Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Le ‘Dzɔdzɔenyenye’ Me

Zɔ Le ‘Dzɔdzɔenyenye’ Me

Zɔ Le ‘Dzɔdzɔenyenye’ Me

NYAGBLƆÐILA Yesaya gblɔ be: ‘Eme anyo na ame dzɔdzɔewo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.’ Yesaya gagblɔ be: ‘Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe nye dzɔdzɔenyenye.’ (Yesaya 3:10; 26:7) Edze ƒã be ne míewɔ nusi le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume ko hafi kutsetse nyuiwo ado tso míaƒe nuwɔnawo me.

Gake aleke míawɔ azɔ le dzɔdzɔenyenye me? Yayra kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na le esia wɔwɔ me? Eye aleke wòaɖe vi na ame bubuwo ne míenɔ agbe wòsɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nu? Blema Israel-fia Salomo ɖo biabia siawo ŋu esi wòɖe vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome fia, le Biblia-gbalẽ si nye Lododowo ta 10 lia me. Le esia wɔwɔ me la, ezã nyagbɔgblɔ “ame dzɔdzɔe(wo)” zi gbɔ zi 13. Wo dometɔ asieke dze le kpukpui 15 va ɖo 32. Ekema Lododowo 10:15-32 me dzodzro ana míakpɔ dzideƒonamenya geɖe. *

Xɔ Amehehe

Salomo fia asi alesi dzɔdzɔenyenye le vevie. Egblɔ be: “Hotɔ ƒe kesinɔnuwo nye du sesẽ nɛ; ke hiãtɔ ƒe gbegblẽ enye eƒe ahedada. Ame dzɔdzɔe wɔa eƒe dɔwɔfetu ŋu dɔ hena agbenɔnɔ; ame vɔ̃ɖi la wɔa eƒe viɖe ŋu dɔ hena nuvɔ̃wɔwɔ.”Lododowo 10:15, 16.

Kesinɔnu ate ŋu akpɔ ame ta le nudzɔɖeamedzi aɖewo me le agbe me abe alesi ko du sesẽ me nɔnɔ kpɔa emenɔlawo ta vaseɖe afi aɖee ene. Eye ahedada ate ŋu ahe afɔku vɛ le nuɖiɖeame aɖewo me. (Nyagblɔla 7:12) Gake anɔ eme be fia nyanu la le nu xlɔ̃m ku ɖe afɔku si ate ŋu anɔ hokpɔkpɔ kple ahedada siaa me ŋu. Ate ŋu awɔ na kesinɔtɔ be yeada yeƒe mɔkpɔkpɔ katã ɖe yeƒe kesinɔnuwo dzi, ahanɔ bubum be yeƒe nu xɔasiwo le ‘abe gli sesẽ ene.’ (Lododowo 18:11) Eye ame dahe hã ate ŋu abui vodadatɔe be etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖeke mele ye si o le yeƒe ahedada ta. Aleae wòdzɔe be wo ame evea siaa mete ŋu kpɔ ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ o.

Le go bubu me la, kesinɔnu ɖabɔ ɖe ame dzɔdzɔe si alo meɖale esi o eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ana wòakpɔ agbe. Le mɔ ka nu? Eyae nye be nusi le esi la dzea eŋu. Meɖea mɔ eƒe ganyawo doa kplamatse tenɔnɔ nyui si le esi le Mawu gbɔ o. Ame dzɔdzɔe ɖanye kesinɔtɔ alo ahetɔ o, agbe si nɔm wòle na wòkpɔa dzidzɔ fifia, eye agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔ si gbɔna me ƒe mɔkpɔkpɔ le esi. (Hiob 42:10-13) Ne ame vɔ̃ɖi kpɔ ho gɔ̃ hã la, meɖea vi aɖeke nɛ o. Le esi wòakpɔ ŋudzedze ɖe kesinɔnuwo ƒe ametakpɔkpɔ ŋu ahanɔ agbe si sɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu teƒe la, ezãnɛ tsɔ dea agbegbegblẽnɔnɔ dzi boŋ.

Israel-fia la yi edzi be “Amesi dzraa amehehe ɖo la, ele agbemɔ dzi; ke amesi mebua mokaname o la, etra mɔ.” (Lododowo 10:17) Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be woate ŋu ase kpukpui sia gɔme le mɔ eve nu. Ðeka ate ŋu anye be amesi dzraa amehehe ɖo eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la le agbemɔ dzi, gake amesi gbea mokaname la trana le mɔ ma dzi. Woate ŋu agase kpukpui sia gɔme be “amesi xɔa amehehe la le agbemɔ fiam [ame bubuwo elabena eƒe kpɔɖeŋu ɖea vi na wo], gake amesi gbea ɖɔɖɔɖo xɔxɔ kplɔa amewo tranae.” (Lododowo 10:17, New International Version) Le go eveawo siaa me la, aleke gbegbe wòle vevie be míaxɔ amehehe eye míagagbe ɖɔɖɔɖo xɔxɔ o enye si!

Na Lɔlɔ̃ Naxɔ Ðe Fuléle Teƒe

Eyome Salomo gagblɔ lododo aɖe si le akpa eve me, siwo ƒe gɔmesese sɔ, eye akpa evelia nye gbetete ɖe gbãtɔ dzi. Egblɔ be: “Amesi léa fu ame le adzame la, alakpanue.” Ne ame aɖe lé fu nɔvia le eƒe dzi me gake wòtsɔ numevivi alo amiɖeɖe ɖe nya tsyɔ edzi la, alakpatɔe wònye—‘alakpanu’ ye le esi. Fia nyanu la gblɔ kpee be: “Amesi lia ame gɔme la; bometsilae.” (Lododowo 10:18) Le esi ame aɖewo natsyɔ nu woƒe fuléle dzi teƒe la, wolia amesi wolé fui la ŋu alo kakaa ameŋugblẽnya tsoa eŋu. Esia nye bometsinu elabena alakpanyaa metrɔa nɔnɔme si le amea ŋutɔ si o. Eye nugɔmesela si se nyaa ava kpɔe be ameŋugblẽnyae eye magaka ɖe aʋatsokalaa dzi o. Eyata amesi le ame ŋu lim la gblẽa nu le eɖokui ŋu.

Mɔ dzɔdzɔeae nye be woagaka aʋatso alo agblẽ ame ŋu o. Mawu gblɔ na Israel-viwo be: “Megalé nɔviwò ɖe dɔme o.” (Mose III, 19:17) Eye Yesu xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be: “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo [gɔ̃ hã] . . . eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta, bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo.” (Mateo 5:44, 45) Aleke gbegbe wònyo be míana lɔlɔ̃ nayɔ míaƒe dzi mee nye si ke menye fuléle o!

‘Kpɔ Wò Nuyiwo Dzi’

Esi fia nyanu la nɔ gbe tem ɖe alesi wòle vevie be míamlã aɖe la dzi la, egblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.”Lododowo 10:19.

“Bometsila ƒoa nu kpoloe.” (Nyagblɔla 10:14) ‘Bometsitsi doa go tso eƒe nu gbẽgbẽgbẽ.’ (Lododowo 15:2) Menye ɖe wole gbɔgblɔm be nukpoloeƒola ɖesiaɖe nye bometsila o. Gake aleke gbegbe wòle bɔbɔe be amesi ƒoa nu kpoloe nava zu amesi kakaa ameŋugblẽnya enye si! Nusi doa go tso bometsinya gbɔgblɔ me zi geɖe ate ŋu anye ŋkɔ gbegblẽ xɔxɔ, dzigbagbã, ƒomedodo me gbegblẽ, kple ŋutilãme nuveviwɔame gɔ̃ hã. “Afisi woƒoa nu kpoloe le la, nuvɔ̃wɔwɔ xɔa aƒe ɖi.” (Lododowo 10:19, An American Translation) Gawu la, amesi kpɔa nya aɖe gblɔna godoo tso nya sia nya ŋu gbɔ menya nɔna o. Megadzɔ be míanye nukpoloeƒolawo o.

Amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, meƒoa asa na alakpadada ko o ke nunyala hãe wònye. Ebua tame hafi ƒoa nu. Esi lɔlɔ̃ na Yehowa kple didi be yeakpe ɖe ye haviwo ŋu nyateƒetɔe ye ʋãnɛ ta la, ebua ŋusẽ si eƒe nyawo akpɔ ɖe amewo dzi ŋu. Lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ dzena le eƒe nuƒoƒo me. Edea ŋugble le alesi wòagblɔ nya wòadze to eye viɖe nanɔ eŋui ŋu. Eƒe nyawo le abe ‘sikatɔtɔŋuti le klosalogba me’ ene—eléa dzi na ame eye bubu nɔa eŋu ɣeawokatãɣi.—Lododowo 25:11.

‘Kplɔ Ame Geɖewo’

Salomo yi eƒe nyaa dzi be: “Klosalo nyuitɔ enye ame dzɔdzɔe ƒe aɖe; ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzi mele ɖeke me o.” (Lododowo 10:20) Nya si ame dzɔdzɔe gblɔna la dza—abe klosalo nyuitɔ si me ɖinu aɖeke mele o ene. Esia nye nyateƒe matrɔmatrɔ le Yehowa subɔla gome elabena woawoe le Mawu ƒe Nya la me sidzedze si naa agbe la kakam na ame bubuwo. Woƒe Nufiala Gãtɔ, Yehowa Mawu, fia nu wo eye ‘wòtsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe na wo, ne woanya alesi woatsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui.’ (Yesaya 30:20; 50:4) Nyateƒee, woƒe aɖe le abe sika nyuitɔ ene elabena Biblia me nyateƒe lae wògblɔna. To vovo kura na ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimesusuwo la, viɖe nyui mavɔ ka gbegbe enye si le woƒe nyagbɔgblɔwo ŋu na amesiwo nye dzinyuitɔwo! Mina wòanye míaƒe didi vevie be míaƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dɔ wɔnukuwo ŋu.

Ame dzɔdzɔe nye yayra na amesiwo te ɖe eŋu. Salomo yi edzi be: “Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi kplɔa ame geɖewo; ke numanya wua bometsilawo.”Lododowo 10:21.

Aleke ‘ame dzɔdzɔe kplɔa ame geɖewoe’? Hebrigbe me nya si wozã le afisia fia “alẽkpɔkplɔ.” (Lododowo 10:21, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Gɔmesese si le eŋu fia amekpɔkplɔ kpakple amenyinyi, abe alesi ko blema alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwoe ene. (Samuel I, 16:11; Psalmo 23:1-3; Hawo ƒe Ha 1:7) Ame dzɔdzɔe fiaa mɔ alo kplɔa ame bubuwo be woato mɔ dzɔdzɔe dzi, eye eƒe nuƒoƒo nyia amesiwo ɖoa toe. Emetsonu enye be wonɔa agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le wu, eye woate ŋu akpɔ agbe mavɔ gɔ̃ hã.

Ke bometsila ya ɖe? Esi menyaa nu o ta la, mewɔa nu kple susu nyui aɖeke o eye metsɔa ɖeke le nusi ado tso eƒe nuwɔnawo me o. Amesia ƒomevi wɔa nusianu si dzroe eye mebua emetsonu ŋu o. Le esia ta eƒe nuwɔnawo hea fukpekpe vaa edzi. Esime ame dzɔdzɔe kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woatsi agbe la, bometsila ya mete ŋu léa eya ŋutɔ ƒe agbe ɖe te gɔ̃ hã o.

Tsri Agbevlonɔnɔ

Zi geɖe la, nusiwo dzɔa dzi na ame kple nusiwo medzɔa dzi nɛ o la ɖea amesi ƒomevi wònye fiana. Esi Israel-fia la le nyateƒenya sia ŋlɔm la, egblɔ be: “Alesi nu vlo wɔwɔ nye fefenui na bometsila la, nenema nunya le na nugɔmesela.”Lododowo 10:23.

Ame aɖewo bua hadzegbenɔnɔ abe modzakaɖenu ene eye woƒoa wo ɖokui ɖe eme ko hebunɛ “fefenui.” Ame siawo megabua Mawu be enye amesi amegbetɔwo katã abu akɔnta na o, eye woŋea aɖaba ƒua woƒe nuwɔna gbegblẽawo dzi. (Romatɔwo 14:12) Woƒe tamebubu tro ale gbegbe be wova susunɛ be Mawu mele yewoƒe nuwɔna gbegblẽawo kpɔm o. To woƒe nuwɔnawo me la, wole gbɔgblɔm be: “Mawu aɖeke meli o.” (Psalmo 14:1-3; Yesaya 29:15, 16) Wotsi bome loo!

Gake nugɔmesela ya nyae be hadzegbenɔnɔ menye fefenu o. Enya be medzea Mawu ŋu o eye ate ŋu agblẽ woa kple Mawu dome ƒomedodo me. Agbe ma ƒomevi nɔnɔ nye bometsitsi elabena mena bubu nɔa ame ŋu o, egblẽa srɔ̃ɖeɖe me, egblẽa nu le susu kple ŋutilã ŋu, eye menaa wògakpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Nunya anɔ eme be míatsri hadzedzegbenɔnɔ eye míalɔ̃ nunya abe alesi míalɔ̃ mía nɔvinyɔnue ene.—Lododowo 7:4.

Tui Ðe Gɔmeɖoanyi si Li Ke Dzi

Esi Salomo nɔ asi fiam asixɔxɔ si le míaƒe agbe tutuɖo ɖe gɔmeɖoanyi nyui dzi ŋu la, egblɔ be: “Nusi sim ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi; ke ame dzɔdzɔewo ƒe didi vaa eme na wo. Ne ahomya ƒo la, ekema ame vɔ̃ɖi la nu ayi; ke ame dzɔdzɔe la ali ke tegbee.”Lododowo 10:24, 25.

Ame vɔ̃ɖi ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo ame bubuwo. Gake mlɔeba nusi wòvɔ̃na nae dzɔna ɖe edzi. Esi gɔmeɖoanyi si wotu ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi mele esi o ta la, ele ko abe xɔ malike si amu bɔbɔe le ahomya sesẽ nu ene. Edzea anyi ne edo go nyaƒoɖeamenu. Gake ame dzɔdzɔe ya le abe ŋutsu si wɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi ene. Enye “ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi.” Yesu yi edzi gblɔ be: “Eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xɔ ma te, eye memuna o; elabena woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi.” (Mateo 7:24, 25) Amesia ƒomevi nye ame like—amesi tu eƒe tamebubu kple nuwɔnawo ɖe mawumegɔmeɖosewo dzi bliboe.

Hafi fia nyanu la nagayi vovototo si le ame vɔ̃ɖi kple ame dzɔdzɔe dome gbɔgblɔ dzi la, ena nuxlɔ̃amenya kpui aɖe si le vevie. Egblɔ be: “Alesi aha tsitsi le na aɖuwo kple dzudzɔ na ŋkuwo la, nenema kuviatɔ le na amesi dɔ dɔe.” (Lododowo 10:26) Aha tsitsi te ŋu nyɔa aɖu na ame. Atike si le eme wɔnɛ be wòvena le nu me eye ate ŋu anyɔ aɖu na ame. Dzudzɔ naa ŋku vea ame eye wofaa aɖatsi. Nenema ke amesiame si xɔa kuviatɔ ɖe dɔme alo dɔnɛ ɖe dɔgbe la, dzi akui eye wòaɖu agba godoo.

“Yehowa ƒe Mɔ Enye Mɔ̃ Sesẽ”

Israel-fia la yi eƒe nyaa dzi be: “Yehowa-vɔvɔ̃ dzia agbe me ŋkekewo ɖe edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ƒewo ato ɖe eme. Ame dzɔdzɔewo ƒe lala zua dzidzɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua ya.”Lododowo 10:27, 28.

Mawuvɔvɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzɔdzɔe dzi eye wòdzea agbagba be yeƒe tamesusuwo, nyagbɔgblɔwo, kple nuwɔnawo nadze Yehowa ŋu. Mawu kpɔa eta eye wònaa eƒe mɔkpɔkpɔ dzɔdzɔewo vaa eme nɛ. Gake ame vɔ̃ɖi ya nɔa agbe mawumavɔ̃mavɔ̃e. Adze ɣeaɖewoɣi abe ɖe eƒe mɔkpɔkpɔwo va eme ene, gake womenɔa anyi didina o elabena nuvlowɔwɔ alo dɔléle aɖe si eƒe agbenɔnɔ he va edzi la tsoa eƒe agbenɔƒe dzi. Eƒe mɔkpɔkpɔwo katã zua ya le eƒe kugbe.—Lododowo 11:7.

Salomo gblɔ be: “Yehowa ƒe mɔ enye mɔ̃ sesẽ na fɔmaɖila, ke enye gbegblẽ na nu madzɔmadzɔ wɔlawo.” (Lododowo 10:29) Yehowa ƒe mɔ si woyɔ le afisia mefia agbemɔ si dzi wòle be míazɔ o ke boŋ efia mɔ si nu Mawu wɔa nu ɖe ameƒomea ŋu le. Mose hã gblɔ be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Mose V, 32:4) Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo fia dedienɔnɔ na ame dzɔdzɔewo kple gbegblẽ na ame vɔ̃ɖiwo.

Mɔ̃ sesẽ ka gbegbe enye si Yehowa nye na eƒe amewo! “Ame dzɔdzɔe maʋã akpɔ o tegbee, ke ame vɔ̃ɖiwo matsi anyigba dzi o. Nunya miena tsoa ame dzɔdzɔe ƒe nu me; ke alakpaɖe atsrɔ̃. Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi nyaa nya dzeto gbɔgblɔ, ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu enye alakpago.”Lododowo 10:30-32.

Eme nyona na ame dzɔdzɔewo eye woxɔa yayra le alesi wòzɔ le dzɔdzɔenyenye me ta. Nyateƒee, “Yehowa ƒe yayra—enye nusi wɔa ame kesinɔtɔ, eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.” (Lododowo 10:22, NW) Ekema mina míakpɔ nyuie be míawɔ nu ɣesiaɣi wòasɔ kple Mawu ƒe gɔmeɖosewo. Mina míakpɔ míaƒe nuƒoƒo dzi nyuie eye míazã míaƒe aɖe atsɔ anyi ame bubuwo to Mawu ƒe Nya si xɔa ame ɖe agbe la fiafia wo me bene míakplɔ wo ava dzɔdzɔenyenye me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aɖe la ate ŋu anɔ abe “klosalo nyuitɔ” ene