Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yehowa Adudu Eƒe Yayra Ðe Dziwòa?

Ðe Yehowa Adudu Eƒe Yayra Ðe Dziwòa?

Ðe Yehowa Adudu Eƒe Yayra Ðe Dziwòa?

“Ne èɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe la, ekema yayra siawo katã ava dziwò, eye woaɖi na wò.”—MOSE V, 28:2.

1. Nukae afia ne Israel-viwo axɔ yayra alo fiƒode?

LE Israel-viwo ƒe ƒe 40 gbedzimɔzɔzɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba. Ŋugbedodonyigbaa nɔ wo ŋgɔ ɖaa. Ɣemaɣie Mose ŋlɔ eƒe Agbalẽ Atɔ̃lia, si me yayra vovovowo kple fiƒodewo dze le. Ne Israel-dukɔa ‘yi edzi ɖo to Yehowa ƒe gbe’ to eƒe nyawo dzi wɔwɔ me la, ‘adudu’ eƒe yayra ɖe wo dzi. Esi wonye Yehowa “ŋutɔ ƒe dukɔ” ta la, elɔ̃ wo eye wòdi be yeazã yeƒe ŋusẽ le wo ta. Gake ne womeyi edzi ɖo to eyama o la, nenema kee fiƒode hã ava wo dzii.—Mose V, 8:10-14; 26:18; 28:2, 15.

2. Gɔmesese kae le Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe le Mose V, 28:2 be ‘yi edzi nàɖo to’ kple ‘gba go’ la ŋu?

2 Hebrigbe me dɔwɔnya siwo gɔme woɖe le Mose V, 28:2 be ‘yi edzi nàɖo to’ la fia nuwɔwɔ ɣesiaɣi. Menye ɣeaɖewoɣi koe wòle be Yehowa ƒe amewo naɖo toe ko evɔ o; ele be woayi edzi aɖo toe le nusianu me. Ema koe ana woaxɔ Mawu ƒe yayra gbagowo. Wode dzesii be Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘dudu’ la nye nya si wogblɔna wòfiana zi geɖe be “woakplɔ nane ɖo atui” alo “ake ɖe nane ŋu.”

3. Mɔ ka nue míate ŋu anɔ abe Yosua ene le, eye nukatae esia le vevie ŋutɔ?

3 Israel-viwo kplɔla Yosua tiae be yeaɖo to Yehowa eye wòto ema me xɔ yayrawo. Yosua gblɔ be: “Mitia, amesi subɔ ge miala, egbea . . . Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!” Tete dukɔ la ɖo eŋu be: “Nede megbe xaa tso mía gbɔ be, míagblẽ Yehowa ɖi asubɔ mawu bubuwo!” (Yosua 24:15, 16) Le nɔnɔme nyui si Yosua ɖe fia ta la, enɔ eŋɔlimetɔ ʋɛ siwo si mɔnukpɔkpɔ su woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi la dome. Egbea la, míeɖo afisi ƒo Ŋugbedodonyigba la ta sasasã—si nye paradisonyigba, si dzi amesiwo katã ŋu Mawu akpɔ ŋudzedze ɖo axɔ yayra siwo lolo sasasã wu Yosua ƒe ŋkekea me tɔwo le—la ƒe agbo nu tututu. Àxɔ yayra gbago siawoa? Àxɔ wo ne èyi dzi ɖo to Yehowa. Be nàte ŋu ado ŋusẽ wò tameɖoɖo be yeawɔ nu alea la, de ŋugble le blema Israel-dukɔa ƒe ŋutinya kple ame aɖewo siwo nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo na mí la ŋu kpɔ.—Romatɔwo 15:4.

Yayra alo Fiƒode?

4. Le Salomo ƒe gbedodoɖaa ŋu ɖoɖo me la, nukae Mawu nɛ, eye aleke wòle be míase le mía ɖokui me tso yayra mawo ŋu?

4 Le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi ƒe akpa gãtɔ me la, Israel-viwo xɔ yayra wɔnukuwo tso Yehowa gbɔ. Wonɔ ŋutifafa me eye nu nyui geɖe nɔ wo si. (Fiawo I, 5:5) Togbɔ be Salomo mebia Mawu be wòana ŋutilãmekesinɔnuwo ye o hã la, ekpɔ ho eteƒe mekɔ o. Ke boŋ, esime wòkpɔtɔ nye ɖekakpui eye nuteƒekpɔkpɔ mele esi o la, edo gbe ɖa be woana dzi nyanu ye—eye Yehowa ɖo eƒe biabiaa ŋu hetsɔ nunya kple nugɔmesese yrae. Esia kpe ɖe Salomo ŋu wòdrɔ̃ ʋɔnu na dukɔa nyuie hete ŋu de vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Togbɔ be Mawu na kesinɔnu kple ŋutikɔkɔe Salomo hã la, enye ɖekakpui si de asixɔxɔ gã gbɔgbɔmekesinɔnu ƒe asixɔxɔ si ɖeke mesɔ kplii o la ŋu. (Fiawo I, 3:9-13) Ne nu geɖe ɖale mía si le ŋutilãme alo mele mía si o, aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si ne Yehowa yra mí eye míenye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me!

5. Nukae dzɔ esime Israel kple Yuda viwo meyi edzi ɖo to Yehowa o?

5 Israel-viwo mekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe yayrawo ŋu o. Esi womeyi edzi ɖo toe o ta la, fiƒode siwo wogblɔ ɖi la va wo dzi. Esiae na woƒe futɔwo ɖu wo dzi eye woɖe Israel kple Yudatɔwo aboyoe. (Mose V, 28:36; Fiawo II, 17:22, 23; Kronika II, 36:17-20) Ðe Mawu ƒe amewo srɔ̃ nu tso fukpekpe siawo me be amesiwo yia edzi ɖoa to Yehowa koe xɔa Mawu ƒe yayra gbagowoa? Mɔnukpɔkpɔ su Yudatɔ susɔe siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me si be woaɖee afia nenye be “dzi nyanu” su wo si eye fifia wokpɔ alesi wòhiãe be woayi edzi aɖo to Yehowae la dze sii.—Psalmo 90:12.

6. (a) Nukatae Yehowa dɔ Xagai kple Zaxarya be woagblɔ nya ɖi ɖe yeƒe amewo ŋu? (b) Gɔmeɖose kae dze le nya si Mawu gblɔ to Xagai dzi la me?

6 Yudatɔ siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi la ɖi vɔsamlekpui eye wodze gbedoxɔ si le Yerusalem la ŋu dzadzraɖo dɔwo gɔme. Gake esime tsitretsiɖeŋu si nu sẽ va wo dzi la, dzo si nɔ wo me nu te fafa eye wodzudzɔ xɔtudɔa wɔwɔ. (Ezra 3: 1-3, 10; 4:1-4, 23, 24) Azɔ hã wote nusiwo ana woƒe dzi nadze eme la ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ. Eyata Mawu ɖo nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya ɖa be woagbugbɔ ade dzo yeƒe amewo me ɖe tadeagu dzadzɛa ŋu. Yehowa gblɔ to Xagai dzi be: “Azã de na miawo ya, be mianɔ xɔ, siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, eye xɔ sia [si nye tadeaguƒe] ya nanye glikpo anɔ anyia? . . . Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu: Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋɛ aɖe ko mieŋe; mieɖu nu, meɖi ƒo na mi o; . . . miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.” (Xagai 1:4-6) Asiɖeɖe le gbɔgbɔmenuwo ŋu ɖe ŋutilãmeviɖewo yometiti ta menaa Yehowa ƒe yayra nɔa ame dzi o.—Luka 12:15-21.

7. Nukatae Yehowa gblɔ na Yudatɔwo be: “Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu!”?

7 Esi Yudatɔwo va tsi dzi ɖe gbesiagbedɔwɔnawo ŋu ta la, woŋlɔ be bena hafi Mawu nayra yewo tsi nadza yewoƒe agblemenuwo nanyo la, ele be yewoayi edzi aɖo to Mawu, le yometitiwo gɔ̃ hã me. (Xagai 1:9-11) Ekema aleke nuxlɔ̃amenya sia sɔe nye si be: “Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu!” (Xagai 1:7) Efia be Yehowa nɔ gbɔgblɔm na wo be: ‘Mibu tame! Minyae be alesi miegblẽ nye tadeaguƒea ɖi aƒedoe tae miaƒe agbledɔwo zu agbagba dzodzro dzedze ɖo.’ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la ɖo woƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ mlɔeba, elabena dukɔa gadze gbedoxɔa ŋu dɔwo wɔwɔ gɔme hewu enu le ƒe 515 D.M.Ŋ. me.

8. Nuxlɔ̃ame kae Yehowa na Yudatɔwo le Maleaxi ŋɔli, eye nukatae?

8 Emegbe le nyagblɔɖila Maleaxi ŋɔli la, Yudatɔwo ƒe susu gate wɔwɔ eveve ake le gbɔgbɔ me, eye wova nɔ lã siwo medze o gɔ̃ hã tsɔm sa vɔ na Mawui. (Maleaxi 1:6-8) Eyata Yehowa xlɔ̃ nu wo be woatsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia ava yeƒe nudzraɖoƒee ahado ye akpɔ be yemaʋu dziƒo nu ahadudu yayra akɔ ɖe wo dzi wòagbɔ eme o hã. (Maleaxi 3:10) Aleke Yudatɔawo dzɔ movi enye si be woaɖadagba ɖe nusiwo ke Yehowa adudu ɖi na wo la ke ta ne woyi edzi ɖo to eƒe gbe ko!—Kronika II, 31:10.

9. Ame etɔ̃ kawo ƒe agbenɔnɔ ŋue míalé ŋku ɖo le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me?

9 Tsɔ kpe ɖe Israel-dukɔa ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖi le Biblia me ŋu la, ame vovovo siwo xɔ Mawu ƒe yayra alo fiƒode, le esi woyi edzi ɖo to Yehowa alo gbe toɖoɖoe ta la ŋuti nuŋlɔɖi hã le eme. Mina míakpɔ nusi míate ŋu asrɔ̃ tso wo dometɔ etɔ̃—Boas, Nabal, kple Xana—gbɔ. Le susu sia ta la, àdi be yeaxlẽ Rut ƒe agbalẽa kple Samuel I, 1:1–2:21; 25:2-42.

Boas Ðo To Mawu

10. Nɔnɔme si ɖi wo nɔewo ka mee Boas kple Nabal nɔ?

10 Togbɔ be Boas kple Nabal menɔ anyi le ɣeyiɣi ɖeka me o hã la, woƒe nɔnɔme aɖewo ɖi wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu evea siaa nɔ Yuda-nyigba dzi. Wonye kesinɔtɔ siwo si anyigba nɔ, eye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su wo dometɔ ɖesiaɖe si be woawɔ dɔmenyo na ame aɖe si hiã tu. Gake nusiawo ko mee woƒe agbenɔnɔ ɖi wo nɔewo tɔ le.

11. Aleke Boas ɖee fia be yeɖoa to Yehowa ɖaae?

11 Boas nɔ anyi le Israel-ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli. Ewɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le bubudeameŋu me, eye eƒe nuŋelawo dea bubu eŋu ale gbegbe. (Rut 2:4) Abe alesi Sea bia ene la, Boas kpɔa egbɔ be wogblẽ agblemenuku siwo dudu ɖi la ɖe eƒe agble me na ame dahewo. (Mose III, 19:9, 10) Nukae Boas wɔ esime wòse Rut kple Naomi ŋkɔ hekpɔ alesi Rut doa vevie nu le lɔ̃xoa tsitsia dzi kpɔkpɔ me? Etsɔ beléle tɔxɛ aɖe na Rut eye wòde se na eƒe dɔlawo be woaɖe mɔ nɛ wòafɔ nuku le yeƒe agblea dzi. Boas to eƒe nuƒo kple nuwɔwɔ lɔlɔ̃tɔe me ɖee fia be yenye gbɔgbɔmeme si ɖoa to Yehowa. Eyata Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu heyrae.—Mose III, 19:18; Rut 2:5-16.

12, 13. (a) Aleke Boas ɖe bubu deto fia Yehowa ƒe se si ku ɖe ame nɔvi srɔ̃ xɔxɔ ɖe ŋui? (b) Aleke Mawu yra Boas wògba goe?

12 Kpeɖodzi si ɖe dzesi wu si ɖee fia be Boas yi edzi ɖo to Yehowa lae nye alesi wòwɔ ɖe Mawu ƒe se si ku ɖe nugbugbɔxɔ ŋu dzi ɖokuitɔmadimaditɔe. Boas wɔ nusianu si wòate ŋui be eƒe ƒometɔ—si nye Elimelex, Naomi srɔ̃ŋutsu si ku—ƒe domenyinu nakpɔtɔ anye Elimelex ƒe ƒomea tɔ. To ‘srɔ̃ɖeɖe si me woɖea ame srɔ̃ nɔvi le’ me la, ele be ahosi naɖe srɔ̃a si ku la nɔvi ale be ŋutsuvi si woadzi la nanyi eƒe dome. (Mose V, 25:5-10; Mose III, 25:47-49) Rut tsɔ eɖokui na ɖe Naomi si tso vi la teƒe be woaɖe. Esi Elimelex ƒometɔ kpaŋkpaŋ gbe be yemana kpekpeɖeŋu Naomi o la, Boas xɔ Rut ɖe wòzu srɔ̃a. Wova bu wo viŋutsu Obed Naomi ƒe dzidzimevi kple Elimelex ƒe domenyilae le se nu.—Rut 2:19, 20; 4:1, 6, 9, 13-16.

13 Boas xɔ yayra gbagowo le Mawu ƒe se dzi wɔwɔ ɖokuitɔmadimaditɔe ta. To wo viŋutsu Obed dzi la, woyra woa kple Rut mɔnukpɔkpɔ su wo si wova zu Yesu Kristo tɔgbui kple mama. (Rut 2:12; 4:13, 21, 22; Mateo 1:1, 5, 6) Míesrɔ̃e le Boas ƒe ɖokuitɔmadimadi nuwɔnawo me be amesiwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame bubuwo eye wowɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe nudidiwo la xɔa yayra gbagowo.

Nabal Meɖo To O

14. Ŋutsu ka ƒomevie Nabal nye?

14 To vovo na Boas la, Nabal meɖo to Yehowa o. Eda le Mawu ƒe se si be: “[Lɔ̃] hawòvi abe ɖokuiwò ene” la dzi. (Mose III, 19:18) Nabal menye gbɔgbɔmeme o; “enye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi.” Eya ŋutɔ ƒe subɔviwo gɔ̃ hã bunɛ ‘ame vɔ̃ɖii.’ Eŋkɔ Nabal si gɔmee nye “movitɔ” alo “bometsila” la sɔ kplii ŋutɔ. (Samuel I, 25:3, 17, 25) Eyata aleke Nabal awɔ nui esime mɔnukpɔkpɔ su esi be wòawɔ dɔmenyo na ame aɖe si hiã tu—si nye Dawid, Yehowa ƒe amesiamina?—Samuel I, 16:13.

15. Aleke Nabal wɔ nu ɖe Dawid ŋui, eye aleke Abigail to vovo tso srɔ̃a gbɔ le go sia mee?

15 Esime Dawid kple eƒe dɔlawo ƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si te ɖe Nabal ƒe lãhawo ŋu la, wokpɔ wo ta tso adzohawo si me fetu aɖeke mabiamabiae. Nabal ƒe alẽkplɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Gli wonye le mía ŋu le zã kple ŋkeke me.” Gake esi Dawid ƒe dɔlawo bia be Nabal nana nuɖuɖu aɖe yewo la, “eda gbe ɖe wo gbɔ” heɖo wo ɖa asi ƒuƒlui. (Samuel I, 25:2-16) Nabal srɔ̃, Abigail, wɔ kaba tsɔ nuɖuɖu yi na Dawid. Ðe Dawid do dziku vevie heɖo tame be yeatsrɔ̃ Nabal kple eƒe dɔlawo koe nye ema. Eyata Abigail ƒe afɔɖeɖea kpɔ ame geɖe ƒe agbe ta eye wòɖe Dawid tso ʋufɔɖiɖi me. Gake Nabal ƒe ŋukeklẽ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖia gbɔ eme. Anɔ ŋkeke ewo megbe la, ‘Yehowa ƒo Nabal wòku.’—Samuel I, 25:18-38.

16. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Boaz ƒe kpɔɖeŋu ahatsri Nabal ƒe mɔwoe?

16 Vovototo ka gbegbee nye si nɔ Boas kple Nabal dome! Esi wòle be míatsri Nabal ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi nuwɔnawo la, mina míasrɔ̃ Boas ƒe dɔmenyonyo kple ɖokuitɔmadimadi ya. (Hebritɔwo 13:16) Míate ŋu awɔ ema ne míetsɔ apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia wɔ dɔe, si gblɔ be: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Egbea la, mɔnukpɔkpɔ su Yesu ƒe “alẽ bubuwo,” Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, si be woawɔ nyui na Yehowa ƒe amesiame 144,000 la ƒe ame susɔe siwo si makumakunyenye asu le dziƒo la. (Yohanes 10:16; Korintotɔwo I, 15:50-53; Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Yesu bua nuwɔwɔ lɔlɔ̃tɔe alea be ye ŋutɔe wowɔe na, eye nu nyui siawo wɔwɔ naa ame xɔa yayra gbagowo tso Yehowa gbɔ.—Mateo 25:34-40; Yohanes I, 3:18.

Xana ƒe Tetekpɔ Kple Yayrawo

17. Tetekpɔ kawoe va Xana dzi, eye nɔnɔme kae wòɖe fia?

17 Yehowa yra Xana, nyɔnu si doa vevie mawusubɔsubɔ la wògba go. Woa kple srɔ̃a Elkana si nye Lewitɔ lae nɔ Efrayim-to dzi. Abe alesi woɖe mɔ ɖe eŋu le Sea mee ene la, srɔ̃ bubu—Penina—nɔ ŋutsua si. Esime vi geɖe nɔ Penina si la, Xana ya tsi ko, si nye vlodoamenu na Israel-nyɔnu. (Samuel I, 1:1-3; Kronika I, 6:16, 33, 34) Gake le esi teƒe be Penina nafa akɔ na Xana la, ewɔ nu vevemaseɖeamenutɔe si do nuxaxa na Xana ale gbegbe be avi dzi ko wònɔna numaɖumaɖui. Esi vɔ̃ɖi wue nye be alea wòwɔa nu ɖe eŋui “ƒe sia ƒe” si ƒomea yi Yehowa ƒe me le Silo. (Samuel I, 1:4-8) Aleke gbegbe Penina nye vevemaseɖeamenula enye si, eye tetekpɔ ka gbegbee nye si wònye na Xana! Ke hã Xana mebu fɔ Yehowa gbeɖe o; eye metsia aƒe ne srɔ̃a yi Silo hã o. Eyata mlɔeba la, woava yrae wòagba go godoo.

18. Kpɔɖeŋu kae Xana ɖo ɖi?

18 Xana ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Yehowa ƒe amewo egbea, vevietɔ amesiwo ame bubuwo ƒe nyagbɔgblɔ nuŋumabumabui tɔ vevie la. Ne edzɔ alea la, menye ame ɖokui ɖeɖe ɖe agae nye egbɔkpɔnu o. (Lododowo 18:1) Xana meɖe mɔ tetekpɔ siwo me tom wònɔ na eƒe didi be yeanɔ afisi wofiaa Mawu Nya le kple afisi Mawu ƒe amewo kpea ta ɖo dea ta agu la dzi ɖe kpɔtɔ o. Eyata ekpɔtɔ sẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Alesi gbegbe wònye gbɔgbɔmemee dze le gbe nyui si wòdo ɖa woŋlɔ ɖe Samuel I, 2:1-10 la me. *

19. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋui?

19 Mí amesiwo nye Yehowa subɔlawo egbea medea ta agu le avɔgbadɔwo me o. Ke hã míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, abe alesi Xana wɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze deto ɖe gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu ne míenɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple takpekpe gãwo me ɣesiaɣi. Mina míato kpekpe siawo me ade dzi ƒo na mía nɔewo le tadedeagu vavãtɔ tsɔtsɔ na Yehowa, amesi na ‘mɔnukpɔkpɔ mí be míatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe nɛ vɔvɔ̃ manɔmee, le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me.’—Luka 1:74, 75; Hebritɔwo 10:24, 25.

20, 21. Aleke woɖo Xana ƒe mawusosroɖa la teƒe nɛ?

20 Yehowa de dzesi Xana ƒe mawusosroɖa eye wòɖo eteƒe nɛ geɖe. Esi ƒe gaɖo eye ƒomea gayi Silo la, Xana si aɖatsi yɔ mo na la do gbe ɖa na Mawu vevie heɖe adzɔgbe be: “Yehowa Zebaot, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me!” (Samuel I, 1:9-11) Mawu se Xana ƒe kokoƒoƒoa eye wòyrae wòdzi ŋutsuvi, si wòna ŋkɔe be Samuel. Esi wotso no na ɖevia la, ekplɔe va Silo ne wòava subɔ le avɔgbadɔ me.—Samuel I, 1:20, 24-28.

21 Xana ɖe lɔlɔ̃ na Mawu fia eye wòwɔ adzɔgbe si wòɖe le Samuel ta la dzi. Eye kpɔ yayra gbago si wòanye na woa kple srɔ̃a Elkana le wo viŋutsu lɔlɔ̃a ƒe subɔsubɔ le Yehowa ƒe avɔgbadɔ me ta la ɖa! Nenema ke wònye dzidzɔ kple yayra na dzila Kristotɔ geɖewoe elabena wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖelawo, Betel-ƒome me tɔwo, alo subɔna le mɔ bubu siwo dea bubu Yehowa ŋu la nu.

Yi Edzi Nàɖo To Yehowa!

22, 23. (a) Ne míeyi edzi ɖo to Yehowa la, kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

22 Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ne míeyi edzi ɖo to Yehowa? Míanye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me ne míeɖee fia be míelɔ̃ Mawu kple luʋɔ blibo eye míewɔ adzɔgbe si míeɖe nɛ la dzi. Ne dodokpɔ sesẽwo gɔ̃ hã mee wòabia be míato be míazɔ le mɔ sia nu la, míaxɔ Yehowa ƒe yayra gbagowo godoo—woadudu yayra ɖe mía dzi le mɔ gãwo nu wu alesi míabui.—Psalmo 37:4; Hebritɔwo 6:10.

23 Mawu ƒe amewo axɔ yayra geɖewo le etsɔ si gbɔna me. Esi “ameha gã” aɖe wɔ Yehowa ƒe nya dzi toɖoɖotɔe ta la, woakpɔ wo ta le “xaxa gã” la me eye woase vivi na agbe le Mawu ƒe xexe yeyea me. (Nyaɖeɖefia 7:9-14; Petro II, 3:13) Afimae Yehowa awɔ eƒe amewo katã ƒe didi dzɔdzɔewo dzi na wo ade goe le. (Psalmo 145:16) Gake abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee afia ene la, fifia gɔ̃ hã la, wotsɔa ‘nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã siwo tso dziƒo’ la yraa amesiwo yia edzi ɖoa to Yehowae.—Yakobo 1:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Xana ƒe nyagbɔgblɔwo de sɔsɔ ge kple nya siwo Maria, ɖetugbi nɔaƒe la gblɔ esime wòse teti be yegbɔna Mesia la dada nye ge.—Luka 1:46-55.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mawu ƒe yayrawo ŋuti nufiame kae le Israel-viwo ƒe ŋutinya me na mí?

• Vovototo kae le Boas kple Nabal dome?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ Xanae?

• Nukatae wòle be míayi edzi aɖo to Yehowa ƒe gbe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Fia Salomo do gbe ɖa bia dzi nyanu, eye Yehowa tsɔ nunya yrae

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Boas wɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le bubudeameŋu kple dɔmenyo me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Xana xɔ yayra gbagowo le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ta