Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Vavã—Ðe Wòagate Ŋu Anɔ Ame Sia?

Xɔse Vavã—Ðe Wòagate Ŋu Anɔ Ame Sia?

Xɔse Vavã—Ðe Wòagate Ŋu Anɔ Ame Sia?

“Xɔse nye dziɖoɖo sẽŋu gbagbe si le ame si be Mawu ave ye nu, kakaɖedzi nɔa eŋu na xɔsetɔa ale gbegbe be edea eƒe agbe afɔku me zi geɖe ɖe eta.”—MARTIN LUTHER, ƑE 1522.

“Le nusianu kloe me la, míezu xexemetɔ siwo dome Kristotɔwo ƒe xɔse kple wɔnawo bu le keŋkeŋ vɔ.”—LUDOVIC KENNEDY, ƑE 1999.

AMEWO ƒe nukpɔsusu le xɔse ŋu te ŋu toa vovo sã. Tsã la, Mawudzixɔse bɔ. Le egbe ƒe xexe si me ɖikeke kple fukpekpe le me la, Mawu kple Biblia dzi xɔse vavãtɔ le bubum kabakaba.

Xɔse Vavã La

Le ame geɖe gome la, nusi “xɔse” fia koe nye be subɔsubɔdzixɔse aɖe nanɔ ame si alo woanɔ subɔsubɔha aɖe me. Gake le mɔ si nu Biblia zã “xɔse” le gome la, nusi wòfia koŋ enye ŋuɖoɖeŋu bliboe—kakaɖedzi blibo si meʋuʋuna o si anɔ ame si ɖe Mawu kple eƒe ŋugbedodowo ŋu. Nɔnɔme si ɖea dzesi le Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la ŋue wònye.

Ɣeaɖeɣi la, Yesu Kristo ƒo nu tso alesi wòle be woado gbe ɖa eye ‘ɖeɖi nagate ame ŋu o’ la ŋuti. Le nya sia gbɔgblɔ me la, ebia nenye be xɔse vavã ate ŋu anɔ anyi le míaƒe egbeŋkekeawo me. Ebia be: “Ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?” Nukatae wòbia nya sia?—Luka 18:1, 8.

Xɔse Bu

Nu geɖe ate ŋu ana amewo nabu xɔse si nɔ wo si. Esiawo dometɔ aɖewoe nye dzigbãnyawo kple tetekpɔ siwo míedoa goe gbesiagbe le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, nufialagã Michael Goulder nye nunɔla le Manchester, England, esime Munich yameʋufɔkua dzɔ le ƒe 1958 me si me Manchester United bɔlƒohaa me tɔ geɖe ku le. Le BBC television dzi wɔna aɖe me la, nyadzɔdzɔgblɔla Joan Bakewell gblɔ be Goulder “ƒe lãme fa esi wòkpɔ alesi gbegbe amewo nɔ konyi famee.” Emetsonu ɖeka enye be “xɔse megava nɔ esi be Mawu xɔna na ame le afɔku me o.” Goulder ʋu eƒe xɔse me be “Biblia menye . . . Mawu ƒe nya si ŋu vodada mele o” ke boŋ, “amegbetɔ ƒe nya si ŋu vodada le ye wònye, ɖewohĩ teƒe aɖewo koe nye Mawu ƒe nya si woŋlɔ.”

Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko amewo ƒe xɔse nɔ to yim vivivi. Aleae wòdzɔ le nuŋlɔla kple nyadzɔdzɔgblɔla Ludovic Kennedy gome. Egblɔ be tso ɖevime kee “yenɔ ɖi kem ɣeaɖewoɣi [le Mawu ŋu] eye [yeƒe] xɔse nɔ to yim.” Edze abe ame aɖeke mete ŋu ɖo eƒe biabiawo ŋu nɛ ne eƒe dzi nadze eme o ene. Fofoa ƒe ku le atsiaƒu dzi nye nusi gagblẽ nu vevie le eƒe xɔse si gbɔdzɔ xoxo la ŋu. Womeɖo gbe siwo wodona ɖa na Mawu be “[wòakpɔ] mía ta tso atsiaƒu ƒe afɔkuwo kple futɔwo ƒe ŋutasesẽ me” ŋu o esime Germany-ʋawɔʋuwo dze meli si wotrɔ wòzu ƒudzimɔzɔʋu si me fofoa nɔ dzi hetsrɔ̃e le Xexemeʋa II me.—All in the Mind—A Farewell to God.

Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe bɔ. Apostolo Paulo gblɔ be: “Menye amewo katã si xɔse la le o.” (Tesalonikatɔwo II, 3:2) Nukae nye wò susu? Ðe woagate ŋu axɔ Mawu kple eƒe Nya dzi ase vavã le xexe si me ɖikeke le dzidzim ɖe edzi mea? Dzro nusi nyati si kplɔe ɖo agblɔ le nya sia ŋu me kpɔ.