Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mido Dzigbɔgbɔ Blewu’

‘Mido Dzigbɔgbɔ Blewu’

‘Mido Dzigbɔgbɔ Blewu’

“Mido dɔmetɔtrɔ . . . kple dzigbɔgbɔ blewu.”—KOLOSETƆWO 3:12.

1. Gblɔ dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖeka.

RÉGIS, si le France ƒe anyieheɣetoɖoƒe nuto me va zu Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔ le ƒe 1952 me. Srɔ̃anyɔnua tsɔ ƒe geɖe wɔ nusianu si wòate ŋui be yeado kplamatse agbagba siwo dzem wònɔ be yeasubɔ Yehowa. Ete kpɔ be yeaŋɔ eƒe ʋufɔtiwo be wòagayi kpekpewo o, eye ɣeaɖeɣi la, ekplɔ Régis ɖo gɔ̃ hã esime wònɔ gbeƒã ɖem Biblia ƒe gbedasia tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, henɔ alɔme ɖem le eŋu ne ele nu ƒom tso Fiaɖuƒe nyanyuia ŋu na aƒemenɔlawo. Togbɔ be wotsi tre ɖe Régis ŋu atraɖii alea hã la, eyi edzi gbɔ dzi blewu. Eyata Régis nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Kristotɔwo katã, elabena Yehowa di tso esubɔlawo katã si be woagbɔ dzi blewu ne wole nu wɔm kple amewo.

2. Le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu la, Helagbe me nya si wozãna na “dzigbɔgbɔ blewu” gɔme ɖe, eye nukae nyaa fia?

2 Helagbe me nya si wozãna na “dzigbɔgbɔ blewu” ƒe gɔmesese le nyaa ŋutɔŋutɔ nu enye “gbɔgbɔ ƒe didime.” Woɖe nya sia gɔme zi 12 le míaƒe Eʋegbe Biblia me be “dzigbɔgbɔ blewu,” zi ɖeka be “dzigbɔɖeanyi, kple zi ɖeka be “dzigbɔgbɔɖi blewu.” Hebri kple Hela gbe me nyagbɔgblɔ siwo gɔme woɖe be “dzigbɔgbɔ blewu” la fia dzigbɔɖi, dzidodo, kple mayɔmayɔ ɖe dzikudodo ŋu.

3. Aleke Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu le dzigbɔgbɔ blewu ŋu to vovo na ƒe alafa gbãtɔ me Helatɔwo tɔe?

3 Ƒe alafa gbãtɔ me Helatɔwo mebu dzigbɔgbɔ blewu be enye nɔnɔme nyui aɖeke o. Stoa xexemenunyafialawo mezãa nyaa gbeɖegbeɖe o. Le Biblia ŋuti nunyala William Barclay ƒe nya nu la, dzigbɔgbɔ blewu “to vovo kura na nusi Helatɔwo bua nɔnɔme nyuii,” elabena nusiwo ŋu woƒoa adegbe le dometɔ aɖewoe nye be “ame medzua wo alo wɔa vɔ̃ aɖeke ɖe wo ŋu woɖea asi le eŋu o.” Egblɔ be: “Amesi Helatɔwo buna ŋutsue enye amesi ato mɔ sia mɔ nu abia hlɔ̃. Gake amesi Kristotɔwo buna ŋutsue enye amesi ne ate ŋu abia hlɔ̃ hã la, wògbea ebiabia.” Anye be Helatɔwo bua dzigbɔgbɔ blewu be enye ame beli ƒe nɔnɔme, gake le nya sia tɔgbe kple bubuwo me la, “Mawu ƒe bometsitsi nyaa nu wua amegbetɔwo, eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sẽa ŋu wua amegbetɔwo.”—Korintotɔwo I, 1:25.

Kristo ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Kpɔɖeŋu

4, 5. Dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku kae Yesu ɖo?

4 Le Yehowa megbe la, Kristo Yesue ɖo dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Esime Yesu nɔ xaxa sesẽ me tom la, elé eɖokui wòwɔ nuku. Wogblɔ nya ɖi le eŋu be: “Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui, eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.”—Yesaya 53:7.

5 Dzigbɔgbɔ blewu ɖedzesi ka gbegbee nye esi Yesu ɖe fia le eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi katã! Edo dzi le eƒe futɔwo ƒe nyabiabia fluamewo kple tsitretsiɖeŋulawo ƒe dzudzu me. (Mateo 22:15-46; Petro I, 2:23) Egbɔ dzi ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo, esime wonɔ nya hem atraɖii tso amesi nye gãtɔ ŋu gɔ̃ hã. (Marko 9:33-37; 10:35-45; Luka 22:24-27) Eye ɖokuidziɖuɖu dzeameŋu ka gbegbee nye si Yesu ɖe fia esime Petro kple Yohanes nɔ alɔ̃ dɔm le zã si me wofia eyome mɔ evɔ egblɔ na wo be ‘woanɔ ŋudzɔ’ hafi!—Mateo 26:36-41.

6. Aleke Yesu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖe vi na Pauloe, eye nukae míesrɔ̃ tso eme?

6 Yesu yi edzi gbɔ dzi blewu le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe. Apostolo Paulo nye amesi de dzesi nusia vevietɔ, le esi wònye Kristotɔwo yometila tsã ta. Paulo ŋlɔ be: “Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le. Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mavɔ.” (Timoteo I, 1:15, 16) Agbe ka kee míeɖanɔ va yi o, ne míexɔ Yesu dzi se la, agbɔ dzi ɖi blewu na mí—gake adi tso mía si le ɣeyiɣi ma ke me be ‘míawɔ dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 26:20; Romatɔwo 2:4) Gbedasi siwo Kristo ɖo ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue fia be togbɔ be egbɔa dzi blewu hã la, ekpɔa mɔ be amewo nawɔ ɖɔɖɔɖo.—Nyaɖeɖefia, ta 2 kple 3.

Gbɔgbɔa ƒe Kutsetsee

7. Ƒomedodo kae le dzigbɔgbɔ blewu kple gbɔgbɔ kɔkɔea dome?

7 Le lɛta si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Galatiatɔwo ƒe ta 5 lia me la, egblɔ vovototo si le ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo kple gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo dome. (Galatiatɔwo 5:19-23) Esi dzigbɔgbɔ blewu nye Yehowa ƒe nɔnɔmewo dometɔ ɖeka ta la, egbɔe nɔnɔmea tso eye enye eƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse. (Mose II, 34:6, 7) Le nyateƒe me la, dzigbɔgbɔ blewue nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse enelia si Paulo yɔ, eye bubuwoe nye ‘lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.’ (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eyata ne Mawu subɔlawo ɖe dzigbɔɖi si ɖi Mawu tɔ, alo dzigbɔgbɔ blewu fia la, gbɔgbɔ kɔkɔeae kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi woɖee fia.

8. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míatu gbɔgbɔa ƒe kutsetse siwo dome dzigbɔgbɔ blewu hã le ɖo?

8 Gake mefia be ɖe Yehowa zia eƒe gbɔgbɔ ɖe ame dzi o. Míawoe wòle be míaɖe mɔ wòawɔ dɔ ɖe mía dzi. (Korintotɔwo II, 3:17; Efesotɔwo 4:30) Míeɖea mɔ na gbɔgbɔa be wòawɔ dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me ne míetua eƒe kutsetsewo ɖo le nusianu si míewɔna me. Esi Paulo yɔ ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo kple gbɔgbɔa ƒe kutsetse vɔ la, egblɔ kpee be: “Ne míenɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le gbɔgbɔ me hã. Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.” (Galatiatɔwo 5:25; 6:7, 8) Hafi dzigbɔgbɔ blewu tutuɖo nadze edzi na mí la, ke ele be míatu ku bubu siwo gbɔgbɔ kɔkɔea tsena le Kristotɔwo me hã ɖo.

“Lɔlɔ̃ la Gbɔa Dzi Blewu”

9. Anye nukatae Paulo gblɔ na Korintotɔwo be “lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu”?

9 Paulo ɖee fia be ƒomedodo tɔxɛ aɖe le lɔlɔ̃ kple dzigbɔgbɔ blewu dome esime wògblɔ be: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu.” (Korintotɔwo I, 13:4) Biblia ŋuti nunyala aɖe si ŋkɔe nye Albert Barnes gblɔ be anye esi mama kple dzre nɔ Kristo-hamea me le Korinto tae Paulo te gbe ɖe edzi alea ɖo. (Korintotɔwo I, 1:11, 12) Barnes gblɔ be: “Nya si wòzã le afisia [na dzigbɔgbɔ blewu] le vovo na dzitsitsi: eto vovo na dzikunyawo gbɔgblɔ kple dɔmedzoesusuwo, kpakple dɔmedzoedodo. Efia nukpɔsusu si te ŋu DOA DZI ETEƑE DIDINA ne wole fu wɔmee, alo do dziku nɛ.” Lɔlɔ̃ kple dzigbɔgbɔ blewu gate ŋu nana ŋutifafa nɔa Kristo-hamea me ŋutɔ.

10. (a) Mɔ ka nue lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi blewu le, eye aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo le nya sia ŋu? (b) Nya kae Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ le Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu kple dɔmenyonyo ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

10 “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ . . . media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o.” Eyata lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu le mɔ geɖe nu be míegbɔa dzi blewu. * (Korintotɔwo I, 13:4, 5) Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu be míahe adodo kple mía nɔewo dzigbɔɖitɔe heɖoa ŋku edzi be mí katã míede blibo o eye be vodadawo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu. Ekpena ɖe mía ŋu míebua amewo ŋu hetsɔnɛ kea wo. Apostolo Paulo de dzi ƒo na mí be míazɔ ‘le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye míahe adodo kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye míado vevie, bene míadzra gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye la ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’—Efesotɔwo 4:1-3.

11. Nukatae wòhiã vevietɔ le Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒowo me be míagbɔ dzi blewu?

11 Dzigbɔgbɔ blewu si Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒowo me tɔwo ɖena fiana, eɖanye le hamewo me, Betel-ƒewo me, dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo me, xɔtudɔwɔlawo dome, alo le sukuwo me o, naa ŋutifafa kple dzidzɔ nɔa wo dome. Le alesi amesiame ƒe amenyenye, didi, hehexɔxɔ, nudzeamewɔwɔ ƒe dzidzenuwo, kple kɔkɔenyenye gɔ̃ hã to vovoe ta la, kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa. Nenemae wòle le ƒomewo hã me. Mayɔmayɔ ɖe dzikudodo ŋu le vevie ŋutɔ. (Lododowo 14:29; 15:18; 19:11) Dzigbɔgbɔ blewu—si nye dzidodo dzigbɔɖitɔe ahanɔ mɔ kpɔm be nuwo nava ɖɔ ɖo—hiã mí katã.—Romatɔwo 15:1-6.

Dzigbɔgbɔ Blewu Naa Míedoa Dzi

12. Nukatae dzigbɔgbɔ blewu hiã le dodokpɔwo me?

12 Dzigbɔgbɔ blewu kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le dodokpɔ siwo dzena abe nuwuwu alo egbɔkpɔnu kpata aɖeke meli nɛ o ene me. Aleae wònɔ le Régis si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me gome. Ƒe geɖe ye srɔ̃anyɔnu tsi tre ɖe agbagba siwo wòdzena be yeasubɔ Yehowa ŋu. Gake gbeɖeka la, nyɔnua nɔ aɖatsi fam blobloblo va egbɔ gblɔ be: “Menya be nyateƒea koe nye si. Kpe ɖe ŋunye. Medi be nàsrɔ̃ Biblia kplim.” Eva xɔ nyɔnyrɔ mlɔeba zu Ðasefo. Régis gblɔ be: “Esia nye kpeɖodzi be Yehowa yra ɖe ƒe gbogbo mawo ƒe ʋiʋli, dzigbɔɖi, kple dzidodo dzi.” Woɖo eƒe dzigbɔgbɔ blewu teƒe nɛ.

13. Nukae kpe ɖe Paulo ŋu be wòte ŋu do dzi, eye aleke eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míado dzii?

13 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, apostolo Paulo nye dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋuɖola nyui aɖe. (Korintotɔwo II, 6:3-10; Timoteo I, 1:16) Esi wògogo eƒe agbe ƒe nuwuwu eye wònɔ aɖaŋu ɖom na ehati Timoteo si wònye xoxo na la, Paulo na wònya be Kristotɔwo katã ado go dodokpɔwo. Paulo gblɔ eya ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu eye wòɖo aɖaŋu tso Kristotɔwo ƒe nɔnɔme vevi siwo hiã hena dzidodo ŋu. Eŋlɔ be: “Wò la, èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo, nye yometitiwo, kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me. Ke amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:10-12; Dɔwɔwɔwo 13:49-51; 14:19-22) Hafi míate ŋu ado dzi la, mí katã míehiã xɔse, lɔlɔ̃, kple dzigbɔgbɔ blewu.

Dzigbɔgbɔ Blewu Dodo

14. Nukae Paulo tsɔ mawumenɔnɔmewo abe dzigbɔgbɔ blewu ene sɔ kplii, eye aɖaŋu kae wòɖo na Kolose Kristotɔwo?

14 Apostolo Paulo tsɔ dzigbɔgbɔ blewu kple mawumenɔnɔme bubuwo sɔ kple awu siwo wòle be Kristotɔ nado ne eɖe ‘amenyenye xoxoa’ ƒe nuwɔna siwo mae la ɖi. (Kolosetɔwo 3:5-10) Eŋlɔ be: “Esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa kple dzigbɔgbɔ blewu. Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti. Alesi Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke. Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu blibo.”—Kolosetɔwo 3:12-14, NW.

15. Nukae dona tsoa eme ne Kristotɔwo ‘do’ dzigbɔgbɔ blewu kple mawumenɔnɔme bubuwo?

15 Ne hame aɖe me tɔwo ‘do’ dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, kple lɔlɔ̃ la, wote ŋu kpɔa kuxiwo gbɔ eye woyia Yehowa subɔsubɔ dzi le ɖekawɔwɔ me. Ele na Kristotɔ dzikpɔlawo vevietɔ be woagbɔ dzi blewu. Ahiã ɣeaɖewoɣi be woaka mo na Kristotɔ bubu, gake ewɔwɔ ƒe mɔnu vovovoe li. Paulo ƒo nu tso mɔnuawo ƒe nyuitɔ kekeake ŋu esi wòŋlɔ ɖo ɖe Timoteo be: “Ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple [nufiafiaɖaŋu] katã me.” (Timoteo II, 4:2) Ẽ, ele be woawɔ nu kple Yehowa ƒe alẽwo le dzigbɔgbɔ blewu, bubudeameŋu, kple tufafa me ɣesiaɣi.Mateo 7:12; 11:28; Dɔwɔwɔwo 20:28, 29; Romatɔwo 12:10.

“Migbɔ Dzi Ði na Amewo Katã”

16. Nukae ate ŋu ado tso eme ne ‘míegbɔ dzi ɖi na amewo katã’?

16 Alesi Yehowa gbɔ dzi ɖi blewu na ameƒomea da nyuiwɔwɔ ƒe agba ɖe mía dzi be ‘míagbɔ dzi ɖi na amewo katã.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Esia fia be míagbɔ dzi ɖi na míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, na aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, kple sukuhatiwo. Ðasefo aɖewo siwo do dzi, ɣeaɖewoɣi ƒe geɖe, henɔ te ɖe woƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ƒe gbɔɖiamenyawo alo tsitretsiɖeŋu ŋutɔŋutɔ nu la va ɖe nazãbubu geɖe ɖa mlɔeba. (Kolosetɔwo 4:5, 6) Apostolo Petro ŋlɔ be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.”—Petro I, 2:12.

17. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dzigbɔgbɔ blewu, eye nukatae wòle be míasrɔ̃e?

17 Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ana ame miliɔn geɖe nakpɔ ɖeɖe. (Petro II, 3:9, 15) Ne míesrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dzigbɔgbɔ blewu la, míatsɔ dzigbɔɖi ayi Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ dzi ahanɔ amewo fiam be woabɔbɔ ɖe Kristo ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te. (Mateo 28:18-20; Marko 13:10) Ne edzɔ be míetɔ te gbeƒãɖeɖe la, ɖeko wòanɔ abe ɖe míedi be míatso Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu dzi eye be míedze si tameɖoɖo si le eŋu, si nye be wòana amewo natrɔ dzime la o ene.—Romatɔwo 2:4.

18. Gbe kae Paulo do ɖa ɖe Kolosetɔwo ta?

18 Paulo ŋlɔ ɖe eƒe lɛta si wòɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose, le Asia Sue me be: “Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã.”—Kolosetɔwo 1:9-11.

19, 20. (a) Aleke míawɔ be míabu alesi Yehowa gakpɔtɔ le dzi gbɔm blewu la be enye dodokpɔ o? (b) Viɖe kawoe ado tso míaƒe dzigbɔgbɔ blewu me?

19 Alesi Yehowa gakpɔtɔ le dzi gbɔm ɖi blewu manye dodokpɔ na mí o ne ‘eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze’ si nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” la ‘yɔ’ mí fũ. (Timoteo I, 2:4) ‘Míayi edzi anɔ ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me,’ vevietɔ le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me. (Mateo 24:14) Ne míeyi dɔ sia wɔwɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, Yehowa ‘atsɔ ŋusẽwo katã ado ŋusẽ mí’ bene míate ŋu ‘ado dzi bliboe ahagbɔ dzi blewu le dzidzɔ me.’ Ne míewɔe alea la, ‘míazɔ alesi dze Yehowa,’ eye míakpɔ ŋutifafa si dona tsoa nyanya be míele ‘eŋu dzem bliboe’ me.

20 Neva eme be míase susu si le megbe na Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu la gɔme bliboe. Mía ŋutɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple amesiwo ɖoa to míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ƒe ɖeɖekpɔkpɔ tae. (Timoteo I, 4:16) Ne míetu gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo—lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, dɔmekɔkɔ, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu—ɖo la, akpe ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi blewu le dzidzɔ me. Anɔ bɔbɔe na mí wu be míanɔ anyi le ŋutifafa me kple míaƒe ƒometɔwo kpakple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me. Dzigbɔgbɔ blewu akpe ɖe mía ŋu hã be míagbɔ dzi ɖi na míaƒe dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo. Eye tameɖoɖo anɔ míaƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋu, si anye nuvɔ̃wɔlawo xɔxɔ ɖe agbe kpakple dzigbɔgbɔ blewu ƒe Mawu, Yehowa, ŋuti kɔkɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Esi Biblia ŋuti nunyala Gordon D. Fee nɔ nu ŋlɔm tso nya si Paulo gblɔ be “lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona” ŋu la, eŋlɔ be: “Le Paulo ƒe nufiafia me la, [dzigbɔgbɔ blewu kple dɔmenyonyo] tsi tre ɖi na mɔ eve siwo Mawu wɔ nu kple amegbetɔƒomeae (tsɔe sɔ kple Rom. 2:4). Le mɔ ɖeka nu la, Mawu ƒe dzidodo lɔlɔ̃tɔe dze le alesi meɖe dziku ɖe amegbetɔ ƒe aglãdzedze ŋu enumake o me; le mɔ bubu nu la, wokpɔa eƒe dɔmenyonyo le nublanuikpɔkpɔ gbogbo si wòɖe fia me. Eyatae nya si Paulo gblɔ le lɔlɔ̃ ŋu la dze egɔme kple nya eve siwo wòtsɔ ɖɔ Mawui me, eya amesi to Kristo dzi ɖee fia be yenye ɖokuidziɖula kple dɔmenyotɔ na amesiwo wòle be Mawu nadrɔ̃ fɔbuʋɔnui.”

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Mɔ kawo nue Kristo nye dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku le?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míatu dzigbɔgbɔ blewu ɖo?

• Aleke dzigbɔgbɔ blewu kpena ɖe ƒometɔwo, Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒowo, kple hamemegãwo ŋui?

• Aleke míaƒe dzigbɔgbɔ blewu aɖe vi na mía ŋutɔwo kple ame bubuwoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Esi Yesu xaxa vevie gɔ̃ hã la, egbɔ dzi ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Woxlɔ̃ nu dzikpɔla Kristotɔwo be woaɖo dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi le nuwɔwɔ kple wo nɔviwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ne míesrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple dzigbɔgbɔ blewu la, míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem nyanyuia

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Paulo do gbe ɖa be Kristotɔwo ‘nagbɔ dzi ɖi blewu le dzidzɔ me’