Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O

Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O

Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O

“Adikã si le Mawu kple eƒe dɔ nyuiwo kpakple Satana kple etɔ gbegblẽawo dome dze le Nubabla Yeyea katã me. Esia menye nusi Biblia-ŋlɔla ɖeka alo eve susu dzro ko o, ke boŋ aleae eŋlɔlawo katã susui. . . . Nubabla Yeyea ƒe ɖaseɖiɖia me kɔ. Satana nye ame vɔ̃ɖi aɖe si li ŋutɔŋutɔ, si tsia tre ɖe Mawu kple Mawu ƒe amewo ŋu ɣesiaɣi.—The New Bible Dictionary.”

EKEMA nukatae ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonyeeye be yewoxɔ Biblia dzi semexɔa Abosam ƒe anyinɔnɔ ŋutɔŋutɔ dzi se o? Elabena le nyateƒe me la, womexɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya o. (Yeremya 8:9) Amesiawo gblɔna be Biblia-ŋlɔlawo na dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe xexemenunya kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi eye be womete ŋu ɖe nyateƒe si tso Mawu gbɔ ɖe go wòde pɛpɛpɛ o. Le kpɔɖeŋu me, Katolikotɔ mawunyaŋununyala Hans Küng ŋlɔ be: “Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋuti nukpɔsusu . . . dzɔ tso Babilontɔwo ƒe alakpagliwo me va ge ɖe Yuda-subɔsubɔ me eye wotso afima ge ɖe Nubabla Yeyea me.”—On Being a Christian.

Gake menye amegbetɔwo ƒe nya dzro aɖee Biblia nye o; enye Nya si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me ŋutɔŋtɔ. Eyata enye nusi me nunya le be míabu nusiwo wògblɔ tso Abosam ŋu vevie.Timoteo II, 3:14-17; Petro II, 1:20, 21.

Nukae Nye Yesu ƒe Nukpɔsusu?

Yesu Kristo xɔe se be Abosam li ŋutɔŋutɔ. Menye nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme dzro aɖe si nɔ Yesu me ye tee kpɔ o. Ame ŋutɔŋutɔ aɖe si wòva yɔ emegbe be “xexeamefia” ye dze edzi. (Yohanes 14:30; Mateo 4:1-11) Exɔ edzi se hã be gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu aɖewo wɔ ɖeka kple Satana le eƒe tameɖoɖo vɔ̃wo me. Eda dɔ na ‘amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃’ nɔ. (Mateo 12:22-28) Mawudzimaxɔselawo ƒe agbalẽ si nye A Rationalist Encyclopædia de dzesi nusia ƒe nyateƒenyenye esi wògblɔ be: “Alesi Yesu si ŋu nya dze le Nyanyuigbalẽwo me xɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃wo li la nyea nuɖiaɖia na mawunyaŋununyalawo ɣesiaɣi.” Menye Babilontɔwo ƒe aʋatsodzixɔsewo ŋu nya gbugbɔ gblɔm Yesu nɔ esi wònɔ nu ƒom tso Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu o. Enyae be woli vavã.

Míesrɔ̃a nu geɖe tso Abosam ŋu ne míede ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔlime ŋu esi wògblɔ be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ. Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.”Yohanes 8:44.

Le gɔmesese sia nu la, ŋkɔ Abosam si gɔme enye “amegɔmezɔla,” nye “aʋatsokala kple aʋatsokafofo.” Eyae nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ gbãtɔ si ka aʋatso ɖe Mawu si, eye ewɔ esia le Eden-bɔa me ke. Yehowa gblɔe be mía dzila gbãtɔwo ‘aku’ ne woɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia. Satana to da aɖe dzi gblɔ be nya mawo mele eteƒe o. (Mose I, 2:17; 3:4) Esɔ be woyɔe be “da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana.”Nyaɖeɖefia 12:9.

Abosam ble wo le sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ŋu. Eʋli nya be sedede si tsi tre ɖe atia ɖuɖu ŋu mesɔ o; enye ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu. Egblɔ be Adam kple Xawa “anɔ abe Mawu ene” le nusi nye nyui kple vɔ̃ tiatia na wo ɖokui me. Nusi Satana wɔnɛ enye be esi wonye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le ta la, ele be woanɔ wo ɖokui si keŋkeŋ. (Mose I, 3:1-5) Mɔ si dzi Mawu ɖua dzi le ƒe nyonyo dzidzedze alea fɔ nya vevi aɖewo ɖe te. Eyata Yehowa ɖe mɔ be ɣeyiɣi aɖe nava yi ne woatsɔ akpɔ nya siawo gbɔe. Esia fia be woɖe mɔ na Satana be wòanɔ anyi ɣeyiɣi vi aɖe. Fifia eƒe vovoɣi vi la le vɔvɔm kabakaba. (Nyaɖeɖefia 12:12) Ke hã egatsɔ alakpadada kple beble le ameƒomea hem ɖa tso Mawu ŋu, hele amesiwo le abe agbalẽfiala kple Farisitɔ siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli ene zãm tsɔ le eƒe alakpanufiafiawo kakamee.Mateo 23:13, 15.

Yesu gblɔ hã be Abosam nye “amewula tso gɔmedzedzea me” eye be “ mele tsitre ɖe nyateƒe la me o.” Esia mefia be Yehowa wɔ Abosam wònye “amewula o.” Womewɔe wònye lã ɖivɔvɔ̃ aɖe si le teƒe si wotɔa dzo alo wɔa funyafunya amesiwo tsi tre ɖe Mawu ŋu le dzi kpɔm o. “Hell” si ŋu nya Biblia gblɔ menye Satana nɔƒe o. Enye ameƒomea ƒe yɔdo ko.—Dɔwɔwɔwo 2:25-27; Nyaɖeɖefia 20:13, 14.

Abosam nɔ “nyateƒe la me” le gɔmedzedzea me. Enɔ Yehowa ƒe dziƒo ƒomea me kpɔ wònye Mawu ƒe gbɔgbɔmevi deblibo. Gake megava “tsi tre ɖe nyateƒe la me o.” Etia eya ŋutɔ ƒe mɔwo kple eya ŋutɔ ƒe alakpadadamɔnuwo. Womewɔe nenema tso “gɔmedzedzea me” esime wònye Mawu ƒe dɔla kɔkɔewo dometɔ ɖeka o, ke boŋ edze egɔme tso esime wòɖoe koŋ dze aglã ɖe Yehowa ŋu heble Adam kple Xawa. Abosam le abe amesiwo dze aglã ɖe Yehowa ŋu le Mose ŋɔli ene. Míexlẽ le amesiawo ŋu be: “Wowɔ nu tovo ɖe eŋu, ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o.” (Mose V, 32:5) Woate ŋu agblɔ nya sia tɔgbe le Satana ŋu. Le nyateƒe me, eva zu “amewula” esime wòdze aglã eye Adam kple Xawa, kpakple amegbetɔƒomea katã, ƒe ku ƒe fɔɖiɖi le eyama dzi.—Romatɔwo 5:12.

Mawudɔla Siwo Meɖo To O

Mawudɔla bubu aɖewo hã kpe ɖe Satan ŋu le eƒe aglãdzedzea me. (Luka 11:14, 15) Mawudɔla siawo “medzra woƒe amegãnyenye ɖo o” eye wotsɔ amegbetɔŋutilã do be woate ŋu ase gbɔdɔdɔ ƒe vivi kple “amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo” le Noa ŋɔli. (Yuda 6; Mose I, 6:1-4; Petro I, 3:19, 20) “Dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia,” alo gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe akpa aɖe tia mɔ gbegblẽ sia.—Nyaɖeɖefia 12:4.

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ si yɔ fũ kple kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔwo ɖɔ Abosam be enye “ʋɔ driba dzĩ gã aɖe.” (Nyaɖeɖefia 12:3) Nukatae? Menye be ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eƒe dzedzeme ŋu tae o. Le nyateƒe me la, míenya ŋutilã ka ƒomevie le gbɔgbɔmenuwɔwɔwo si o, gake le go sia me la Satana tɔ manya to vovo na mawudɔla bubuwo tɔ o. Ke hã “ʋɔ driba dzĩ gã” nye Satana ɖɔɖɔ si sɔ le dziku, ŋɔdzi, ŋusẽ, kple nudomegbegblẽ ƒe nɔnɔme siwo le esi ta.

Woxe mɔ na Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo vevie egbea. Womegate ŋu doa amegbetɔŋutilã abe alesi wowɔnɛ tsã ene o. Esi woɖo Mawu Fiaɖuƒe si le Kristo si me le ƒe 1914 me la, wonyã wo ɖo ɖe anyigba nutowo me.—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

Abosam Nye Futɔ Vɔ̃ɖi Aɖe

Togbɔ be ele nenema hã la, Abosam gakpɔtɔ nye futɔ vɔ̃ɖi aɖe. Ele “tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Menye nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme dzro aɖe si le míaƒe ŋutilã madeblibowo mee wònye o. Enye nyateƒe be míewɔa avu kple míaƒe tamesusu vɔ̃wo gbesiagbe ya. (Romatɔwo 7:18-20) Gake mía kple “xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me” ye le avu wɔm ŋutɔŋutɔ.—Efesotɔwo 6:12.

Aleke gbegbe Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia kakae? Apostolo Yohanes gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Enye nyateƒe be míadi be míana Abosam ƒe nyawo naxɔ susu me na mí fũ alo míaɖe mɔ vɔvɔ̃ na eyama madzemadzee nagblẽ nu le mía ŋu o. Ke hã míedzea nunya henɔa ŋudzɔ be wòagagbã míaƒe ŋkuwo le nyateƒea gome o eye wòagagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me o.—Hiob 2:3-5; Korintotɔwo II, 4:3, 4.

Menye ŋutasesẽmɔnuwoe Abosam zãna ɣesiaɣi tsɔ dzea amesiwo dina be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi o. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔa eɖokui abe “kekeli ƒe dɔla” ene. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo ku ɖe afɔku sia ŋu esi wòŋlɔ be: “Mele vɔvɔ̃m bena, ame aɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?”—Korintotɔwo II, 11:3, 14.

Eyata ele be ‘míanɔ mo xexi, anɔ ŋudzɔ, eye míanɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me.’ (Petro I, 5:8, 9; Korintotɔwo II, 2:11) Ƒo asa na nusiwo do ƒome kple vivimenuwɔna si ana nàge ɖe Satana ƒe mɔ̃ me. (Mose V, 18:10-12) Nye Mawu ƒe Nya srɔ̃la veviedola, eye nàɖo ŋku edzi be Yesu Kristo yɔ nya zi geɖe tso Mawu ƒe Nya la me esime Abosam nɔ etem kpɔ. (Mateo 4:4, 7, 10) Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa. Eƒe kutsetsewo akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ siwo Satana zãna vevie. (Galatiatɔwo 5:16-24) Azɔ hã do gbe ɖa na Yehowa vevie ne èkpɔe be Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo di be yewoaɖe fu na wò.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Mehiã be míanɔ vɔvɔ̃m na Abosam o. Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ mía ta ŋutɔŋutɔ tso nusianu si Satana adi be yeawɔ mí la me. (Psalmo 91:1-4; Lododowo 18:10; Yakobo 4:7, 8) Apostolo Paulo gblɔ be: “Misẽ ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me.” Ekema àte ŋu “anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.”— Efesotɔwo 6:10, 11.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu nyae be ame ŋutɔŋutɔe Abosam nye

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

“Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NASA photo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Tsi tre ɖe Abosam ŋu to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ɣesiaɣi me