Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Míado Go le Mawu Fiaɖuƒea Me”

“Míado Go le Mawu Fiaɖuƒea Me”

“Míado Go le Mawu Fiaɖuƒea Me”

“Xɔlɔ̃ Lɔlɔ̃tɔ! Rupert, wotso kufia nam egbea. Mega fa nam o. Meɖo nye lɔlɔ̃gbedoname ɖe wò kple amesiame le aƒea me. Míado go le Mawu Fiaɖuƒea me.”

FRANC Drozg ye ŋlɔ nya mawo aɖabaƒoƒo aɖewo hafi Nazi-srafowo da tui le June 8, 1942 dzi. Nukatae wowui ɖo?

Le nyatakaka siwo le Dukɔa ƒe Blemanudzraɖoƒe si le Maribor, Slovenia, nu la, ŋutsu sia si xɔ ƒe 38 si nye gbede la gbe be yemage ɖe Wehrmannschaft, si nye Germany-srafoha siwo wodɔ ɖe Slovenia si Germany xɔ la me o. Enye Bibelforscher, alo Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi le nuto ma me. Esi wònɔ wɔwɔm ɖe Yesaya 2:4 dzi hegblɔ be Mawu Fiaɖuƒea te nɔlae yenye ta la, egbe be yemakpe asi ɖe aʋa si Nazi ho la ŋu o.—Mateo 6:33.

Wonya Franc nyuie le wo de Ptuj be enye Mawu Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia gbeƒãɖela si me dzo le. (Mateo 24:14) Togbɔ be eto nɔnɔme sesẽ geɖe me hã la, eɖe gbeƒã nyanyuia tamanamanatɔe vaseɖe esime wolée le May 1942 me.

Nazitɔwo ti Yehowa Ðasefo Sloveniatɔ geɖe yome vevie. Franc nye ame gbãtɔ mawo siwo wowu le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo ta la dometɔ ɖeka. Nya siawo do ŋusẽe abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene be: “Xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.” (Dɔwɔwɔwo 14:22) Alesi wòxɔ dziƒo dziɖuɖua dzi se ŋutɔŋutɔ dze le eƒe nya mamlɛ siawo me be, “Míado go le Mawu Fiaɖuƒea me.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Franc Drozg: Photo Archive-Museum of National Liberation Maribor, Slovenia; letter: Original kept in Museum of National Liberation Maribor, Slovenia