Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nane Ate Ŋu Ana Woawɔ Ðeka Vavãa?

Ðe Nane Ate Ŋu Ana Woawɔ Ðeka Vavãa?

Ðe Nane Ate Ŋu Ana Woawɔ Ðeka Vavãa?

NUKAWO ke dzie nèɖaxɔ se o, ɖewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be nyateƒe lɔ̃la aɖewo le subɔsubɔhawo katã kloe me. Míate ŋu akpɔ amesiwo kpɔa ŋudzedze deto ɖe nusi nye nyateƒe ŋu hedi be yewoadi eyome mɔ la le Hindutɔwo, Katolikotɔwo, Yudatɔwo, kple bubuawo dome. Ke hã edze abe ɖe mawusubɔsubɔ le ameƒomea me mam ene. Ame aɖewo toa mawusubɔsubɔ gɔ̃ hã dzi wɔa nugbegblẽwo. Ðe wòate ŋu adzɔ be anukwaretɔ siwo le subɔsubɔhawo katã me eye wolɔ̃a nu dzɔdzɔe kple nyateƒe la nava wɔ ɖeka gbaɖegbea? Ðe woate ŋu aƒo wo nu ƒu ɖekae ɖe tameɖoɖo ɖeka taa?

Aleke wòheɖea fu enye si be woakpɔ be mawusubɔsubɔ le edzi le mama dem amewo me! Bu aʋa siawo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Hindutɔwo wɔ aʋa kple Buddhatɔwo le Sri Lanka. Protestanttɔwo, Katolikotɔwo, kple Yudatɔwo kɔ ʋu ɖi le aʋa vovovowo me. “Kristotɔwo” wɔ aʋa kple Moslemtɔwo le Bosnia, Chechnya, Indonesia, kple Kosovo. Eye le March 2000 me la, Nigeriatɔ 300 ku esi wowɔ avu ŋkeke eve le mawusubɔsubɔ ta. Le nyateƒe me la, alesi subɔsubɔhawo me nɔlawo lé fu wo nɔewoe na dzrehehe siawo do gã ɖe edzi.

Nu vlo siwo wowɔna le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me la wɔa nuku na dzianukwaretɔwo zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ nuku na sɔlemedela geɖe be sɔlemeha aɖewo ɖe asi le subɔsubɔhakplɔla siwo dɔ ɖeviwo gbɔ ŋu be woayi woƒe dɔ dzi. Ekpea ŋu na xɔsetɔ bubuwo ŋutɔ be mama ɖo yeaɖi Kristo-ha geɖe me le ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ kpakple fuɖeɖe ŋu nyawo ta. Edze ƒã be mawusubɔsubɔ mena amewo wɔ ɖeka o. Ke hã nyateƒelɔ̃la vavãwo le subɔsubɔha geɖe me, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la fia ene.

Wodi Nyateƒea Vevie

Fidelia nye tadeagula veviedonula si tsɔ eɖokui ke le San Francisco ƒe Katoliko-ha si le La Paz, Bolivia, me. Edzea klo ɖe Maria ƒe nɔnɔmewɔwɔ ŋgɔ hedaa bosomikaɖi nyuitɔ kekeake si wòate ŋu aƒle la ɖe atitsoga ŋgɔ. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, etsɔa nuɖuɖu gbogbo aɖe naa nunɔlaa be wòama na ame dahewo. Gake womede mawutsi ta na Fidelia ƒe vi atɔ̃ hafi woku le vidzĩ me o. Esi nunɔla la gblɔ nɛ be wo katã wole fu kpem le Limbo ƒe viviti me la, Fidelia bia be, ‘Ne Mawu nye lɔlɔ̃tɔ kple dɔmenyotɔ la, nukatae wòawɔ nusia?’

Wonyi Tara, amesi nye ɖɔkta, le Hindu ƒome aɖe me le Kathmandu, Nepal. Elé tɔgbuiawo ƒe blema kɔnuwo me ɖe asi hesubɔ eƒe mawuwo le Hindu gbedoxɔwo me eye legbawo nɔ esi le aƒeme. Gake biabia siwo ɖe fu na Tara ƒe ɖewoe nye: Nukatae fukpekpe li alea gbegbe ɖo? Nukatae amewo kuna? Eƒe subɔsubɔhaa mete ŋu na ŋuɖoɖo siwo me kɔ lae o.

Ame bubue nye Panya, si tsi le Buddhatɔwo ƒe aƒe aɖe me le tsimɔ aɖe to le Bangkok, Thailand. Wofiae be nusiwo ame wɔ le agbe si wònɔ va yi mee naa wòkpea fu eye ne amea ɖe asi le dzodzrowo katã ŋu ko hafi wòavo tso fukpekpea me. Abe alesi wòle le Buddhatɔ dovevienu bubuwo gomee ene la, wofiae be wòade bubu deto saɖagaxɔmenɔla siwo doa awu ʋlaya aŋutiɖiɖitɔwo eye wovaa aƒea me fɔŋli ɖesiaɖe va biaa nu la ŋu. Enɔa ŋugbledede dzi hefɔ Buddha ƒe kpememewo tɔ kpɔe ɖe eɖokui ŋu hexɔe se be woakpɔ ye ta. Esi afɔku dziŋɔ aɖe dzɔ ɖe Panya dzi si na wòtu tso eƒe ali gbɔ yi afɔ gɔme la, ede Buddhatɔwo ƒe saɖagaxɔwo me henɔ mɔ kpɔm vevie be woayɔ dɔ ye nukutɔe. Mekpɔ dɔyɔyɔ alo gbɔgbɔmenumekɔkɔ aɖeke o. Ðe eteƒe la, wokplɔe de gbɔgbɔyɔyɔ me eye wòva nɔ gbɔgbɔ yɔm.

Wodzi Virgil le United States eye wòva ɖo Ame Yibɔ Moslemtɔwo ƒe ha me le kɔledzi. Etsɔ dzonɔameme ma woƒe agbalẽ siwo gblɔ be yevuwoe nye Abosam. Wobui be eyatae yevuwo sẽa ŋuta geɖe le ame yibɔwo ŋu ɖo. Togbɔ be Virgil xɔ nufiafia mawo dzi se tso dzi me hã, biabia siwo ɖe fu nɛ ƒe ɖewoe nye: Aleke wòadzɔe be yevuwo katã nanye ame gbegblẽwo? Eye nukatae wònye ga ŋu koe mawunya akpa gãtɔ kuna ɖo?

Togbɔ be Anyiehe Amerika ƒe akpa si Katoliko-ha xɔ aƒe ɖoe Charo tsi le hã la, enye Protestanttɔ dovevienu aɖe. Edzɔ dzi nɛ be yemenye trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo ƒo xlã ye la ƒe akpa aɖeke o. Charo kpɔa dzidzɔ ɖe sɔleme yiyi Kwasiɖa ɖesiaɖe ŋu, afisi amewo ƒe seselelãme dea dzi le eye wòdoa “Haleluya” ɣliwo le hekpɔa gome le sɔlemehawo dzidzi kple ɣeɖuɖu si kplɔnɛ ɖo me. Charo xɔe se vevie be yekpɔ ɖeɖe eye be wogbugbɔ ye gadzi. Edzɔa eƒe fetu ƒe akpa ewolia naa sɔlemeha la, eye ne television dzi mawunyagblɔla si ƒe nu dzɔa dzi nɛ bia nudzɔdzɔwo la, eɖoa ga ɖa be woaɖo ɖe ɖevi siwo le Afrika. Gake esi wòbia woƒe kplɔla be nukatae lɔlɔ̃ ƒe Mawu la wɔa fu luʋɔwo le dzomavɔ me la, ede dzesii be ŋuɖoɖo ɖɔʋu aɖeke menɔ esi o. Emegbe eva kpɔe hã be wometsɔa nu siwo yedzɔna la kpena ɖe ɖevi siwo le Afrika ŋu o.

Togbɔ be ame atɔ̃ siawo tso teƒe vovovowo hã la, nu ɖeka aɖe dze le wo ŋu. Wolɔ̃ nyateƒe hedi vevie be yewoakpɔ ŋuɖoɖo vavãwo na yewoƒe biabiawo. Gake ɖe woate ŋu awɔ ɖeka ŋutɔŋutɔ le tadedeagu vavãtɔ mea? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia ma ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðe wòanya wɔ be amesiwo tso teƒe vovovowo nawɔ ɖeka ŋutɔŋutɔa?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

G.P.O., Jerusalem