Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae nye “dzudzɔ” si ƒe nya wogblɔ le Hebritɔwo 4:9-11, eye aleke ‘woayi ɖe dzudzɔ ma mee’?

Apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Hebri Kristotɔwo be: “Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la. Elabena amesi yi ɖe eƒe dzudzɔ me la, eya hã dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me, abe alesi Mawu dzudzɔ tso etɔwo me la ene. Azɔ minɛ míado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me.”—Hebritɔwo 4:9-11.

Esi Paulo gblɔ be Mawu dzudzɔ tso eƒe dɔ me la, eme kɔ ƒã be nya siwo wogblɔ le Mose I, 2:2 ye wòwɔnɛ, afisi míexlẽ le be: “Mawu wu eƒe dɔ, siwo wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe dɔ, siwo katã wòwɔ la me.” Nukatae Yehowa ‘dzudzɔ tso ŋkeke adreagbe’? Ðikeke mele eme o be menye esi wòhiã be wòagbɔ ɖe eme ‘tso eƒe dɔ siwo katã wòwɔ’ la me tae o. Kpukpui si kplɔe ɖo gblɔ susu si tae ale: “Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.”—Mose I, 2:3; Yesaya 40:26, 28.

“Ŋkeke adrelia” to vovo tso ŋkeke ade siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ elabena enye ŋkeke si Mawu yra eye wòkɔ eŋu, si fia be enye ŋkeke si wòtso ɖi, alo esi ŋu wòkɔ na tameɖoɖo tɔxɛ aɖe. Tameɖoɖoa enye eka? Do ŋgɔ la, Mawu ɖe eƒe tameɖoɖo ku ɖe ameƒomea kple anyigba ŋu fia. Mawu gblɔ na ŋutsu gbãtɔ kple srɔ̃a be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi.” (Mose I, 1:28) Togbɔ be Mawu na gɔmedzedze deblibo aɖe ameƒomea kple anyigba hã la, axɔ ɣeyiɣi hafi woava kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba bliboa dzi eye woatrɔe wòazu paradiso si dzi amegbetɔƒome deblibo ayɔ abe alesi Mawu ɖoe ene. Esia tae le “ŋkeke adreagbe” la, Mawu dzudzɔ tso anyigbadzidɔ bubuwo wɔwɔ me be wòaɖe mɔ na nusiwo wòwɔ xoxo la nadzi ɖe edzi abe alesi wòdii ene. Kaka ‘ŋkekea’ ƒe nuwuwu naɖo la, nusiwo katã ƒe tame Mawu ɖo la ava eme. Ɣeyiɣi didi kae dzudzɔa axɔ?

Ne míegatrɔ ɖe Paulo ƒe nya siwo le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me ŋu la, míade dzesii be egblɔ be “Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la,” eye wòxlɔ nu ehati Kristotɔwo be woado vevie nu be ‘woayi ɖe dzudzɔ ma me.’ Esia fia be esime Paulo ŋlɔ nya mawo la, Mawu ƒe ‘dzudzɔŋkeke adrelia’ si dze egɔme ƒe 4,000 aɖewo do ŋgɔ la gakpɔtɔ nɔ edzi yim. Mawu enu o vaseɖe esime Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe ameƒomea kple anyigba ŋu nava eme keŋkeŋ le Yesu Kristo, amesi nye “Sabat ƒe aƒetɔ” la, ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.—Mateo 12:8; Nyaɖeɖefia 20:1-6; 21:1-4.

Esi Paulo nɔ susu hem yi etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku ma dzi la, eɖe alesi woawɔ ayi Mawu ƒe dzudzɔa me la me. Eŋlɔ be: “Amesi yi ɖe eƒe dzudzɔ me la, eya hã dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me.” Esia fia mí be togbɔ be ameƒomea dze agbe gɔme le blibodede me hã la, ameƒome bliboa meyi Mawu ƒe dzudzɔa me o. Edzɔ alea elabena Adam kple Xawa mewɔ ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ na wo dzi henɔ eƒe ‘dzudzɔŋkeke adrelia’ me yi ŋgɔ kura o. Ðe eteƒe la, wodze aglã eye wodi ɖokuisinɔnɔ Mawu manɔmee. Le nyateƒe me la, wodze tame vɔ̃ si Satana ɖo yome le esi teƒe be woaxɔ Mawu ƒe mɔfiafia si me lɔlɔ̃ le la boŋ. (Mose I, 2:15-17) Eyata wobu agbe tegbee si woanɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ la. Tso ɣemaɣi dzi ko la, ameƒomea katã va zu kluvi na nuvɔ̃ kple ku.—Romatɔwo 5:12, 14.

Ameƒomea ƒe aglãdzedze mexe mɔ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖoa me vava nu o. Eƒe dzudzɔ kpɔtɔ le edzi yim. Ke hã Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe si me lɔlɔ̃ le—si nye tafe la—to Via, Yesu Kristo dzi ale be amesiwo katã axɔ edzi ase la, ate ŋu akpɔ mɔ be yewoakpɔ ɖeɖe kple gbɔɖeme tso nuvɔ̃ kple ku si me. (Romatɔwo 6:23) Esia tae Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be ‘woadzudzɔ tso woa ŋutɔwo ƒe dɔwɔwɔwo me.’ Ele be woalɔ̃ axɔ ɖoɖo si Mawu wɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ke menye be woanɔ ta gbam le woawo ŋutɔ ƒe etsɔme ŋu le wo ɖokuisi abe alesi Adam kple Xawa wɔe ene o. Ele be woaƒo asa na nusiwo woawɔ atsɔ anɔ wo ɖokui nu ɖem hã.

Nyateƒee, ɖokuitɔdidi alo xexemenuwo didi si woaƒo asa na be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la naa dzidzeme ame. Yesu kpe amewo be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.

Nyateƒe wònye be Mawu ƒe dzudzɔ kple alesi woawɔ ayi eme si me Paulo dzro de dzi ƒo na Hebri Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem, amesiwo do dzi le yometiti kple fewuɖuɖu geɖe me ɖe woƒe xɔse ta. (Dɔwɔwɔwo 8:1; 12:1-5) Nenema ke, Paulo ƒe nyawo ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔ siwo li egbea. Esi míenya be Mawu ƒe ŋugbedodo be yeahe anyigba dzi paradiso si anɔ eƒe Fiaɖuƒe dzɔdzɔea te tu aƒe ta la, ele na míawo hã be míadzudzɔ mía ŋutɔwo ƒe dɔwɔnawo eye míaʋli be míayi eƒe dzudzɔ la me.—Mateo 6:10, 33; Petro II, 3:13.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Woakpɔ Mawu ƒe paradisonyigba ƒe ŋugbe si wòdo me vava le eƒe dzudzɔŋkekea ƒe nuwuwu.