Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míenye Amegãxiwo Tsã—Fiafia Míezu Alẽwo!

Míenye Amegãxiwo Tsã—Fiafia Míezu Alẽwo!

Míenye Amegãxiwo Tsã—Fiafia Míezu Alẽwo!

Esi mía kple Sakina míenye ɖeviwo la, míenye aƒelikawo. Sakina lolo hetri, ke nye ya menɔ sue tsralɛ. Míewɔa dzre enuenu, gake gbeɖeka la míewɔ avu vevie. Tso ŋkeke ma dzi la, míegaƒoa nu na mía nɔewo alo doa gbe na mía nɔewo o. Mlɔeba, mí ame evea siaa míeva ʋu dzo eye mía dometɔ aɖeke meganya afisi nɔvia le o.

Le ƒe 1994 me la, medze Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo gɔme, eye vivivi la, nye agbenɔnɔ va trɔ. Esi meyi míaƒe Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ le Bujumbura, Burundi, le ƒe ene megbe la, nye nu ku esi medo go Sakina. Dzi dzɔm be eya hã va, gake vividoɖeameŋu menɔ míaƒe gbedonamea me o. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mekpɔe le nyɔnyrɔxɔlawo dome emegbe le ŋkekea me! Eya hã trɔ kura. Meganye dzrewɔla si mewɔa dzre kplii enuenu la o. Dzi dzɔ kae nye esi wònye be mekpɔe wòtsɔ nyɔnyɔxɔxɔɖetsime le kpe ɖom eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi le dutoƒo!

Esime wòdo go tso tsia me la meɖa abla va kpla asi kɔ nɛ hedo dãli ɖe to me nɛ be: “Eɖo ŋku alesi míewɔ avu va yi la dzia?” Egblɔ be: “Ẽ, meɖo ŋku edzi, gake gbaɖegbe nyawoe nye ma. Fifia mezu ame yeye.”

Dzi dzɔa mía kple evea siaa be míeke ɖe Biblia ƒe nyateƒea si wɔa amewo ɖekae ŋu eye be míetrɔ míaƒe amegaxi nɔnɔme siwo nɔ mía si la zu Alẽkplɔla Gã, Yehowa Mawu, ƒe alẽwo. Nyateƒe, Biblia ƒe nyateƒea trɔa amewo ƒe agbenɔnɔ.