègblɔ bena, ye nɔvinyɔnue, eye mena wòzu srɔ̃nye [kloe] mahã? Ke azɔ kpɔ ɖa, meɖe asi le srɔ̃wo ŋuti na wò, kplɔe yii! Eye Farao dɔ amewo, bena woakplɔ eya kple srɔ̃a kple etɔwo katã aɖo ɖa.”—Mose I, 12:18-20; Psalmo 105:14, 15.

8. Takpɔkpɔ ka ƒe ŋugbee Yehowa do na Kristotɔwo egbea?

8 Egbea, Yehowa mena kakaɖedzi mí be yeaɖe mí godoo le ku, nuvlowɔwɔ, dɔwuame, alo dzɔdzɔmefɔkuwo ƒe nugbegblẽ me o. Wodo ŋugbe na mí be Yehowa akpɔ mía ta ɣesiaɣi tso nusiwo ate ŋu ade míaƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me la me. (Psalmo 91:1-4) Mɔ vevi siwo dzi wòtona wɔa esia enye nuxlɔ̃ame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la nana mí to eƒe Nya kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. (Mateo 24:45) Ke ku ƒe ŋɔdzi si yometiti dona na mí ya ɖe? Togbɔ be Mawu aɖe mɔ be ame ɖekaɖekawo naku hã la, maɖe mɔ be woatsrɔ̃ eƒe amewo katã keŋkeŋ gbeɖe o. (Psalmo 116:15) Eye ne nuteƒewɔla aɖewo ku hã la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be woafɔ wo ɖe tsitre.—Yohanes 5:28, 29.

Nuwo Tsɔtsɔ Sa Vɔe be Ŋutifafa Nanɔ Anyi

9. Nukae ɖee fia be Abram mexɔ anyinɔ ɖe Kanaan o?

9 Esi wòdze ƒã be dɔwuamea nu va yi le Kanaan la, “Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃ kple nusiwo katã le esi la, hekpe ɖe Lot ŋuti, gatrɔ va [anyiehe, Yuda toawo ƒe anyiehe nuto si nye dzogbe,] gome. Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.” (Mose I, 13:1, 2) Esia awɔe be afimatɔwo abu eyama ŋusẽtɔ, ameŋkuta, kple amegã kalẽtɔ aɖee. (Mose I, 23:6) Medzro Abram ɣeaɖekeɣi kpɔ be yeaɖaxɔ anyinɔ ahaƒo ye ɖokui ɖe Kanaantɔwo ƒe dunyahehe me o. Ðe eteƒe la, ‘ezɔ tso anyiehe gome vaseɖe Betel, vaseɖe teƒe, si wòtu eƒe agbadɔ ɖo tsã, le Betel kple Ai dome.’ Abe alesi Abram wɔnɛ ɣesiaɣi le afisiafi si wòyina ene la, etsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ.—Mose I, 13:3, 4.

10. Kuxi kae ɖo Abram kple Lot ƒe lãnyilawo dome, eye nukatae wòle vevie be woakpɔ egbɔ kaba?

10 “Ke Lot, amesi ʋu kple Abram hã, kpɔ alẽwo, nyiwo kple agbadɔwo. Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o. Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me.” (Mose I, 13:5-7) Tsi kple gbe mesɔ gbɔ ɖe anyigbaa dzi woakpɔ na Abram kple Lot siaa ƒe lãhawo o. Eyata nyahehe kple dɔmedzoe ɖo lãnyilaawo dome. Dzrewɔwɔ alea medze Mawu vavã la subɔlawo o. Ne masɔmasɔ sia ayi edzi la, mama ate ŋu aɖo wo dome tegbee. Eyata aleke Abram akpɔ nya sia gbɔe? Ðe wòxɔ Lot le Lot fofo ƒe ku megbe, henyii abe eya ŋutɔ via ene. Esi wònye Abram ye nye tsitsia le woa kple evea dome ta la, ɖe mekpɔ mɔ axɔ nu nyuiwo na eɖokui oa?

11, 12. Dɔmenyomɔnukpɔkpɔ kae Abram na Lot, eye nukatae nunya menɔ tiatia si Lot wɔ me o?

11 Gake “Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye. Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? [Taflatse] de megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia miame la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ miame.” Teƒe aɖe gogo Betel si woyɔna be “kpo kɔkɔtɔ siwo le Palestina la dometɔ ɖeka.” Ðewohĩ afimae ‘Lot tɔ ɖo tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.’—Mose I, 13:8-10.

12 Togbɔ be Biblia ɖɔ Lot be enye ame “dzɔdzɔe” hã la, le susu aɖewo ta la, mebɔbɔ eɖokui ɖe Abram te le nya sia me o, eye medze hã be ebia ame tsitsia ƒe aɖaŋuɖoɖo o. (Petro II, 2:7) “Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã. Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot nɔ nuto ma ƒe duwo me le eƒe agbadɔ hom le tutum, vaseɖe esime wòɖo Sodom.” (Mose I, 13:11, 12) Nuwo nɔ edzi dzem nyuie le Sodom eye edze afisi woanɔ akpɔ ŋutilãmeviɖe geɖe. (Xezekiel 16:49, 50) Togbɔ be Lot ƒe tiatiaa adze nusi me nunya le le ŋutilãme gome hã la, viɖe aɖeke menɔ eŋu le gbɔgbɔme gome o. Nukatae? Elabena Mose I, 13:13 gblɔ be “Sodomtɔwo nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti.” Ʋuʋu yi afima ƒe nyametsotso si Lot wɔ ava do nuxaxa geɖe na eƒe ƒomea mlɔeba.

13. Aleke Abram ƒe kpɔɖeŋua akpe ɖe Kristotɔ siwo ga ate ŋu ado ʋiʋli na la ŋue?

13 Togbɔ be Abram ɖe xɔse fia ɖe ŋugbe si Yehowa do be anyigbaa ava zu eƒe dzidzimea tɔ mlɔeba hã la; mewɔ dzre ɖe eƒe akpa sue aɖeke ta o. Ewɔ nu le dɔmekɔkɔ me wòsɔ kple gɔmeɖose si woŋlɔ emegbe ɖe Korintotɔwo I, 10:24 me be: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.” Esia nye ŋkuɖodzinya nyui aɖe na amesiwo ga te ŋu doa ʋiʋli na woa kple nɔvia haxɔsetɔ la. Le esi teƒe be ame aɖewo nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Mateo 18:15-17 dzi la, wohe wo nɔviwo yi ʋɔnui. (Korintotɔwo I, 6:1, 7) Abram ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be anyo be ame ƒe ga nabu na ame wu be woahe vlodoame ava Yehowa ƒe ŋkɔ dzi alo agblẽ Kristo-hamea ƒe ŋutifafa me.—Yakobo 3:18.

14. Yayra kawoe Abram akpɔ le eƒe dɔmenyonyoa ta?

14 Woava ɖo Abram ƒe dɔmenyonyoa teƒe nɛ. Mawu gblɔ be: “Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne ame aɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wò dzidzimeviwo hã.” Aleke ɖeɖefia sia anya de dzi ƒo na Abram si medzi vi o la enye si! Emegbe Mawu de se nɛ be: “Tsi tre natsa, eye nakpɔ anyigba la ƒe didime kple eƒe kekeme, elabena wòe matsɔe ana!” (Mose I, 13:16, 17) Ao, womeɖe mɔ na Abram be wòanɔ du aɖe si me agbeɖuɖu le me o. Ele be wòaɖe eɖokui ɖe aga tso Kanaantɔwo gbɔ. Ele na Kristotɔwo hã be woaɖe wo ɖokuiwo ɖa tso xexeame egbea. Womebua wo ɖokuiwo be yewonyo wu ame bubuwo o, gake womedea ha kplikplikpli kple ame aɖe si ate ŋu able wo ade agbenɔnɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me o.—Petro I, 4:3, 4.

15. (a) Gɔmesese kae anya nɔ Abram ƒe tsatsa la ŋu? (b) Kpɔɖeŋu kae Abram ɖo na Kristotɔwo ƒe ƒomewo egbea?

15 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, hafi anyigba nasu ame aɖe si la, ekpɔ mɔ aɖatsa ŋku le edzi. Tsatsa le anyigba sia dzi anya nɔ ŋku ɖom edzi na Abram edziedzi be ava zu eƒe dzidzimeviwo tɔ gbeɖeka. Toɖoɖotɔe la, “Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.” (Mose I, 13:18) Abram gaɖe nɔƒe gbãtɔ si wotsɔ subɔsubɔ ɖoe la fia ake. Ðe míetsɔ ƒome-nusɔsrɔ̃, ƒome-gbedodoɖa, kple kpekpewo dede ɖo nɔƒe gbãtɔe le míaƒe ƒomea mea?

Futɔwo ƒe Amedzidzedze La

16. (a) Nukatae nya vɔ̃wo nɔ Mose I, 14:1 ƒe ŋgɔdonyawo me? (b) Taɖodzinu kae nɔ ɣedzeƒe-fia eneawo ƒe amedzidzedzea ŋu?

16 “Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia * kple Tideal, Goyim-fia, wova wɔa aʋa.” Le Hebrigbe gbãtɔ me la, ŋgɔdonya si nye (“Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, . . . ”) fia be nya vɔ̃wo le ŋgɔ eye wònɔ asi fiam “tetekpɔ ƒe ɣeyiɣi aɖe si ƒe nuwuwu ahe yayra vɛ” la. (Mose I, 14:1, 2, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Tetekpɔa dze egɔme esime ɣedzeƒe-fia ene siawo kple woƒe asrafowo dze Kanaan dzi gbidii. Taɖodzinu kae nɔ wo si? Be yewoaɖo asi du dzeaglã atɔ̃ siwo nye Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim, kple Bela dzi. Le amesiawo dzi ɖuɖu gbidii megbe la, ‘wobla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.’ Lot kple eƒe ƒomea gbɔ medidi tso afima o.—Mose I, 14:3-7.

17. Nukatae aboyo si woɖe Lot la nye xɔse ƒe dodokpɔ na Abram?

17 Kanaan-fiawo tso ɖe amedzidzelawo ŋu vevie, gake woɖu wo dzi eteƒe mekɔ o. “Eye woha Sodom kple Gomoratɔwo ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã hedzoe. Eye wolé Lot, Abram ƒe tɔgayɔvi, amesi nɔ Sodom hã, eye woha eƒe kesinɔnuwo dzoe.” Eteƒe medidi o, nudzɔdzɔ wɔnublanui sia ŋu nya ɖo Abram gbɔ: “Tete ame aɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ati gãwo te la. Ame siawoe bla nu kple Abram. [Eye] Abram se bena, woɖe aboyo [ye] nɔvia.” (Mose I, 14:8-14) Xɔse ƒe dodokpɔ ka gbegbee nye si! Ðe Abram ado dɔmedzoe ɖe eƒe tɔgãyɔvia ŋu le esi wòtsɔ anyigbaa ƒe akpa nyuitɔ ta? Ðo ŋku edzi hã be wo denyigba, Sinear, dzie amedzidzela siawo tso. Aʋahoho ɖe wo ŋu afia be didi be yeatrɔ ayi wo denyigba dzi manya wɔ nɛ o. Gakpe ɖe eŋu la, nukae Abram ate ŋu awɔ le asrafoha si dzi Kanaantɔwo ƒe aʋakɔwo mete ŋu ɖu o la ŋu?

18, 19. (a) Aleke Abram wɔ te ŋu ɖe Lot? (b) Amekae wòle be woakafu le aʋadziɖuɖu sia ta?

18 Abram gaka ɖe Yehowa dzi bliboe ake. “Eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan. Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe. Eye wògaxɔ kesinɔnuwo katã kple nɔvia Lot hã le wo si hekpe ɖe eƒe kesinɔnuwo, nyɔnuawo kple ameha la ŋuti.” (Mose I, 14:14-16) Le xɔse sẽŋu si le Abram si ɖe Yehowa ŋu ɖeɖefia me la, enɔ ŋgɔ na eƒe aʋakɔ siwo le ʋɛ ŋutɔ la woɖu aʋa dzi, heɖe Lot kple eƒe ƒomea. Emegbe Abram do go Melxizedek, Salem-fia, si ganye nunɔla la. “Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋĩtɔ ƒe nunɔla. Eye wòyrae gblɔ bena: Mawu dziƒoʋĩtɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram! Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la! Tete Abram tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ.”—Mose I, 14:18-20.

19 Ẽ, Yehowa tɔe nye aʋadziɖuɖua. Le Abram ƒe xɔse ta, egakpɔ Yehowa ƒe xɔname teƒe ake. Mawu ƒe amewo mewɔa aʋa ŋutɔŋutɔ egbea o, gake wodzea ŋgɔ dodokpɔ kple gbetɔame geɖewo. Míaƒe nyati si kplɔe ɖo aɖe alesi Abram ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe wo nu dzidzedzetɔe me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Insight on the Scriptures (si Yehowa Ðasefowo ta) gblɔ be, “blemagbalẽ aɖe gblɔ Farao aɖe si de dɔ asi na asrafowo be woaɖaxɔ nyɔnu dzetugbe aɖe ahawu srɔ̃a ŋunya.” Eyata menye ɖe woɖe ami ɖe Abram ƒe vɔvɔ̃nya la o.

^ mm. 6 Hagar, amesi Abram xɔ ɖe emegbe la anya nɔ subɔvi siwo wotsɔ na Abram ɣemaɣi la dome.—Mose I, 16:1.

^ mm. 16 Ðeklemiɖelawo gblɔ ɣeaɖeɣi kpɔ be Elam meɖu fia le Sinear kpɔ o eye be Kedorlaomer ƒe amedzidzedze ŋuti nuŋlɔɖia nye nyakpakpa. Ne èdi be yeakpɔ tomenu siwo ɖo kpe Biblia ƒe nuŋlɔɖi sia dzi la, kpɔ July 1, 1989, ƒe eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 4-7.

Ède Dzesi Woa?

• Aleke dɔ si to le Kanaan-nyigba dzi nye Abram ƒe xɔse ƒe dodokpɔe?

• Aleke Abram kple Sarai siaa ɖo kpɔɖeŋu nyui na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo egbeae?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Abram kpɔ nyaʋiʋli si nɔ eya kple Lot ƒe dɔlawo dome gbɔe la me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Abram mete tɔ ɖe eƒe gomenɔamesiwo dzi o ke boŋ etsɔ Lot ƒe didi ɖo ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Abram ɖe ŋuɖoɖe Yehowa ŋu fia le tɔgãyɔvia Lot ɖeɖe me