Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Ahe Xexe si me Dzidzɔ Le Vɛ

Nusi Ahe Xexe si me Dzidzɔ Le Vɛ

Nusi Ahe Xexe si me Dzidzɔ Le Vɛ

TIME magazine gblɔ be “ame ɖeka aɖe si nye ŋusẽtɔ wu—menye le ƒe akpe eve siawo ɖeɖeko me o ke boŋ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me—enye Yesu Nazaret tɔ la.” Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, menye eƒe gãnyenye ɖeɖekoe dzianukwaretɔ akpe nanewo de dzesii o ke boŋ eƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo hãe. Eyata mewɔ nuku o be wodi be yewoaɖoe fiae. (Yohanes 6:10, 14, 15) Gake abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, Yesu gbe eɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe me.

NU ETƆ̃ ya teti tae Yesu gbe eɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe me ɖo: alesi Fofoa bua amegbetɔwo ƒe wo ɖokuisinɔnɔ, si lɔ amegbetɔdziɖuɖu ɖe eme; alesi Yesu nyae be gbɔgbɔmeme sẽŋu makpɔmakpɔwo li siwo le afɔ blum na agbagba nyuitɔ kekeake siwo dzem amegbetɔwo le le dziɖunyawo gome; kple tame si Mawu ɖo be yeaɖo dziƒodziɖuɖu si aɖu anyigba dzi la anyi. Esi míele nyati etɔ̃ siawo me dzrom nyuie wu la, míava kpɔ nusita amegbetɔwo do kpo nu le agbagba siwo dzem wole be yewoana xexe sia nanyo wu la me. Míava kpɔ alesi woawɔ akpɔ dzidzedzee hã.

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Aɖu Wo Ðokui Dzia?

Esi Mawu wɔ ame la, ena ŋusẽ wo ɖe lãwo dzi. (Mose I, 1:26) Gake amegbetɔwo nɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te. Ele na ame eve gbãtɔawo be woaɖo kpe wo ɖokuibɔbɔ ɖe Mawu te dzi to alesi woatsɔ toɖoɖo aƒo asa na atikutsetse ɖeka aɖe ɖuɖu, si nye “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 2:17) Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa mewɔ tiatiawɔblɔɖe si nɔ wo si ŋudɔ nyuie o eye wogbe toɖoɖo Mawu. Menye finu koe wowɔ esi woɖu atikutsetsea o. Ke efia tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu. Mose I, 2:17 ƒe etenuŋɔŋlɔ gblɔ le New Jerusalem Bible me be Adam kple Xawa ɖo kpe “ɖokuisinɔnɔ keŋkeŋ le agbenyuinɔnɔ gome dzi to alesi wogbe dzesidedee be yewonye nuwɔwɔwo la me . . . Nuvɔ̃ gbãtɔ sia nye Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi dzedze.”

Esi wòlɔ agbenyuinɔnɔŋunya sesẽwo ɖe eme ta la, Mawu ɖe mɔ na Adam kple Xawa kpakple woƒe dzidzimeviwo be woatia nusi dze wo ŋu, si lɔ nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo ɖoɖo na wo ɖokui hã ɖe eme. (Psalmo 147:19, 20; Romatɔwo 2:14) Efia be amegbetɔwo te ɖokuisigbenɔnɔ tetekpɔ ɣemaɣi. Ðe wòkpɔ dzidzedzea? Míate ŋu agblɔ be ao le nusiwo dzɔ le ƒe akpe nane siwo va yi me ta! Nyagblɔla 8:9 gblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” Nu wɔblanui si dzɔ le amegbetɔwo ƒe wo ɖokui dzi ɖuɖu me ɖo kpe Yeremya 10:23 ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” Ŋutinya ɖee fia be ŋutete mele amegbetɔwo si be woaɖu wo ɖokui dzi dzidzedzetɔe wo Wɔla manɔmee o.

Yesu ɖo kpe nya sia dzi bliboe. Ðokuisinɔnɔ tso Mawu ŋu nye nusi nyɔa ŋu nɛ vevie. Egblɔ be: “Nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o. Mewɔa nusi dzea [Mawu] ŋu ɖaa.” (Yohanes 4:34; 8:28, 29) Eyata esi Mawu mena ŋusẽ aɖekee be wòaxɔ fianyenye tso amegbetɔwo gbɔ o ta la, Yesu mebu exɔxɔ ŋu hã o. Gake esia mefia be medina be yeakpe ɖe amewo ŋu o. Ðe ema teƒe la, ewɔ nusi wòate ŋui tsɔ kpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ ɣemaɣi kple le etsɔme. Etsɔ eƒe agbe kura gɔ̃ hã na ɖe amegbetɔwo ta. (Mateo 5:3-11; 7:24-27; Yohanes 3:16) Gake Yesu nyae be “ɣeyiɣi li na nusianu” si lɔ Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòaɖe eƒe dziɖulanyenye afia amegbetɔwo hã ɖe eme. (Nyagblɔla 3:1; Mateo 24:14, 21, 22, 36-39) Gake ɖo ŋku edzi be le Eden la, mía dzila gbãtɔwo dze gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe si ƒo nu to da aɖe si woate ŋu akpɔ la yome. Esia kplɔ mí va susu evelia si ta Yesu meƒo eɖokui ɖe dunyahehe me o gbɔ.

Xexeame Dzi Ðula Makpɔmakpɔ

Biblia gblɔ be Satana tsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” fia Yesu, eye woasu esi ne ewɔ subɔsubɔ ƒe dzesi ɖeka ko nɛ. (Mateo 4:8-10) Le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, wotsɔ xexeame ƒe dziɖulanyenye le Yesu nam—gake wònye Abosam tɔ. Yesu mena ta le tetekpɔ sia me o. Gake ɖe wònye tetekpɔ ŋutɔŋutɔa? Ðe nu gã ma gbegbe le Satana si wòate ŋu atsɔ anaa? Ẽ, elabena Yesu ŋutɔ yɔ Abosam be enye “xexeamefia” eye apostolo Paulo ɖɔe be be enye “xexe sia me mawu.”—Yohanes 14:30; Korintotɔwo II, 4:4; Efesotɔwo 6:12.

Nyateƒee, Yesu nyae be Abosam metsɔ ɖe le eme na amegbetɔwo ŋutɔŋutɔ o. Eɖɔ Satana be enye “amewula” eye be enye “aʋatsokala kple aʋatsokafofo na nusiwo katã nye aʋatso.” (Yohanes 8:44, The Amplified Bible) Eme kɔ ƒã be xexe si “le vɔ̃ɖitɔ ma ƒe ŋusẽ te” mate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ gbeɖe o. (Yohanes I, 5:19) Gake ŋusẽ sia manɔ Abosam si tegbetegbe o. Yesu si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ fifia aɖe Satana kple eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ɖa keŋkeŋ kpuie.—Hebritɔwo 2:14; Nyaɖeɖefia 20:1-3.

Satana ŋutɔ nyae be eƒe ɣeyiɣi si wòatsɔ aɖu xexeame dzi la le vɔvɔm kabakaba. Eyata etsɔ mɔkpɔkpɔbuɖeame hele agbagba ɖesiaɖe dzem be yeagblẽ amegbetɔwo dome ɖikaa, abe alesi wòwɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa le Noa ƒe ŋkekea me ene. (Mose I, 6:1-5; Yuda 6) Nyaɖeɖefia 12:12 gblɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Biblia ƒe nyagblɔɖiwo kple xexeme nudzɔdzɔwo ɖee fia be míele “vovoɣi vi” la ƒe nuwuwu. Gbɔdzɔe tu aƒe azɔ.

Dziɖuɖu si Ahe Dzidzɔkpɔkpɔ Vɛ

Susu etɔ̃lia si tae Yesu meƒo eɖokui ɖe dunyahehe me o enye be enyae be le ɣeyiɣi aɖe si gbɔna me la, Mawu aɖo dziƒodziɖuɖu si aɖu anyigba dzi la anyi. Biblia yɔ dziɖuɖu sia be Mawu ƒe Fiaɖuƒe, eye esiae nye Yesu ƒe nufiafia ƒe tanya vevitɔ. (Luka 4:43; Nyaɖeɖefia 11:15) Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia Fiaɖuƒe ma be wòava, elabena ɣemaɣi koe ‘woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wowɔna le dziƒo ene.’ (Mateo 6:9, 10) Àbia be ‘Ne Fiaɖuƒe sia ava ɖu anyigba bliboa dzi ɖe, ke nukae adzɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo dzi?’

Ŋuɖoɖoa le Daniel 2:44: ‘Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo [amegbetɔdziɖuɖuwo] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.’ Nukatae Mawu ƒe Fiaɖuƒea “agbã” anyigba dzi dziɖuɖuwo? Elabena woɖea tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu kple ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ si Satana do ɖa tso keke Eden-bɔa me ke fiana ɣesiaɣi. Tsɔ kpe ɖe nuwɔwɔ atsɔ atsi tre ɖe ameƒomea ƒe nyonyo ŋu la, amesiwo ɖea gbɔgbɔ ma fiana le wo ɖokui nu ƒom ƒu be yewoakpe kple Wɔla la. (Psalmo 2:6-12; Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Eyata ele be míabia mía ɖokui se be, ‘Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzie míele loo alo eƒe futɔwoe míenye?’

Ameka ƒe Dziɖuɖue Nàtia?

Be woakpe ɖe amewo ŋu woawɔ nyametsotso nyuitɔ ku ɖe dziɖulanyenye ŋu la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒeŋutinya nyuia . . . le anyigba blibo la katã dzi, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã’ hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu nava. (Mateo 24:14) Amekawoe wonya be woawoe le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea le xexeame godoo egbea? Yehowa Ðasefowoe. Le nyateƒe me, nya siwo nye, “Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe” dzena le magazine sia ƒe akpa dzi ɣeyiɣi didi aɖe enye esia. Egbea Ðasefo siwo anɔ miliɔn ade siwo le anyigba siwo wu 230 dzi le kpekpeɖeŋu nam amewo be Fiaɖuƒe ma ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si. *

Yayra Siwo Fiaɖuƒea Ahe Vɛ na Eteviwo

Yesu wɔ nu wòsɔ kple Mawu tɔ ɣesiaɣi. Eyata le esi teƒe be wòatiae be yeanɔ ye ɖokuisi to asikpekpe alo agbagbadzedze be yeadzra xexe sia ɖo to dunyahehe dzi la, eku kutri le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si nye xexeame ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me. Esi wòwɔ nuteƒe ta la, wotsɔ ŋutikɔkɔe zikpui ɖo eteƒe nɛ le dziƒo wònye Fia ɖe Fiaɖuƒe ma dzi. Teƒeɖoɖo nyui ka gbegbe enye esi le toɖoɖo Mawu ta!—Daniel 7:13, 14.

Ame miliɔn geɖe siwo toa Yesu ƒe afɔtoƒe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ kple wɔwɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi la akpɔ nunana wɔnuku aɖe—si nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea me nɔnɔ. (Mateo 6:33) Le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu lɔlɔ̃tɔe te la, woakpe ɖe amegbetɔwo katã ŋu woaɖo blibodede gbɔ, eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ asu wo si. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Yohanes I, 2:17 gblɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” Ne woɖe Satana kple eyomedzelawo ɖa eye wotrɔ anyigba katã wòzu paradiso vɔ megbe la, dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ, asitsanuɖoanyi si me nufitifitiwɔwɔ le, kple alakpasubɔsubɔ maganɔ anyi o, dzidzɔ gã kae ma wòanye be woanɔ afisia tegbee!—Psalmo 37:29; 72:16.

Nyateƒee, Mawu ƒe Fiaɖuƒea enye nusi ʋua xexe si me dzidzɔ le ƒe mɔ na ame, eye woɖɔ gbedasi si le gbeƒã ɖemee wòsɔ be nyanyui. Ne mèse nyanyuia haɖe o la, nukatae màɖo to nyanyui sia le ŋkeke bubu si dzi Yehowa Ðasefowo aɖi tsa ava aƒewò me o?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea taʋiʋli me la, Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dunyahehe me alo da megbe na aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu le dukɔ siwo me woɖo asi Ðasefoawo dzi alo tia wo yome le kura gɔ̃ hã o. (Tito 3:1) Ke boŋ wodzea agbagba be yewoawɔ gbɔgbɔmedɔ si ŋu viɖe le, si mewɔa ɖeka kple dunyahehe o wòsɔna ɖe alesi Yesu kple eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo wɔ nu. Ðasefoawo kua kutri be yewoakpe ɖe amesiwo dze ŋu le woƒe nutowo me be woasrɔ̃ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ siwo ŋu viɖe le abe lɔlɔ̃ na ƒometɔwo, nyateƒetoto, agbedzadzɛnɔnɔ, kple dɔ nyuiwɔwɔ ene. Vevitɔ wu la, wodzea agbagba be yewoafia alesi amewo azɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi eye woakpɔ mɔ na Mawu Fiaɖuƒea be enye amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Ŋutinya ɖo kpe edzi be amegbetɔwo mate ŋu aɖu wo ɖokui dzi Mawu manɔmee o

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Esi Satanae le “xexe” sia dzi ɖum ta la, ate ŋu atsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã” ana Yesu.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yesu fia nu be ne Mawu Fiaɖuƒea va le dzi ɖum la, xexeame katã azu teƒe wɔnuku aɖe