Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwoe

Alesi Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwoe

Alesi Nàwɔ Nyametsotso Nyuiwoe

TIATIAWƆBLƆÐE nye nunana tso Mawu gbɔ. Eya manɔmee la, ɖeko míanɔ abe mɔ̃wo ene, míakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi o. Togbɔ be tiatiawɔblɔɖe le mía si hã la, míedzea ŋgɔ gbetɔamewo. Esi tiatiawɔblɔɖe le mía si ta la, ele be míawɔ nyametsotsowo le agbe me.

Nyateƒee, nyametsotso aɖewo wɔwɔ le bɔbɔe. Bubuwo, abe dɔwɔɖui si míatia alo srɔ̃ɖeɖe ŋuti nyametsotso ene ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔmegbenɔnɔ katã dzi. Azɔ hã nyametsotso aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Nyametsotso aɖewo siwo dzilawo wɔna kpɔa ŋusẽ gã ɖe wo viwo dzi. Gawu la, ele be míabu akɔnta na Mawu le nyametsotso geɖe siwo míewɔna ŋu.—Romatɔwo 14:12.

Nusita Kpekpeɖeŋu Hiã

Nyametsotsowɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi nyui aɖeke meli tso amegbetɔwo ŋu o. Nyametsotso gbãtɔ siwo amegbetɔwo wɔ dometɔ ɖeka si woŋlɔ ɖi la gblẽ nu ale gbegbe. Xawa tso nya me heɖu ati si ŋu Mawu de se ɖo eme kɔ kɔte. Eƒe tiatia si wòtu ɖe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro dzi na srɔ̃a wɔ ɖeka kplii le tomaɖomaɖo Mawu me, eye esiae he fukpekpe gãwo va ameƒomea dzii. Le nudzɔdzɔ geɖe me la, amegbetɔwo gawɔa nyametsotsowo wonɔa te ɖe ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo dzi tsɔ wu be woanɔ te ɖe gɔmeɖose nyuiwo dzi. (Mose I, 3:6-19; Yeremya 17:9) Esia ta, ne míedze ŋgɔ nyametsotso veviwo la, míetsia dzi le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta zi geɖe.

Ekema mewɔ nuku o be ame geɖe biaa kpekpeɖeŋu tso teƒe siwo kɔ wu amegbetɔwo gbɔ le woƒe nyametsotso veviwo wɔwɔ me. Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe ŋu, si me wòle be Nebukadnezar nawɔ nyametsotso le esime eƒe asrafowo dze ŋgɔ aʋa. Togbɔ be fiae wònye hã la, ekpɔe be ele be ‘yeaka afa,’ abia gbe gbɔgbɔwo. Esia ta nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Edzobo aŋutrɔwo, bia gbe aklama kpakpɛwo se, eye wòɖe ŋku ɖe lãklã ŋu.’ (Xezekiel 21: 26) Nenema ke egbea hã ame geɖe biaa gbe etsɔmegblɔɖilawo kple ɣletivimefakalawo, kpakple to mɔnu bubuwo dzi biaa kpekpeɖeŋu tso gbɔgbɔwo gbɔe. Gake esiawo katã nye beble kple ameflunuwo.—Mose III, 19:31.

Ame aɖe li si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo bliboe si kpe ɖe amegbetɔwo ŋu le ŋutinyaa katã me le nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me. Menye ame aɖeke wònye wu Yehowa Mawu o. Le kpɔɖeŋu me, le blema la, Mawu na Urim kple Tumim eƒe dukɔ Israel—nusi anya nye dzidzenu kɔkɔe siwo wotsɔ dzidzea nu ne wodze ŋgɔ nɔnɔme sesẽwo. Yehowa ɖoa nyabiabiawo ŋu tẽ to Urim kple Tumim dzi, eye wòkpena ɖe Israel-metsitsiwo ŋu be kakaɖedzi nanɔ wo si be yewoƒe nyametsotsowo wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.—Mose II, 28:30; Mose III, 8:8; Mose IV, 27:21.

Bu kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ. Esime wotia Gideon be wòakplɔ Israel-ʋakɔ ne woaho ɖe Midiantɔwo ŋu la, ele nɛ be wòatso nya me ne axɔ mɔnukpɔkpɔ gã ma alo maxɔe o. Esi Gideon di be yeakpɔ kakaɖedzi nenye be Yehowa ada megbe na ye la, ebia be yeakpɔ nukunu aɖe si anye dzesi. Edo gbe ɖa be zãmu nadza ɖe alẽgbalẽ si yeagblẽ ɖi ŋu nake ɖe edzi la dzi ke anyigba nanɔ ƒuƒuie. Le zã si kplɔe ɖo me la, ebia be alẽgbalẽa nanɔ ƒuƒuie eye anyigba naƒo zãmu. Yehowa na Gideon dzesi siwo katã wòbia tufafatɔe. Esia na be Gideon wɔ nyametsotso si sɔ, eye le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, eɖu Israel ƒe futɔwo dzi gbidii.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:33-40; 7:21, 22.

Egbea Ya Ðe?

Egbea hã, Yehowa naa kpekpeɖeŋu eƒe subɔlawo ne wodze ŋgɔ nyametsotso veviwo. Alekee? Ðe wòle be míabia be míatsɔ ‘alẽgbalẽ awɔ dodokpɔe,’ abe Gideon ene wòanye dzesi atso Yehowa gbɔ si afia nusi míawɔa? Atsu kple asi aɖe nɔ ŋugble dem le ʋuʋu ayi aɖasubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo wu le ŋu. Be woate ŋu atso nya me la, wowɔ ɖoɖo be yewoawɔ dodokpɔ aɖe akpɔ. Woyɔ ga home aɖe ɖe woƒe aƒe ŋu be yewole edzram. Ne woƒle aƒea le ŋkeke aɖe kple ɖe asi aɖe alo esi wu nenema dzi la, ke yewoatsɔe be enye dzesi si fia be Mawu di be yewoaʋu. Ne womeƒle aƒea o la, ke yewoaƒo nya ta be Mawu medi be yewoaʋu o.

Womeƒle aƒea o. Ðe ema nye dzesi si fia be Yehowa medi be atsu kple asi sia nasubɔ le afisi hiahiã lolo wu le oa? Le nyateƒe me la, menye míaƒe dɔe wònye be míayɔ nane tẽ be eyae Yehowa wɔa na esubɔlawo alo menye eyae wòwɔna na wo o. Míate ŋu agblɔ be egbea la, Yehowa mewɔa naneke tsɔ ɖea eƒe lɔlɔ̃nu fia mí o. (Yesaya 59:1) Gake masɔ be míakpɔ mɔ na nukunu mawo le míaƒe nyametsotso gãwo wɔwɔ me o, elabena ava zu nyametsotso siwo wòle be míawɔ la gbegblẽ ɖe Mawu dzi. Ele na Gideon gɔ̃ hã be wòawɔ nyametsotsowo le eƒe agbemeŋkeke ƒe akpa gãtɔ me siwo me mekpɔ nukunu aɖeke wònye dzesi tso Yehowa gbɔ o!

Ke hã Biblia gblɔ be woate ŋu akpɔ mawumemɔfiafia. Egblɔ ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya 30:21) Ne míedze ŋgɔ nyametsotso veviwo la, asɔ ŋutɔ be míakpɔ egbɔ be míaƒe nyametsotsowo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòaɖe eƒe nunya detowo afia. Aleke? To eƒe Nya la me yiyi kple alesi míana wòanye ‘akaɖi na míaƒe afɔ kple kekeli na míaƒe toƒe’ me. (Psalmo 119:105; Lododowo 2:1-6) Be míawɔ esia la, ebia be míana sidzedze vavãtɔ xɔxɔ tso Biblia me nama mí. (Kolosetɔwo 1:9, 10) Eye ne míedze ŋgɔ nyametsotso aɖe la, ele be míawɔ numekuku le Biblia me gɔmeɖose siwo katã ku ɖe nyaa ŋu la ŋu nyuie. Numekuku mawo akpe ɖe mía ŋu ‘kakaɖedzi nanɔ mía si le nusiwo le vevie wu ŋu.’—Filipitɔwo 1:9, 10.

Ele be míaƒo nu na Yehowa le gbedodoɖa me hã, ahaka ɖe edzi be aɖo to mí. Aleke wònyea akɔfafae nye esi be míagblɔ nyametsotso siwo dze ŋgɔ mí wòle be míawɔ kple nusiwo ŋu bum míele be míawɔ tso eŋu la na mía Mawu lɔ̃ame la enye esi! Ekema míate ŋu abia mɔfiafia le nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me kakaɖedzitɔe. Zi geɖe la, gbɔgbɔ kɔkɔe aɖo ŋku Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe nyaa ŋu dzi na mí, alo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase mawunyakpukpui aɖe si ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu gɔme bliboe.—Yakobo 1:5, 6.

Azɔ hã Yehowa na ame tsitsiwo mí le hamea me siwo ŋu míate ŋu ate ɖo adzro nyametsotso siwo míedi be míawɔ me kpli wo. (Efesotɔwo 4:11, 12) Ke hã le kpekpeɖeŋu biabia ame bubuwo gome la, mele be míazu amesiwo nɔa tsatsam le amewo dzi ʋuu vaseɖe esime wovakena ɖe amesi agblɔ nusi asɔ tome na wo la ŋu o. Ekema wowɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. Ele be míaɖo ŋku nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu si Rexabeam nye dzi. Esi wòdze ŋgɔ nyametsotso gã aɖe la, exɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe tso ame tsitsi siwo nɔ fofoa ŋu la gbɔ. Gake le esime wòawɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo dzi teƒe la, eyi ɖabia aɖaŋuɖoɖo tso ɖekakpui, siwo nye ehatiwo gbɔ. Woƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ na wòwɔ nyametsotso gbegblẽ si na wòbu eƒe fiaɖuƒea ƒe akpa gãtɔ.—Fiawo I, 12:1-17.

Ne èle aɖaŋuɖoɖo dim la, biae tso amesiwo kpɔ nuteƒe le agbe me, siwo si Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze vavãtɔ le eye wodea bubu gɔmeɖose nyuiwo ŋu la gbɔ. (Lododowo 1:5; 11:14; 13:20) Ne eva hiã la, di ɣeyiɣi nàde ŋugble le gɔmeɖose siwo ku ɖe nyaa ŋu kple nyatakaka siwo katã ŋu nèke ɖo la ŋu. Esi èva de dzesi nuwo le Yehowa ƒe Nya ƒe mɔfiafia te la, nyametsotso si sɔ ava dze ƒã wu.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Nyametsotso Siwo Míewɔna

Nyametsotso aɖewo wɔwɔ le bɔbɔe. Esi wode se na apostolowo be woadzudzɔ ɖaseɖiɖi la, wonya be ele be yewoayi edzi aɖe gbeƒã tso Yesu ŋu, eyata wogblɔ nyametsotso si wowɔ be yewoaɖo to Mawu tsɔ wu amewo na Sanhedrin la enumake. (Dɔwɔwɔwo 5:28, 29) Nyametsotso aɖewo wɔwɔ abia ŋugbledede ayi ŋgɔ elabena Biblia megblɔ nya aɖeke tẽ le nyaa ŋu o. Ke hã Biblia me gɔmeɖosewo ana numekɔkɔ le nyametsotso nyuitɔwo wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be modzakaɖeɖe ƒomevi vovovo siwo li egbea menɔ anyi le Yesu ŋɔli o hã la, Biblia gblɔ nya geɖe tso nusiwo dzea Yehowa ŋu kple nusiwo medzea eŋu o ŋu, wo me kɔ. Eyata Kristotɔ ɖesiaɖe si aƒo eɖokui ɖe modzakaɖeɖe si dea ŋutasesẽ, agbegbegblẽnɔnɔ, alo aglãdzedze ƒe dzi ƒo me la wɔ nyametsotso gbegblẽ.—Psalmo 97:10; Yohanes 3:19-21; Galatiatɔwo 5:19-23; Efesotɔwo 5:3-5.

Ɣeaɖewoɣi la, nyametsotso eve ate ŋu asɔ. Subɔsubɔ le afisi hiahiã lolo wu le nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi eye ate ŋu ahe yayra geɖe vɛ. Gake ne le susu aɖe ta ame tiae be yemayi o la, agate ŋu awɔ dɔ nyuiwo le eƒe hamea me. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu adze ŋgɔ nyametsotso si ana mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe alesi gbegbe míelɔ̃ Yehowa kple nusiwo le vevie na mí le agbe me afia. Eyata Yehowa ɖea mɔ be míawɔ míaƒe tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ atsɔ aɖe nusi tututu le míaƒe dzime afia.

Zi geɖe la, míaƒe nyametsotsowo kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kpɔ dzidzɔ be yewo vo tso Sea ƒe mɔxenu geɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, esia fia be woate ŋu aɖu nusiwo ŋu mekɔ le Sea te o alo agbe wo ɖuɖu. Ke hã la, woxlɔ̃ nu wo be woabu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu ne wole ablɔɖe sia ŋudɔ wɔwɔ ŋu bum. Paulo ƒe nya siwo wògblɔ le nyaa ŋu ate ŋu asɔ le nyametsotso geɖe siwo míewɔna me, egblɔ be: “Migazu nukikli . . . o.” (Korintotɔwo I, 10:32) Didi be míaganye nukikli na ame bubuwo o akpe ɖe mía ŋu míanya alesi míawɔ míaƒe nyametsotso geɖewoe. Ne èbu eŋu kpɔ la, lɔlɔ̃ na amehavi enye sedede vevi evelia.—Mateo 22:36, 39.

Míaƒe Nyametsotso Me Tsonuwo

Nu nyuiwoe dona tsoa nyametsotso siwo wotu ɖe dzitsinya nyui kple Biblia me gɔmeɖosewo dzi me mlɔeba. Nyateƒee, abia ɖokuitsɔtsɔsavɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Esi apostoloawo gblɔ woƒe nyametsotso si nye be yewoayi edzi aɖe gbeƒã tso Yesu ŋu na Sanhedrin la, woƒo wo hafi ɖe asi le wo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 5:40) Esi Hebri-ɖekakpui etɔ̃awo—Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego—tso nya me be yewomade ta agu na Nebukadnezar ƒe sikalegba o la, wotsɔ woƒe agbe de afɔku me. Wonɔ klalo be yewoadze ŋgɔ ku si ate ŋu ado tso woƒe nyametsotso ma me. Gake wonyae be Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu ahayra yewo.—Daniel 3:16-19.

Ne nɔnɔme sesẽwo le mía dzi vam le nyametsotso si míebu nuwo ŋu nyuie hafi wɔ megbe la, esia mefia be nyametsotsoa menyo o. “Azãgbe kple nuɖiɖeame” ate ŋu agblẽ nu le nyametsotso siwo wotsɔ susu nyui gɔ̃ hã wɔ me tsonuwo ŋu vevie. (Nyagblɔla 9:11) Gawu la, Yehowa ɖea mɔ ɣeaɖewoɣi be nɔnɔme sesẽwo nado míaƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒe nuvãnyenye akpɔ. Ele na Yakob be wòawɔ avu kple mawudɔla aɖe zã blibo hafi axɔ yayra. (Mose I, 32:24-26) Ele na míawo hã be míawɔ avu kple nɔnɔme sesẽwo ne míeɖale nu nyui wɔm hã. Ke hã ne míaƒe nyametsotsowo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be akpe ɖe mía ŋu míado dzi eye be ayra mí mlɔeba.—Korintotɔwo II, 4:7.

Eyata ne èle nyametsotso vevi aɖe wɔm la, mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò nunya ŋu o. Wɔ numekuku le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe nyaa ŋu la ŋu. Ƒo nu tso nyaa ŋu na Yehowa. Le afisi wòhiã le la, te ɖe Kristotɔ tsitsiwo ŋu. Emegbe nàlé dzi ɖe ƒo. Wɔ tiatiawɔblɔɖe si Mawu na wò la ŋudɔ nyuie. Wɔ nyametsotso nyui eye nàɖee afia Yehowa be wò dzi ku ɖe eŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Wɔ numekuku le Mawu ƒe Nya me hafi awɔ nyametsotso veviwo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]

Gblɔ nyametsotso si dze ŋgɔ wò wòle be nàwɔ la na Yehowa

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Àte ŋu aƒo nu tso wò nyametsotso veviwo ŋu na Kristotɔ tsitsiwo