Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke da si nɔ Eden-bɔa me wɔ ƒo nu kple Xawa be wòada le Mawu ƒe se si ku ɖe sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ŋu dzi?

Mose I, 3:1 gblɔ be: “Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” Wodo susu vovovowo ɖa ku ɖe alesi daa anya wɔ ƒo nu kple Xawa ŋu. Susu ɖekae nye be ewɔ esia to nuwɔna alo ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, England-sɔfo Joseph Benson gblɔ be: “Anya nɔ eme kokoko be dzesi aɖe ƒomevie wòzã. Le nyateƒe me, ame aɖewo bui be nuŋububu kple nuƒoƒo nye dawo ƒe nɔnɔme ɣemaɣi, . . . gake kpeɖodzi aɖeke mele esia ŋu o.”

Gake aleke da la ate ŋu azã ŋutinuwo atsɔ gblɔ na Xawa be ne eɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la, ava nɔ abe Mawu ene, ate ŋu ade vovo nusi nye nyui kple nusi nye vɔ̃ dome? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Xawa kpɔ gome le dzeɖoɖoa me eye wòɖo nyabiabia si da la fɔ ɖe te la ŋu. (Mose I, 3:2-5) Nukpɔsusu si nye be da la ƒo nu to dzesiwo dzi alo eɖokuiʋaʋã me ana woaƒo nya ta be Xawa ɖo eŋu to ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ me, gake Biblia ya gblɔ be eƒo nu.

Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ sia ŋu la, exlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Mele vɔvɔ̃m bena, ame aɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo.” Afɔku si ƒe nya Paulo gblɔ la tso “aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame,” la gbɔ. Ŋɔdzi si “apostolo, siwo kɔ akpa” mawo nye la menye le nuwɔnawo kple ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ ɖeɖeko me o. Elɔ woƒe nuƒo—woƒe ameblenya, siwo wotsɔ kplɔa amewo tranae—ɖe eme.—Korintotɔwo II, 11:3-5, 13.

Togbɔ be nuƒoe wotsɔ kplɔ Xawa trae le Eden-bɔa me hã la, naneke meli si fia be vemegbeɖiɖika nɔ daa si ŋutɔŋutɔ o. Mehiãe ŋutɔŋutɔ o. Esi Mawu ƒe dɔla ƒo nu na Bileam to tedzinɔ dzi la, mehiã na gbeɖiɖigoe si wɔ nuku abe amegbetɔwo tɔ ene o. (Mose IV, 22:26-31) Eme kɔ ƒã be, esi ‘dɔwɔlã maƒonu la tsɔ ame ƒe gbe ƒo nui’ la, gbɔgbɔmenutomee nuwɔna ma ƒe ŋusẽa tso.—Petro II, 2:16.

Woyɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ si nɔ megbe na da si ƒo nu na Xawa le Biblia me be “da xoxo, si woyɔna be: Abosam kple Satana.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Nya siwo ɖi Xawa se hewɔ nu ɖe enu la tso Satana, amesi “trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla,” la gbɔ.—Korintotɔwo II, 11:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

“Mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃”