Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nukae Di Be Yeado Mo Ða le France?”

“Nukae Di Be Yeado Mo Ða le France?”

“Nukae Di Be Yeado Mo Ða le France?”

“Ablɔɖe, ablɔɖe lɔlɔ̃a,” nye nya siwo le “La Marseillaise,” si nye Francetɔwo ƒe duha me. Ðikeke mele eme o be ablɔɖe nye nusi ŋu wòle be woade asixɔxɔe. Gake nusiwo dzɔ nyitsɔ laa le France na amewo tsi dzi be wole aɖaba ŋem ƒu ablɔɖe vevitɔwo dzi. Esia ta le Fiɖa, November 3, 2000, dzi la, Yehowa Ðasefo akpe nanewo ma trakt tɔxɛ aɖe si ƒe ŋkɔe nye “Nukae Di Be Yeado Mo Ða le France? Ðe Ablɔɖe Agatrɔ Gbɔa?” miliɔn 12 sɔŋ.

LE ƑE siwo va yi me la, dunyahela vovovowo kple habɔbɔ siwo tsri kɔmamã ƒe ƒuƒoƒowo dze Yehowa Ðasefowo dzi le France. Esia he nɔnɔme sesẽ geɖe vɛ na Ðasefo ɖekaɖekawo, woƒe hamewo, kple wo dometɔ siwo le dukɔ bliboa me. Gake le June 23, 2000, dzi la, Conseil d’État, si nye France ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ wɔ nyametsotso vevi aɖe si wɔ ɖeka kple nukpɔsusu si nɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe suesue 31 si le senya siwo wu 1,100 me. Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔa tso nya me be Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔnuwɔnawo wɔ ɖeka bliboe kple Franseawo ƒe sewo eye be ele be woaɖe adzɔxexe ɖa le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo dzi abe alesi wòle le subɔsubɔha bubuwo gome ene.

Gake France Dziɖuɖu ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Ganyawo Gbɔ ŋe aɖaba ƒu nyametsotso sia dzi gbidii eye wòyi edzi gbe Yehowa Ðasefowo ɖeɖe le adzɔxexe ƒe ɖoɖo sia si sea wɔ na subɔsubɔhawo me. Dɔwɔƒea bia tso Ðasefoawo si be woanɔ ga siwo woa kple wo xɔlɔ̃wo dzɔna le hame 1,500 me le France ƒe alafa memama 60 xem adzɔe na dziɖuɖua. Wole nya sia hem le setɔwo gbɔ fifia.

Taɖodzinu si nɔ agbalẽmamadɔ si ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋu enye be wòaɖe nuwɔna masɔmasɔ sia ɖe go eye be wòaklo nu le afɔku siwo le adzɔxexe ma si mele se nu o, kple se siwo wɔm wole be woatsɔ atu afɔkpo amesiame ƒe subɔsubɔblɔɖee dzi. *

Ŋkeke Blibo Aɖe

Le fɔŋli ga eve me la, Ðasefo siwo tso hame aɖewo me te emama le ketekedzeƒewo kple adzɔnuwɔƒewo kple emegbe le yameʋudzeƒewo. Kaka ga ade naƒo la, amewo yɔ Paris ƒe ablɔwo dzi. Woɖo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 6,000 ɖe teƒe veviwo be woado go amesiwo va yina woƒe dɔwɔƒewo. Ðetugbi aɖe gblɔ be: “Nusi wɔm miele le subɔsubɔblɔɖe ta la nyo ŋutɔ. Menye Yehowa Ðasefowo ɖeɖekoe wòlɔ ɖe eme o.” Le Marseilles la, Ðasefo siwo wu 350 ma traktawo le tomemɔ ƒe teƒe si ketekewo dzena ɖo kple le ablɔwo dzi. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, dukɔa ƒe radiodɔwɔƒe ɖe gbeƒã agbalẽmamadɔa, hegblɔ na nyaselawo be megawɔ mo ya na wo ne Yehowa Ðasefowo te ɖe wo ŋu o. Le Strasbourg, afisi Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe le la, mɔzɔlawo ɖo fli le ʋuɖoƒe dzigbɔɖitɔe na agbalẽvia xɔxɔ. Senyala aɖe gblɔ be togbɔ be menye dzixɔse ɖekae le mía kpli ye si o hã la, yetsɔ didi vevie le ŋku lém ɖe míaƒe senya la ŋu, esi agbagba si dzem míele la le vevie hesɔ ta.

Le ga enyi me, togbɔ be tsi gã aɖe dza hã la, Ðasefo 507 siwo le Alpine ƒe dugã si nye Grenoble me tsa le ablɔ ɖesiaɖe dzi alo wotsɔ traktawo de lɛtaɖakawo me. Esi ʋu vi kple ʋu gã kulawo de dzesi nusi nɔ edzi eyim la, wotɔ woƒe ʋuwo be yewoaxɔ trakt la. Le ɣetoɖoƒe dugã si nye Poitiers me la, mɔzɔla siwo nɔ ɖiɖim le keteke me le ga asieke me xɔ trakt la xoxo le afisi wotso. Woma trakt la ƒe agbɔsɔsɔ si nye 40,000 le Mulhouse si te ɖe Germany liƒo ŋu xoxo.

Kaka ga ewo naƒo la, hame geɖewo ma trakt si nɔ wo si ƒe afã alo esi wu ema xoxo. Esi ŋua nɔ kekem la, ame ʋɛ aɖewo koe gbe exɔxɔ, eye dzeɖoɖo lédziname geɖewo dze egɔme. Le Besançon, si didi kilometa 80 tso Switzerlandtɔwo ƒe liƒo gbɔ la, ɖekakpui aɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Biblia ŋu eye wòbia susu si ta Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu. Ðasefoa kpee be wòava Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe egbɔ me hena dzeɖoɖoa dzi yiyi, afisi wòzã agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? tsɔ dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii enumake le.

Le ŋdɔ me la, Ðasefo geɖe zã woƒe ŋdɔnuɖuɣi tsɔ ɖe gbeƒã gaƒoƒo ɖeka alo eve. Le ɣetrɔa katã me la, hame gbogbo aɖewo nɔ agbalẽa mama dzi vaseɖe esime wowu enu le ga etɔ̃ kple ga ene me lɔƒo. Le dugã si nye Reims me la, ame geɖe siwo de ha kple Yehowa Ðasefowo kpɔ la di vevie be yewoaga dze hadede gɔme kple hamea. Wodze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ etɔ̃ wɔwɔ gɔme le Bordeaux. Le du ma ke me la, Ðasefo aɖe ge ɖe nyadzɔdzɔgbalẽdzraƒe aɖe eye wòkpɔ trakt siawo ƒe ɖe le kplɔ̃ dzi. Nudzrala la si nye Ðasefo tsã lae xɔ trakt la eye esi wòkpɔ eƒe vevienyenye la, egbugbɔ wɔ eƒe fotokɔpi geɖe be yeama.

Le Normandy ƒe akpa si nye Le Havre la, dzidzi ƒo Protestant ɖetugbi aɖe si see le radio dzi be woka adzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nudzɔdzɔwo ŋu. Exɔ trakt la kple dzidzɔ eye wòkafu Ðasefowo ɖe alesi wote afɔ ɖe to sesĩe ɖe madzɔmadzɔnyenye sia ŋu vɔvɔ̃manɔmee la ta. Le fiẽ ga 7:20 me la, Lyons nutoa me ƒe television nyadzɔdzɔwo ƒo nu tso agbalẽmamadɔa ŋu be: “Ŋdi sia la enɔ bɔbɔe be woasi le tsigege toŋtoŋ nu tsɔ wu be woaƒo asa na Yehowa Ðasefowo ƒe traktwo.” Wobia gbe Ðasefo eve eye woɖe taɖodzinu si le agbalẽmamadɔa ŋu me.

Ðasefo siwo di be yewoakpɔ gome le emama me esime wokpã le dɔ me ma trakt la na mɔzɔlawo eye wode ɖewo lɛtaɖakawo me. Le duwo abe Brest kple Limoges ene—siwo xɔ ŋkɔ le anyinuwo wɔwɔ me—me la, amesiwo kpã tso sinema kpɔƒe le zã 11:00 mee nye ame mamlɛ siwo xɔ trakt la le ŋkeke ma me. Woƒo trakt mamlɛawo nu ƒu heyi emama dzi le ŋufɔke.

Emetsonuwo

Ðasefo aɖe ŋlɔ be: “Míaƒe futɔwo susui be yewole nu gblẽm le mía ŋu. Le nyateƒe me, nusi to vovo na emae le dzɔdzɔm.” Le hame geɖewo me la, Ðasefo siwo wu 75 le alafa me ye kpɔ gome le eme le ŋkeke ma dzi, esime ɖewo zã gaƒoƒo 10, 12, alo 14 le dɔa wɔwɔ me. Le Hem si le France dziehe gome la, Ðasefo aɖe ma trakt la tso ŋdi ga atɔ̃ vaseɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me le zãdɔ wɔwɔ vɔ megbe. Le Denain afisi woɖo hame le tso ƒe 1906 me la, Ðasefo 75 zã gaƒoƒo 200 le trakt la mama me le Fiɖagbe. Le ame bubuwo gome la, togbɔ be tsitsi, lãmegbegblẽ, kple xexeame ƒe nɔnɔme madeamedzi ɖe fu na wo hã la, woɖoe kplikpaa be yewoakpɔ gome le dɔa wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, le Mans la, ame etɔ̃ siwo le woƒe ƒe 80-awo me zã gaƒoƒo eve tsɔ traktawo de lɛtaɖakawo me, eye Ðasefo aɖe si le bunɔwo ƒe keke me la ma trakawo le ketekedzeƒe. Aleke gbegbe wòdea dzi ƒoe nye si be woakpɔ Ðasefo gbogbo siwo megadea gbeadzi tsã o be woawo hã kpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me!

Ðikeke mele eme o be agbalẽmamadɔ sia nye ɖaseɖiɖi geɖe. Ameƒomevi vovovo siwo dometɔ geɖe wòsesẽna be woado go wo le aƒeme la xɔ trakt sia ƒe ɖe. Ame geɖe see le wo ɖokui me be menye Ðasefowo ɖeɖeko ƒe gomenɔamesi tae woʋli o. Ame geɖe kpɔe be enye Franseawo katã ƒe dzitsinya kple subɔsubɔ ƒe ablɔɖe takpɔkpɔ. Esia ƒe kpeɖodzi enye alesi amehawo bia be woagana trakt sia ƒe ɖe yewo ne yewoatsɔe ana yewo xɔlɔ̃wo, zɔhɛwo, alo ƒometɔwo.

Nyateƒee, enye dada na Yehowa Ðasefo siwo le France be woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ eye be woakpɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ta. (Petro I, 3:15) Enye woƒe mɔkpɔkpɔ vevie be ‘yewoanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me le mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã me,’ eye be ame akpe geɖe nava wɔ ɖeka kpli wo le wo Fofo si le dziƒo, Yehowa, kafukafu me.—Timoteo I, 2:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Wowɔ agbalẽmamadɔ ma tɔgbe le January 1999 me be woatsɔ atsi tre ɖe vovototodede subɔsubɔhawo me ŋu. Kpɔ August 1, 1999, Gbetakpɔxɔ, axa 9, kple ƒe 2000 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 24-6.