Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Dzi Si Dzea Yehowa Ŋu Nasu Asiwò

Na Dzi Si Dzea Yehowa Ŋu Nasu Asiwò

Na Dzi Si Dzea Yehowa Ŋu Nasu Asiwò

“Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!”—PSALMO 51:12.

1, 2. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le míaƒe dzi me?

EDZƆ atsu hedze ɖeka. Esi nyagblɔɖila Samuel kpɔe la, eƒe nu dze ŋu ale gbegbe be wòƒo nya ta be Isai viŋutsu tsitsitɔ siae nye amesi Mawu tia be wòaɖu fia ɖe Saul yome. Gake Yehowa gblɔ be: “Megakpɔ [ŋutsuvi sia ƒe] dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. . . . Amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” Amesi Yehowa tiae nye Isai viŋutsuvi suetɔ, Dawid—“[amesi] dze eŋu.”—Samuel I, 13:14; 16:7, 8.

2 Mawu ate ŋu anya nusi le amegbetɔ ƒe dzi me, abe alesi wògblɔe kɔte emegbe ene be: “Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye medoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.” (Yeremya 17:10) Ẽ, “Yehowa doa dziwo kpɔna.” (Lododowo 17:3) Gake dzi kae Yehowa dona kpɔna le ame me? Eye nukae míate ŋu awɔ be dzi si dzea eyama ŋu nasu mía si?

“Dzime ƒe Ame Ɣaɣla” La

3, 4. Gɔmesese ka koŋ nue wòzãa nya “dzi” le le Biblia me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

3 Nya “dzi” dze zi akpe ɖeka kloe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. Wozãe zi akpa gãtɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Mose be: “Gblɔ na Israel-viwo bena, woadzɔ nu nam. Midzɔ nu nam le amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la si.” Eye “amesiame, si wòdzɔ dzi na la” va dzɔ nu. (Mose II, 25:2; 35:21) Edze ƒã be kpɔɖeŋudzi la ƒe nuwɔna ɖeka enye ameʋaʋã—si nye ŋusẽ si le mía me si ʋãa mí be míawɔ nu. Míaƒe kpɔɖeŋudzi la gaɖea míaƒe seselelãmewo, miaƒe dzodzrowo kple dzimedidiwo fiana. Dɔme ate ŋu ave dzia alo ŋɔdzi nalée, ate ŋu axa nu alo dzi nadzɔe. (Psalmo 27:3; 39:4; Yohanes 16:22; Romatɔwo 9:2) Ate ŋu ada alo abɔbɔ eɖokui, lɔlɔ̃ ate ŋu ayɔ eme alo wòalé fu ame.—Lododowo 16:5; Mateo 11:29; Petro I, 1:22.

4 Esia tae wozãa “dzi” wòkuna ɖe ameʋaʋã kple seselelãmewo ŋu, evɔ wozãa “susu” ya wòkuna ɖe nugɔmesese ŋu ɖo. Aleae wòle be woase nyagbe siawo gɔmee ne wodze le teƒe ɖeka le Ŋɔŋlɔawo me. (Mateo 22:37; Filipitɔwo 4:7) Gake menye be ɖe ƒomedodo aɖeke mele dzi kple susu dome o. Le kpɔɖeŋu me, Mose xlɔ̃ nu Israel-viwo be: ‘Nede dzi gbɔ na mi [alo, “miɖo ŋku edzi,” NW ƒe etenuŋɔŋlɔ] bena, Yehowa enye Mawu vavã la.’ (Mose V, 4:39) Yesu gblɔ na agbalẽfiala siwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu bena: “Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?” (Mateo 9:4) Woate ŋu azã ‘nugɔmesese,’ “sidzedze,” kple ‘tamebubu’ hã na dzi ƒe dɔwɔna. (Fiawo I, 3:12; Lododowo 15:14; Marko 2:6) Eyata kpɔɖeŋudzia ate ŋu afia míaƒe nunyanya—míaƒe tamesusu alo míaƒe nugɔmesese.

5. Nukae kpɔɖeŋudzi la tsi tre ɖi na?

5 Numekugbalẽ aɖe gblɔ be kpɔɖeŋudzia tsi tre ɖi na “amenyenye ƒe akpa vevitɔ le gɔmesese gbadzaa nu, amenyenye ememetɔa, eyata kpɔɖeŋudzia fia nusi ame nye le ememe si wòɖena fiana le eƒe nuwɔna vovovowo me, le eƒe didiwo, lɔlɔ̃, seselelãmewo, dzodzrowo, tameɖoɖowo, eƒe tamesusuwo, nukpɔsusuwo, nuŋububuwo, eƒe nunya, sidzedze, aɖaŋudzedze, eƒe dzixɔsewo kple eƒe tamebubuwo, eƒe ŋkuɖoɖonudzi kple eƒe ŋudzɔnɔnɔ me.” Efia amesi ƒomevi tututu míenye le ememe, “dzime ƒe ame ɣaɣla” la. (Petro I, 3:4) Esiae Yehowa kpɔna hedona kpɔna. Eyata Dawid do gbe ɖa be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Psalmo 51:12) Aleke dzi dzadzɛ awɔ asu mía sii?

Mawu ƒe Nya “Nade Dzigbɔ na Mi”

6. Nuxlɔ̃amenya kae Mose na Israel-viwo esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba?

6 Esi Mose nɔ nu xlɔ̃m Israel-vi siwo kpe ta ɖe Moab-tagba hafi woage ɖe Ŋugbedodonyigba dzi la, egblɔ be: “Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, nade dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.” (Mose V, 32:46) Wobia tso Israel-viawo si be “woaɖo to nyuie.” (Knox ƒe gɔmeɖeɖea.) Mawu ƒe sededewo nyanya nyuie dzi koe woate ŋu ato akui ɖe to me na wo viwo.—Mose V, 6:6-8.

7. Nukae Mawu ƒe Nya si ‘ade míaƒe dzigbɔ’ lɔ ɖe eme?

7 Nusi hiã vevie hafi dzi dzadzɛ nasu ame si enye be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu ame si. Sidzedze ma tsoƒe ɖeka pɛ koe li, eyae nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. (Timoteo II, 3:16, 17) Gake sidzedze ɖeɖe makpe ɖe mía ŋu be dzi si dze Yehowa ŋu nasu mía si o. Hafi sidzedze nate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amesi tututu míenye le ememe dzi la, ele be nusi srɔ̃m míele ‘nade dzigbɔ na mí,’ alo ‘míadee dzi me.’ (Mose V, 32:46) Aleke wowɔa nusiae? Hakpala Dawid ɖe eme be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 143:5.

8. Biabia kawo ŋue míate ŋu ade ŋugble le ne míele nu srɔ̃m?

8 Ele be míawo hã míatsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ade ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Ne míele Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm la, ele be míade ŋugble le biabia siawo ƒomevi ŋu be: ‘Nuka fiamee nusia lem tso Yehowa ŋu? Yehowa ƒe nɔnɔme kae wòɖe fia le afisia? Nukae nuŋlɔɖi sia fiam tso nusi Yehowa lɔ̃na kple nusi melɔ̃na o ŋu? Nukawoe dona tsoa nusi Yehowa lɔ̃ kple nusi wòlé fui wɔwɔ me? Aleke nyatakaka sia do ƒome kple nusi menya xoxoe?’

9. Aleke gbegbee ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le vevie?

9 Lisa * si xɔ ƒe 32 gblɔ alesi wòwɔ va kpɔ ŋudzedze ɖe alesi gbegbe ɖoɖowɔwɔ koŋ asrɔ̃ nu ahade ŋugble le vevii ŋu be: “Esi mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1994 me megbe la, dzo nɔ menye vevie le nyateƒea me anɔ ƒe eve. Medea Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã, hetsɔa gaƒoƒo 30 va ɖo 40 dea gbeadzi ɣleti sia ɣleti, eye medea ha kple hati Kristotɔwo. Emegbe meva te megbedede. Mede megbe ale gbegbe be meva da Mawu ƒe se dzi gɔ̃ hã. Gake meva nyɔ le susu me heɖoe be maɖɔ nye agbenɔnɔ ɖo. Aleke gbegbe dzi dzɔam enye si be Yehowa xɔ nye dzimetɔtrɔa eye wògaxɔm! Mebiaa ɖokuinye zi geɖe be: ‘Nukatae mede megbe?’ Ŋuɖoɖo si mekpɔna ɣesiaɣi enye be meŋe aɖaba ƒu nusɔsrɔ̃ si maɖo koŋ awɔ ahade ŋugble dzi. Kpuie ko la, Biblia ƒe nyateƒea meɖo nye dzi gbɔ o. Tso fifia dzi yina la, ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede anye nu veviwo le nye agbe me ɣesiaɣi.” Esi míele tsitsim le Yehowa, Via, kple eƒe Nya ŋuti sidzedze me la, aleke gbegbe wòle vevie enye si be míadi ɣeyiɣi na ŋugbledede ɖɔʋu!

10. Nukatae wòhiã kpata be míadi ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede?

10 Le hloloetsotso ƒe xexe sia me la, ɣeyiɣi kpɔkpɔ na nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede nye nu sesẽ nyateƒe. Gake Kristotɔwo le tsitre ɖe Ŋugbedodonyigba wɔnuku aɖe—si nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea—ƒe agbo nu. (Petro II, 3:13) Nudzɔdzɔ dovoɖinamewo, siwo ƒe ɖewoe nye “Babilon gã la” tsɔtsrɔ̃ kple alesi ‘Gog si tso Magog-nyigba dzi’ ava dze Yehowa ƒe amewo dzi megale didiƒe o. (Nyaɖeɖefia 17:1, 2, 5, 15-17; Xezekiel 38:1-4, 14-16; 39:2) Nusi le ŋgɔ gbɔna ado míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa akpɔ. Ele vevie ŋutɔ be míaƒle ɣeyiɣi si sɔ atsɔ ana Mawu ƒe Nya nade míaƒe dzi gbɔ!—Efesotɔwo 5:15, 16.

‘Dzra Wò Dzi Ðo na Mawu ƒe Nyaa Me Dzodzro’

11. Aleke woate ŋu atsɔ míaƒe dzi asɔ kple anyigba ŋutɔŋutɔe?

11 Woate ŋu atsɔ kpɔɖeŋudzia asɔ kple anyigba si dzi woate ŋu aƒã nyateƒea ƒe kuwo ɖo. (Mateo 13:18-23) Ðe wotrɔa asi le anyigba ŋutɔŋutɔ ŋu be nukuwo nate ŋu atsi nyuie le edzi. Nenema ke wòle be míatrɔ asi le míaƒe dzi ŋu, alo adzrae ɖo, ale be wòate ŋu axɔ Mawu ƒe Nyaa. Nunɔla Ezra ‘dzra eƒe dzi ɖo ɖe Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi.’ (Ezra 7:10) Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖoe?

12. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míadzra míaƒe dzi ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu?

12 Mɔ nyuitɔ si dzi míato adzra dzi la ɖo ɖe Mawu ƒe Nya la xexlẽ ŋue nye be míado gbe ɖa tso dzime. Wotsɔa gbedodoɖa dzea Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo tadeagula vavãwo dena la gɔmee gadonɛ ɖa tsɔ wua enui. Aleke wòsɔ enye si be míadze ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe gɔme kple gbedodoɖa si tso dzime eye mawusosroɖa ƒe nɔnɔme nanɔ mía si le nua srɔ̃ɣi!

13. Be dzi si dzea Yehowa ŋu nasu mía si la, nukae wòle be míawɔ?

13 Ele be míadzra kpɔɖeŋudzia ɖo be wòaɖe asi le nukpɔsusu siwo anɔ mía si xoxo la ŋu. Yesu ŋɔli me subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo medi be yewoawɔ esia o. (Mateo 13:15) Gake Yesu dada, Maria, nɔ te ɖe nyateƒenya siwo wòse va yi dzi ƒo nya ta le “eƒe dzi me.” (Luka 2:19, 51) Eva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe. Lidia, si tso Tiatira ɖo to Paulo, ‘eye Aƒetɔ la ʋu eƒe dzi bena wòlé to ɖe nyaa ŋu.’ Eya hã va zu xɔsetɔ. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15) Megadzɔ gbeɖe be míaku ɖe mía ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo alo nufiafia siwo gbɔ míelɔ̃a nu le o ŋu o. Ke boŋ mina ‘Mawu nanye nyateƒetɔ, ke amesiame nanye aʋatsokala.’—Romatɔwo 3:4.

14. Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo be míaɖo to le Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee?

14 Dzi la dzadzra ɖo be wòaɖo to le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me le vevie ŋutɔ. Susuhenuwo ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa tso nusi gblɔm wole ŋu. Nya siwo gblɔm wole la makpɔ ŋusẽ gobii aɖeke ɖe mía dzi ne nusiwo dzɔ le ŋkekea me xɔ susu me na mí alo míetsi dzi ɖe nusi míawɔ le ŋufɔke ŋu o. Ele be míaɖoe kplikpaa be míaɖo to ahasrɔ̃ nu hafi nusi gblɔm wole naɖe vi na mí. Ne míeɖoe kplikpaa be míase Ŋɔŋlɔ siwo ŋu nya gblɔm wole hele wo me ɖem gɔme la, vi kawo gbegbee nye si wòaɖe na mí!—Nexemya 8:5-8, 12.

15. Aleke ɖokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu be woafia nu míi?

15 Abe alesi anyigbanyonu siwo sɔ la dede anyigba me ate ŋu ana wòaganyo nu ɖe edzii la, nenema ke mía ɖokui bɔbɔ, gbɔgbɔmemenyenye didi vevie, kakaɖedzi, mawuvɔvɔ̃, kple lɔlɔ̃ na Mawu ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe kpɔɖeŋudzi lae. Ðokuibɔbɔ bɔbɔa míaƒe dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu be wote ŋu fiaa nu mí bɔbɔe. Yehowa gblɔ na Yuda-fia Yosia be: ‘Esi dzika tso ƒowò, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le Yehowa ŋku me, le esi nèse nya, si megblɔ eye nèfa avi le ŋkunye me la, nye hã masee.’ (Fiawo II, 22:19) Dzi si bɔbɔ eɖokui hesea nu nɔ Yosia si. Ðokuibɔbɔ kpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo” ŋu be wose gbɔgbɔmenyateƒe siwo ɣla ɖe “nunyalawo kple nugɔmeselawo” la gɔme eye wowɔ wo ŋu dɔ. (Dɔwɔwɔwo 4:13; Luka 10:21) Neva eme be “míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me” esi míele agbagba dzem be dzi si dzea Yehowa ŋu nasu mía si.—Ezra 8:21.

16. Nukatae wòbia agbagbadzedze be gbɔgbɔmenuɖuɖu nadzro mí vevie?

16 Yesu gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsia dzi ɖe woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu.’ (Mateo 5:3) Togbɔ be wona gbɔgbɔmemenyenye ƒe ŋutete mí hã la, xexe vɔ̃ɖi sia me nyaƒoɖeamenuwo alo nɔnɔme abe kuviawɔwɔ ene ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe dzitsitsi ɖe nuhiahiã sia ŋu me. (Mateo 4:4) Ele be gbɔgbɔmenuɖuɖu nadzro mí vevie. Ne Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ medzɔa dzi na mí tsã o hã la, kutrikuku ana míakpɔe be sidzedze ‘ava vivi míaƒe luʋɔ nu,’ ale be míakpɔ mɔ na nusrɔ̃ɣiwo vevie.—Lododowo 2:10, 11.

17. (a) Nukatae Yehowa dze be míaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe? (b) Aleke míate ŋu atu ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ɖoe?

17 Fia Salomo xlɔ̃ nu be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” (Lododowo 3:5) Dzi si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu nyanɛ be nusianu si Wòbiana tso ame si alo alesi wòfiaa mɔe to eƒe Nya dzi nyea nyuitɔ ɣesiaɣi. (Yesaya 48:17) Yehowa dze be míaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Ate ŋu awɔ nusiwo katã ƒe tame wòɖo la. (Yesaya 40:26, 29) Elabena eƒe ŋkɔ gɔmesese le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye be “Enaa Wòvaa Eme,” si nana míekana ɖe ŋutete si le esi be wòawɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi la dzi! “Enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.” (Psalmo 145:17) Le nyateƒe me la, hafi míate ŋu aka ɖe eyama dzi la, ehiã be ‘míaɖɔe kpɔ, eye míakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo’ to nusi míesrɔ̃ tso Biblia me tsɔtsɔ wɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me kple ŋugbledede le vi siwo wòɖena ŋu me.—Psalmo 34:8.

18. Aleke Mawu vɔvɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míaxɔ Mawu ƒe mɔfiafiae?

18 Esi Salomo ganɔ nu ƒom tso nɔnɔme bubu si nana míaƒe dzi xɔa Mawu ƒe mɔfiafia ŋu la, egblɔ be: “Vɔ̃ Yehowa, eye natsri vɔ̃.” (Lododowo 3:7) Yehowa gblɔ le blema Israel-viwo ŋu be: “Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye woalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanyo na wo kple wo viwo!” (Mose V, 5:26) Ẽ, amesiwo vɔ̃a Mawu la ɖoa to eyama. Yehowa ate ŋu ‘aɖe eƒe ŋusẽ afia ɖe amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo ta’ eye wòahe to na amesiwo meɖoa toe o. (Kronika II, 16:9) Neva eme be vɔvɔ̃ be míagadze agɔ le Mawu dzi o nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔnawo, tamesusuwo, kple seselelãmewo dzi.

‘Lɔ̃ Yehowa Kple Wò Dzi Blibo’

19. Akpa kae lɔlɔ̃ wɔna be míaƒe dzi naxɔ Yehowa ƒe mɔfiafia?

19 Lɔlɔ̃ naa míaƒe dzi xɔa Yehowa ƒe mɔfiafia le nyateƒe me wu nɔnɔme bubuwo katã. Dzi si me yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na Mawu nana ame dina vevie be yeanya nusi dzea Mawu ŋu kple nusi medzea eŋu o. (Yohanes I, 5:3) Yesu gblɔ be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Neva eme be míadzi míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ɖe edzi to alesi míana wòazu numame na mí be míanɔ ŋugble dem le eƒe dɔmenyonyo ŋu, anɔ nu ƒom nɛ edziedzi abe xɔlɔ̃ vevi ene, ahatsɔ dzonɔameme anɔ nu ƒom tso eyama ŋu na ame bubuwo me.

20. Aleke míawɔ be dzi si dzea Yehowa ŋu nate ŋu asu mía si?

20 Azɔ mina míadzro nu me: Dzi si dzea Yehowa ŋu ƒe amesisusu bia be míaɖe mɔ Mawu ƒe Nya nakpɔ ŋusẽ ɖe amesi ƒomevi míenye le ememe, dzime ƒe ame ɣaɣla la, dzi. Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ le ame ɖokui si kple ŋugbledede ŋudzedzekpɔkpɔtɔe nye nusi le vevie. Ewɔwɔ ƒe mɔ nyuitɔe nye be míadzra dzia ɖo—dzi si me susu si mía ŋutɔwo míewɔ xoxo mele o, esi me yɔ fũ kple nɔnɔme siwo nana wote ŋu fiaa nu mí. Ẽ, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, dzi nyui ate ŋu asu mía si. Gake afɔ kawoe míate ŋu aɖe atsɔ adzɔ miaƒe dzi ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae nye kpɔɖeŋudzi si Yehowa dona kpɔna?

• Aleke míana Mawu ƒe Nya ‘nade míaƒe dzi gbɔe’?

• Aleke wòle be míadzra míaƒe dzi ɖo hafi asrɔ̃ Mawu ƒe Nyae?

• Le nyati sia sɔsrɔ̃ vɔ megbe la, nukae wòʋã wò be nàwɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dawid de ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Wò hã ɖe?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Dzra wò dzi ɖo hafi asrɔ̃ Mawu ƒe Nya