Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Kristo Ƒe Ŋutifafa Ate Ŋu Aɖu Dzi Le Míaƒe Dzi Mee?

Aleke Kristo Ƒe Ŋutifafa Ate Ŋu Aɖu Dzi Le Míaƒe Dzi Mee?

Aleke Kristo Ƒe Ŋutifafa Ate Ŋu Aɖu Dzi Le Míaƒe Dzi Mee?

“Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dzi me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me.”—KOLOSETƆWO 3:15.

1, 2. Mɔ ka nue “Kristo ƒe ŋutifafa” ɖua dzi le Kristotɔ ƒe dzi me le?

DZIÐUÐU nye nya si medzɔa dzi na ame geɖe o elabena eɖoa ŋku dzizizi kple ameteteɖeanyi nuwɔnawo dzi na wo. Eyata Paulo ƒe dzideƒonya si wògblɔ na hati Kristotɔwo le Kolose be “Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dzi me” ana ame aɖewo nabui be mesɔ o. (Kolosetɔwo 3:15) Ðe tiatiawɔblɔɖe mele mía si oa? Nukata wòle be míaɖe mɔ nane alo ame aɖe nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi?

2 Paulo menɔ gbɔgblɔm na Kolosetɔwo be woaɖe asi le woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu o. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ɖu dzi’ le Kolosetɔwo 3:15 do ƒome kple nya si wozãna na fefedzikpɔla si maa nunana le kamedehoʋiʋli me ɣemaɣi. Le fefea ƒe ɖoɖowo me la, ablɔɖe nɔa hoʋlilawo si va ɖo afia ɖe, gake mlɔeba la, fefea dzikpɔlae tsoa nya me le amesi wɔ ɖe ɖoɖoa dzi si ta woagblɔ be eɖu dzi la ŋu. Nenema ke ablɔɖe le mía si be míawɔ nyametsotso geɖe le agbe me, gake esi míele ewɔm la ele be Kristo ƒe ŋutifafa nanye ‘nyametsola’—alo, le gbegɔmeɖela Edgar J. Goodspeed ƒe gɔmeɖeɖe nu la, “gɔmeɖose si ɖua dzi le míaƒe dzi me”—ɣesiaɣi.

3. Nukae nye “Kristo ƒe ŋutifafa”?

3 Nukae nye “Kristo ƒe ŋutifafa”? Eyae nye tomefafa kple dzidzeme si sua mía si ne míeva zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo eye míeva nyae be Yehowa Mawu kple Via lɔ̃ mí hekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. Esi wòsusɔ vie Yesu nagblẽ eƒe nusrɔ̃lawo ɖi la, egblɔ na wo be: “Nye ŋutifafa tsɔm mele na mi. . . . Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o.” (Yohanes 14:27) Ƒe 2,000 kloe enye sia si ŋutifafa ma le amesiamina wɔnuteƒe siwo nye Kristo ƒe ŋutilã la dome, eye woƒe zɔhɛ, ‘alẽ bubuawo’ kpɔa gome le eme kpli wo egbea. (Yohanes 10:16) Ele be ŋutifafa ma nanye nusi kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi. Ne míele tetekpɔ sesẽ aɖe me tom la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be vɔvɔ̃ mana míaƒe lãme nagbɔdzɔ alo ana míaxa nu akpa o. Mina míakpɔ alesi esia nye nyateƒee ɖa ne míekpe fu madzemadzee, ne dzimaɖitsitsi na agba wu tsɔtsɔ na mí, kple ne míese le mía ɖokui me be míeɖi naneke o.

Ne Míele Fu Kpem Madzemadzee

4. (a) Aleke Yesu kpɔ madzɔmadzɔnyenye teƒee? (b) Aleke Kristotɔwo wɔ nui esime wowɔ fu wo madzemadzee?

4 Fia Salomo gblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Yesu nya nyateƒe si le nya mawo me. Esime wònɔ dziƒo la, ekpɔ numadzɔmadzɔ gã si amegbetɔwo wɔna ɖe wo nɔewo ŋu. Esime wònɔ anyigba dzi la, eya ŋutɔ kpe fu madzemadzee ale gbegbe esime wobu fɔ eyama, si ŋu nuvɔ̃ aɖeke mele o be egblɔ busunya eye wowui abe hlɔ̃dola ene. (Mateo 26:63-66; Marko 15:27) Egbea hã numadzɔmadzɔwɔwɔ gakpɔtɔ le dzidzim ɖe edzi, eye Kristotɔ vavãwo kpea fu wu alesi dze, eye ‘dukɔwo katã lé fu wo.’ (Mateo 24:9) Gake togbɔ be woto nɔnɔme dziŋɔwo me le Nazitɔwo ƒe ku gaxɔwo kple Soviettɔwo ƒe Dɔsesẽwɔsaɖawo me, eye wokpe nuvlowɔhawo ƒe ŋutasesẽ, aʋatsonutsotsowo, kple alakpanyawo gbɔgblɔ le wo ŋu ƒe fu hã la, Kristo ƒe ŋutifafa lé wo ɖe te. Wosrɔ̃ Yesu, amesi ŋu míexlẽ le be: “Esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.”—Petro I, 2:23.

5. Ne míese numadzɔmadzɔwɔwɔ aɖe le hamea me la, nuka ŋue wole be míabu gbã?

5 Le nudzɔdzɔ si le sue wu me la, míase le mía ɖokui me be wowɔ nu ɖe ame aɖe ŋu madzemadzee le Kristo hamea me. Le go sia tɔgbe me la, míase le mía ɖokui me abe Paulo ene, amesi gblɔ be: “Ameka nu woɖia, eye nye mefiã oa?” (Korintotɔwo II, 11:29) Nukae míate ŋu awɔ? Ele be míabia mía ɖokui se gbã be, ‘Numadzɔmadzɔwɔwɔ ŋutɔŋutɔ wònyea? Zi geɖe la míenya nya siwo katã ku ɖe eŋu o. Ðewohĩ míatsi tre ɖe nyaa ŋu vevie esi míesee tso ame aɖe si gblɔ be yenya nusiwo katã dzɔ la gbɔ. Biblia gblɔe wòsɔ be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena.” (Lododowo 14:15) Eyata ele be míanɔ ŋudzɔ.

6. Aleke míate ŋu awɔ nu ɖe numadzɔmadzɔ siwo míasusu be wowɔ ɖe mía ŋu le hamea me ŋu?

6 Tsɔe be mía ŋutɔwo ŋutie wowɔ numadzɔmadzɔa ɖo. Aleke amesi Kristo ƒe ŋutifafa le dzi me na awɔ nui? Míakpɔe be ehiã be míaƒo nu kple amesi míese le mía ɖokui me be edze agɔ ɖe mía ŋuti la. Le esi teƒe be nàgblɔ nyaa na amesiame si asee emegbe la, nukata magblẽ nyaa ɖe Yehowa si me le gbedodoɖa me ahaka ɖe eyama dzi be akpɔ egbɔ be wowɔ nusi le dzɔdzɔe o? (Psalmo 9:11; Lododowo 3:5) Ate ŋu adzɔ be, le esiawo wɔwɔ vɔ megbe la, míaƒe dzi adze eme be míakpɔ nyaa gbɔ le míaƒe dzi me eye ‘míazi ɖoɖoe.’ (Psalmo 4:5) Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa awɔ dɔ le go geɖe me be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!”—Kolosetɔwo 3:13.

7. Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ɣesiaɣi ne míele nu wɔm kple mía nɔviwo?

7 Gake nuka ke wɔmee míeɖale o, ele be míaɖo ŋku edzi be togbɔ be míate ŋu awɔ naneke le nusi dzɔ ŋu o hã la, míate ŋu aɖu mía ɖokui dzi. Ne míeda sɔ le nuwɔwɔ ɖe numadzɔmadzɔ si míesusu ŋu o la, ate ŋu agblẽ nu geɖe le míaƒe ŋutifafa ŋu wu numadzɔmadzɔ la ŋutɔ. (Lododowo 18:14) Ate ŋu aɖia mía nu eye míadzudzɔ hadede kple hamea gɔ̃ hã vaseɖe esime míase le mía ɖokui me be wokpɔ nyaa gbɔ le dzɔdzɔenyenye me. Hakpala la ŋlɔ be amesiwo lɔ̃a Yehowa ƒe sea la “nukikli aɖeke meli na wo o.” (Psalmo 119:165) Nyateƒeae enye be, wowɔa numadzɔmadzɔ ɖe amesiame ŋu ɣeaɖewoɣi. Mègaɖe mɔ be nublanuinya siawo tɔgbe nagblẽ wò tadeagu na Yehowa me o. Ke boŋ la, na Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le wò dzi me.

Ne Dzimaɖitsitsi na Nu Glo Mí

8. Nusiwo ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ la dometɔ aɖewo ɖe, eye nukae ate ŋu ado tso dzimaɖitsitsi me?

8 Dzimaɖitsitsi nye nusiwo dzɔna ɖe ame dzi ŋutɔŋutɔ dometɔ aɖe le agbeme le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (Timoteo II, 3:1) Nyateƒee, Yesu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi miado o.” (Luka 12:22) Gake menye dzimaɖitsitsiwo katãe tsoa dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋuti gbɔ o. ‘Nu te ɖe Lot dzi ŋutɔ’ le ŋunyɔnu si nɔ edzi yim le Sodom ta. (Petro II, 2:7) ‘Hameawo katã ƒe agbawo tsɔtsɔ’ na nu te ɖe Paulo dzi. (Korintotɔwo II, 11:28) Yesu se veve helĩhelĩ le zã si do ŋgɔ na eƒe kua me ale gbegbe be “eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.” (Luka 22:44) Eme kɔ ƒã be, menye dzimaɖitsitsiwo katãe fia be ame gbɔdzɔ le xɔse me o. Gake nuka ke gbɔ wòɖatso o, ne dzimaɖitsitsi nu sẽ eye eteƒe didi la, ate ŋu agblẽ ŋutifafa me na mí. Dzimaɖitsitsi ɖu ame aɖewo dzi hena wose le wo ɖokui me be yewomagate ŋu ayi edzi atsɔ agbanɔamedzi siwo ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi.” (Lododowo 12:25) Ke nukae míate ŋu awɔ, ne dzimaɖitsitsi na nu te ɖe mía dzi?

9. Afɔ kawoe woate ŋu aɖe be dzimaɖitsitsi dzi naɖe akpɔtɔ, gake nu bubu siwo hea dzimaɖitsitsi vɛ kawoe womate ŋu aɖe ɖa o?

9 Le nɔnɔme aɖewo me la, míate ŋu aɖe afɔ nyuiwo atsɔ kpɔ egbɔ. Ne lãmesẽ kuxi aɖe gbɔe míaƒe dzimaɖitsitsia tso la nunya anɔ eme be míakpɔ egbɔ, togbɔ be ame ŋutɔ ƒe nyae nya siawo tɔgbe nye hã. * (Mateo 9:12) Ne agba geɖewoe wu tsɔtsɔ na mí la, ate ŋu anɔ bɔbɔe be míade esia ƒe ɖewo asi na ame bubuwo. (Mose II, 18:13-23) Ke ame—abe dzilawo ene—siwo dzi agba kpekpe siwo womate ŋu ade asi na ame aɖeke o le ɖe? Ke Kristotɔ si srɔ̃ tsi tre ɖe eŋu ya ɖe? Ke ƒome si ga kuxi sesẽwo le fu ɖem na alo le teƒe si wole aʋa wɔm le ya ɖe? Edze ƒã be míate ŋu aɖe nusiwo katã hea dzimaɖitsitsi vɛ ɖa le nuɖoanyi sia me o. Ke hã míate ŋu akpɔ Kristo ƒe ŋutifafa ta le míaƒe dzi me. Le mɔ ka nu?

10. Mɔ eve kawo dzie Kristotɔ ate ŋu ato aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ?

10 Dzidzeme si míadi tso Mawu ƒe Nya me nye mɔ ɖeka. Fia Dawid ŋlɔ be: “Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.” (Psalmo 94:19) Míate ŋu akpɔ Yehowa ƒe “akɔfaname” le Biblia me. Tɔtrɔ ɖe Agbalẽ ma si tso gbɔgbɔ me ŋu edziedzi akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ Kristo ƒe ŋutifafa ta le míaƒe dzi me. Bibliaa gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Nenema ke Paulo ŋlɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dzi kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Gbedodoɖa moveviɖoɖotɔe edziedzi akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ míaƒe ŋutifafa ta.

11. (a) Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le gbedodoɖa gome? (b) Aleke wole be míabu gbedodoɖae?

11 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le go sia me. Ɣeaɖeɣi la, edo gbe ɖa na eƒe Dziƒofofoa gaƒoƒo geɖe. (Mateo 14:23; Luka 6:12) Gbedodoɖa kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe tetekpɔ sesẽtɔ kekeake nu. Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, eƒe nuxaxa nu sẽ ɖe edzi. Aleke wòwɔ nui? Egado gbe ɖa ‘vevie wu.’ (Luka 22:44) Ẽ, Mawu ƒe Vi debliboa nye amesi dona gbe ɖa. Ekema aleke gbegbe wòle vevie be eyomedzelawo madeblibowo nana gbedodoɖa nama woe nye si! Yesu fia eyomedzelawo be “woado gbe ɖa ɖaa eye ɖeɖi nagate wo ŋu o.” (Luka 18:1) Gbedodoɖa nye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ si le vevie kple Amesi nya mí wu alesi míenya mía ɖokui. (Psalmo 103:14) Ne míedi be míakpɔ Kristo ƒe ŋutifafa ta le míaƒe dzi me la ele be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.’—Tesalonikatɔwo I, 5:17.

Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzi Ðuɖu

12. Susu kawo tae ame aɖewo ase le wo ɖokui me be yewoƒe subɔsubɔ medze o ɖo?

12 Yehowa bua esubɔla ɖesiaɖe be wole vevie. (Xagai 2:7) Ke hã esesẽna na ame geɖe be woaxɔe ase. Tsitsi, ƒome ƒe agbanɔamedzi siwo anɔ dzidzim ɖe edzi, alo lãmegbegblẽ aɖe dzi le ame aɖewo ƒo. Ame bubuwo ase le wo ɖokui me be nɔnɔme sesẽ si me yewo to le ɖevi me gblẽ nu le yewo ŋu. Eye vodada siwo ame aɖewo hã wɔ va yi anɔ fu ɖem na wo eye wòana womaka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu atsɔe ake yewo o. (Psalmo 51:5) Nukae míate ŋu awɔ le seselelãme sia ŋu?

13. Ŋɔŋlɔa me akɔfanya kae li na amesiwo se le wo ɖokui me be yewo medze o?

13 Kristo ƒe ŋutifafa ana míaka ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dzi. Ŋutifafa ma ate ŋu atrɔ ava xɔ dzime na mí ne míede ŋugble le nyateƒe si wònye be Yesu megblɔ kpɔ be míaƒe dɔwɔwɔ tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo tɔ dzie wonɔa te ɖo kpɔa asixɔxɔ si le mía ŋu o ŋu. (Mateo 25:14, 15; Marko 12:41-44) Nusi dzi wòte gbe ɖo enye nuteƒewɔwɔ. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Amegbetɔwo ‘do vlo’ Yesu ŋutɔ hã, gake kakaɖedzi nɔ eyama si be ye Fofo lɔ̃ ye. (Yesaya 53:3; Yohanes 10:17) Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be womelɔ̃a nu le woawo hã gbɔ o. (Yohanes 14:21) Yesu gblɔ nya sia tsɔ ɖe eme be: “Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:29-31) Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋuti dzideƒoname ka gbegbe nye si!

14. Kakaɖedzi kae le mía si be Yehowa dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu?

14 Yesu gblɔ hã be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Esi wònye Yehowae he mí vɛ be míadze Yesu yome ta la, anye Eƒe didi be míakpɔ ɖeɖe. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nenema ke menye mía Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.” (Mateo 18:14) Eyata ne ètsɔ dzi blibo le subɔsubɔmee la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ le wò dɔ nyuiwo wɔwɔ me. (Galatiatɔwo 6:4) Ne vodada si nèwɔ va yie le fu ɖem na wò la, wò dzi nedze eme be Yehowa tsɔa amesiwo trɔ dzime vavã la ƒe nuvɔ̃wo “kena geɖe.” (Yesaya 43:25; 55:7) Ne le susu bubu aɖe ta dzi ɖe le ƒowò la, ɖo ŋku edzi be “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.

15. (a) Aleke Satana dzena agbagba be yeaɖe míaƒe ŋutifafa ɖa? (b) Dzideƒoname kae ate ŋu anɔ mía si ɖe Yehowa ŋu?

15 Naneke madzɔ dzi na Satana wu be wòaɖe wò ŋutifafa ɖa o. Eyae he nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi si mí katã míewɔa avu kplii la vɛ. (Romatɔwo 7:21-24) Adi godoo be yeana nàse le ɖokuiwò me be wò blibomademade wɔe be wò subɔsubɔ mele Mawu ŋu dzem o. Mègaɖe mɔ Abosam naɖe dzi le ƒowò gbeɖe o! Nya eƒe ayemɔwo, eye nàna sidzedze ma nana nàɖoe kplikpaa ado dzi. (Korintotɔwo II, 2:11; Efesotɔwo 6:11-13) Ðo ŋku edzi be, “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” (Yohanes I, 3:20) Menye míaƒe vodadawo koe Yehowa kpɔna o. Ekpɔa míaƒe dzimedidiwo kple tameɖoɖowo hã. Ekema hakpala la ƒe nyawo nefa akɔ na wò be: “Yehowa megbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la ɖi o.”—Psalmo 94:14.

Ðekawɔwɔ le Kristo ƒe Ŋutifafa Me

16. Mɔ ka nue menye míawo ɖeɖee le ʋiʋlim be míado dzi le o?

16 Paulo ŋlɔ be míana Kristo ƒe ŋutifafa la naɖu dzi le míaƒe dzi me elabena “woyɔ mí vɛ hã le ŋutilã ɖeka me.” Woyɔ Kristotɔ amesiamina siwo Paulo ŋlɔ agbalẽa na be woava nye Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe abe alesi amesiamina susɔeawo hã nyee egbea ene. Woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ wɔ ɖeka kpli wo abe “alẽha ɖeka” ene le “alẽkplɔla ɖeka,” Yesu Kristo, te. (Yohanes 10:16) Xexeame katã ƒe “alẽha” si me ame miliɔn geɖe le la wɔ ɖeka le mɔ ɖem be Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le woƒe dzi me. Enyanya be menye míawo ɖeɖee o la kpena ɖe mía ŋu be míado dzi. Petro ŋlɔ be: “Minɔ tsitre sesĩe ɖe [Satana] ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.”—Petro I, 5:9.

17. Susu vevi kawo tae wòle be míana Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le míaƒe dzi me ɖo?

17 Ekema mina mí katã míayi dzi atse ŋutifafa, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ku vevi ma. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Yehowa atsɔ agbe mavɔ le Paradisonyigba dzi si me dzɔdzɔenyenye anɔ la ayra amesiwo ŋu makpɔ ɖiƒoƒo kple mokaka aɖeke le o, eye wole ŋutifafa me la mlɔeba. (Petro II, 3:13, 14) Susu vevi siwo tae wòle be míana Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le míaƒe dzi me la le mía si.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Le go aɖewo me la, lãmesẽ kuxiwo abe blanuiléle si nɔa anyi eteƒe didina ene ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ alo ana enu nasẽ ɖe edzi.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye Kristo ƒe ŋutifafa?

• Aleke Kristo ƒe ŋutifafa aɖu dzi le mía- ƒe dzi mee ne wowɔ numadzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

• Aleke Kristo ƒe ŋutifafa kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ míaƒe dzimaɖitsitsi gbɔe?

• Aleke Kristo ƒe ŋutifafa faa akɔ na mí ne míese le mía ɖokui me be míedze o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yesu tsɔ eɖokui de asi na Yehowa le enutsolawo ŋkume

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Abe alesi vifofo lɔ̃ame ƒe asikplakɔname le ene la, Yehowa ƒe akɔfaname ate ŋu aɖe míaƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dzidodo le vevie le Mawu ŋkume