Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atitsrɔ̃lawo

Atitsrɔ̃lawo

Atitsrɔ̃lawo

LE Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wobua atiwo be wonye ŋudɔwɔnu veviwo. Le kpɔɖeŋu me esime Abraham ƒle ameɖibɔ na esrɔ̃ lɔlɔ̃a, Sara la, woyɔ atiwo kpe ɖe nusiwo dzi wolɔ̃ ɖo ŋu tsɔ nɛ wòƒle.—Mose I, 23:15-18.

Nenema ke wobua atiwo nu veviwoe egbea hã, eye ŋku le avewo ŋu vevie le dukɔwo dome be woakpɔ wo ta. Agbalẽ si nye State of the World 1998 gblɔ be: “Togbɔ be amesiwo le xexeame ƒe dziehe nutome dukɔwo me atsi dzi ɖe ave siwo le xexeame ƒe nuto siwo xɔ dzo me ŋu hã la, womanɔ enyam be ave siwo le yewo ŋutɔ ƒe nuto si me yame ƒe nɔnɔme fa vie le ye nye esiwo dome ka wu eye woawo ŋue wole nu gblẽm le wu le avemetiwo katã dome o.” Nukae gbɔna nu gblẽ ge le dziehe dukɔ siwo le Europa kple Amerika ƒe avewo ŋu? Ame geɖe hea susu yia avemetiwo tsotso dzi, gake nu bubuwo li siwo gblẽa nu le atiwo ŋu le manyamanya me, abe ke ɖe wole aŋgbawo tsrɔ̃m ɖekaɖeka ene. Woawoe nye ekawo? Ðiƒoƒo yame kple tsidzadza si me aɖi le. Aɖi siawo te ŋu gbɔdzɔa atiawo, ale be lãvi gblẽnuwo kple dɔléle kpɔa mɔnu le wo ŋu.

Ƒe bla nanewoe nye esia la, nutome ƒe dedienɔnɔ taʋlilawo kple ɖetsɔlemetɔwo xlɔ̃ nu ku ɖe alesi wòle vevie be woalé be na anyigba ƒe nugbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti. Esi Germany dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lé ŋku ɖe alesi ɖiƒoƒo yame kple tsidzadza si me aɖi le gblẽa nu le nutoa me ŋu le ƒe 1980-awo me megbe la, woƒo nya ta be: ‘Ne womewɔ naneke tso eŋuti o la, kaka ƒe 2000 naɖo la, fotowo kple sinimawo me koe woagakpɔ ave dzeaniwo le.’ Dzidzɔtɔe la, anyigba ƒe ŋutete be wòagbugbɔ eɖokui aɖɔ ɖo sẽŋu ale gbegbe be vaseɖe fiafia avewo te ŋu nɔ te ɖe gbegblẽ siwo wogblɔ ɖi ƒe akpa gã aɖe nu.

Gake mlɔeba la, Mawue nye amesi akpɔ nugbagbewo kple wo nɔƒewo ta na mí wu. “Enana towo ƒoa tsi beke tso eƒe dziƒoxɔ me” eye “Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ.” Eye edo ŋugbe be ‘yeatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’ (Psalmo 104:13, 14; Nyaɖeɖefia 11:18) Aleke gbegbe wòanyo enye esi ne anyigbadzinɔlawo katã ate ŋu anɔ agbe le xexe si me ɖiƒoƒo mele o me tegbee!—Psalmo 37:9-11.