Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Takpekpewo—Míaƒe Nɔviwɔwɔ ƒe Kpeɖodzi Dodzidzɔnamewoe Wonye

Takpekpewo—Míaƒe Nɔviwɔwɔ ƒe Kpeɖodzi Dodzidzɔnamewoe Wonye

Minɔ Tsitre Bliboe, Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

Takpekpewo​—Míaƒe Nɔviwɔwɔ ƒe Kpeɖodzi Dodzidzɔnamewoe Wonye

JOSEPH F. RUTHERFORD, amesi xɔ ƒe 50 eye gaxɔmenɔnɔ madzemadzee ƒe ɖeka kloe na eƒe lãme gblẽ la nɔ amedzrowo ƒe agbawo fɔm kple dzidzɔ. Etsɔ ŋusẽ nɔ agbawo fɔm henɔ hati Kristotɔwo kplɔm yi woƒe amedzrodzeƒexɔwo mee. Ame eve siwo nɔ gaxɔme kplii va yi—ehati Biblia Nusrɔ̃viwo—nɔ xɔ siwo me ameawo adze la ƒe xexlẽdzesiwo tsɔm na amehã gbogbo aɖe si nɔ lalam be woana xɔ yewo. Wonɔ dɔ dzi ʋuu zã ga wuieve ƒo to ŋu. Dzi nɔ wo katã dzɔm ŋutɔ. Wɔna kae nɔ edzi yim?

Ƒe 1919 mee, eye Biblia Nusrɔ̃viawo (siwo wonya egbea be Yehowa Ðasefowo) nɔ gbɔdzɔe kpɔm tso yometiti sesẽ si me woto va yi la me. Be woagbugbɔ ŋusẽ ado nɔviwo ƒe habɔbɔa la, wole nutome gã takpekpe aɖe wɔm le Cedar Point, Ohio, U.S.A., tso September 1 vaseɖe 8, 1919 dzi. Le nutome gã takpekpea ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, ame 7,000 siwo me wode dzo yeyee la ke to nyuie esime Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ nya siawo tsɔ de dzi ƒo na takpekpea valawo dometɔ ɖesiaɖe be: “Ènye fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la teƒenɔla si le gbeƒã ɖem . . . míaƒe Aƒetɔ ƒe fiaɖuƒe kɔkɔea na amewo.”

Le Yehowa ƒe amewo dome la, tso blema Israel-viwo ŋɔli kee wowɔa takpekpewo. (Mose II, 23:14-17; Luka 2:41-43) Takpekpe siawo nye dzidzɔ ɣeyiɣiwo eye wòkpena ɖe amesiwo katã yi ŋu be woƒe susu nanɔ Mawu ƒe Nyaa dzi. Nenema ke wotua Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe siwo wowɔna le egbeŋkekeawo me ɖe gbɔgbɔmenuwo dzii. Takpekpe dodzidzɔname siawo nyea kpeɖodzi si ŋu ɖikeke mele o na eteƒekpɔla dzianukwaretɔwo be Kristotɔwo ƒe nɔviwɔwɔ sẽŋue na Ðasefoawo wɔ ɖeka.

Agbagbadzedze be Woayi

Egbeŋkekea me Kristotɔwo kpɔe dze sii be yewoƒe takpekpewo nyea gbɔgbɔme dzidzeme kple mɔfiafia si tso Mawu ƒe Nyaa me xɔɣi. Wobua kpekpe gã siawo be wonye mɔnu vevi siwo dzi wotona kpena ɖe yewo ŋu be ‘yewoanɔ tsitre blibo ahakpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti.’ (Kolosetɔwo 4:12) Eyata Ðasefoawo tsoa dzi blibo me kpea asi ɖe takpekpe siawo ŋu eye wòdzea agbagba geɖe be woayi.

Le ame aɖewo gome la, ebia xɔse ɖeɖefia kple kplamatsedonu gãwo dzi ɖuɖu be woate ŋu ade takpekpe siawo. Le kpɔɖeŋu me, bu Ðasefo tsitsi aɖe si le Austria ŋu kpɔ. Togbɔ be suklidɔ le eŋu eye wòle be woado suklidɔtike nɛ gbesiagbe hã la, ekpɔ egbɔ be yede nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le wo dedukɔ me la ƒe ŋkekeawo katã. Le India la, Ðasefowo ƒe ƒome gã aɖe si da ahe kolikoli kpɔe be mɔ aɖeke kura meli si dzi yewoato ayi takpekpe aɖe o. Ƒomea me tɔ ɖeka xɔ na wo. Egblɔ be: “Esi nyemedi be wɔnaa nato ŋunye o ta la, medzra nye sikatogɛ be míatsɔ aɖo ʋui ayi agbɔ. Nusi metsɔ sa vɔ alea ɖe vi, elabena hadedea kple nuteƒekpɔkpɔawo do ŋusẽ míaƒe xɔse.”

Le Papua New Guinea la, ɖetsɔlemetɔ maxɔnyɔnyrɔ aɖewo ɖoe kplikpaa be yewoade nutome gã takpekpe aɖe le fiadua me. Wote ɖe ŋutsu aɖe si le woƒe kɔƒea me si si ʋu le ŋu hebia ho si wòaxɔ ne ekɔ wo yi takpekpeae. Esi ga si wòyɔ manya xe na wo o ta la, wowɔ ɖoɖo be yewoadzra ŋutsua ƒe aƒeme ɖo, agbugbɔ asi atrɔ le eƒe dzodoƒe ŋu. Esia wɔe be wote ŋu de nutome gã takpekpea eye nuƒoawo katã sese ɖe vi na wo.

Ne takpekpewɔƒewo gbɔ didi hã la, ema menye kuxi sesẽ si ado kplamatse na Yehowa Ðasefowo be womate ŋu ayi takpekpewo o. Be ɖekakpui aɖe nate ŋu ayi takpekpe aɖe le Lille, France le ƒe 1978 me la, etsɔ ŋkeke ade do gasɔ kilometa 1,200 tso Poland hafi yi. Le ƒe 1997 ƒe dzomeŋɔli la, Ðasefo eve zɔ mɔ kilometa 1,200 tso Mongolia yi Kristotɔwo ƒe takpekpe aɖe le Irkutsk, Russia.

Nɔviwɔwɔ Vavãtɔ Ðeɖefia

Ðekawɔwɔ kple nɔvilɔlɔ̃ si Ðasefoawo ɖena fiana le woƒe nutome gã takpekpewo me nye kpeɖodzi si dze ƒã na eteƒekpɔla akpaɖekedzimadelawo. Ameŋkumemakpɔmakpɔ si menɔa takpekpea valawo dome o kple vividodoɖeameŋu vavãtɔ si nɔa amesiwo doa go wo nɔewo zi gbãtɔ gɔ̃ hã dome wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi.

Le dukɔwo dome nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le Australia me la, tsaɖilawo kplɔtsala aɖe si nɔ takpekpea valawo ŋu kwasiɖa ɖeka gadi be yeanɔ wo ŋu wòadidi vie. Esi wo dometɔ akpa gãtɔ menya wo nɔewo do ŋgɔ o ta la, ewɔ nuku nɛ be wote ŋu le anyi ɖekae, eye alesi lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ nɔ wo dome wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esi ɣeyiɣi de nɛ be wòadzo le wo gbɔ la, ebia be woaɖo to ye. Eyɔ wo be “nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo” hete akpedada na wo gake mete ŋu wu enu o, elabena eƒe seselelãme wu tsɔtsɔ nɛ ale gbegbe be avi koe wòtoe na.

Le 1997 me la, wowɔ gbegbɔgblɔ etɔ̃ ƒe nutome gã takpekpe gbãtɔ le Sri Lanka ƒe lãmesẽfefewɔƒe gã aɖe. Wɔnawo katã yi edzi le ɣeyiɣi ɖeka me le Eŋlisigbe, Sinhalgbe, kple Tamilgbe me. Le nuto ma si me gbevovovodolawo dome masɔmasɔwo le dzidzim ɖe edzi le la, gbegbɔgblɔ etɔ̃ dolawo ƒe ƒuƒoƒo alea maɣla ɖe amewo o. Kpovitɔ aɖe bia nɔviŋutsu ɖeka be: “Amekawoe le takpekpe sia dzi kpɔm—Sinhaltɔwo, Tamiltɔwo, alo Eŋlisiawoea?” Nɔviŋutsua ɖo eŋu be: “Menye ƒuƒoƒoawo dometɔ aɖekee le takpekpea dzi kpɔm o. Mí katãe le ewɔm ɖekae.” Kpovitɔa mexɔ nya sia dzi se o. Esi gbe etɔ̃a dolawo katã wɔ ɖeka le gbedodoɖa mamlɛa me hegblɔ “Amen” ɖekae wòɖi hoo le lãmesẽfefewɔƒea katã la, takpekpea valawo katã si akpe kplokplokplo enumake. Nyaselaawo dometɔ aɖeke menɔ anyi si aɖatsi mege le mo na o. Ẽ, takpekpewo nyea míaƒe nɔviwɔwɔ ƒe kpeɖodzi dodzidzɔnamewo nyateƒe.—Psalmo 133:1. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, si Yehowa Ðasefowo ta ƒe axa 66-77, 254-82.