Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Di Ŋutifafa Eye Nàti Eyome’

‘Di Ŋutifafa Eye Nàti Eyome’

Di Ŋutifafa Eye Nàti Eyome’

‘Ne miate ŋui la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!’—ROMATƆWO 12:18.

1, 2. Susu kawo tae ŋutifafa si amegbetɔ to vɛ dometɔ aɖeke manɔ anyi eteƒe nadidi o?

KPƆ xɔ aɖe si ƒe gɔmeɖokpe gbɔdzɔ, eƒe sɔtiwo nyinyɔ, eye egbãnuwo nye ɖe eme le susume ɖaa. Ðe wòadzro wò be nàʋu ayi eme wòazu aƒewòmea? Ðewohĩ màyi o. Aŋɔ yeye sisi na xɔa gɔ̃ hã mate ŋu atrɔ nyateƒe si wònye be mele dedie la o. Amu gbeɖeka godoo.

2 Ŋutifafa ɖesiaɖe si tsoa xexe sia me le abe aƒe ma ene. Gɔmeɖokpe si gbɔdzɔ—si nye amegbetɔ “siwo mate ŋu axɔ na ame o” ƒe ŋugbedodowo kple tameɖoɖowo—dzie wotui ɖo. (Psalmo 146:3) Ŋutinya fia be aʋawɔwɔ siwo tre ɖe wo nɔewo nu madzudzɔmadzudzɔe dzɔ le dukɔwo, gbevovovodolawo, kple to vovovo me tɔwo dome. Ele eme be ŋutifafaɣi kpui aɖewo tso eme ya, gake ŋutifafa ka tɔgbewoe wonye? Ne dukɔ eve le aʋa wɔm eye woɖe gbeƒã ŋutifafa le esi wole dukɔ ɖeka dzi ɖum alo dukɔ evea siaa va kpɔe be aʋaa wɔwɔ magaɖe vi aɖeke na yewo o ta ɖe, ŋutifafa ka tɔgbe nu ma nye? Fuléle, vɔ̃bubuɖeameŋu, kple ŋuʋaʋã siwo he aʋa la vɛ la gakpɔtɔ nɔa anyi. Ŋutifafa si nye ameŋkumenuwɔwɔ, si le abe ‘aŋɔsisi ɖe’ fuléle dzi ko ene la, menye ŋutifafa si nɔa anyi eteƒe didina o.—Xezekiel 13:10.

3. Nukatae Mawu ƒe amewo ƒe ŋutifafa to vovo tso ŋutifafa si amegbetɔwo to vɛ gbɔ?

3 Ke hã ŋutifafa vavãtɔ le xexe sia si me aʋawɔwɔ gblẽ nu le la me. Afikae wòle? Ele Yesu Kristo ƒe afɔɖoƒeyomenɔla, Kristotɔ vavã siwo wɔna ɖe Yesu ƒe nyawo dzi heʋlina be yewoasrɔ̃ eƒe agbenɔnɔ la dome. (Korintotɔwo I, 11:1; Petro I, 2:21) Ŋutifafa si le Kristotɔ vavã siwo tso ameƒome, hadomenɔƒe, kple dukɔ vovovo me dome la nye nu ŋutɔŋutɔ elabena woa kple Mawu dome ƒomedodo si me ŋutifafa le, si wotu ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔse dzi mee wòtsona. Woƒe ŋutifafa nye nunana tso Mawu gbɔ, menye nane si amegbetɔwo to vɛ o. (Romatɔwo 15:33; Efesotɔwo 6:23, 24) Enye nusi tso ɖokuibɔbɔ ɖe “Ŋutifafafia,” Yesu Kristo, te kple “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu,” Yehowa, subɔsubɔ me.—Yesaya 9:5; Korintotɔwo II, 13:11.

4. Aleke Kristotɔ ‘tia’ ŋutifafa ‘yomee’?

4 Ŋutifafa mevana na ame madeblibowo le eɖokuisi o. Eyata Petro gblɔ be ele be Kristotɔ ɖesiaɖe ‘nadi ŋutifafa, eye wòati eyome.’ (Petro I, 3:11) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Blema nyagblɔɖia aɖe he susu yi ŋuɖoɖoa dzi. Yehowa ƒo nu to Yesaya dzi gblɔ be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” (Yesaya 54:13; Filipitɔwo 4:9) Ẽ, amesiwo ɖoa to Yehowa ƒe nufiafiawo nɔa ŋutifafa me. Gawu la, ŋutifafa tsɔ kpe ɖe “lɔlɔ̃, dzidzɔ, . . . dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu,” ŋu nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kutsetse. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Amesi melɔ̃a ame o, mekpɔa dzidzɔ o, megbɔa dzi ɖi o, menyoa dɔme o, evɔ̃ɖi, mewɔa nuteƒe o, ewɔa adã, eye mete ŋu ɖua eɖokui dzi o la mekpɔnɛ o.

‘Anyinɔnɔ Kple Amewo Katã le Ŋutifafa Me’

5, 6. (a) Nukae wòfia be woanye ame fafa le Ŋɔŋlɔawo nu? (b) Amekawoe Kristotɔwo dzea agbagba be yewoanɔ ŋutifafa me kplii?

5 Woɖe ŋutifafa gɔme be enye “anyinɔnɔ kpoo alo tomefafa me nɔnɔ.” Gɔmeɖeɖe sia alɔ nɔnɔme geɖe siwo me dzrewɔwɔ mele o ɖe eme. Ame kukuwo gɔ̃ hã le ŋutifafa me! Hafi ame aɖe nate ŋu akpɔ ŋutifafa vavãtɔ la, menye ame fafa koe wòle be wòanye o. Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya me be: “Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.” (Mateo 5:9) Amesiwo si mɔnukpɔkpɔ ava su be woava nye Mawu viwo le gbɔgbɔ me eye makumakugbenɔnɔ nasu wo si le dziƒoe Yesu nɔ nu ƒom na. (Yohanes 1:12; Romatɔwo 8:14-17) Mlɔeba la, ameƒomea nuteƒewɔlawo katã siwo mekpɔa mɔ be yewoayi dziƒo o la akpɔ dzidzɔ le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21) Ame fafawo ko sie mɔkpɔkpɔ sia le. Eyata be woanye ame fafa le Ŋɔŋlɔawo nu fia gomekpɔkpɔ le dɔwɔna siwo naa ŋutifafa nɔa anyi me eye ɣeaɖewoɣi la, abia ŋutifafa hehe va afisiwo mele o.

6 Esi esia le susu me na wò la, bu nuxlɔ̃ame si apostolo Paulo na Romatɔwo ŋu kpɔ: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” (Romatɔwo 12:18) Menye ɖee Paulo nɔ gbɔgblɔm na Romatɔwo be woanɔ anyi kpoo ko o, togbɔ be ema aɖe vi hã. Enɔ dzi dem ƒo na wo be woawɔ nu le ŋutifafa me. Kple amekawo? Kple “amewo katã”—ƒometɔwo, hati Kristotɔwo, kple ha bubu me tɔwo kura gɔ̃ hã. Ede dzi ƒo na Romatɔwo be “ne ate ŋu anye nusi ke atso wo gome la,” woawɔ nu kple amewo le ŋutifafa me. Menye ɖe wònɔ didim be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ ɖe ŋutifafa ta o. Le esi teƒe be woanɔ amewo nu ɖiam madzemadzee la, ele be woate ɖe wo ŋu kple tameɖoɖo si me ŋutifafa le. Ele na Kristotɔwo be woawɔ esia ne wole nu wɔm kple hamea me tɔwo loo alo egodotɔwo. (Galatiatɔwo 6:10) Paulo ŋlɔ nu si wɔ ɖeka kple nya sia be: “Miti nyuididi na mia nɔewo kple amewo katã yome ɖaasi.”—Tesalonikatɔwo I, 5:15.

7, 8. Aleke Kristotɔwo wɔa nu le ŋutifafa me kple amesiwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple wotɔ o, eye nukatae?

7 Aleke míate ŋu awɔ nu le ŋutifafa me kple amesiwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple míatɔ o ne wotsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã? Mɔ ɖeka enye be míaƒo asa na ɖokuidodoɖedzi. Le kpɔɖeŋu me, manye ŋutifafa nuwɔwɔ be míazã vlodoamenyawo ne míele nu ƒom le amewo ŋu o. Yehowa ɖe eƒe ʋɔnu si wòadrɔ̃ habɔbɔwo kple ƒuƒoƒowo fia, gake míekpɔ mɔ aƒo nu le ame aɖeke ŋu abe ɖe wobu fɔe xoxo ene o. Le nyateƒe me la, míedrɔ̃a ʋɔnu amewo o, míedrɔ̃a ʋɔnu amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã o. Esi Paulo gblɔ na Tito be woaxlɔ̃ nu Kristotɔwo le Kreta le alesi woawɔ ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu megbe la, eɖo ŋku edzi na wo be “woagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o; woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.”—Tito 3:1, 2.

8 Nu wɔwɔ le ŋutifafa me kple amesiwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple míatɔ o wɔnɛ be wova kpɔa ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu. Nyateƒee míedzea xɔlɔ̃ siwo “gblẽa nuwɔna nyuiwo” o. (Korintotɔwo I, 15:33) Ke hã míate ŋu abu amewo ŋu, eye ele be míawɔ nu ɖe amesiame ŋu le bubu kple dɔmekɔkɔ me. Petro ŋlɔ be: “eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.”—Petro I, 2:12.

Nu Wɔwɔ le Ŋutifafa me le Subɔsubɔdɔa Me

9, 10. Nu wɔwɔ le ŋutifafa me kple dzimaxɔsetɔwo ƒe kpɔɖeŋu kae apostolo Paulo ɖo?

9 Wonya alesi dzi nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ ƒo na wo. Wometɔ tsi woƒe gbedasia o, eye ne wotsi tre ɖe wo ŋu la, woɖonɛ kplikpaa be yewoaɖo to Mawu wu amegbetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 4:29; 5:29) Ke hã wometɔtɔ dzinɔameƒo kple bubumadeameŋu o. Bu alesi Paulo wɔ nui esime woʋli eƒe xɔse ta le Fia Herodes Agripa II ŋkume ŋu kpɔ. Herodes Agripa ɖe eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu, Bernice. Gake Paulo meɖoe be yeafia agbenyuinɔnɔ Agripa o. Ke boŋ eɖo kpe nya siwo dzi wo katã lɔ̃ ɖo dzi, hekafu Agripa be enye amesi bi ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwɔwɔwo me eye wònye amesi xɔ nyagblɔɖilawo hã dzi se.—Dɔwɔwɔwo 26:2, 3, 27.

10 Ðe Paulo nɔ amesi ate ŋu ana ablɔɖee la kafum anukwaremaɖimaɖitɔe be woave ye nua? Ao. Paulo wɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuxlɔ̃amenya dzi heto nyateƒea. Meka aʋatso aɖeke na Herodes Agripa o. (Efesotɔwo 4:15) Gake Paulo nye amesi wɔa nu le ŋutifafa me eye wònya alesi wòazu ‘nusianu na amesiamee.’ (Korintotɔwo I, 9:22) Eƒe tameɖoɖo enye be yeaʋli Yesu ŋuti gbeƒãɖeɖe ƒe gomenɔamesi si le ye si la ta. Esi wònye nufiala nyui ta la, edze eƒe nyawo gɔme kple nane si dzi woa kple Agripa alɔ̃ ɖo. Eyata Paulo kpe ɖe fia agbegbegblẽnɔla ma ŋu wòbu susu nyui ɖe Kristotɔnyenye ŋu.—Dɔwɔwɔwo 26:28-31.

11. Aleke míawɔ nu le ŋutifafa me kple amewo le míaƒe subɔsubɔdɔa mee?

11 Aleke míawɔ anye amesiwo wɔa nu le ŋutifafa me le míaƒe subɔsubɔdɔa mee? Abe Paulo ene la, ele be míaƒo asa na glãkahehewo. Ele eme baa be ɣeaɖewoɣi la, ahiã be ‘míagblɔ mawunya vɔvɔ̃manɔmee’ ahaʋli míaƒe xɔsea ta dzinɔameƒotɔe. (Filipitɔwo 1:14) Gake zi geɖe la, míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míaɖe gbeƒã nyanyuia. (Mateo 24:14) Ne ame aɖe va kpɔ nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu dze sii la, ate ŋu ate asi ɖeɖe le alakpasubɔsubɔ ƒe nukpɔsusuwo ŋu azɔ ahakɔ eɖokui ŋu tso nu makɔmakɔwo me. Eyata enyo be míaɖo kpe nya siwo adzɔ dzi na míaƒe nyaselawo dzi alesi wòanya wɔ, eye míadze egɔme tso nusiwo dzi mía kpli wo siaa míeda asi ɖo la dzi. Viɖe aɖeke manɔ eŋu be míaɖia ame aɖe si ŋu ne wote ɖo nyuie la, wòate ŋu aɖo to míaƒe gbedasia la nu o.—Korintotɔwo II, 6:3.

Nu Wɔwɔ le Ŋutifafa me le Ƒomea Me

12. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ nu le ŋutifafa me le ƒomea me?

12 Paulo gblɔ be amesiwo ɖe srɔ̃ “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (Korintotɔwo I, 7:28) Woado go nɔnɔme sesẽ geɖe. Esiawo dometɔ aɖe anye masɔmasɔ siwo aɖo srɔ̃tɔ aɖewo dome ɣeaɖewoɣi. Aleke wole be woakpɔ nusiawo gbɔe? Le ŋutifafa me. Amesi wɔa nu le ŋutifafa me adze agbagba atsi nyaʋiʋli nu hafi wòava do gã ɖe edzi. Le mɔ ka nu? Gbã la, to aɖea ŋu dzɔdzɔ me. Ne míezã ŋutinu sue sia tsɔ gblɔ gbedaɖeamegbɔnyawo kple dzugbewo la, ate ŋu anye ‘nuveviwɔamenu vɔ̃ɖi, si aɖi wuame yɔ fu.’ (Yakobo 3:8) Amesi wɔa nu le ŋutifafa me zãa eƒe aɖe tsɔ tua ame ɖo wu be wòatsɔe agblẽ nu le ame ŋu.—Lododowo 12:18.

13, 14. Aleke míate ŋu akpɔ ŋutifafa ta ne míeda vo le nuƒoƒo me alo ne dzi ku mí vevie?

13 Esi míenye ame madeblibowo ta la, mí katã míegblɔa nya aɖewo ɣeaɖewoɣi si va vea mí emegbe. Ne esia dzɔ la, wɔ kaba nàwɔ ɖɔɖɔɖowo—be ŋutifafa nava. (Lododowo 19:11; Kolosetɔwo 3:13) Ƒo asa na “nyaʋawɔwɔ” kple ‘nyamaɖinyawo hehe.’ (Timoteo I, 6:4, 5) Ðe ema eteƒe la, ku nusi he nyaa vɛ la me eye dze agbagba be nàse wò kpeɖeŋutɔa ƒe seselelãmewo gɔme. Ne eda gbe ɖe gbɔwò la, megaɖo eteƒe nɛ o. Ðo ŋku edzi be “nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.”—Lododowo 15:1.

14 Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nade ŋugble le nuxlɔ̃menya si le Lododowo 17:14 ŋu be: “Dzudzɔ hafi ne wòava do gã.” Dzudzɔ nàbu nɔnɔmea si ate ŋu ado gã la ŋu. Emegbe, ne dzikua nu fa la, ɖewohĩ miate ŋu akpɔ kuxia gbɔ le ŋutifafa me. Le go aɖewo me la, anyo be miabia Kristotɔ dzikpɔla tsitsi aɖe ƒe kpekpeɖeŋu. Ŋutsu kpɔnuteƒe, veveseɖeamenula siawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si ana wò dzi nadze me ne srɔ̃ɖeɖemeŋutifafa ɖo afɔku me la wò.—Yesaya 32:1, 2.

Amesiwo Wɔa Nu le Ŋutifafa me le Hamea Me

15. Nɔnɔme gbegblẽ kae Yakobo gblɔ be edo mo ɖa le Kristotɔ aɖewo dome, eye nukatae nɔnɔme ma nye “anyigbadzitɔ,” ‘lã tɔ,’ kple “gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ”?

15 Nublanuitɔe la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo ɖe ŋuʋaʋã kple dzrehehe ƒe gbɔgbɔ fia—si mewɔ ɖeka kple ŋutifafa kura o. Yakobo gblɔ be: “Nunya sia la menye dziƒo wòtso o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, [lã tɔe NW], gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe. Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.” (Yakobo 3:14-16) Ame aɖewo xɔe se be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzrehehe” fia ɖokuitɔdidi, kple nɔƒe ʋiʋli. Eyata susu nyui tae Yakobo yɔe be enye ‘anyigbadzitɔ, lã tɔ, kple gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ’ ɖo. Le ŋutinyawo katã me la, xexeame dziɖulawo hea nya, abe lã wɔadãwoe le dzre wɔm kple wo nɔewo ene. Dzrehehe nye ‘anyigbadzinu’ kple ‘lãnu’ nyateƒe. Enye “gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ” hã. Mawudɔla si fiaɖuɖu dzrona vevie si tsi tre ɖe Yehowa Mawu ŋu heva zu Satana, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la, enye ame gbãtɔ si to ayemenu sia vɛ.

16. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo ɖe nɔnɔme si le abe Satana tɔ ene fiae?

16 Yakobo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woatsri nɔnɔme siwo hea dzrewɔwɔ vɛ, elabena mehea ŋutifafa vɛ o. Eŋlɔ bena: “Afikae aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ðe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me o mahã?” (Yakobo 4:1) “Nudzodzro” si woyɔ le afisia ate ŋu afia ŋubiabiã ɖe ŋutilãmenuwo ŋu alo gãnyenye, dziɖuɖu, alo ŋusẽkpɔɖeamedzi didi. Abe Satana ene la ate ŋu adzɔ be hamea me tɔ aɖewo adi be yewoanye ameŋkutawo, wu be woanye ame ‘suetɔ’ siwo Yesu gblɔ be ye yomedzela vavãtɔwo anye la. (Luka 9:48) Nɔnɔme sia ate ŋu agblẽ ŋutifafa si le hamea me la me.

17. Aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu awɔ nu le ŋutifafa me le hamea me?

17 Egbea, ele be míawo hã míatsri ŋutilãmenudidi, ŋuʋaʋã, alo taɖodzinu dzodzro didi. Ne míenye amesiwo wɔa nu le ŋutifafa me nyateƒe la, vɔvɔ̃ maɖo mí ne hamea me tɔ aɖewo bi le dɔ aɖewo wɔwɔ me wu mí o, eye míagblẽ wo ŋu le ame bubuwo gbɔ to ɖeklemiɖeɖe woƒe dɔwɔnawo o. Ne ŋutete tɔxɛ aɖe le mía si la, míawɔ eŋudɔ be woakpɔ be míenyo wu ame bubuwo o, abe ɖe míedi be míafia be míaƒe ŋutete kple nunya manɔmee la hamea makpɔ dzidzedze o ene. Nɔnɔme sia ate ŋu ahe mama vɛ; ke menye ŋutifafa o. Amesiwo wɔa nu le ŋutifafa me medana ɖe woƒe ŋutetewo ta o, ke boŋ wowɔa eŋudɔ ɖokuibɔbɔtɔe tsɔ kpena ɖe wo nɔviwo ŋu be wòahe kafukafu vɛ na Yehowa. Wonya be mlɔeba la, lɔlɔ̃e dea dzesi Kristotɔ vavã—menye ŋutetee o.—Yohanes 13:35; Korintotɔwo I, 13:1-3.

‘Ŋutifafa Anye Tatɔ Na Wò’

18. Aleke hamemegãwo wɔa nu le ŋutifafa me le wo nɔewo dome?

18 Hamemegãwo xɔa ŋgɔ wɔa nu le ŋutifafa me. Yehowa gblɔ nya ɖi le eƒe amewo ŋu be: “Matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” (Yesaya 60:17) Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖinya siawo la, amesiwo nye Kristotɔ alẽkplɔlawo dzea agbagba be ŋutifafa nanɔ woa ŋutɔwo kple alẽha la dome. Hamemegãwo ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ woa ŋutɔwo dome ne woɖe dɔmefafa kple tufafa ƒe “nunya, si tso dziƒo” fia. (Yakobo 3:17) Esi wotso teƒe vovovowo eye agbemenuteƒekpɔkpɔ vovovowoe le wo si ta la, hamemegã siwo le hamea me la ƒe nukpɔsusuwo ato vovo ɣeaɖewoɣi. Ðe esia fia be ŋutifafa mele wo dome oa? Mafia nenema o ne wokpɔ nɔnɔmea gbɔ nyuie. Amesiwo wɔa nu le ŋutifafa me gblɔa woƒe susuwo ɖokuibɔbɔtɔe heɖoa to ame bubuwo tɔ bubutɔe. Le tɔtete ɖe eya ŋutɔ ƒe susuwo dzi teƒe la, amesi wɔa nu le ŋutifafa me tsɔa gbedodoɖa bua nɔvia ƒe nukpɔsusu ŋu. Ne menye Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke dzie woda le o la, zi geɖe la mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi be woawɔ nukpɔsusu vovovowo ŋudɔ. Ne ame bubuwo mewɔ ɖeka kplii o la, amesi wɔa nu le ŋutifafa me alɔ̃ ɖe ame akpa gãtɔ ƒe nyametsotso dzi ahakpe asi ɖe eŋu. To nusia wɔwɔ me la, aɖee fia be ame fatue yenye. (Timoteo I, 3:2, 3) Dzikpɔla siwo kpɔ nuteƒe nya be ŋutifafa ta kpɔkpɔ le vevie wu ame ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.

19. Aleke hamemegãwo wɔa nui be ŋutifafa nanɔ hamea me?

19 Hamemegãwo wɔa nu le ŋutifafa me kple alẽawo to kpekpe ɖe wo ŋu me ke menye vodada didi madzemadzee le woƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Enye nyateƒe be ahiã be woaɖɔ ame aɖewo ɖo ɣeaɖewoɣi ya. (Galatiatɔwo 6:1) Gake menye Kristotɔ dzikpɔla ƒe dɔ vevitɔe nye be wòahe to na ame o. Zi geɖe la, ekafua ame. Hamemegã lɔ̃amewo dzea agbagba be yewoakpɔ ame bubuwo ƒe nɔnɔme nyuiwo. Dzikpɔlawo kpɔa ŋudzedze ɖe hati Kristotɔwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu, eye kakaɖedzi nɔa wo si be wo nɔvi haxɔsetɔwo le wo tɔ sinu wɔm.—Korintotɔwo II, 2:3, 4.

20. Mɔ ka nue woaɖe vi na hamea le ne amesiame wɔ nu le ŋutifafa me?

20 Eyata, eɖanye le ƒomea me o, le hamea me o, alo le nu wɔwɔ kple amesiwo le xɔse bubu aɖe me o, míedzea agbagba be míawɔ nu kpli wo le ŋutifafa me, be míanɔ anyi le ŋutifafa me. Ne míedo vevie le ŋutifafa yometiti me la, míana dzidzɔ nanɔ hamea me. Le ɣeɣiɣi ma ke me la, akpɔ mía ta eye wòado ŋusẽ mí le mɔ geɖe nu, abe alesi míakpɔe le nyati si akplɔe ɖo me ene.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae wòfia be woawɔ nu le ŋutifafa me?

• Aleke míate ŋu awɔ nu le ŋutifafa me kple amesiwo menye Ðasefowo o?

• Mɔ siwo dzi míato ati ŋutifafa yome le ƒomea me la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke hamemegãwo ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ hamea mee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Amesiwo wɔa nu le ŋutifafa me ƒoa asa na ɖokuidodoɖedzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Kristotɔwo wɔa nu le ŋutifafa me le subɔsubɔdɔa me, le aƒeme, kple le hamea me