Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míewɔa Míaƒe Ŋutete Ðesiaɖe!

Míewɔa Míaƒe Ŋutete Ðesiaɖe!

Míewɔa Míaƒe Ŋutete Ðesiaɖe!

“WƆ WÒ ŋutete ɖesiaɖe.” Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ aɖee ɖo aɖaŋu nyui ma na dutanyanyuigblɔla aɖe ɣeaɖeɣi. Gake nukatae wòɖo aɖaŋu bɔbɔe ma na subɔla kpɔnuteƒe sia? Ðe dutanyanyuigblɔlawo katã menye dzinɔameƒotɔwo, amesiwo nɔa te ɖe gbagbladzawo, dawo, dzoxɔxɔ, dɔléle, kple nɔnɔme sesẽ vovovowo nu gbesiagbe oa?

Le nyateƒe me la, ŋutsu kple nyɔnu siwo le abe míawo ke ene koe Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo nye, wonye Kristotɔ siwo lɔlɔ̃ deto si le wo me na Yehowa kple wo havi ʋã be woasubɔ le dutanyigbawo dzi. Wole agbagba dzem be yewoawɔ yewoƒe ŋutete ɖesiaɖe le Yehowa subɔsubɔ me, eye wokpɔa esinu be wòado ŋusẽ yewo.—Efesotɔwo 6:10.

Be míanya nu geɖe tso dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu la, mina míatsɔe be míetsɔ ŋkeke ɖeka yi ɖasrã dutanyanyuigblɔlawo kpɔ le Ɣetoɖoƒe Afrika le woƒe aƒeme.

Ŋkeke Ðeka le Dutanyanyuigblɔdɔa Me

Esusɔ vie ŋdi ga 7:00 naƒo. Míeva ɖo dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me ɖe game dzi ŋutɔ ale be míate ŋu akpɔ gome le ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro me. Dutanyanyuigblɔla ewoawo do wòezɔ na mí vividoɖeameŋutɔe eye wona zikpui mí ɖe ŋdinuɖukplɔ̃a ŋu. Esi míeɖe mía ɖokui fia mía nɔewo vɔ la, dutanyanyuigblɔlaawo dometɔ ɖeka si wɔ dɔ sia ƒe geɖe te nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe si su esi le gbeƒãɖeɖedɔa me gbɔgblɔ na mí. Gake míaƒe dzeɖoɖoa nu tso esime amesi akpɔ numedzodzroa dzi gbemagbe ɖo ŋku edzi na ƒuƒoƒo kpɔdzidzɔa be ɣeyiɣia de na gbesiagbe mawunyaa me dzodzro. Fransegbe mee woawɔ numedzodzroa le. Togbɔ be míese gbe ma o hã la, míekpɔe dze sii ƒã le woƒe nuƒoƒo me be dutanyanyuigblɔla siwo metso afima o la le agbagba dzem ŋutɔ le gbea sɔsrɔ̃ me.

Le Ŋɔŋlɔa me dzodzro megbe la, wodo gbe si tso dzi me ɖa, eye eyome ŋdinuɖuɣi ɖo. Esi amesiame ku dzogbɔ si aɖi ƒo nɛ vɔ la, dutanyanyuigblɔla si nɔ mía xa gblɔ na mí be mífli akɔɖu kɔ ɖe dzogbɔa me. Míegblɔ nɛ be akɔɖu mevivia mía nu tututu o, gake egblɔ kple kakaɖedzi be ne míeɖɔ afima kɔɖu kpɔ la, míatrɔ susu. Eyata míefli sue aɖe kɔ ɖe dzogbɔa me. Detsi vivi he zikpui nyateƒe! Afima kɔɖuawo vivi ŋutɔ—ɖeko nàsusu be ice cream ye! Eye wogblɔ na mí be ŋdi ma koe wome Fransebolo si ɖum míele la le abolomeƒe sue aɖe si le mɔdodo si tso dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea dome la godo.

Ne míeɖu ŋdinua vɔ la, míanɔ dutanyanyuigblɔla siwo nye srɔ̃tɔwo, siwo míayɔ be Ben kple Karen, la gbɔ gbemagbe. Míese alesi Ɣetoɖoƒe Afrika-dukɔ sia me ƒe anyigbamama le ku tsemee, eye míedi vevie be mía ŋutɔwo míakpɔ alesi wòle ɖa.

Esi míeva ɖo ʋudzeƒea la, ame abe wuieve ene tɔ ɖi nɔ ʋu dzɔm. Kasiaa, mía xɔlɔ̃ dutanyanyuigblɔlaawo te dzeɖoɖo kple nyɔnu aɖe kple viaŋutsu tso Biblia me nyati aɖe ŋu vevie. Esi míese Fransegbea o ta la, ɖeko míetɔ ɖi nɔ alɔgbɔnu kom! Esi nyɔnua nɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xɔm ko la, ʋua va ɖo, eye amesiame nɔ ʋua ham! Esi míenɔ ʋiʋlim be míaɖo bɔsua la, amesiwo le mía megbe nɔ mía tutum. Agbagbadzedze ŋutɔe wònye hafi míete ŋu lé afɔ ɖi kakaa ɖatsi tre ɖe bɔsua megbe. Esi ʋukulaa ho ʋua hedze mɔ yina la, ɖe míelé nane ɖe asi goŋgoŋ hafi míedze anyi o. Bɔsua nɔ tɔtɔm tso teƒe yi teƒe ganɔa amewo tegem ɖe eme kpee gɔ̃ hã. Míekpɔa ʋuɖola bubuwo ŋkume koa alɔgbɔnu eye woawo hã koa nu. Míedi vevie be míaɖo dze kpli wo hafi!

Esi bɔsua le du dzi la, míenɔ dɔ vovovo wɔla siwo ŋu tom míele ƒimƒim le mɔdodoa dzi kpɔm to fesre nu. Nyɔnu eve aɖewo tsɔ agba kpekpe aɖe ɖe ta nɔ zɔzɔm le akasa nu. Wo dometɔ ɖeka tsɔ tsize gã aɖe ɖo agbagbae. Ŋutsu veviedonula aɖe ɖo kuntru ɖe mɔa ƒe axadzi hefɔ nu kpotoekpotoe aɖewo ɖo ɖe edzi be yeadzra. Afisiafi nàkpɔ la, amewo le nu dzram loo alo le nu ƒlem, nusianu si woate ŋu adzra alo aƒle ko.

Kasiaa, Ben si tsi tre ɖe nye axadzi kpɔe be nane nɔ dɔ titim ɖe yeƒe afɔ ŋu. Nukae wòanye? Bɔsua ale gbegbe, gake nua ganɔ nu titim ɖe eŋu kokoko. Edze agbagba bɔbɔ lé ŋku ɖe anyi. Nubablɛ aɖe si le eƒe afɔ gbɔ mee kpakpaxe aɖe le nɔ ta dom ɖa nɔ nu tɔmee vivivi! Ben gblɔ be anye asimee kpakpaxetɔa kɔe yina be yeadzra.

Esi míeva ɖo míaƒe anyigbamama me la, dzi dzɔ mí ŋutɔ esi míese be Afrika-nuto akuakua aɖe mee míeyina. Esi míegogo aƒe gbãtɔ la, Ben ƒo asikpe sesĩe tsɔ do agoe. Aleae amewo “doa agoe” le xexea ƒe akpa sia. Ðekakpui aɖe do va gblɔ be ye xaxa vie gake míyi sẽe ŋdi ma míatrɔ agbɔ.

Le agbo evelia nu la, míedo go nyɔnu aɖe si do gbe aɖe si Ben mese o. Eyɔ viaŋutsu be wòava ɖe nya si gblɔm Ben le me na ye. Esi Ben wu eƒe nyaa nu la, nyɔnua xɔ agbalẽ gbadza aɖe si ƒo nu tso Biblia me nyatiwo ŋu, eye viaŋutsua gblɔ be yeaxlẽe nɛ. Le aƒe etɔ̃lia me la, sɔhɛ gbogbo aɖewo nɔ anyi ɖe aƒea ŋgɔ. Enumake wo dometɔ eve tso le woƒe zikpui dzi be amedzroawo nanɔ anyi. Numedzodzro vivi aɖe si ku ɖe atitsoga zazã le tadedeagu me ŋu kplɔe ɖo. Wowɔ ɖoɖo hena numedzodzroa dzi yiyi le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Azɔ ɣeyiɣi de be míatrɔ ayi ɖekakpui si míedo go le aƒe gbãtɔ me si ŋu vovo menɔ o la gbɔ. Ese dze si míeɖo kple sɔhɛ siwo nɔ mɔa godo la vie. Biblia me nyabiase geɖe nɔ esi eye wòbia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esi Ben lé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu vɔ la, elɔ̃ be yeatrɔ ava egbɔ le ɣeyiɣi sia tututu me le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Esi míetrɔ yina dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me na ŋdɔnuɖuɖu la, Ben kple Karen ɖe nu me na mí be ɖe yewowɔa ɖoɖo ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu nyuie elabena ete ŋu dzɔna be yewodzea Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme wòsɔa gbɔ wu esi yewoate ŋu awɔ.

Míekafu wo ɖe alesi wodoa Fransegbea memiee la ta. Ben gblɔ be ƒe adee nye ma ye kpakple Karen yewole dutanyanyuigblɔdɔa wɔm eye Fransegbea te yewo mama vie. Wogblɔ na mí be gbe yeye sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe kura o, gake kutrikuku ɖea vi.

Esi ŋdɔ 12:30 ƒo la, dutanyanyuigblɔlaawo katã va nɔ kplɔ̃a ŋu hena ŋdɔnuɖuɖu. Wona míenya be gbesiagbe la dutanyanyuigblɔla bubue wodea dɔ asi na wòɖaa ŋdi kple ŋdɔ nu heklɔa agbawo le nuɖuɖua megbe. Egbea, dutanyanyuigblɔlaawo dometɔ ɖeka ɖa nu vivi aɖe si nye yevute fifli tɔtɔe kple koklolã tɔtɔe si Franseawo wɔna, hekpe ɖe tomatos fifli ŋu—si ɖaɖa me wòbi ɖo ŋutɔ!

Ðoɖo kae le Ben kple Karen si le ŋdɔ ma me? Wogblɔ be amesiame sina le ŋdɔkutsua nu tso ŋdɔ 1:00 vaseɖe ɣetrɔ ga 3:00 me, eyata zi geɖe la, dutanyanyuigblɔlawo zãa ɣeyiɣi ma ƒe ɖe tsɔ srɔ̃a nu alo ɖina ɖe eme. Mewɔ nuku na mí esi Karen gblɔ na mí be medidina kura hafi nuwɔna sia maa dutanyanyuigblɔla yeyewo o!

Le ɖiɖiɖemea megbe la, míetrɔ yi gbeadzi. Ŋutsu ɖetsɔlemetɔ aɖe si Ben dze agbagba ʋuu be yeado goe mele aƒea me egbea hã o, gake ɖekakpui eve aɖewo do ɖe agboa nu esime Ben do agoo. Wogblɔ na mí be aƒeatɔ gblɔ Ben ƒe afima vava ŋu nya na yewo hekafui vevie na yewo be yewoaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míegblẽ agbalẽ ma ƒe ɖeka ɖe wo gbɔ kple dzidzɔ. Emegbe míeva tso bɔs si akɔ mí ayi nuto aɖe me, afisi Karen awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple nyɔnu ɖetsɔlemetɔ aɖe le.

Esi ʋua kɔ mí to mɔdodo siwo dzi yɔ tititi dzi yina la, Karen gblɔ na mí be gbeɖeka si ye kple ame bubu geɖe yewoɖo taksi aɖee yedo go nyɔnua. Esi wonɔ mɔa dzi la, Karen tsɔ trakt aɖe na nyɔnua be wòaxlẽ. Nyɔnua xlẽ trakt ma vɔ gabia be wòana bubu ye. Egaxlẽ ema hã kple vividoɖenuŋu geɖe. Esi woɖo afisi yim wonɔ la, Karen wɔ ɖoɖo kple nyɔnua be yeava srãe kpɔ le eƒeme eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ si le afɔ tsɔm la gɔme kplii le agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? me. Egbea, Karen yina agbalẽ gbadza ma ƒe nusɔsrɔ̃ atɔ̃lia wɔ ge kplii.

Míese vivi na gbeadzisubɔsubɔdɔa nyuie le ŋkekea me, gake biabia aɖewo kpɔtɔ le mía si míabia tso dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu. Amesiwo gbɔ míeva dze na kakaɖedzi mí be ne míetrɔ yi aƒeme eye yewodi nu bɔbɔe aɖe míeɖu vɔ ko la, yewoaɖo míaƒe biabiawo ŋu na mí.

Alesi Wowɔ Kpɔtɔ Lé Dɔa Me Ðe Asi

Esi míenɔ Fransebolo si me wode koklozi tɔtɔe kple nyinotsibablae ɖum la, wogblɔ nya geɖe na mí tso dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu. Zi geɖe Dzoɖagbewo nye ŋkeke si dzi dutanyanyuigblɔlawo ɖina ɖe eme alo kpɔa woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Dutanyanyuigblɔla akpa gãtɔ zãa ɣeyiɣi aɖe le ŋkeke ma me tsɔ ŋlɔa agbalẽe na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Wodina vevie be yewoase nya tso yewo de, eye lɛta ŋɔŋlɔ kple exɔxɔ doa dzidzɔ na dutanyanyuigblɔlawo ŋutɔ.

Esi aƒe ɖeka mee dutanyanyuigblɔlawo le hewɔa dɔ ɖekae ta la, ele vevie be woalé dzeɖoɖomɔnu nyui me ɖe asi to hadede kple wo hati dutanyanyuigblɔla bubuwo kple gbɔgbɔmenyawo me dzodzro me. Be woate ŋu awɔ ema la, dutanyanyuigblɔlawo zãa Gbetakpɔxɔ magazine tsɔ srɔ̃a Bibliae le Dzoɖa fiẽwo, hekpe ɖe woa ŋutɔwo ɖokui si Biblia sɔsrɔ̃ gbesiagbe ƒe ɖoɖo me léle ɖe asi ŋu. Ben ɖee fia be esi teƒe vovovowoe dutanyanyuigblɔlawo tso va le teƒe ɖeka ta la, masɔmasɔ suesuewo nɔa anyi godoo, gake gbɔgbɔmeɖoɖo si nye ƒome-nusɔsrɔ̃a kpena ɖe wo ŋu be wonɔa ŋutifafa me kple wo nɔewo eye ɖekawɔwɔ nɔa wo dome. Ete gbe ɖe edzi be nusi gakpena ɖe yewo ŋu enye ame ɖokui ŋu mabumabu fũ.

Ðokuibɔbɔ hã le vevie. Menye ɖe wodɔ dutanyanyuigblɔlawo ɖa be woayi amewo nasubɔ wo o, ke boŋ be woawo nasubɔ. Mía xɔlɔ̃awo kpɔe be nya si gbɔgblɔ sesẽ wu ɖesiaɖe le gbe ɖesiaɖe me enye “tɔnye medzɔ o,” vevietɔ ne amea le kuku ɖem ɖe nya aɖe si wògblɔ alo nane si wòwɔ le manyamanya me la ta. Ben ɖo ŋku Abigail, amesi ɖe kuku ɖe srɔ̃a ƒe numanyomanyo si wòwɔ la ta eye wòɖɔ nɔnɔme si anye ne ehe afɔku vɛ la ɖo, ƒe kpɔɖeŋu si le Biblia me la dzi na mí. (Samuel I, 25:23-28) ‘Anyinɔnɔ le ŋutifafa me’ ƒe ŋutete enye dutanyanyuigblɔla nyui nyenye ƒe akpa vevi aɖe.—Korintotɔwo II, 13:11.

Dutanyanyuigblɔlawo kpena zi ɖeka ɣleti siaa ɣleti dzroa nya siwo ku ɖe ƒomea ŋuti me, eye wogbugbɔ wɔa ɖoɖo yeyewo. Ema megbe la, wo katã ɖua numeɖenu tɔxɛ aɖe. Míekpɔe be ɖoɖo sia nyo ŋutɔ—edea amesiame dzi.

Esi míeɖu fiẽ nua vɔ la, míeɖi tsa le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me vie. Míede dzesii be togbɔ be menye aƒe kpeɖi aɖe mee dutanyanyuigblɔlaawo le o hã la, wokpe asi ɖe eŋu ɖekae dzra eme ɖo wòle dzadzɛ ŋutɔ. Nufamɔ̃, nunyamɔ̃, kple gamle le wo si. Karen gblɔ na mí be le dukɔ xɔdzowo, abe esia si le Ɣetoɖoƒe Afrika me ene la, xɔmefamɔ̃ hã te ŋu nɔa xɔawo me. Mlɔƒe siwo sɔ, nuɖuɖu nyui, kple beléle na ame ɖokui le lãmesẽnyawo gome kpena ɖe dutanyanyuigblɔlawo ŋu be wonɔa lãmesẽ me hekpɔa dzidzedze.

Wò Susu Nanɔ Akpa Nyuiawo Ŋu

Nusiwo katã míekpɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Ðe wòanye be míate ŋu awɔ dutanyanyuigblɔdɔa? Aleke míawɔ anya? Amesiwo gbɔ míedze gblɔ nya ʋɛ aɖewo na mí siwo ŋu míade ŋugble le.

Gbã la, wogblɔ na mí be menye mɔzɔzɔ anya teƒeteƒewo tae woɖo Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo ɖa o. Dzianukwaretɔ siwo di be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo ŋu dimee wole. Dutanyanyuigblɔlawo zãa gaƒoƒo 140 ya teti ɣleti siaa ɣleti ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu, eyata lɔlɔ̃ si anɔ ame si ɖe subɔsubɔdɔa ŋu le vevie ŋutɔ.

‘Gake,’ míebia be, ‘ke dawo, adoglowo, kple gbagbladzawo ya ɖe?’ Ben gblɔ na mí be togbɔ be woate ŋu akpɔ lã siawo le teƒe siwo woɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖo dometɔ geɖe hã la, woma ŋku na dutanyanyuigblɔlaawo. Egblɔ kpee be nu nyui tɔxɛwo le teƒe ɖesiaɖe si woɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖo, eye ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, dutanyanyuigblɔlawo naa woƒe susu nɔa woƒe dɔdasiwo ƒe akpa nyuiawo ŋu. Eteƒe medidina o nɔnɔme siwo anye ne woabu wo le gɔmedzedzea me be “woto vovo” la va nyea nu bɔbɔ, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va vivia ame nu. Dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe geɖe hafi eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwo zi edzi wòtrɔ yi wo de gblɔ be esesẽ na ye be yeadzo le yeƒe dɔdasia gbɔ wu alesi wònɔ be yeadzo le yewo de le ƒe siwo do ŋgɔ la me. Teƒe si woɖoe ɖo be wòawɔ dutanyanyuigblɔdɔa le va zu wo de.

Èle Klaloa?

Ben kple Karen gblɔ nya geɖe na mí si ŋu míade ŋugble le. Ke wò ya ɖe? Èbu dutanyanyuigblɔla nyenye asubɔ le dutanyigba dzi ŋu kpɔa? Ne nenemae la, ke ànya gogo taɖodzinu ma gbɔ ɖoɖo wu alesi nèsusui. Nu vevi siwo wòbia la dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃ si anɔ mewò ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu eye kpekpeɖeŋu nana amewo navivi nuwò. Ðo ŋku edzi be menye mawudɔlawoe dutanyanyuigblɔlawo nye o, ke ŋutsu kple nyɔnuwo ko wonye abe míawo ene. Woƒe ŋutete ɖesiaɖe ko wɔmee wole be yewoawɔ dɔ vevi aɖe awu enu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Ŋkeke ɖesiaɖe dzea egɔme kple mawunyakpukpui aɖe me dzodzro

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Dutanyanyuigblɔdɔ wɔwɔ ate ŋu ana ame ƒe dzi nadze eme ale gbegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Afrika ƒe teƒe aɖewo