Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nèwɔa Nu Ðe Alakpanuwɔwɔ Ŋui?

Aleke Nèwɔa Nu Ðe Alakpanuwɔwɔ Ŋui?

Aleke Nèwɔa Nu Ðe Alakpanuwɔwɔ Ŋui?

YUDA ISKARIOT yi Yesu gbɔ le Getsemane-bɔa me eye ‘wògbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.’ Esia nye vividodoɖeameŋu si me lɔlɔ̃ le ɖeɖefia le kɔa nu. Gake Yuda ƒe nuwɔna nye ayemenu si wòwɔ be yeatsɔ ade dzesi Yesu na amesiwo va elé ge le zã ma me. (Mateo 26:48, 49) Yuda nye alakpanuwɔla—amesi wɔa eɖokui bubui, amesi ɣlaa eƒe tamesusu vɔ̃wo ɖe nyateƒe nuwɔwɔwo gɔme. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “alakpanuwɔla” fia “amesi ɖoa nya ŋu” eye wògafia fefewɔla. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova nɔ nya zãm na amesiame si wɔa nu be yeatsɔ able amewo.

Aleke nèwɔa nu ɖe alakpanuwɔwɔ ŋui? Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòkua dzi na wò ne èkpɔ sigaret-wɔlawo le enono ƒe dzi dem ƒo togbɔ be atikewɔlawo ɖee fia be egblẽa nu le ame ŋua? Ðe dɔme vea wò vevie ɖe dzikpɔla siwo sẽa ŋuta le amesiwo dzi kpɔm wole la ŋua? Ðe wòtena ɖe dziwò ne xɔlɔ̃ aɖe si dzi nèka ɖo va zu alakpanuwɔlaa? Aleke subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ kpɔa ŋusẽ ɖe dziwòe?

“Baba na Mí . . . Alakpatɔwo”

Bu alesi subɔsubɔnuwɔnawo nɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi ŋu kpɔ. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo wɔ wo ɖokuiwo Mawu ƒe Sea fiala nuteƒewɔlawo, gake le nyateƒe me la, wotsɔ amegbetɔwo ƒe nufiafia siwo he amewo ɖa tso Mawu ŋu la yɔ susu me na woe. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tea tɔ ɖe sea me nyawo dzi vevie, gake woŋe aɖaba ƒu gɔmeɖose vevi siwo ɖea lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ fiana la dzi. Wowɔa wo ɖokui Mawu-vɔ̃lawo le amewo ŋkume, gake le ememe la nugbegblẽwɔwɔ yɔ wo me fũ. Woƒe nuwɔnawo mewɔa ɖeka kple woƒe nyawo gbeɖegbeɖe o. Taɖodzinu si tae wowɔa nuwo enye be “amewo nakpɔ wo.” Woɖi “yɔdo, siwo ŋuti wosi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple ɖiƒoƒo katã.” Esi Yesu nɔ nu klom le woƒe alakpanuwɔwɔ dzi la, egblɔ enuenu dzinɔameƒotɔe be: “Baba na mi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo.”—Mateo 23:5, 13-31.

Ne ɖe nènɔ agbe le ŋkeke mawo me la, ɖewohĩ mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ mawo anyɔ ŋu na wò vavã abe alesi wònyɔ ŋui na dzianukwaretɔ bubuwo ene. (Romatɔwo 2:21-24; Petro II, 2:1-3) Gake ɖe nàna agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ nave dɔme na wò ale gbegbe be nàgbe subɔsubɔhawo katã, tsɔ kpe ɖe esi Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo fia henɔ agbe ɖe enu la ŋua? Ðe ema magblẽ nu le ŋuwò vevie oa?

Mawusubɔlawo ƒe alakpanuwɔwɔ ate ŋu ana mawusubɔsubɔ nanyɔ ŋu na mí eye míagbe nu le egbɔ. Gake nuwɔwɔ alea ate ŋu ana míakpɔ nyateƒe subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ adze sii o. Nusiwo tututu míewɔna be míatsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso alakpanuwɔwɔ si me ate ŋu ana míaƒo asa na xɔlɔ̃ vavãwo. Ekema ele be míawɔ nu le nunya me ahada asɔ le alesi míewɔa nui ɖe alakpanuwɔwɔ ŋu me.

“Mikpɔ Nyuie”

Gbã la, ele be míasrɔ̃ alesi míakpɔ alakpanuwɔlawo adze sii. Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ƒomea aɖe srɔ̃ esia esi nu gã aɖe bu na wo vɔ megbe. Dada yi ɖime. Wotsɔ nya ɖe atikewɔƒea ŋu ɖe nufitifitiwɔwɔ ta, eye ƒomea tsɔ senyala si nye mawunyagblɔla le sɔlemeha aɖe si le nuto ma me. Togbɔ be atikewɔƒea xe dɔlar miliɔn 3,400,000 tsɔ ɖo eteƒee hã la, ƒomea ƒe afɔkua gado gã ɖe edzi. Wo dadaa va da ahe kolikoli hafi ku eye womekpɔ ga tsɔ xe eƒe kufewo o. Nukatae? Elabena senyalaa zã ga ƒe akpa gãtɔ. Senyawo ƒe magazine aɖe gblɔ le senyala sia ŋu be: “Ne agbe si wònɔna ye wòfiana la . . . , ele be eƒe gbedasia nanɔ ale: mina míada adzo.” Aleke míawɔ akpɔ mía ɖokui ta tso ame mawo tɔgbe si me?

Yesu xlɔ̃ nu amesiwo dze ŋgɔ subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ le eƒe ŋkekea me be: “Mikpɔ nyuie.” (Mateo 16:6; Luka 12:1) Nyateƒee, ele be míaɖɔ ŋu ɖo. Amewo ate ŋu agblɔ nya siwo me susu le eye woaɖe nuteƒewɔwɔ afia, gake ele be míaɖɔ ŋu ɖo vevie be míagana ame aɖeke ƒe dzedzeme naflu mí míaxɔ woƒe nyawo ade eme enumake o. Ðe míalé ŋku ɖe míaƒe gawo ŋu nyuie ne míenya be amewo le ga gbegblẽwo zãm oa?

Alakpanuwɔlawo nɔ Kristo-hame vavã la me kura gɔ̃ hã. Nusrɔ̃la Yuda xlɔ̃ nu le wo ŋu be: “Amesiawo nye agakpe siwo ɣla ɖe tɔ me le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, kplɔla siwo nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔna le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo.”—Yuda 12.

Be ‘míakpɔ nyuie’ fia be míaƒo asa na ame aɖe si wɔa eɖokui amelɔ̃lae gake le nyateƒe me wònye ɖokuiŋudzela hedoa nukpɔsusu siwo menɔ te ɖe Mawu ƒe Nya dzi o ɖe ŋgɔ. Amesia si le abe agakpe tsɔẽ si le tsi siwo li kpoo gɔme la ate ŋu ana amesi mele ŋudzɔ o nadze go le gbɔgbɔ me. (Timoteo I, 1:19) Alakpanuwɔla la ate ŋu adze amesi ade dzi ƒo na ame le gbɔgbɔ me ŋutɔ gake va zua ‘alilikpo si me tsi mele o’—nu si ŋu viɖe aɖeke mele o. Esi alakpanuwɔla le abe ati si metsea ku o ene ta la, mate ŋu atse Kristotɔ vavãwo ƒe kuwo o. (Mateo 7:15-20; Galatiatɔwo 5:19-21) Nyateƒee, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe ameblela siawo tɔgbe ŋu. Gake mele be míabu nazã ɖe amesiame ƒe tamesusuwo ŋu le esia wɔwɔ me o.

‘Migadrɔ̃ Ʋɔnu O’

Aleke wòle bɔbɔe be amegbetɔ madeblibowo nakpɔ ame bubuwo ƒe vodadawo le esime woanɔ aɖaba ŋem ƒu woa ŋutɔ tɔ dzi enye esi! Gake nɔnɔme sia nana míezua alakpanuwɔlawo bɔbɔe. Yesu gblɔ be: “Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nàkpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.” Anyo be míawɔ ɖe nuxlɔ̃me sia dzi be: “Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi . . . Ke nuka wɔ nèkpɔa ati fefee si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la, mèdzea si eya o mahã?”—Mateo 7:1-5.

Ne ame aɖewo wɔ nusiwo dze alakpanue ɣeaɖewoɣi la, ele be míakpɔ nyuie be míagatsɔ dzitsitsi ayɔ wo be wonye alakpanuwɔlawo o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro ‘he eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa’ le hatisubɔlawo, Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo le Antioxia, ŋu be yeadze amedzro Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la ŋu. Barnaba ‘hã kpe ɖe Petro kple ame bubuwo ŋu le woƒe alakpanuwɔna la me.’ Petro wɔ esia togbɔ be eyae wona mɔnukpɔkpɔ be wòʋu mɔ na Trɔ̃subɔdukɔ metɔwo be woava Kristo-hamea me hã. (Galatiatɔwo 2:11-14; Dɔwɔwɔwo 10:24-28, 34, 35) Gake Barnaba kple Petro ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sia meda woa kple agbalẽfialawo kpakple Farisitɔwo alo Yuda Iskariot ɖe ka ɖeka dzi o.

‘Wò Lɔlɔ̃ Neganye Alakpanu O’

Yesu xlɔ̃ nu be: “Ne èna nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o.” (Mateo 6:2) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o!” (Romatɔwo 12:9) Ede dzi ƒo na ɖekakpui Timoteo be ‘lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ si me alakpa aɖeke mele o la me’ nanɔ esi. (Timoteo I, 1:5) Ne míaƒe lɔlɔ̃ kple xɔse nye nyateƒetɔ—si wometsɔ ɖokuitɔdidi kple beble ƒo ɖii o la—amewo aka ɖe mía dzi. Míanye ŋusẽ kple dzideƒo ŋutɔŋutɔ tsoƒe na amesiwo te ɖe mía ŋu. (Filipitɔwo 2:4; Yohanes I, 3:17, 18; 4:20, 21) Ƒo wo katã ta la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

Gake alakpanuwɔwɔ ana ewɔlawo nava ku godoo. Mlɔeba, woava klo nu le alakpanuwɔwɔ dzi gaglã. Yesu Kristo gblɔ be: “Naneke meli wotsyɔ nu edzi, si womele ɖeɖe ge afia o; eye wometsɔ naneke hã ɣla, si womele nyanya ge o.” (Mateo 10:26; Luka 12:2) Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla, la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.”—Nyagblɔla 12:14.

Hafi ɣemaɣi naɖo la, nukatae wòle be míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe alakpanuwɔwɔ nagblẽ nu le mía ŋu ale gbegbe be xɔlɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃ vavã nato mía ŋu? Míate ŋu aɖɔ ŋu ɖo, eye míanɔ nazã bum wu alesi dze o. Eye le goawo katã me la, mina míadze agbagba be alakpanuwɔwɔ naganɔ míaƒe lɔlɔ̃ kple xɔse me gbeɖe o.—Yakobo 3:17; Petro I, 1:22.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

Ðe nàɖe mɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ nana nagbe nu le Yesu Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo gbɔa?