Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa ƒe Yayra—Eyae Wɔa Ame Kesinɔtɔe’

‘Yehowa ƒe Yayra—Eyae Wɔa Ame Kesinɔtɔe’

‘Yehowa ƒe Yayra—Eyae Wɔa Ame Kesinɔtɔe’

MÍ KATÃ míedina be woayra mí. Yayra hea dzidzɔkpɔkpɔ, dedienɔnɔ, alo dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ. Esi Yehowa nye Amesi gbɔ “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso ta la, yayra mavɔ ɖesiaɖe tso mía Wɔla lɔlɔ̃tɔa gbɔ. (Yakobo 1:17) Edudua yayra kɔna ɖe ameƒomea katã dzi, amesiwo menyae o gɔ̃ hã le eme. Yesu gblɔ le Fofoa ŋu be: “Eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:45) Gake Yehowa tsɔa ɖe le eme vevie na amesiwo lɔ̃nɛ.—Mose V, 28:1-14; Hiob 1:1; 42:12.

Hakpala la ŋlɔ be: “[Yehowa] metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.” (Psalmo 84:12) Ẽ, amesiwo subɔa Yehowa nɔa agbe vivi si ŋu gɔmesese le. Wonya be ‘Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.’ Biblia gagblɔ be: “Amesiwo [Yehowa] yra la, woanyi anyigba la dome.” (Lododowo 10:22; Psalmo 37:22, 29) Yayra ka gbegbee nye si wòanye!

Aleke míawɔ axɔ Yehowa ƒe yayra? Mɔ ɖeka enye be míatu nɔnɔme siwo dzea eŋu ɖo. (Mose V, 30:16, 19, 20; Mixa 6:8) Míekpɔe le kpɔɖeŋu si Yehowa subɔla etɔ̃ siwo nɔ anyi le blema ɖo me.

Yehowa Yraa Esubɔlawo

Noa nye Mawu subɔla ɖedzesi aɖe. Míexlẽ le Mose I, 6:8 be: “Yehowa ve Noa nu.” Nukata? Elabena Noa nye toɖola. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Noa zɔ kple Mawu [vavã la].” Noa wɔ ɖe Yehowa ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo kple eƒe sededewo dzi. Le ɣeyiɣi si me xexea ƒo eɖokui ɖe ŋutasesẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ me la, Noa se le eɖokui me be ele be ‘yeawɔ nusiwo katã ƒe se Mawu de. Nenema pɛ wòwɔ.’ (Mose I, 6:9, 22) Eyata Yehowa fiae be wòakpa “aɖakaʋu hena [Noa ƒemetɔwo] ɖeɖe.” (Hebritɔwo 11:7) Alea wòdzɔe be Noa kple eƒe ƒomea—kpakple amegbetɔƒome si do tso wo me—tsi agbe le dzidzime ma tsɔtsrɔ̃ me. Eye Noa ku kple mɔkpɔkpɔ be woafɔ ye yeava nɔ agbe mavɔ le paradiso nyigba dzi. Yayra ka gbegbee nye esi wòkpɔ!

Nɔnɔme siwo dzea Yehowa ŋu nɔ Abraham hã si. Esiawo ƒe vevitɔ enye xɔse. (Hebritɔwo 11:8-10) Abraham gblẽ agbe si me dzidzeme nɔ ɖi le Ur kple emegbe le Xaran elabena exɔ Yehowa dzi se be yeƒe dzidzimeviwo ava sɔ gbɔ eye wòanye yayra na dukɔwo katã. (Mose I, 12:2, 3) Togbɔ be wodo eƒe xɔse kpɔ ƒe geɖe hã la, woɖo eteƒe nɛ wòdzi viaŋutsuvi Isak. To eyama dzi la, Abraham va zu Mawu ƒe dukɔ tiatia, Israel, kple Mesia la tɔgbui mlɔeba. (Romatɔwo 4:19-21) Gakpe ɖe eŋu la, eyae nye “fofo na amesiwo katã xɔna sena,” eye wova yɔe be “Mawu xɔlɔ̃.” (Romatɔwo 4:11; Yakobo 2:23; Galatiatɔwo 3:7, 29) Agbe si ŋu tameɖoɖo nɔ ka gbegbee nye esi wònɔ, eye yayra gbogbo kawo gbegbee nye esi wotsɔ yrae!

De ŋugble le Mose nuteƒewɔla la hã ŋu kpɔ. Nusi ɖedzesi le eƒe nɔnɔme nyuiawo katã mee nye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Mose gbe nu le Egipte kesinɔnuwo katã gbɔ eye “edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:27) Esi wònɔ Midian ƒe 40 megbe la, etrɔ gbɔ va Egipte le eƒe tsitsime eye wònɔ te ɖe Farao ŋusẽ gãtɔ kekeake si nɔ anyi ɣemaɣi nu be wòaʋli nɔviawo ƒe ablɔɖe ta. (Mose II, 7:1-7) Ekpɔ dɔvɔ̃ ewoawo, Ƒudzĩa me mama kple Farao ƒe aʋakɔwo tsɔtsrɔ̃ teƒe. Yehowa zãe wòtsɔ Sea na Israel-viwo eye wòganye avuléla le nu si Wòbla kple dukɔ yeye la dome. Ƒe 40 sɔŋ Mose kplɔ Israel-viwo le gbea dzi. Tameɖoɖo vavã nɔ eƒe agbe ŋu, eye wotsɔ subɔsubɔdɔ wɔnukuwo yrae.

Egbeŋkekea me Yayrawo

Nudzɔdzɔ siawo ɖee fia be tameɖoɖo le amesiwo subɔa Mawu ƒe agbe ŋu vavã. Ne Yehowa ƒe amewo le nɔnɔme nyui siwo nye toɖoɖo, xɔse, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu tum ɖo la, woyraa wo geɖe ŋutɔ.

Aleke woyraa míi? Esime dɔ le ame miliɔn geɖe siwo le Kristodukɔa me wum le gbɔgbɔ me la, ‘dzi dzɔa mí le Yehowa ƒe dɔmenyonyo ta.’ (Yeremya 31:12) Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe to Yesu Kristo kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi si kpena ɖe mía ŋu be míeyia edzi nɔa zɔzɔm le mɔ “si kplɔa amewo yia agbe la me” dzi. (Mateo 7:13, 14; 24:45; Yohanes 17:3) Hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo ƒe ha la hã nye yayra gã bubu. Hati subɔla siwo ɖea lɔlɔ̃ fiana hedzea agbagba be yewoado ‘amenyenye yeye’ la domenɔnɔ le kpekpewo me kple le ɣeyiɣi bubuwo me vivina ŋutɔ. (Kolosetɔwo 3:8-10; Psalmo 133:1) Gake míaƒe yayra gãtɔ kekeake enye mɔnukpɔkpɔ vevi si le mía si be kadodo le mía kple Yehowa Mawu dome eye míezɔa Via Kristo Yesu ƒe afɔtoƒe.—Romatɔwo 5:1, 8; Filipitɔwo 3:8.

Ne míede ŋugble le yayra siawo ŋu la, míekpɔa subɔsubɔ si míetsɔna naa Mawu ƒe asixɔxɔ dzea sii. Ðewohĩ míaɖo ŋku Yesu ƒe lododo si ku ɖe asitsala si nɔ dzonu nyui dim la dzi. Yesu gblɔ le amesia ŋu be: “Eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒlee.” (Mateo 13:46) Ðikekemanɔmee la, aleae míesena le mía ɖokui me ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodoa, mɔnukpɔkpɔ si le mía si be míesubɔnɛ, míaƒe Kristotɔwo ƒe hadede, míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa, kple yayra bubu siwo katã do ƒome kple míaƒe xɔsea ŋu. Nu bubu aɖeke megaxɔ asi de nusiawo nu le míaƒe agbe me o.

Wò Hã Na Nu Yehowa

Esi míenya be Yehowa nye nunana nyui ɖesiaɖe Nala ta la, eʋãa míaƒe dzi be míada akpe nɛ ɖe yayra siwo míekpɔna ta. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Mɔ ɖekae nye kpekpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woakpɔ yayra siawo ke. (Mateo 28:19) Le anyigba 230 dzi la, Yehowa Ðasefowo le dɔ dzi le wo haviwo gbɔ yim be yewoawɔ nusia tututu. Esi wole esia wɔm la, wozãa ŋutete sue si le wo si—si nye woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo—tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu be “woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.”—Timoteo I, 2:4.

Bu mɔɖela siwo le Glendale, California, U.S.A. ŋu kpɔ. Memleɖa ŋdi ɖesiaɖe la, wozɔa mɔ kilometa 100 ɖeka yiyi kple gbɔgbɔ va srãa gaxɔ si le nutoa me kpɔna. Togbɔ be gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko wote ŋu zãna ɖe gamenɔlawo ŋu le sasrãkpɔ ɖesiaɖe me hã la, dzi meɖena le wo ƒo o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Teƒeɖoɖo geɖe le subɔsubɔ le nuto tɔxɛ sia me ŋutɔ. Míele ewɔm kple dzidzɔ. Ðetsɔlemetɔ geɖe le mía si ale gbegbe be míete ŋu kpɔa wo katã gbɔ o. Fifia la, míele nu srɔ̃m kple ame atɔ̃ eye ame ene bubu bia be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo.”

Dzi dzɔa Kristotɔ subɔla siwo me dzo le be woatsɔ wo ɖokui ana faa akpɔ gome le agbeɖeɖedɔ sia me. Woɖea Yesu ƒe nɔnɔme fiana, amesi gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Ame miliɔn geɖe le ɖokuitɔmadimadi ƒe dɔ sia tɔgbe wɔm le xexeame godoo eye ena dzianukwaretɔ gbogbo aɖewo va le to ɖom eye wole nusrɔ̃lawo zum. Le ƒe atɔ̃ siwo va yi ɖeɖe dzaa me la, ame miliɔn 1,700,000 kloe tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Ame gbogbo siwo gakpɔtɔ le vavam ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ bia be woata Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo eye woatu Fiaɖuƒe Akpata yeyewo kple takpeƒe bubuwo. Afikae ga si wotsɔ kpɔa nuhiahiã siawo gbɔ tsona? Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo mee wo katã tsona.

Esi ganyawo mede ame dzi le xexeame ƒe akpa aɖewo o ta la, ame geɖe kua kutri hafi kpɔa agbemenu veviwo teti na woƒe ƒomea me tɔwo. New Scientist magazine gblɔ be ame biliɔn ɖeka zãa ga si wokpɔna na aƒedzikpɔkpɔ ƒe alafa memama 70 ɖe nuɖuɖu ŋu. Mía nɔvi Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu geɖe le nɔnɔme sia me. Ne wo hati xɔsetɔwo mekpe ɖe wo ŋu o la, womate ŋu akpɔ nuwo abe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo alo Fiaɖuƒe Akpata nyuiwo o.

Gake esia mefia be edze amesiawo ŋu be ame bubuwo natsɔ woƒe agba o. Ke hã wohiã kpekpeɖeŋu. Esi Mose nɔ dzi dem ƒo na Israel-viwo be woadzɔ woƒe ŋutilãmenuwo wòanye mɔ si dzi woato ada akpe na Yehowa ɖe woƒe yayrawo ta la, egblɔ be: “Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.” (Mose V, 16:17) Eyata esi Yesu kpɔ ahosi aɖe wòdzɔ ‘gaku sue eve siwo ƒe home le sue ŋutɔ’ le gbedoxɔ me la, ekafui na eƒe nusrɔ̃lawo. Ewɔ nusi wòate ŋui. (Luka 21:2, 3) Nenema ke Kristotɔ siwo dzi nu mede o wɔa nusi woate ŋui. Eye afisi hiãtuame le la, wotsɔa hati Kristotɔ siwo meda ahe akpa o ƒe nudzɔdzɔwo kpɔa nuwo gbɔe.—Korintotɔwo II, 8:13-15

Ele vevie be dzi ƒe ameʋaʋã nyuitɔ nanɔ mía si ne míele nu nam Mawu alea. (Korintotɔwo II, 8:12) Paulo gblɔ be: “Amesiame [nawɔ] abe alesi wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Ne míena nu tso dzime faa la, míekpea asi ɖe teokrasi dzidziɖedzi si le edzi yim fifia ŋu eye míaƒe dzidzɔ gbaa go ɖe edzi.—Dɔwɔwɔ 20:35.

Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me kple nu dzɔdzɔ faa nye mɔnu eve siwo dzi míate ŋu ato ana nu Yehowa ɖe yayra siwo míexɔ tso egbɔ ta. Eye aleke gbegbe wòdea dzi ƒoe enye si be míanya be Yehowa di be yeadudu yeƒe yayra ɖe dzianukwaretɔ bubu geɖe siwo mekpɔ dze sii haɖe o dzi! (Petro II, 3:9) Ekema mina míayi edzi azã míaƒe ŋutetewo le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me ale be míate ŋu ake ɖe dzianukwaretɔwo ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatu nɔnɔme siwo nye toɖoɖo, xɔse, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo. Ne míewɔe alea la, dzi adzɔ mí be míele kpekpem ɖe wo ŋu be ‘woaɖɔe kpɔ, akpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.’—Psalmo 34:9.

[Aɖaka si le axa 28]

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu

Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã Ƒe Dɔa

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe ɖi koŋ le wo ɖokuisi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me.

Hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ la ɣleti sia ɣleti. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔ me. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe si aɖe nu me be wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ nu le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu be ne ga la hiã amea la, woagatrɔe nɛ. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo li woatsɔ akpe ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋui. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfewo Xexe: Woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe ŋkɔ be eyae woaxe yeƒe nugblẽfega na ne yeku alo yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nanɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne wodzudzɔ dɔwɔwɔ la zãm gbɔ alo woana woaxe wo nɛ ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒe ƒe ɖoɖowo nu.

Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be wotsɔ kee keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbe me. Ele be woana alɔdzedɔwɔƒe si le míaƒe dukɔa me nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu ayɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ŋkɔ wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nusiwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe ta o.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo le nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ aɖo biabia geɖe siwo wobiana ku ɖe nunanawo, domenyinumagbalẽwo, kple nunɔamesi siwo woanɔ zazãm gbɔ ŋu la ŋuti. Nyatakaka nyui bubuwo gale eme ku ɖe aƒe alo anyigba, ga, kple adzɔxexe ŋuti ɖoɖowɔwɔ ŋu. Eye ɖe wotae be wòakpe ɖe amesiwo le United States siwo le ɖoɖo wɔm be yewoana nunana tɔxɛ fifia alo wòanyi eƒe dome le yewoƒe ku megbe la ŋu bene woatia mɔnu si aɖe vi wu eye wònyo ale be woabu woƒe ƒomea kple woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔme ŋu le ewɔwɔ me. Agbalẽ gbadza sia ate ŋu asu asiwò ne èbia ɖeka tẽ tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ.

Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea me la, ame geɖe te ŋu kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le xexeame godoo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, egaɖe vi geɖe le adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Ele be woana Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea nanya eye woaɖo ɖoɖo sia ŋuti nuŋlɔɖiwo ƒe ɖe ɖee. Ne èdi numekɔkɔ le nunana siawo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo aɖe ŋuti la, ke zã adrɛs si le ete nàŋlɔ agbalẽ na Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, alo nàƒo ka na wo alo na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

CHARITABLE PLANNING OFFICE

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive, Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707