Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Noa ƒe Xɔse Bu Fɔ Xexeame

Noa ƒe Xɔse Bu Fɔ Xexeame

Noa ƒe Xɔse Bu Fɔ Xexeame

ÈSE Mawu vɔ̃la Noa, amesi kpa aɖakaʋu si wɔe be woɖe amewo le xexeame katã ƒe tsiɖɔɖɔ aɖe me ŋu nya kpɔa? Togbɔ be egbɔ metsɔ o hã la, ame miliɔn geɖe nya ŋutinya sia. Gake nusi ame geɖe menya o enye be gɔmesese le Noa ƒe agbe ŋu na mí katã.

Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le ŋutinya si xɔ ƒe akpe nanewo me ɖo? Ðe Noa ƒe nɔnɔmea sɔ kple mía tɔa? Ne esɔ la, ke aleke eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na míi?

Xexe si Nɔ Anyi le Noa Ŋɔli

Biblia me ɣeyiɣikɔntabubu ɖee fia be wodzi Noa le ƒe 2970 D.M.Ŋ.—ƒe 126 lɔƒo le Adam ƒe ku megbe. Kaka Noa ŋɔli naɖo la, ŋutasesẽ yɔ anyigba dzi fũ, eye Adam ƒe dzidzimevi akpa gãtɔ tiae be yewoadze yewo tɔgbui xoxowo ƒe godzedze ƒe kpɔɖeŋua yome. Eyata, “Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.”—Mose I, 6:5, 11, 12.

Menye amegbetɔwo ƒe aglãdzedze ko ŋue Yehowa mekpɔ dzidzɔ ɖo o. Nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me gblɔ be: “Mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu. . . . Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe hã la wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.” (Mose I, 6:2-4) Kpukpui siawo tsɔtsɔ asɔ kple nya siwo apostolo Petro ŋlɔ ɖee fia be “Mawu viŋutsuwo” nye mawudɔla maɖotowo. Nefilimawo nye dzidehlɔ̃mevi siwo nyɔnuwo kple mawudɔla dzeaglã siwo do amegbetɔŋutilã dzi to gbɔdɔdɔmanɔsenu me.—Petro I, 3:19, 20.

“Nefilim,” si gɔmee nye “Ameƒuanyilawo” fia amesiwo léa amewo ƒua anyi. Wonye anyrawɔla ŋutasẽlawo, eye wotsɔ wo fofowo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ la sɔ kple Sodom kple Gomora ƒe nutovowɔwɔ. (Yuda 6, 7) Wowɔ ɖeka ƒã vɔ̃ɖinyenye si ɖeke mesɔ kplii o ɖe anyigba dzi.

“Ame Maɖifɔ le Eŋɔlimetɔwo Dome”

Vɔ̃ɖinyenye sɔ gbɔ ale gbegbe be Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ ameƒomea. Gake nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Ke Yehowa ve Noa nu. . . . Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu.” (Mose I, 6:8, 9) Aleke woanya wɔ be ‘woazɔ kple Mawu’ le xexe mavɔ̃mawu si dze na tsɔtsrɔ̃ me?

Ðikeke mele eme o be, Noa srɔ̃ nu geɖe tso fofoa, Lamex, amesi si xɔse le eye wònɔ anyi le Adam ŋɔli la gbɔ. Esi Lamex nɔ ŋkɔ Noa tsɔm na via (si wosusu be egɔme enye “Dzudzɔ,” alo “Akɔfafa”) la, egblɔ nya ɖi be: “Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.” Nyagblɔɖi ma va eme esime Mawu ɖe fiƒode si nɔ anyigba dzi la ɖa.—Mose I, 5:29; 8:21.

Dzila mawuvɔ̃lawo ƒe amesinɔnɔ mefia be gbɔgbɔmemenyenye asu ame si godoo o, ele be ame ɖesiaɖe natu eya kple Yehowa dome ƒomedodo ɖo. Noa ‘zɔ kple Mawu’ to nuwɔna si dzea Mawu ŋu la wɔwɔ me. Nusi Noa srɔ̃ tso Mawu ŋue ʋãe be wòsubɔ Eyama. Noa ƒe xɔse meʋuʋu esime wogblɔ tame si Mawu ɖo be ‘yeahe ŋutilãwo katã ava nuwuwui le tsiɖɔɖɔa me’ la nɛ o.—Mose I, 6:13, 17.

Esi Noa ka ɖe edzi be afɔku sia si medzɔ kpɔ o adzɔ ta la, ewɔ Yehowa ƒe sedede sia dzi be: “Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò, eye natso eme keŋ, atsɔ aŋɔ atre eme kple ekɔgo.” (Mose I, 6:14) Mawu ƒe mɔfiame siwo ku ɖe aɖakaa ŋu dzi wɔwɔ menɔ bɔbɔe o. Ke hã ‘Noa wɔ; alesi Mawu de se nɛ.’ Le nyateƒe me, “nenema pɛ wòwɔ.” (Mose I, 6:22) Noa wɔ esia to srɔ̃a kple wo viŋutsu siwo nye Sem, Xam, kple Yafet kpakple wo srɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu me. Yehowa yra ɖe woƒe xɔse ma dzi. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi wonye na ƒomewo egbea!

Nukae aɖaka la kpakpa abia? Yehowa gblɔ na Noa be woakpa aɖaka gã si me tsi mate ŋu age ɖo o, wòanye dzisasrã etɔ̃ ƒe aɖaka, si ƒe didime anye meta 133, wòakeke meta 22, eye wòakɔkɔ meta 13. (Mose I, 6:15, 16) Tɔdziʋu ma ƒe lolome de sɔsɔ ge kple egbegbe agbatsɔtɔdziʋuwo.

Dɔ nyadri kae enye esi wòwɔ! Anɔ eme godoo be, efia ati akpe geɖewo mumu, ahalɔ wo yi aɖakaʋua kpaƒe, eye wòafe wo woanye ʋuƒowo alo wòlã ɖewo ɖe atikpowo ƒe nɔnɔme me. Efia agbaɖoɖo ɖe aɖakaʋua ŋu, tsyotiwo alo sɔtiwo kpakpa, aŋɔ si woatsɔ atree la didi, agbawo kple dɔwɔnuwo didi, kple bubuawo. Dɔa anya bia asiƒoƒo kple asitsalawo kpakple fexexe ɖe woƒe adzɔnuawo kple dɔwo ta. Edze ƒã be ebia atikpakpa ƒe aɖaŋu be woakpe ʋuƒoawo kple atikpoawo pɛpɛpɛ be woate ŋu akpa aɖakaa wòasẽ nyuie. Eye bu eŋu kpɔ ko—anye aɖakakpakpadɔ si axɔ ƒe 50 alo 60 sɔŋ!

Ahiã be Noa ƒe susu natrɔ ɖe nuɖuɖu agbɔsɔsɔ aɖe didi na eɖokui kple na lãwo ŋu. (Mose I, 6:21) Ahiã be wòaƒo lãhawo nu ƒu ahakplɔ wo ayi ɖe aɖakaʋua me. Noa wɔ nusiwo katã ƒe se Mawu de nɛ, eye dɔa wu enu. (Mose I, 6:22) Yehowa ƒe yayrae na dɔa wu enu dzidzedzetɔe.

“Dzɔdzɔenyenye ƒe Gbeƒãɖela”

Tsɔ kpe ɖe aɖakaʋua kpakpa ŋu la, Noa ɖe gbeƒã nuxlɔ̃ame aɖe hesubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe abe “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” ene. Gake ameawo “medze sii o, vaseɖe esime tsiɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.”—Petro II, 2:5; Mateo 24:38, 39.

Esi míenya alesi agbenɔnɔ ƒaƒãe le gbɔgbɔ kple ŋutilã me le ŋkeke mawo mee ta la, ele bɔbɔe be míase alesi Noa ƒe ƒomea wɔ va zu aƒelika gblẽkuwo ƒe alɔmeɖenu kple amesiwo ŋu wowɔ ŋlɔmi heɖu fewu le la gɔme. Amewo anya bu wo be wodze aɖaʋa. Gake Noa kpɔ dzidzedze le gbɔgbɔ me dzideƒo kple kpekpeɖeŋu nana eƒe ƒomea me, elabena womesrɔ̃ ŋutasesẽ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple aglãdzenuwɔna siwo nɔ wo ŋɔlimetɔ mavɔ̃mawuwo si la o. Noa to eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna, si ɖe xɔse si nɔ esi fia, me bu fɔ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi.—Hebritɔwo 11:7.

Wokpɔ Eta Tso Tsiɖɔɖɔ Me

Do ŋgɔ teti hafi tsia nate dzadza la, Mawu gblɔ na Noa be wòage ɖe aɖakaʋu si nu wowu la me. Esi Noa ƒe ƒomea kple lãwo ge ɖe eme vɔ la, “Yehowa do ʋɔ ɖe enu,” tsɔ xe mɔ ɖe fewuɖuɖu gbegblẽ ɖesiaɖe nu. Esi Tsiɖɔɖɔa va la, edze ƒã be mawudɔla dzeaglãwo trɔ woƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ eye wosi le tsɔtsrɔ̃a nu. Ke ame mamlɛawo ya ɖe? Nugbagbe siwo katã le anyigba ƒuƒui dzi le aɖakaa godo, tsɔ kpe ɖe Nefilimawo ŋu, tsrɔ̃! Noa kple eƒe ƒomea koe tsi agbe.—Mose I, 7:1-23.

Noa kple eƒemetɔwo nɔ aɖakaʋua me ƒe ɖeka kple ŋkeke ewo. Wonɔ dɔ dzi vevie henɔ nuɖuɖu kple tsi nam lãwo, henɔ gbeɖuɖɔwo lɔm, eye wonɔ ŋkekewo xlẽm. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa gblɔ ŋkeke kple ɖoɖo siwo nu Tsiɖɔɖɔ nɔ wòsɔ pɛpɛpɛ, abe ŋkeke si tɔdziʋu tsɔ nɔa tɔ dzii ene, si ɖe alesi nuŋlɔɖia de pɛpɛpɛ la fia.—Mose I, 7:11, 17, 24; 8:3-14.

Ðikeke mele eme o be, Noa xɔ ŋgɔ na eƒe ƒomea le gbɔgbɔ me numedzodzrowo wɔwɔ kple akpedada na Mawu me esime wonɔ aɖakaʋua me. Eme kɔ ƒã be Noa kple eƒe ƒomea dzie woto kpɔ xexe si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ƒe ŋutinyaa ta. Kɔnyinyi siwo ƒe xo wotu alo ŋutinya me nuŋlɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi le si nɔ wo si anye nu ɖe vi aɖe si ŋu woade ŋugble le esime Tsiɖɔɖɔa nɔ edzi yim.

Aleke gbegbe woadzɔ dzi na Noa kple eƒe ƒomea enye esi be woagaɖo afɔ anyigba ƒuƒui dzi ake! Vɔsamlekpuie nye nu gbãtɔ wòɖi eye wòwɔ nunɔladɔ na eƒe ƒomea hesa vɔ na Amesi ɖe wo.—Mose I, 8:18-20.

“Sigbe Alesi Noa ƒe Ŋkekewo Nɔ La”

Yesu Kristo gblɔ be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:37) Egbea, Kristotɔwo nye dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖelawo nenema ke hele nu xlɔ̃m amewo be woatrɔ dzime. (Petro II, 3:5-9) Esi wotsɔ ŋkeke mawo sɔ kple míatɔ ta la, míadi baa be míanya nusi nɔ edzi yim le Noa ƒe susu me do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa. Ðe wòse le eɖokui me kpɔ be yeƒe gbeƒãɖeɖea nye dzodzroa? Ðe ɖeɖi te eŋu ɣeaɖewoɣia? Biblia megblɔe o. Wogblɔe na mí kpuie be Noa ɖo to Mawu.

Èkpɔ alesi Noa ƒe nɔnɔmea sɔ kple mía tɔea? Eɖo to Yehowa togbɔ be tsitretsiɖeŋu kple xaxawo nɔ anyi hã. Esia tae Yehowa bui ame dzɔdzɔe ɖo. Noa ƒe ƒomea menya ŋkeke si dzi tututu Mawu ahe Tsiɖɔɖɔa vɛ o, gake wonyae be egbɔna vava ge. Mawu ƒe nya dzixɔxɔsee lé Noa ɖe te le ƒe geɖe ƒe dɔsesẽwɔwɔ kple gbeƒãɖeɖedɔ si dze abe matse ku o ene me. Nyateƒee, wogblɔ na mí be: “Le xɔse me Noa, esime wòxɔ ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.”—Hebritɔwo 11:7.

Aleke Noa wɔ xɔse ma va su esi? Edze ƒã be edi ɣeyiɣi de ŋugble le nusiwo katã wònya tso Yehowa ŋu la ŋu hena sidzedze ma fia mɔe. Ðikeke mele eme o be, Noa ƒo nu na Mawu le gbedodoɖa me. Le nyateƒe me, eva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ale gbegbe be ‘wòzɔ kple Mawu.’ Esi Noa nye ƒome ƒe ta ta la, elɔ̃ faa di ɣeyiɣi hetsɔ beléle si me lɔlɔ̃ le la na eƒe ƒomea metɔwo. Esia lɔ ɖetsɔtsɔ le srɔ̃a, viaŋutsu etɔ̃awo, kple toyɔviawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me ɖe eme.

Abe Noa ene la, Kristotɔ vavã siwo li egbea nya be eteƒe madidi o Yehowa ahe nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia ava nuwuwui. Míenya ŋkeke ma alo gaƒoƒo la o, gake míede dzesii be “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” sia ƒe xɔse kple eƒe toɖoɖo sɔsrɔ̃ ana ‘woaxɔ luʋɔ la ɖe agbe.’—Hebritɔwo 10:36-39.

[Aɖaka si le axa 29]

Ðe Wòdzɔ Ŋutɔŋutɔa?

Amegbetɔŋutinunyalawo ƒo xotutu 270 siwo ku ɖe tsiɖɔɖɔa ŋu tso ame ƒomevi vovovo kple dukɔ ɖesiaɖe kloe me nu ƒu. Agbalẽnyalagã Claus Westermann gblɔ be: “Woakpɔ tsiɖɔɖɔa ŋuti nya le xexeame katã. Enye míaƒe dekɔnu si ƒe dome míenyi abe alesi nuwɔwɔ ƒe ŋutinya hã nyee ene. Ewɔ nuku vavã be: míakpɔ blema tsiɖɔɖɔ gã aɖe ŋutinyawo le xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe.” Numeɖeɖe kawoe wonana? Nyameɖela Enrico Galbiati gblɔ be: “Tsiɖɔɖɔa ƒe kɔnyinyi si gakpɔtɔ le ame vovovo siwo to vovo kura tso wo nɔewo gbɔ si la nye ŋutinya me nudzɔdzɔ si dzi wotu kɔnyinyi mawo ɖo la ƒe nyateƒenyenye ƒe dzesi.” Gake nusi le vevie na Kristotɔwo wu nusi agbalẽnyalawo gblɔ enye enyanya be Yesu ŋutɔ ƒo nu tso Tsiɖɔɖɔ ŋu be enye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me.—Luka 17:26, 27.

[Aɖaka si le axa 30]

Gli me Nefilimwo

Gli siwo ku ɖe mawuwo kple amegbetɔwo dome gbɔdɔdɔmanɔsenu ŋu—kple “ame xɔŋkɔwo” alo “mawu-afã-amegbetɔ-afã” siwo wodzi le anyinɔnɔ sia me la—bɔ ɖe Hela, Egipte, Ugarit, Hurrian, kple Mesopotamia tɔwo ƒe mawuŋununya me. Amegbetɔ ƒe nɔnɔme kple nyonyo geɖe nɔa Helatɔwo ƒe gli me mawuwo si. Woɖua nu, noa nu, mlɔa anyi, wodɔa wo nɔewo gbɔ, wɔa dzre, wɔa avu, blea amewo, eye wodɔa wo gbɔ sesẽe. Togbɔ be wobua wo be wole kɔkɔe hã la, wote ŋu blea ame eye wowɔa nuvlo. Wogblɔ be mawu kple amegbetɔ aɖee dzi ame xɔŋkɔ si woyɔna be Achilles eye wotsɔ ŋutete si tri akɔ wu amegbetɔ tɔ nɛ gake makumakunyenye mekpe ɖe eŋu o. Eyata nusi Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ ku ɖe Nefilimwo ŋu la na numekɔkɔ ku ɖe alesi woanya wɔe alo wɔa nɔ emee be nyakpakpa mawo nanɔ eme ŋu.