Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Skitetɔwo—Blemameme Wɔnuku Aɖewo

Skitetɔwo—Blemameme Wɔnuku Aɖewo

Skitetɔwo—Blemameme Wɔnuku Aɖewo

WONƆ du ƒum to ʋuʋudedi me, woƒe akplowo me yɔ fũ kple aboyonuwo, sɔdzisrafoha siwo nye tsatsalawoe nye ema va ɖo. Blemameme wɔnuku siawo ɖu gbedadaƒo ƒe nuto si nye Europa kple Asia dzi anɔ ƒe 700 va ɖo 300 D.M.Ŋ. Emegbe womegava nɔ anyi o—gake wogblẽ woƒe ŋutinya ya teti ɖi. Woyɔ wo ŋkɔ gɔ̃ hã le Biblia me. Woawoe nye Skitetɔwo.

Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, tsatsalawo kple sɔ wɔadãnyilawo tsa le dzogbenyigba si keke tso Carpatia-to siwo le ɣedzeƒe Europa va ɖo afisi va zu anyieheɣedzeƒe Russia fifia la dzi. Kaka ƒe alafa enyi D.M.Ŋ. naɖo la, aʋa si Chinatɔwo ƒe Fiagã Hsüan ho na woʋu yi ɣetoɖoƒe. Esime Skitetɔwo nɔ ʋuʋum yina ɣetoɖoƒe gome la wowɔ aʋa kple Cimmeriatɔ siwo nɔ Caucasus kple Ƒuyibɔa ƒe dziehe nutowo dzi ɖum henya wo.

Esi Skitetɔwo nɔ kesinɔnuwo dim ta la, woha Asiria-fiadu Niniwe. Emegbe wowɔ ɖeka kple Asiria eye woho ɖe Media, Babilon, kple dukɔ bubuwo ŋu. Woƒe amedzidzedzea ɖo keke dziehe Egipte ke gɔ̃ hã. Nyateƒe si wònye be wova yɔ dugã si nye Bet-San, si nɔ dzieheɣedzeƒe Israel, be Scythopolis ate ŋu afia be Skitetɔwo nɔ afima.—Samuel I, 31:11, 12.

Mlɔeba la, Skitetɔawo va nɔ dzogbenyigba siwo va zu egbegbe Romania, Moldova, Ukraine, kple anyiehe Russia. Wova zu ƒlekaƒlesitsala kesinɔtɔ siwo nɔ Helatɔwo kple nukugbledela siwo nɔ afisi nye egbegbe Ukraine kple anyiehe Russia la dome. Skitetɔwo tsɔa nuku, anyitsi, lãgbalẽ, kple nyiwo ɖɔlia Helatɔwo ƒe wein, avɔ, aʋawɔnuwo, kple aɖaŋunu nyuiwo. Esia na woƒo kesinɔnu gbogbowo nu ƒu.

Sɔdola Sesẽwo

Dzogbenyigbadzinɔla aʋawɔla siawo zã sɔ abe alesi gbedadaƒonɔlawo zã kposɔ ene. Skitetɔwo nye sɔdola bibiwo eye woawoe nye ame gbãtɔ siwo zã sɔkpa kple sɔkpaŋufɔga. Woɖua sɔlã eye wonoa sɔnotsi. Le nyateƒe me la, wotsɔa sɔwo saa vɔe gɔ̃ hã. Ne Skitetɔ aʋawɔla aɖe ku la, wowua eƒe sɔ eye woɖinɛ bubutɔe—kple sɔkpa kpakple atsyɔ̃nuwo katã.

Ŋutinyaŋlɔla Herodotus ɖɔe be ŋutasesẽ kɔnuwo nɔ Skitetɔwo si, si ƒe ɖewoe nye amesiwo wowu ƒe takoli tsɔtsɔ awɔ nunokpluwoe. Ne wodze woƒe futɔwo dzi la, wotsrɔ̃a wo kple yi siwo wowɔ kple gayibɔ, aʋawɔfíawo, akplɔwo, kple aŋutrɔ siwo nu le tsutsɔẽ si vuvua ŋutilã.

Yɔdo Siwo Wodzra Ðo Hena Ɣeyiɣi Mavɔ

Skitetɔwo wɔa adze hesaa dzo eye wosubɔa dzo kple mawunɔ aɖe hã. (Mose V, 18:10-12) Wobua yɔdo be enye ame kukuwo nɔƒe. Wotsɔa kluviwo kple lãwo saa vɔe na woƒe aƒetɔ kukuwo be woava subɔ wo. Wobui be kesinɔnuwo kple kluviwo kplɔa woƒe aƒetɔwo ɖo yia “xexe kemɛ” me. Le fiawo ƒe yɔdo aɖe me la, wokpɔ dɔlaŋutsu atɔ̃ siwo wotsɔ mlɔ anyi hetrɔ woƒe afɔwo ɖo ɖe woƒe aƒetɔ gbɔ, amesiwo le klalo be yewoafɔ adze aƒemedɔwo gɔme.

Woɖia fiawo kple vɔsanu gbogbowo, eye le konyifaɣiwo la, Skitetɔwo sia wo ɖokui ʋu ɖuɖuna eye wolũa woƒe ɖawo. Herodotus ŋlɔ be: “Wolãa woƒe towo ƒe akpa aɖe, lũa ta, sia woƒe abɔwo, ŋgonu kple ŋɔti, hetsɔa dawo ŋɔa woƒe miabɔwo.” To vovo na ema la, Mawu ƒe Se si wòde na Israel-viwo le ɣemaɣi ma ke me gblɔ be: “Ne ame ku la, migasi blini ɖe eŋuti o, eye migatá nu ɖe ŋuti hã o.”—Mose III, 11:28.

Skitetɔwo gblẽ kurgan (yɔdo) akpe geɖe ɖi. Lekewɔnu geɖe siwo wokpɔ le kurgan siawo me ɖe Skitetɔwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ fia. Russiatɔ Czar Peter Gãtɔ dze nusiawo fɔfɔ gɔme le ƒe 1715 me, eye woate ŋu akpɔ nu dzeani siawo le Russia kple Ukraine ƒe blemanudzraɖoƒewo fifia. “Lãwo ƒe tata” dometɔ aɖewoe nye, sɔwo, hɔ̃wo, aʋakowo, dadiwo, lãklẽwo, zi ƒomeviwo, xe-afã-dzata-afã, kple dzata-afã-xe-afã (wonye glimenuwɔwɔ siwo si aʋalawo le alo mele o siwo ƒe tawo nye lã aɖe eye woƒe ŋutilãwo nye lã bubu tɔ).

Skitetɔwo Kple Biblia

Zi ɖeka koe Biblia yɔ Skitetɔwo tẽ. Le Kolosetɔwo 3:11 me la, míexlẽ be: “Afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔwo, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.” Esi Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ nya mawo la, Helagbe me nya “Skitetɔwo” mefia dukɔ aɖeke metɔwo o, ke ame vɔ̃ɖi gblẽkuwo boŋ. Paulo nɔ gbe tem ɖe edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽ la, ate ŋu ana ame siawo gɔ̃ hã nado amenyenye si dze mawumemewo.”—Kolosetɔwo 3:9, 10.

Blematomenukula aɖewo bui be ŋkɔ Askenas si dze le Yeremya 51:27 la sɔ kple Asiriatɔwo ƒe Ashguzai, si nye nyagbe si wozã na Skitetɔwo. Kpedzinuŋlɔɖiwo ƒo nu tso ɖekawɔwɔ si nɔ amesiawo kple Minitɔwo dome esime wotsi tre ɖe Asiriatɔwo ŋu le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. Hafi Yeremya nadze nyagbɔgblɔɖi gɔme teti la, Skitetɔwo toa Yuda-nyigba ŋu yina Egipte naneke mawɔmawɔ woe. Eyata, ame geɖe siwo se nya si wògblɔ ɖi ku ɖe dziehetɔwo ƒe Yuda dzi dzedze ŋu manya ka ɖe eƒe nyagblɔɖia ƒe nyateƒenyenye dzi o.—Yeremya 1:13-15.

Agbalẽnyala aɖewo susui be Skitetɔwo ŋu nya aɖe le Yeremya 50:42 me, si xlẽ be: “Da kple akplɔ le wo si, ŋutasẽlawo wonye, eye womekpɔa nublanui o; woƒe ɣli le abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, wole sɔ dzi, eye wobla akpa abe aʋawɔla ene ɖe wò Babel-nyɔnuvi ŋu.” Gake Media kple Persia tɔwo, amesiwo ɖu Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me, koŋ ŋue kpukpui sia ku ɖo.

Wodo susua ɖa be “Magog ƒe anyigba” si ŋu nya wogblɔ le Xezekiel ta 38 kple 39 me la ku ɖe Skitetɔwo ŋu. Gake kpɔɖeŋugɔmesese aɖe le “Magog ƒe anyigba” la ŋu. Edze ƒã be anyigbanuto si me wotsɔ Satana kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖo le aʋa si wowɔ le dziƒo megbe ŋue wòku ɖo.—Nyaɖeɖefia 12:7-17.

Skitetɔwo wɔ akpa aɖe le Naxum ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Niniwe ƒe anyidzedze ŋu ƒe me vava me. (Naxum 1:1, 14) Kaldeatɔwo, Skitetɔwo, kple Mediatɔwo ha Niniwe le ƒe 632 D.M.Ŋ., si he Asiria-fiaɖuƒea ƒe anyidzedze vɛ.

Anyidzedze Wɔnuku Aɖe

Skitetɔwo megali o, gake nukatae? Blematomenukula xɔŋkɔ aɖe si tso Ukraine gblɔ be: “Nyateƒea enye be, míenya nusi dzɔ o.” Ame aɖewo xɔe se be, woƒe kesinɔnuwo didi vivivo wɔe be woyi ɖawɔ ɖeka kple tsatsalawo ƒe ƒuƒoƒo yeye aɖe si tso Asia—siwo nye Sarmatiatɔwo—le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia D.M.Ŋ. me.

Ame aɖewo hã bui be dzre si ɖo Skitetɔwo ƒe hlɔ̃wo dome ye he woƒe anyidzedzea vɛ. Ke hã ame bubuwo gblɔ be woagate ŋu akpɔ Skitetɔwo ƒe ame susɔe aɖewo le Ossetiatɔ siwo le Caucasus dome. Aleke kee wòɖale o, blemameme wɔnuku siawo gblẽ nane ɖe amegbetɔwo ƒe ŋutinya me—nusi na ŋkɔ Skitetɔwo, gɔmesese sɔ kple ŋutasesẽ.

[Anyigbatata si le axa 24]

Kiev

SKITETƆ

MƆ SI WOTO

HELA

Caucasus-towo

OSSETIA

AƲAWƆMƆWO

ASIRIA

PERSIA

FIAÐUƑE

EGIPTE

Niniwe

MEDIA

MESOPOTAMIA

Babilon

BABILONIA

Susa

PALESTINA

Danube

Ƒuyibɔ

Mediterranea Ƒu

Caspia-ƒu

Persiaƒukɔme

Dniper

Dnister

Tigris

Frat

Beth-shan (Skiteduwo)

Nil

Du Yeyea

Du Xoxoa

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Skitetɔwo nye aʋawɔlawo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The State Hermitage Museum, St. Petersburg

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Skitetɔwo dzrana woƒe adzɔnuwo na Helatɔwo hexɔa woƒe aɖaŋunu siwo na wova zu kesinɔtɔwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of the Ukraine Historic Treasures Museum, Kiev