Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Wòfia be Woanye Nuteƒewɔla?

Nukae Wòfia be Woanye Nuteƒewɔla?

Nukae Wòfia be Woanye Nuteƒewɔla?

YUDATƆ Hasid-subɔsubɔha me tɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. bua wo ɖokui nuteƒewɔla akuakuawoe. Woƒe ŋkɔa tso cha·sidhʹ, si nye Hebrigbe me nya vevi si wozãna na “nuteƒewɔwɔ” me. Woɖee tso ŋkɔnya cheʹsedh, si me woɖena zi geɖe be “amenuveve,” “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃,” “dɔmenyonyo” “dɔmekɔkɔ,” nublanuikpɔkpɔ” me. Theological Dictionary of the Old Testament gblɔ be cheʹsedh “tsɔa dzo ɖe nu ŋu, edoa vivi ɖe ame ŋu, eye wòdoa dzi [eye] menye ame ƒe nɔnɔme koe wònye o ke nusi nɔnɔme sia ʋãa ame wòwɔna hãe. Enye nuwɔna si kpɔa ame ƒe agbe ta alo doa agbe ɖe ŋgɔ. Enye xɔxɔ na amesi dzi nu dzɔ ɖo alo amesi le fu kpem. Enye xɔlɔ̃dzedze ame.”

Edze ƒã be le gbegbɔgblɔ geɖe me la, nya ɖeka aɖeke mate ŋu aɖe Hebrigbe me nya sia me bliboe abe alesi wozãe le Biblia me ene o. Aleke ke wòɖale o, nuteƒewɔwɔ si wozã le Biblia me fia nu geɖe wu ŋugbedodowo dzi wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe ko. Efia kukuɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe kpakple afɔɖeɖe ŋutɔŋutɔ awɔ nu wòaɖe vi na ame bubuwo. Be nàte ŋu ase nusi nuteƒewɔwɔ akuakua nye gɔme la, bu alesi Yehowa ɖee fia Abraham, Mose, Dawid, Israel-dukɔa, kple ameƒome bliboa ŋu kpɔ.

Yehowa Ðe Nuteƒewɔwɔ Fia

Yehowa gblɔ na xɔlɔ̃a Abraham be: “Nye enye wò akpoxɔnu.” (Mose I, 15:1; Yesaya 41:8) Esiawo menye nya gbɔlo aɖe ko gbɔgblɔ o. Yehowa kpɔ Abraham kple eƒe aƒe ta eye wòɖe wo tso Farao kple Abimelex si me. Ekpe ɖe Abraham ŋu wòɖe Lot tso fia ene siwo bla hewɔ ɖeka si me. Yehowa gagbɔ agbe Abraham si xɔ ƒe 100 kple Sara si xɔ ƒe 90 ƒe vidzidziŋutete ale be dzidzimevi si ŋugbe wodo la nate ŋu ato wo dzi ava. Yehowa ƒoa nu kple Abraham edziedzi to ŋutegawo, drɔ̃ewo, kple mawudɔlawo dzi. Le nyateƒe me la, menye Abraham ƒe agbenɔɣi ɖeɖe koe Yehowa wɔ nuteƒe nɛ le o ke eɖee fia ɣeyiɣi didi aɖe le eƒe ku megbe hã. Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na Abraham ƒe dzidzimevi siwo nye Israel-dukɔa dzi, togbɔ be wodze go hã. Yehowa ƒe kadodo kple Abraham nye nuteƒewɔwɔ akuakua ɖeɖe fia—enye lɔlɔ̃ si woɖe fia to nuwɔwɔ me.—Mose I, ta 12 vaseɖe 25.

Wogblɔ be “Yehowa ƒo nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame ƒoa nu kple xɔlɔ̃a ene.” (Mose II, 33:11) Ẽ, kadodo kplikplikpli nɔ Mose kple Yehowa dome wu esi nɔ wo kple nyagblɔɖila bubu ɖesiaɖe si va do ŋgɔ na Yesu Kristo dome. Aleke Yehowa wɔ nuteƒee na Mose?

Esi Mose nye ŋutsu si xɔ ƒe 40 si si ŋusẽ kple ŋutete le ta la, etso le eɖokuisi esi womedɔe o be yeaɖe eƒe dukɔ la. Gake ɣeyiɣia mede haɖe o. Eva hiã be wòasi aɖe eƒe agbe. Eyi ɖanyi alẽwo ƒe 40 sɔŋ le Midian. (Dɔwɔwɔwo 7:23-30) Gake Yehowa megblẽe ɖi o. Esi ɣeyiɣia de la, wokplɔ Mose gbɔe be wòava kplɔ Israel adzoe le Egipte.

Nenema ke Yehowa wɔ nuteƒe na Dawid, Israel-fia evelia si xɔ ŋkɔ la. Esi Dawid gakpɔtɔ nye ɖevi la, Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be: “Tso nasi ami nɛ, elabena eyae!” Tso ɣemaɣi dzi ko la, Yehowa kpɔ Dawid ta hefia mɔe nuteƒewɔwɔtɔe esime wònɔ tsitsim be wòava zu Israel-fia gbeɖeka. Yehowa ɖee tso “dzata kple sisiblisi si me” kpakple Filistitɔ-dzɔtsu Goliat si me. Ena Dawid ɖu Israel ƒe futɔwo dzi zi gbɔ zi geɖe, eye Yehowa ɖe Dawid tso Saul, ŋuʋãla si lé fui ƒe akplɔ si wòdi be yeatɔe si me.—Samuel I, 16:12; 17:37; 18:11; 19:10.

Nyateƒee, menye ame debliboe Dawid nye o. Le nyateƒe me la, ewɔ nuvɔ̃ gã geɖe. Ke hã Yehowa ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ fia Dawid esi wòtrɔ dzime bliboe le esi teƒe be wòagblẽ ɖi. Le Dawid ƒe agbeme katã la, Yehowa tso enuenu be yeakpɔ eƒe agbe ta ana wòayi agbenɔnɔ dzi. Etso hexɔ na eya amesi ɖo xaxa me. Amenuvevee wònye vavã!—Samuel II, 11:1–12:25; 24:1-17.

Israel-dukɔ bliboa ge ɖe adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Yehowa esime wolɔ̃ ɖe Mose ƒe Sea ƒe nubabla me nudidiwo dzi le Sinai-toa gbɔ. (Mose II, 19:3-8) Eyata woƒoa nu le Israel ŋu be enɔ srɔ̃ɖeɖekadodo me kple Yehowa. Wogblɔ na Israel bena: ‘Yehowa yɔ wò abe srɔ̃nyɔnue nènye ene.’ Eye Yehowa gblɔ nɛ be: “Matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò.” (Yesaya 54:6, 8) Aleke Yehowa ɖe nuteƒewɔwɔ fia le ƒomedodo tɔxɛ sia mee?

Yehowa ŋutɔ doa ŋgɔ kpɔa Israel-viwo ƒe nu nuhiahiãwo gbɔ hedoa ŋusẽ wo kplii dome ƒomedodoa. Eɖe wo tso Egipte heƒo wo nu ƒu wozu dukɔ, eye wòkplɔ wo va “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi. (Mose II, 3:8) Enaa gbɔgbɔ me nufiame wo edziedzi to nunɔlawo, Lewi-viwo, kple nyagblɔɖila kple dɔla siwo va ɖe wo nɔewo yome enuenu dzi. (Kronika II, 17:7-9; Nexemya 8:7-9; Yeremya 7:25) Ne dukɔa trɔ ɖe mawu bubuwo subɔsubɔ ŋu la, Yehowa ɖɔa wo ɖo. Ne wotrɔ dzime la etsɔnɛ kea wo. Le nyateƒe me la, ‘srɔ̃nyɔnu’ si ƒe nya sẽe Israel dukɔa nye. Gake Yehowa metsia dzi hegblẽa wo ɖi o. Le ŋugbe si wòdo na Abraham ta la, Enɔ Israel-viwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe esime Eƒe tameɖoɖowo ɖe wo ŋu va eme. (Mose V, 7:7-9) Kpɔɖeŋu deŋgɔ ka gbegbe enye esi na srɔ̃tɔ siwo li egbea!

Yehowa ɖea nuteƒewɔwɔ fiaa ameƒome bliboa hã elabena enaa agbemenu vevi siwo hiã amesiame, woɖanye ame dzɔdzɔewo alo ame vɔ̃ɖiwo o. (Mateo 5:45; Dɔwɔwɔwo 17:25) Gawu la, etsɔ Via na tafevɔsae ale be ameƒomea katã nate ŋu akpɔ ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me bene woate ŋu akpɔ mɔ na agbe mavɔ deblibo nɔnɔ le Paradiso me. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Tafea nana nye nu gãtɔ kekeake si wòwɔ be wòakpɔ agbe ta ahadidii ɖe edzi. Enye “xɔxɔ na amesi dzi nu dzɔ ɖo alo amesi le fu kpem” nyateƒe.

Tsɔ Nuwɔna Ŋutɔŋutɔ Ðo Kpe Wò Nuteƒewɔwɔ Dzi

Esi nuteƒewɔwɔ sɔ kple amenuveve ta la, gɔmesese vevi si nye nuwɔwɔ na ame nɔewo dze le eme. Ne wove nuwò la, ekema woate ŋu akpɔ mɔ tso gbɔwò be nàwɔ nenema ke. Ðe wotsɔa nuteƒewɔwɔ ɖoa nuteƒewɔwɔ teƒe. Nusi fia be Dawid nya nusiwo cheʹsedh fia la dze le eƒe nya siawo me be: “Made ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ.” Nukata? “Le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta.” (Psalmo 138:2) Esi Dawid nye amesi nu Yehowa ve ta la, eʋãe be wòade ta agu nɛ ahakafui. Eyata ɖe woʋãa mí be míaɖo eteƒe na Yehowa ne míele ŋugble dem le alesi wòve mía nui ŋua? Le kpɔɖeŋu me ne wole Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu gblẽm la, ɖe alesi nètsɔ ɖe le ŋkɔ nyui si le eŋu me ʋãa wò be nàƒo nu aʋli etaa?

Aleae wòdzɔ le ame aɖe si míatsɔe be enye Kristotɔ yeye kple srɔ̃a gome esime wode ƒometɔ aɖe si ku le dzokekefɔku aɖe me ƒe ku teƒe. Menye subɔsubɔha aɖeke ƒe kunuwɔwɔ wònye o, eye woɖe mɔ na vavalawo be woagblɔ nusi wònya tso ame kukua ŋuti. Nuƒola ɖeka te fɔbubu Mawu ɖe alesi ɖekakpuia ku kpata ta henɔ gbɔgblɔm be, ‘Mawu hiãe le dziƒo eyata wòkplɔe dzoe.’ Mía nɔviŋutsua kpɔ be yemate ŋu azi kpi ɖe nya ma dzi o. Elia yi nuƒolaawo ƒe kpuia dzi, togbɔ be Biblia alo nuŋlɔɖi aɖeke gɔ̃ hã menɔ esi o. Ebia be: “Ðe miesusu be Mawu ŋusẽkatãtɔ, nublanuikpɔla si sea veve ɖe ame nu da asi ɖe nudzɔdzɔ siawo tɔgbe dzia?” Emegbe eyi edzi ƒo nuƒo aɖabaƒoƒo ewo tso tame hezã Ŋɔŋlɔa me kpukpuiwo tsɔ ɖe nusita míekuna, nusi Mawu wɔ be wòaɖe ameƒomea tso ku me, kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si li be amewo afɔ ɖe tsitre ava nɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi me. Enumake ame 100 kple edzivɔ siwo va la ƒo asikpe ɣeyiɣi didi aɖe. Emegbe nɔvia gblɔ be: “Dzi medzɔm le ememe nenema gbegbe kpɔ o. Meda akpe na Yehowa be wòfia eƒe nunyam eye be wòna mɔnukpɔkpɔ su asinye be makɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu.”

Nuteƒewɔwɔ na Yehowa bia be míanye nuteƒewɔlawo le eƒe Nya, Biblia, dzi wɔwɔ me. Nukata? Elabena Biblia mee Yehowa fia alesi wòle be míanɔ agbee mí le. Le nyateƒe me la, se kple gɔmeɖose siwo le emee nye nyuitɔ kekeake kple esiwo ŋu viɖe gãtɔ kekeake le na agbenɔnɔ. (Yesaya 48:17) Mègana ame bubuwo ƒe nyaƒoɖeamenu alo wò ŋutɔ wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo nawɔe be nàtra mɔ tso Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ me o. Nɔ Mawu ƒe Nya dzi wɔwɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe.

Nuteƒewɔwɔ na Mawu bia be míanye nuteƒewɔlawo na eƒe habɔbɔa hã. Esi ƒeawo va le yiyim la, eva hiã be woawɔ ɖɔɖɔɖowo kple asitɔtrɔwo le alesi míese ŋɔŋlɔ aɖewo gɔmee ŋu. Nyateƒea enye be womenyi ame aɖeke wòɖi ƒo le gbɔgbɔ me wòde mía nu o. (Mateo 24:45-47) Ðikekenanɔmee la, Yehowa le megbe na eƒe habɔbɔ si li egbea. Ðe míawo hã míate ŋu awɔe nenema ke oa? Aleae A. H. Macmillan wɔe. Le ɣeyiɣi kpui si do ŋgɔ na eƒe ku me la egblɔ be: “Tso esime metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbee na Mawu le ƒe blaevevɔetɔ̃ xɔxɔ me le September 1900 me la, mekpɔe be Yehowa ƒe habɔbɔa dzi ɖe edzi tso eƒe gɔmedzedze sue va zu dzidzɔmewo ƒe xexeame habɔbɔ si me tɔwo tsɔ dzonɔameme le gbeƒã ɖem eƒe nyateƒenyawoe. . . . Esi mekpɔ be nye subɔsubɔ na Mawu le anyigba dzi le nuwuwu gogom la, megaka ɖe edzi vevie wu tsã be Yehowa fia mɔ eƒe amewo eye wòna nusi tututu hiã wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Nɔviŋutsu Macmillan subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 66 kloe vaseɖe esime wòku le August 26, 1966, dzi. Eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe habɔbɔ si wokpɔna me.

Hekpe ɖe nuteƒewɔwɔ na habɔbɔa ŋu la, ɖe míanye nuteƒewɔlawo na mía nɔewoa? Ne yometiti sesẽ dze ŋgɔ mí la, ɖe míayi edzi awɔ nuteƒe na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwoa? Le Xexemeʋa II wɔɣi la, mía nɔvi siwo le Netherlands ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le nuteƒewɔwɔ me. Nazitɔwo ƒe Adzamekpovitɔwo tsɔ ŋutasesẽ nɔ gbe biam hamemegã aɖe si nɔ Groningen Hamea me, si ŋkɔe nye Klass de Vries, wodee ameɖekɛgaxɔ me ŋkeke 12 sɔŋ hena abolo kple tsi koe, eye emegbe wogabia gbee. Esi wotsɔ tu ɖo edzi henɔ ŋɔdzi dom nɛ be woawui la, wonae aɖabaƒoƒo eve be wòaʋu go afisi nɔvi siwo le dɔa nu le kpakple nyatakaka vevi bubuwo. Nya si Klass gblɔna koe nye be: “Miagase nya bubu aɖeke tso gbɔnye o. . . . Nyemazu yomemɔfiala o.” Zi etɔ̃ sɔŋ wotsɔ tua do ŋɔdzi nɛ. Mlɔeba la, Adzamekpovitɔawo na ta, eye woɖo Klass ɖe gaxɔ bubu me. Mefia nɔviawo yome mɔ gbeɖe o.

Ðe míawɔ nuteƒe na míaƒe ƒometɔ kpamkpam—si nye mía srɔ̃a? Ðe míewɔa nuteƒe le srɔ̃ɖeɖetam si míeka dzi wɔwɔ me abe alesi Yehowa wɔ ɖe nubabla kadodo si me wònɔ kple Israel dzi enea? Míganye amesiwo kuna ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ ko o, ke míawɔ nusiwo ana mía kple mía srɔ̃ dome nanɔ kplikplikpli hã. Xɔ ŋgɔ nàwɔ nusi ana wò srɔ̃ɖeɖea nanɔ dedie. Miwɔ nu ɖekae, miɖo dze faa kple mia nɔewo nanekemaɣlamaɣlae, mikpe ɖe mia nɔewo ŋu eye mide dzi ƒo na mia nɔewo, miɖo to mia nɔewo, miko nu ɖekae, mifa avi ɖekae, mife ɖekae, miwɔ dɔ ɖekae be miaɖo mia nɔewo ƒe taɖodzinuwo gbɔ, miwɔ nusi adze mia nɔewo ŋu, minye xɔlɔ̃wo. Nɔ ŋudzɔ vevie be ame bubu ƒe nu negalé dzi na wò o. Togbɔ be enyo eye wòsɔ be míadze si amewo ahadze xɔlɔ̃ kplikplikpli kple ame bubu siwo le srɔ̃ɖeɖea go do hã la, ele be srɔ̃tɔwo ƒe lɔlɔ̃ nanɔ mia kple srɔ̃wo ɖeɖe ko dome. Mègana ame aɖeke nage ɖe mia kple srɔ̃wò dome o.—Lododowo 5:15-20.

Yi edzi nànye nuteƒewɔla na xɔ̃wò xɔsetɔwo kple ƒometɔwo. Ne ƒeawo va le yiyim la, mègaŋlɔ wo be o. Kadodo nenɔ mia dome, ŋlɔ agbalẽ na wo, ƒo ka na wo, srã wo kpɔ. Aleke ke agbea le o, dze agbagba be màdo ŋukpe wo o. Na dzi nadzɔ wo bene woate ŋu agblɔ be yewonya wò alo do ƒome kple wò. Nuteƒe si nàwɔ na wo ana nàwɔ nu nyui si nèɖo kplikpaa be yeawɔ eye anye dzideƒo na wò.—Ester 4:6-16.

Ẽ, nuteƒewɔwɔ akuakua bia be woaɖe afɔ ŋutɔŋutɔ akpɔ ƒomedodo veviwo ta. Wɔ nusi nàte ŋui be nàɖo Yehowa ƒe amenuveve teƒe nɛ. Srɔ̃ Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ le nuwɔwɔ kple Kristo-hamea me tɔwo, srɔ̃wò, ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃wo me. Tsɔ nuteƒewɔwɔ gblɔ Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu nyawo na hawòviwo. Hakpala la gblɔe nyuie esime wògblɔ be: “Madzi ha le Mawu ƒe amenuveve ŋu ɖaa, matsɔ nye nu aɖe gbe ƒã eƒe nuteƒewɔwɔ le dzidzimewo katã me.” (Psalmo 89:2) Ðe meʋa mí be míate ɖe Mawu sia tɔgbe ŋu oa? Nyateƒee, “eƒe amenuveve li tegbee.”—Psalmo 100:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

A. H. Macmillan