Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Kolosetɔwo 1:16 gblɔ le Mawu ƒe Vi ŋu be “wowɔ nuwo katã to eyama me eye wowɔ wo hena eyama.” Gɔmesese ka nue wowɔ nuwo katã “hena” Mawu ƒe Vi Yesu le?

Yehowa zã eƒe Tenuvi wònye dɔnunɔla le nu bubu siwo nye nusiwo to vovo na Yesu ŋutɔ wɔwɔ me. (Lododowo 8:27-30; Yohanes 1:3) Esɔ be Vi la nakpɔ dzidzɔ le nu siawo ŋu, eye gɔmesese sia nue wowɔ wo “hena” eyama ɖo.

Míenyae be dzila siwo nye amegbetɔwo kpɔa mɔ be vi siwo yewodzi ana yewoakpɔ dzidzɔ eye zi geɖe la, wokpɔa dzidzɔ geɖe le wo vi—siwo nye viŋutsu kple vinyɔnuwo ŋu. Esia tae Biblia ƒe lododo ƒo nu tso “vi si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o” ŋu. (Lododowo 3:12; 29:17) Nenema ke Yehowa Mawu kpɔ dzidzɔ geɖe le Israel-viwo ŋu esime wowɔ nuteƒe nɛ. (Psalmo 44:4; 119:108; 147:11) Egakpɔa dzidzɔ le eƒe mawumemewo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu egbea hã.—Lododowo 12:22; Hebritɔwo 10:38.

Eyata esɔ be Mawu nana eƒe hadɔwɔla, Yesu, nakpɔ dzidzɔ le eƒe nuwɔwɔwo ŋu. Le nyateƒe me, Lododowo 8:31 gblɔ be Vi la ‘kpɔ dzidzɔ ɖe anyigba wɔnu si wòwɔ la ŋu, eye nusiwo doa dzidzɔ nɛ koŋue nye amegbetɔviwo.’ Gɔmesese sia nue Kolosetɔwo 1:16 gblɔ le be: “Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama” ɖo.