Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Kpɔkpɔ Sesẽ la Gbɔ Ðoɖo

Amesiwo Kpɔkpɔ Sesẽ la Gbɔ Ðoɖo

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Amesiwo Kpɔkpɔ Sesẽ la Gbɔ Ðoɖo

YEHOWA ÐASEFOWO dzea agbagba be yewoatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi na amesiame alesi yewoate ŋui. Ɣeaɖewoɣi la, ebia be woaku kutri hafi ate ŋu ake ɖe amesiwo ƒã hafi wonɔa aƒeme ŋu. (Marko 13:10) Subɔla mɔɖela vevi aɖe si le Anyiehe Amerika gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna le kuxi sia ŋu.

“Meva nya gbeɖeka be nutoa dzikpɔla gbɔna anyigbamama si wode asi na mía kple srɔ̃nye srã ge akpɔ. Esi wònye amesiwo ƒã hafi wonɔa aƒeme dometɔ ɖeka ta la, meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖee hetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe kpe ɖe eŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? kple agbalẽ siwo nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee kpakple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Meɖe tameɖoɖo si le agbalẽawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu me le nye lɛtaa me.

“Esi medi vevie be manya alesi wòxɔ agbalẽawoe ta la, mebia be mado go kplii. Kwasiɖa aɖewo megbe la, woɖe mɔ nam be mate ŋu ado go kplii azɔ, eye metsɔ video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name ɖe asi yi. Kpekpea xɔ gaƒoƒo eve sɔŋ. Le video la kpɔkpɔ kple nutodzikpɔla la vɔ megbe la, mebiae alesi wòsusu tso eŋuti. Eɖo ŋu be: ‘Habɔbɔ aɖeke mede mia tɔ nu le anyigba dzi o. Ame aɖe nekpɔ be ɖe makpɔ ame abe mia hawo ene siwo akpe ɖe ŋunye mawu nye dudɔwo nu!’ Emegbe ebia nenye be meɖi tsa de míaƒe habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã kpɔ hã. Meɖo eŋu nɛ be togbɔ be enye nye taɖodzinu tso keke esi mexɔ ƒe 14 hã la, mɔnukpɔkpɔ mete ŋu su asinye be maɖi tsa yi míaƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, kpɔ o. Taɖodzinu siwo gbɔ ɖoɖo sesẽ dometɔ ɖekae wònye. Ekpɔm dũ. Emegbe egblɔ be yedi be mɔnukpɔkpɔa nasu asinye. Ekpɔ míaƒe mɔɖenamegbalẽ gbɔ na mí eye wòtso yameʋutiket tsɔ ke mí!

“Fifia la, nutodzikpɔla la xɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo edziedzi. Míele mɔ kpɔm be madidi o míava dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.”