Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ tso Deti Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Deti Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Deti Gbɔ

“ENYE nukpɔkpɔ dzeani tɔxɛ aɖe.” Aleae Biblia numekugbalẽ aɖe ɖɔ ayedee. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo kple egbegbe la, ayedetiwo ɖo atsyɔ̃ na Egipte ƒe Nile Bali la eye wonaa vɔvɔli fadziname le Negeb Dzogbe ƒe tsiteƒewo.

Abe deti ƒomevi vovovowo ene la, ayedeti te ŋu dzɔna kã wòɖe dzesi. Ðewo te ŋu kɔna meta 30 eye woyia edzi tsena ƒe 150 sɔŋ. Ẽ, ayedeti nyakpɔna ale gbegbe eye wòtsea ku nukutɔe. Ƒe sia ƒe la, ayedetsetse alɔ gbogbo aɖe nɔa edzi. Ayedeku 1,000 kple edzivɔ te ŋu nɔa eƒe tsetse alɔ ɖeka ŋu. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ tso ayedetsetse ŋu be: “Amesiwo . . . agblɔ be yewonya ayedetsetse ƒe vivi esi woɖu eƒe tsetse ƒuƒu siwo wode nugoewo me le fiase me la menya alesi tututu eƒe ɖiɖia vivinae ne wofɔe enumake o.”

Esɔ be Biblia tsɔ amegbetɔ aɖewo sɔ kple detiwo. Be míaƒe nu nadze Mawu ŋu, abe deti tseku ene la, ele be míaƒe agbenɔnɔ nadza eye míayi dɔ nyuiwo wɔwɔ dzi. (Mateo 7:17-20) Susu sia tae wota detiwo wònye atsyɔ̃ɖoɖo le Salomo ƒe gbedoxɔ kple Xezekiel ƒe ŋutega me gbedoxɔa siaa ŋu. (Fiawo I, 6:29, 32, 35; Xezekiel 40:14-16, 20, 22) Eyata be míaƒe subɔsubɔ nadze Mawu ŋu la, ele be nɔnɔme nyui siwo le ayedeti ŋu la nanɔ mía si. Mawu ƒe Nya kɔ eme be: “Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene.”—Psalmo 92:13.