Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nudzedziname Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Nudzedziname Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Agbemeŋutinya

Nudzedziname Le Yehowa Subɔsubɔ Me

ABE ALESI RUSSELL KURZEN GBLƆE ENE

Wodzim le September 22, 1907 dzi, ƒe adre do ŋgɔ na ɣeyiɣi ɖedzesi si dze egɔme kple xexemeʋa gbãtɔ ƒe dzɔdzɔ. Nu dze edzi na míaƒe ƒomea le mɔ vevitɔ kekeake nu. Meka ɖe edzi be ne èse mía ŋutinya ʋɛ aɖewo la, àlɔ̃ ɖe nya sia dzi.

NYƆNUVI dzaa aɖe koe Mama Kurzen nye esime wòte Mawu ŋuti nyateƒea didi. Hafi wòage ɖe eƒe ƒewuiwo me la, eɖi tsa de sɔlemeha vovovowo me le wo dedu dzeani si nye Spiez, Switzerland, me. Le 1887 me, ƒe aɖewo le eƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, Kurzen-ƒomea hã nɔ ame gbogbo siwo ʋu yi United States la dome.

Ƒomea yi ɖanɔ Ohio, afisi Mama ke ɖe kesinɔnu si dim wònɔ la ŋu le, le ƒe 1900 me lɔƒo. Charles Taze Russell ƒe agbalẽ si nye The Time Is at Hand, si nɔ Germanygbe me la mee wòke ɖe eŋu le. Ekpɔe dze sii enumake be Biblia me nyateƒea ƒe kekeli nɔ nusi yexlẽ le agbalẽa me la me. Togbɔ be Mama mete ŋu xlẽa Eŋlisigbe tututu o hã la, edɔ Eŋlisigbe me magazine si nye Gbetakpɔxɔ. Esia wɔe be wòsrɔ̃ Biblia me nyateƒe bubuwo kpee, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, esrɔ̃ Eŋlisigbea hã. Tɔgbui ya metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenyawo me abe srɔ̃a ene o.

Le vi 11 si nɔ Mama Kurzen si dome la, viaŋutsuvi eve, John kple Adolph, kpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmekesinɔnu si wòkpɔ la ŋu. John ye nye fofonye, eye exɔ nyɔnyrɔ le Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii, ƒe takpekpe si wowɔ le St. Louis, Missouri, le ƒe 1904 me la me. Esi ga menɔ Biblia Nusrɔ̃vi akpa gãtɔ si boo o ta la, woda takpekpea wɔɣi ɖe Xexeame Godoo ƒe adzɔnuwo ɖefiaɣi le St. Louis dzi, ale be ketekeɖofe ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ nade wo dzi. Emegbe tɔnyeɖia Adolph xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe aɖe si wowɔ le Niagara Falls, New York, le ƒe 1907 me la me. Fofonye kple tɔnyeɖia ɖe gbeƒã nusi wosrɔ̃ le Biblia me la dzonɔamemetɔe, eye mlɔeba wo ame evea siaa va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo (si woyɔna fifia be mɔɖelawo).

Eyata hafi woadzim le ƒe 1907 me la, míaƒe ƒomea nye kesinɔtɔwo xoxo, le gbɔgbɔmegɔmesese nu. (Lododowo 10:22) Vidzĩ koe menye le ƒe 1908 me esime dzinyelawo, John kple Ida, kɔm yi “Ŋgɔyiyi Ðo Aʋadziɖuɖu Gbɔ” takpekpe si wowɔ le Put-in-Bay, Ohio. Joseph F. Rutherford, si nye subɔla mɔzɔla ɣemaɣi, ye nye takpekpea ƒe zimenɔla. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, eyi Dalton, Ohio, eye wòɖi tsa va mía ƒeme heƒo nu na Biblia Nusrɔ̃vi siwo le afima.

Ele eme be nye ŋutɔ nyemeɖo ŋku nudzɔdzɔ mawo dzi ya o, gake meɖo ŋku takpekpe si míewɔ le Mountain Lake Park, Maryland, le 1911 me dzi. Mía kple ƒenye Esther míedo go Charles Taze Russell, si nɔ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm la le afima.

Le June 28, 1914, ŋkeke si Fiavi Ferdinand kple srɔ̃a wuwu le Sarajevo he xexeame katã de aʋawɔwɔ me dzi la, mía kple míaƒe ƒomea míede takpekpe aɖe si wowɔ le Columbus, Ohio, si dze edzi nyuie le ŋutifafa me. Tso keke gɔmedzeƒe mawo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mede Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpe geɖe. Wo dometɔ aɖewo nye takpekpe siwo me ame alafa ɖeka ko alo amesiwo wu nenema nɔ. Bubuwo nye takpekpe gã nyadri siwo wowɔ le xexeame katã ƒe kamedefefewɔƒe lolotɔ kekeake dometɔ aɖewo.

Mía Ƒeme Nɔ Teƒe Nyui Aɖe

Tso ƒe 1908 va ɖo 1918 lɔƒo la, mía ƒeme le Dalton—si le Pittsburgh, Pennsylvania, kple Cleveland, Ohio domedomee—nye Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe hame sue aɖe ƒe takpeƒe. Mía ƒeme va zu amedzroxɔƒe tɔgbe aɖe na subɔla mɔzɔlawo. Wodea ka woƒe sɔwo kple agbatsɔkekewo ɖe míaƒe lãkpɔwo xa hegblɔa nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname kple gbɔgbɔmenya xɔasi bubuwo na amesiwo kpe ta. Aleke gbegbe míekpɔ dzideƒoname le ɣeyiɣi mawo mee nye si!

Nufialae papa nye, gake eƒe didi vevitɔe nye be yeawɔ nufiafiadɔ si ƒo ɖesiaɖe ta la, si nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa. Ekpɔ egbɔ be yefia nu yeƒe ƒomea tso Yehowa ŋu, eye fiẽ sia fiẽ la, ƒomea katã ƒoa ƒu doa gbe ɖa ɖekae. Le ƒe 1919 ƒe ada me la, Papa dzra míaƒe sɔ kple agbatsɔkekea dɔlar 175 tsɔ ƒle ƒe 1914 me ʋu aɖe si woyɔna be Ford, ale be wòate ŋu aɖo ame geɖe gbɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ʋu mae kɔ míaƒe ƒomea yi Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe ɖedzesi siwo wowɔ le Cedar Point, Ohio, le ƒe 1919 kple 1922 me la mee.

Míaƒe ƒome bliboa—Dada; Papa; Esther; tsɛnye John; kple nye—míekpɔ gome le dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Meɖoa ŋku zi gbãtɔ si aƒemenɔla aɖe bia Biblia me nyabiase aɖem la dzi nyuie. Maxɔ abe ƒe adre ene ɣemaɣi. Ŋutsua bia be: “Ŋutsuvi sue, nukae nye Harmagedon?” To papa ƒe kpekpeɖeŋu sue aɖe me la, mete ŋu tsɔ Biblia ɖo nyaa ŋu nɛ.

Gege Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Le ƒe 1931 me la, míaƒe ƒomea de Columbus, Ohio, takpekpea, afisi míetsɔ dzidzɔ xɔ ŋkɔ yeye si nye Yehowa Ðasefowo le. Dzi dzɔ John ale gbegbe be wòtso nya me be mía kple ye míage ɖe mɔɖeɖedɔa me. * Míege ɖe eme, eye Dada, Papa, kple Esther hã ge ɖe eme. Kesinɔnu ka gbegbee nye si míekpɔ—míaƒe ƒomea wɔ ɖeka le dzidzɔdɔ si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me! Akpedada na Yehowa ɖe yayra sia ta metiam gbeɖe o. Gake togbɔ be dzi nɔ mía dzɔm alea gbegbe ɣemaɣi hã la, dzidzɔ geɖe ganɔ ŋgɔ na mí.

Le 1934 ƒe February me la, medze dɔwɔwɔ gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã (si woyɔna be Betel) le Brooklyn, New York. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, John va kpe ɖe ŋunye le afima. Mía kplie nɔ xɔ ɖeka me vaseɖe esime wòɖe srɔ̃a lɔlɔ̃a, Jessie, le ƒe 1953 me.

Esi mía kple John míeyi Betel megbe la, mía dzilawo lɔ̃ woɖo wo ɖe dukɔa ƒe teƒe vovovowo be woaɖawɔ mɔɖeɖedɔa, eye Esther kple srɔ̃a, George Read, yina kpli wo. Mía dzilawo yi mɔɖeɖedɔa dzi vaseɖe esime wowu woƒe anyigba dzi subɔsubɔa nu le 1963 me. Esther kple srɔ̃a dzi vi nyuiwo, eye woyram kple nyruiyɔvi geɖe, siwo melɔ̃ vevie.

Dɔ Kple Zɔhɛwo le Betel

John wɔ mɔ̃ɖaŋudɔ si wòsrɔ̃ la ŋudɔ le Betel eye woa kple Beteltɔ bubuwo wɔ agbaƒomɔ̃ kpokploewo. Yehowa Ðasefo akpe geɖe zã mɔ̃ siawo le woƒe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me. John na kpekpeɖeŋu hã wowɔ mɔ̃ aɖe hena magazine kotokuwo wɔwɔ kple nudɔlawo ƒe ŋkɔwo ŋɔŋlɔ ɖe wo dzi.

Agbalẽblaƒee medze nye Betel-subɔsubɔdɔa gɔme le. Ðekakpui bubuwo hã wɔ dɔ le agbalẽtaƒea ɣemaɣi eye wogale subɔsubɔm le Betel nuteƒewɔwɔtɔe. Wo dometɔ aɖewoe nye Carey Barber kple Robert Hatzfeld. Amesiawo dometɔ siwo dzi meɖoa ŋkui vevie, gake wotrɔ megbe gbaɖegbe ke la dometɔ aɖewoe nye Nathan Knorr, Karl Klein, Lyman Swingle, Klaus Jensen, Grant Suiter, George Gangas, Orin Hibbard, John Sioras, Robert Payne, Charles Fekel, Benno Burczyk, kple John Perry. Wolé dɔa me ɖe asi ƒe geɖe nyatoƒoe matomato alo “didi be woaɖɔli dɔ na yewo” manɔmee. Esi habɔbɔa nɔ ŋgɔ yim la, agbanɔamedzi gãwo va su Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔla siawo dometɔ geɖe si. Eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔwo.

Dɔwɔwɔ kple nɔviŋutsu ɖokuitsɔsavɔla siawo na mesrɔ̃ nu vevi aɖe. Le ŋutilãmedɔwɔƒewo la, dɔwɔlawo xɔa fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔwo ta. Emae nye woƒe teƒeɖoɖo. Gbɔgbɔmeyayra gbagowo dona tsoa subɔsubɔ le Betel me, eye gbɔgbɔmemewo koe kpɔa ŋudzedze ɖe teƒeɖoɖo siawo ŋu.—Korintotɔwo I, 2:6-16.

Nathan Knorr, amesi va Betel le ƒe 1923 me esime wònye ƒewuivi, lae nye agbalẽtaƒea dzikpɔla le ƒe 1930-awo me. Etsana le agbalẽtaƒe bliboa gbesiagbe doa gbe na dɔwɔla ɖesiaɖe. Mía dometɔ siwo nye ame yeyewo le Betel ɣemaɣi la kpɔ ŋudzedze ɖe ɖetsɔtsɔ le eme na amesiame alea ŋu ŋutɔ. Le ƒe 1936 me la, míexɔ agbalẽtamɔ̃ yeye tso Germany, eye mɔ̃a tsiatsiã ɖe fu na nɔviŋutsu ɖekakpuiawo dometɔ aɖewo ale gbegbe. Eyata Nɔviŋutsu Knorr do eƒe dɔwɔwuwo wɔ dɔ kpli wo ɣleti ɖeka kple edzivɔ vaseɖe esime mɔ̃a te dɔwɔwɔ.

Nɔviŋutsu Knorr nye dɔsesẽwɔla ale gbegbe be mía dometɔ akpa gãtɔ mete ŋu tui kura o. Gake enya alesi woɖina ɖe emee hã. Esi wotsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzikpɔkpɔ de esi le January 1942 me megbe gɔ̃ hã la, eƒoa baseball kple Betel-ƒomea me tɔwo kpakple dutanyanyuigblɔlawo ƒe Gilead sukuvi siwo le sukukpo dzi, afisi te ɖe South Lansing ŋu, le New York.

Le April 1950 me la, Betel-ƒomea ʋu yi míaƒe xɔdɔme yeye si nye dziƒoxɔ dzisasrã ewo si wotu ɖe 124 Columbia Heights, Brooklyn, New York, la me. Nuɖuƒe yeyea lolo nyuie be mí katã míenɔa anyi ɖua nu ɖekae. Le ƒe etɔ̃ lɔƒo siwo me wonɔ xɔdɔme sia tum me la, míegate ŋu wɔa míaƒe ŋdikpekpewo o. Dzidzɔɣeyiɣi ka gbegbee nye si wònye na mí esi kpekpea gadze egɔme ake! Nɔviŋutsu Knorr na menɔa egbɔ le zimenɔla ƒe kplɔ̃ ŋu be manɔ ŋku ɖom míaƒe ƒomea me tɔ yeyewo ƒe ŋkɔwo dzi na ye. Menɔ kplɔ̃ ɖeka ma ŋu le ŋdikpekpe kple ŋdinuɖuɣiwo ƒe 50 sɔŋ. Emegbe le August 4, 2000 dzi la, míedzudzɔ nuɖuƒe ma zazã eye wona nɔƒem ɖe nuɖuƒe siwo wodzra ɖo le afisi nye Towers Hotel tsã la dometɔ ɖeka me.

Le ƒe 1950-awo me la, mewɔ dɔ le agbalẽtaƒe si wozãa agbalẽtamɔ̃ si woyɔna be Linotype le hena ɣeyiɣi aɖe, afisi míewɔa agba siwo dzi woɖea nyawo ɖo hezãna le agbalẽtamɔ̃ dzi le. Menye dɔ siwo wɔwɔ vivia nunye ŋutɔ dometɔ aɖee dɔ ma nye o, gake William Peterson, si nye mɔ̃awo dzikpɔla, nɔ kplim nyuie ale gbegbe be dɔwɔwɔ le afima vivi nunye ŋutɔ. Emegbe le ƒe 1960 me la, wohiã amewo be woatsɔ wo ɖokui ana asi aŋɔ na xɔdɔme yeye si wotu ɖe 107 Columbia Heights la. Enye dzidzɔ nam ŋutɔ be metsɔ ɖokuinye na kpe asi ɖe nɔƒe yeye siawo dzadzraɖo ŋu na míaƒe Betel-ƒome si nɔ lolom la.

Esi míewu aŋɔsisi na 107 Columbia Heights xɔa nu megbe kpuie la, enye dzidzɔ nam ŋutɔ be wode dɔ si nyemenɔ mɔ kpɔm na o asi nam be manye Betel-medzrowo xɔla. Dzi dzɔm ŋutɔ le ƒe 40 siwo me menye amedzroxɔla le abe alesi ko ƒe bubu siwo katã metsɔ subɔ le Betel nɔ la ene. Eɖanye amedzrowo alo Betel-ƒomea me tɔ yeyewoe mexɔ o, dzidzɔ gãe wònye nam ne mede ŋugble le nusi dona tsoa dɔ siwo mí katã míewɔna tsɔ doa Fiaɖuƒenuwo ɖe ŋgɔe me la ŋu.

Biblia Nusrɔ̃vi Dovevienuwo

Nu me nyo na míaƒe Betel-ƒomea le gbɔgbɔme elabena emetɔwo lɔ̃ Biblia la. Esi meva Betel teti la, mebia Emma Hamilton, si nye nuŋɔŋlɔ me tola, be zi nenie wòxlẽ Biblia bliboa wu enu hã. Eɖo eŋu be: “Zi 35, eye medzudzɔ dzesidedee ɖi.” Anton Koerber, Kristotɔ sesẽ bubu, si hã nɔ Betel ɣemaɣi, lɔ̃a gbɔgblɔ be: “Biblia megadidi tso asitsɔƒe na wò gbeɖe o.”

Le Nɔviŋutsu Russell ƒe ku le ƒe 1916 me megbe la, Joseph F. Rutherford va wɔ habɔbɔa dzikpɔkpɔdɔ si wɔm Russell nɔ hafi la. Dutoƒonuƒola bibi ŋutɔ aɖee Rutherford nye, eye esi wònye senyala ta la, enɔ Yehowa Ðasefowo teƒe ʋli nya geɖe le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Le Rutherford ƒe ku le ƒe 1942 me megbe la, Nɔviŋutsu Knorr va xɔ ɖe eteƒe eye wòdze agbagba vevie tu eƒe nuƒoƒo le dutoƒo ƒe ŋutete ɖo. Esi xɔ si me menɔ te ɖe etɔ ŋu ta la, mesea eŋkɔ wònɔa eƒe nuƒowo me tom enuenu. Le agbagbadzedze alea ta la, eva zu dutoƒonuƒola nyui aɖe le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Le February 1942 me la, Nɔviŋutsu Knorr na woɖo suku aɖe be woatsɔ ana kpekpeɖeŋu mí katã le Betel be míatu míaƒe nufiafia kple nuƒoƒo ŋutete ɖo. Nusiwo míesrɔ̃na le sukua me ku ɖe Biblia me numekuku wɔwɔ kple dutoƒonuƒoƒo koŋ ŋu. Le gɔmedzedzea me la, wode dɔ asi na mía dometɔ ɖesiaɖe be míaƒo nuƒo kpuiwo tso Biblia me mewo ŋu. Nuƒo gbãtɔ si meƒo ku ɖe Mose ŋu. Le ƒe 1943 me la, wodze suku sia tɔgbe gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me, eye eli vaseɖe egbea. Wokpɔtɔ tea gbe ɖe Biblia me sidzedze ƒe amesisusu kple nufiafiamɔnu nyuiwo tutuɖo dzi le Betel kokoko.

Le February 1943 me la, wodze dutanyanyuigblɔlawo ƒe Gilead suku ƒe klass gbãtɔ gɔme. Fifia, wowu Gilead ƒe klass 111 lia nu nyitsɔ laa! Le sukua ƒe anyinɔnɔ ƒe 58 kple edzivɔ sɔŋ me la, wona hehe ame 7,000 kple edzivɔ wonye dutanyanyuigblɔlawo le xexeame godoo. Nusi ɖe dzesie nye be esime sukua dze egɔme le ƒe 1943 me la, Yehowa Ðasefo 100,000 kple nane koe nɔ xexeame katã. Fifiaa, ame 6,000,000 kple edzivɔ ye ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia!

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nye Gbɔgbɔmedomenyinu Ŋu

Do ŋgɔ vie na Gilead sukua ɖoɖo la, wode dɔ asi na mí ame etɔ̃ tso Betel be míaɖasrã hamewo akpɔ le United States godoo. Míenɔa hame siawo gbɔ ŋkeke ɖeka, ŋkeke ʋɛ aɖewo, alo kwasiɖa ɖeka gɔ̃ hã, be míado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. Woyɔa mí be nɔviawo subɔlawo, ŋkɔ si wova trɔ wòzu nutome sue subɔla, alo nutome sue dzikpɔla emegbe. Gake le Gilead Sukua gɔme dzedze megbe kpuie la, woyɔm be matrɔ gbɔ ava fia nanewo. Mefia nu tsiã ɖe enu le klass 2 vaseɖe 5 lia me, eye menɔ nufialawo dometɔ ɖeka teƒe fia nu le klass 14 lia hã me. Esi mete ŋu dzro nu ɖedzesi siwo dzɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe egbegbe gɔmedze ŋutinya me—nudzɔdzɔ siwo dometɔ geɖe nye nye ŋutɔ nye nuteƒekpɔkpɔ siwo megblɔ—kple sukuviawo ta la, megava kpɔ ŋudzedze ɖe nye gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi la ŋu ŋutɔ.

Mɔnukpɔkpɔ bubu siwo hã su asinye le ƒeawo mee nye Yehowa ƒe amewo ƒe dukɔwo dome takpekpewo dede. Le ƒe 1963 me la, menɔ ame 500 kple edzivɔ siwo zɔ mɔ yi xexeame ƒe akpa vovovowo ɖawɔ “Nyanyui Mavɔ” takpekpewo la dome. Takpekpe bubu siwo ɖe dzesi le ŋutinya me siwo mede la nye esiwo wowɔ le Warsaw, Poland, le ƒe 1989 me; Berlin, Germany, le ƒe 1990; kple Moscow, Russia, le ƒe 1993 me. Le takpekpeawo dometɔ ɖesiaɖe me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye medo go mía nɔvi ŋutsu kple nyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo do dzi le Nazi alo Kɔmiunist dziɖuɖu, alo evea siaa ƒe yometiti me ƒe geɖe la dometɔ aɖewo. Nuteƒekpɔkpɔ tuxɔseɖo kawo gbegbee nye si wonye!

Agbe dze edzi nam le Yehowa subɔsubɔ me nyateƒe! Gbɔgbɔmeyayra siwo xɔm mele nu metso kpɔ o. To vovo na ŋutilãmekesinɔnuwo la, zi alesi míema nu xɔasi siawoe la, zi nenemae míaƒe kesinɔnuwo dzina ɖe edzii. Mesena ame aɖewo gblɔna ɣeaɖewoɣi be ne ɖe womehe yewo Yehowa Ðasefowoe tso ɖevime ke o la, ne edzɔ dzi na yewo wu. Wogblɔna be yewosusuna be ne ɖe yewodo ŋgɔ nya alesi Mawu ƒe habɔbɔa godo gbenɔnɔ le la, anye ne yewoakpɔ ŋudzedze ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu wu.

Etena ɖe dzinye ɣesiaɣi ne mese sɔhɛwo gblɔ nya siawo tɔgbe elabena nya si tututu gblɔm wole enye be enyo wu ne wometsɔ sidzedze Yehowa ƒe mɔwo nyi amee o. Gake bu numame gbegblẽ kple tamebubu ƒaƒã siwo katã ŋu wòle be amewo naɖe asi le ne wova ke ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu emegbe le agbe me la ŋu kpɔ. Medaa akpe ɣesiaɣi be dzinyelawo he wo vi etɔ̃awo katã le dzɔdzɔenyenyemɔ la dzi. John subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe esime wòku le July 1980 me, eye vaseɖe egbea, Esther kpɔtɔ nye Ðasefo wɔnuteƒe.

Dzi dzɔam ŋutɔ ne meɖo ŋku Kristotɔ nɔvi ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla gbogbo siwo medze xɔ̃e la dzi. Ƒe 67 kple edzivɔ enye sia mele Betel fifia. Togbɔ be nyemeɖe srɔ̃ kpɔ o hã la, gbɔgbɔ me viŋutsu kple vinyɔnu kpakple tɔgbuiyɔvi geɖewo le asinye. Eye dzi dzɔam ne mebu míaƒe xexeame katã ƒe gbɔgbɔ me ƒomea me tɔ lɔlɔ̃ yeye siwo katã magava do goe la ŋu, wo dometɔ ɖesiaɖe xɔ asi nam ale gbegbe. Aleke gbegbe nya siawo nye nyateƒee nye si be: ‘Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔe’!—Lododowo 10:22.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Mexɔ nyɔnyrɔ le March 8, 1932 me. Eyata le nyametsotso be mawɔ mɔɖeɖedɔa megbee mexɔ nyɔnyrɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Tso miame yi ɖusime: fofonye si ƒe ata dzi nɔvinyeŋutsu John nɔ anyi ɖo, Esther, nye, kple danye

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Nufiafia Gilead ƒe klass aɖe le ƒe 1945 me

Etame le ɖusime: Gilead Suku Nufiala Eduardo Keller, Fred Franz, nye, kple Albert Schroeder

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ŋugbledede le nye agbe dzedziname le Yehowa subɔsubɔ me ŋu